INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 February axa 2
  • February 1-7

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • February 1-7
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 February axa 2

February 1-7

NEHEMIYA 1-4

  • Hadzidzi 126 Kple Gbedodoɖa

  • Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

  • “Nehemiya Lɔ̃ Tadedeagu Vavãtɔ”: (10 min.)

    • [Ðe video si ƒe tanyae nye Nehemiya Ƒe Ŋgɔdonya.]

    • Neh 1:11–2:3—Tadedeagu vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ ye he dzidzɔ vɛ na Nehemiya (w06 2/1 9 mm. 7)

    • Neh 4:14—Esi Nehemiya ƒe susu le Yehowa ŋu la, ete ŋu ɖu tsitretsiɖeŋuwo dzi (w06 2/1 10 mm. 3)

  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)

    • Neh 1:1; 2:1—Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta be woxlẽ “ƒe blaevelia” si woyɔ le kpukpui eve siawo me la tso ɣeyiɣi ɖeka dzi? (w06 2/1 8 mm. 5)

    • Neh 4:17, 18—Aleke wònya wɔe be wowɔ gliɖoɖodɔa kple asi ɖeka pɛ ko? (w06 2/1 9 mm. 1)

    • Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fiam tso Yehowa ŋu?

    • Kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me nya vevi kawoe mate ŋu azã le gbeadzi?

  • Biblia Xexlẽ: Neh 3:1-14 (4 min. alo made o)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Dzra Ðo Ðe Ɣleti Sia Ƒe Dzeɖonyawo Ŋu: (15 min.) Numedzodzro. Ðe kpɔɖeŋudzeɖonya videoawo dometɔ ɖe sia ɖe eye miadzro eƒe akpa veviawo me. Te gbe ɖe ale si gbeƒãɖelaa ɖo gɔmeɖoanyi na tɔtrɔyiwɔwɔ la dzi. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadzra woawo ŋutɔwo ƒe dzeɖonyawo ɖo.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

  • Hadzidzi 103

  • Wɔ Ðoɖo Fifia Be Nàwɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Le March Kple April Me: (15 min.) Numedzodzro. He susu yi nya vevi aɖewo siwo dze le nyati si nye “Na Ŋkuɖodziɖuɣi Sia Nanye Dzidzɔɣi Na Wò!” me la dzi. (km 2/14 2) Te gbe ɖe ale si wòle be míawɔ ɖoɖo do ŋgɔ la dzi. (Lod 21:5) Bia gbe gbeƒãɖela eve aɖewo siwo wɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa va yi. Kuxi kawo dzie woɖu? Dzidzɔ kawoe wokpɔ?

  • Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: ia ta 8 mm. 1-16 (30 min.)

  • Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)

  • Hadzidzi 135 Kple Gbedodoɖa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe