INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb16 March axa 7
  • Tafe La Ʋu Tsitretsitsi Ƒe Mɔkpɔkpɔ Ði

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tafe La Ʋu Tsitretsitsi Ƒe Mɔkpɔkpɔ Ði
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mɔkpɔkpɔ Vavã si Li na Wò Ame Vevi Siwo Ku
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Togbɔ Be Míexaa Nu Hã La, Míebu Mɔkpɔkpɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Nusi Ko Aɖee Ða!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Wò Ame Vevi Siwo Ku La Agate Ŋu Ava Nɔ Agbe Ake!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
mwb16 March axa 7

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Tafe La Ʋu Tsitretsitsi Ƒe Mɔkpɔkpɔ Ði

Esi ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo xa nu le ɖetugbui aɖe si ku ƒe aba ŋu vɔ la, nɔvianyɔnu de ŋugble tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi le etsɔme ŋu eye wòfa akɔ nɛ

Ŋkuɖodzia nyea ɣeyiɣi nyui aɖe na mí be míade ŋugble le etsɔmeyayra siwo tafea ʋu ɖi na mí la ŋu. Yayra siawo dometɔ ɖekae nye tsitretsitsia. Yehowa meɖoe be amegbetɔwo naku hafi o. Eya tae nu siwo gbãa dzi na ame vevie la dometɔ ɖekae nye míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku. (1Ko 15:26) Esi Yesu kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo wonɔ Lazaro si ku fam la, ete ɖe edzi vevie. (Yh 11:33-35) Esi wònye Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe nɔnɔmewo pɛpɛpɛ heɖenɛ fiana ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be etena ɖe Yehowa hã dzi ŋutɔ ne wòkpɔ mí míele míaƒe ame vevi siwo ku la fam. (Yh 14:7) Yehowa le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si wòafɔ esubɔla siwo ku la ɖe tsitre, eye ele be míawo hã míakpɔ mɔ na ɣeyiɣi ma.—Hio 14:14, 15.

Ðoɖo ka nue Yehowa afɔ amewo ɖe tsitre ɖo? Megblɔ nu geɖe tso eŋu o. Gake esi Yehowa nye Mawu si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be afɔ amewo ɖe tsitre le ɖoɖo nyui nu. (1Ko 14:33, 40) Le kunuwɔwɔwo teƒe la, ɖewohĩ woawɔ ɖoɖo ɖe wɔna tɔxɛwo ŋu be míatsɔ ado woe zɔ na ame siwo woafɔ ɖe tsitre. Ðe nèdea ŋugble le tsitretsitsia ŋu, vevietɔ ne èle wò ame vevi aɖe si ku fama? (2Ko 4:17, 18) Ðe nèdaa akpe na Yehowa ɖe tafe si wòna kple ale si wòɖee fia le Ŋɔŋlɔawo me be kukuawo agava nɔ agbe ake la ta?—Kol 3:15.

  • Xɔ̃wò kple wò ƒometɔ kawoe nèle mɔ kpɔm na vevie le tsitretsitsia me?

  • Ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe dometɔ kawoe nèle mɔ kpɔm vevie be yeado go ahaɖo dze kple?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe