January 7-13
DƆWƆWƆWO 21-22
Hadzidzi 55 Kple Gbedodoɖa
Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME
“Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Neva Eme”: (10 min.)
Dw 21:8-12—Le afɔku si me Paulo ava ge ɖo ne eyi Yerusalem ta la, etɔ Kristotɔ bubuwo ɖe kuku nɛ be wòagayi o (bt 177-178 ¶15-16)
Dw 21:13—Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu (bt 178 ¶17)
Dw 21:14—Esi nɔviawo kpɔ be Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi ta la, wodzudzɔ fuɖeɖe nɛ (bt 178 ¶18)
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)
Dw 21:23, 24—Esi Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea te o ɖe, nu ka tae hamemetsitsi siwo le Yerusalem la na mɔfiame sia Paulo? (bt 184-185 ¶10-12)
Dw 22:16—Gɔmesese ka nue woaklɔ Paulo ƒe nu vɔ̃wo ɖa le? (“nàyɔ eƒe ŋkɔ la ne woaklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa” nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Dw 22:16)
Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fia wò tso Yehowa ŋu?
Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu bubu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me?
Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) Dw 21:1-19 (th nusɔsrɔ̃ 5)a
NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia: (10 min.) Numedzodzro. Na woaɖe video si nye Ŋgɔdonya Si Sɔ Nyuie, eyome miadzro nusɔsrɔ̃ 1 si le Nufiafia ƒe agbalẽ gbadzaa me la me.
Nuƒo: (5 min. alo made o) w10 2/1 13 ¶2–14 ¶2—Tanya: Ðe Wodi Tso Kristotɔwo Si Be Woalé Sabat Ðoɖoa Me Ðe Asia? (th nusɔsrɔ̃ 1)b
KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
“Yehowa Fia Ale Si Míahe Mía Viwoe Mí”: (15 min.) Numedzodzro. Na woaɖe videoa.
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) jy ta 49
Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)
Hadzidzi 70 Kple Gbedodoɖa