September 4-10
EZEKIEL 42-45
Hadzidzi 31 Kple Gbedodoɖa
Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME
“Wogbugbɔ Tadedeagu Dzadzɛa Ðo Anyi!”: (10 min.)
Eze 43:10-12—Taɖodzinu si le gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ ŋue nye be wòaʋã Yudatɔ aboyomeawo woatrɔ dzi me, eye wòana kakaɖedzi wo be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le teƒe kɔkɔ si wònɔ (w99 3/1 8 mm. 3; it-2-E 1082 mm. 2 [it-2-F 1052 mm. 8])
Eze 44:23—Nunɔlawo afia “vovototo si le nu si mele dzadzɛ o kple nu si le dzadzɛ dome” dukɔ la
Eze 45:16—Dukɔ la ado alɔ ame siwo Yehowa tia be woaxɔ ŋgɔ la (w99 3/1 10 mm. 10)
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)
Eze 43:8, 9—Aleke Israel ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔae? (it-2-E 467 mm. 4 [it-2-F 412 mm. 8])
Eze 45:9, 10—Nu kae Yehowa di tso ame siwo dina be yewoƒe nu nadze eŋu ɣeawokatãɣi la si? (it-2-E 140 [it-2-F 86-87])
Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fia wò tso Yehowa ŋu?
Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu bubu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me?
Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) Eze 44:1-9
NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Dzra Ðo Ðe Ɣleti Sia Ƒe Dzeɖonyawo Ŋu: (15 min. Numedzodzro si nɔ te ɖe “Kpɔɖeŋudzeɖonyawo” dzi. Na woaɖe kpɔɖeŋudzeɖonyawo ƒe videoawo dometɔ ɖe sia ɖe eye miadzro nya veviawo me.
KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
“Nu Si Ta Míedea Asixɔxɔ Tadedeagu Dzadzɛa Ŋu”: (15 min.) Numedzodzro.
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) kr ta 17 mm. 10-18
Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi
Hadzidzi 97 Kple Gbedodoɖa