INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/15 axa 3
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2015
km 12/15 axa 3

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le December 28, 2015 ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me le sukua me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.

  1. Le 1 Kronika 20:3 ƒe nya nu la, ɖe David sẽ ŋuta le ame siwo wòɖe aboyoe la ŋu, abe ale si ame aɖewo ƒo nya tae enea? [Nov. 2, w05 2/15 axa 27]

  2. Nu kae ʋã David wòɖe nunana faa ƒe gbɔgbɔ fia, eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nɔnɔme sia? (1 Kron. 22:5) [Nov. 9, w05 10/1 axa 11 mm. 7]

  3. Nya si David gblɔ na via Salomo be: “Dze si fofowò ƒe Mawu la,” gɔme ɖe? (1 Kron. 28:9) [Nov. 16, w10 11/1 axa 30 mm. 3, 7]

  4. Nu kae nu si Salomo bia le 2 Kronika 1:10 ɖe fia tso eyama ŋu, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme le nu siwo míebiana Yehowa le míaƒe gbedodoɖawo me ŋu? (2 Kron. 1:11, 12) [Nov. 23, w05 12/1 axa 19 mm. 6]

  5. Le 2 Kronika 6:29, 30 ƒe nya nu la, ŋutete tɔxɛ kae le Yehowa si, eye nu ka tae wòle be míagblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ le gbedodoɖa me? (Ps. 55:22) [Nov. 30, w10 12/1 axa 11 mm. 7]

  6. Nu ka tae Asa do gbe ɖa be yeaɖu aʋakɔ nyadri si ho ɖe eŋu la dzi, eye nu ka dzie míate ŋu aka ɖo le gbɔgbɔmeʋa si wɔm míele la me? (2 Kron. 14:11) [Dec. 7, w12 8/15 axa 8 mm. 6–axa 9 mm. 1]

  7. Aleke ale si Yehowa wɔ nu ɖe Fia Yehosafat ŋu esi wòwɔ vodada la ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ fiae, eye aleke wòle be esia nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua ame bubuwoe la dzi? (2 Kron. 19:3) [Dec. 14, w03 7/1 axa 17 mm. 13; cl axa 245 mm. 12]

  8. Alekee ‘míatɔ ɖe mía nɔƒewo’ egbeae, eye nu ka tae? (2 Kron. 20:17) [Dec. 21, w05 12/1 axa 21 mm. 2; w03 6/1 axa 21 mm. 15-16]

  9. Nu vevi ka dzie nuŋlɔɖi si le 2 Kronika 21:20 si ku ɖe nu si dzɔ ɖe Yehoram dzi le eƒe kuɣi la ɖoa ŋkui na mí? [Dec. 21, w98 11/15 axa 32 mm. 4]

  10. Le 2 Kronika 26:5 ƒe nya nu la, ame kae kpɔ ŋusẽ nyui ɖe ɖekakpui Uziya dzi, eye aleke sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo tso Kristotɔ tsitsi siwo le hamea me la gbɔe? [Dec. 28, w07 12/15 axa 10 mm. 2, 4]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe