INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb22 January axa 7
  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Na Wò Nu Matsi O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Na Wò Nu Matsi O
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vi Kawoe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ðena Na Wò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzɔdzɔmefɔkuwo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Dzɔdzɔmefɔkuwo—Nu Ka Tae Wobɔ Alea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nɔ Mawu Ƒe Habɔbɔa Me Be Nàkpɔtɔ Anɔ Dedie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2022
mwb22 January axa 7
Nɔvi aɖewo siwo dzi afɔku dzɔ ɖoa tɔ ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋgɔ; nuɖuɖu siwo wotsɔ vɛ na wo hã le afi ma.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Ka Ðe Edzi Be Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Na Wò Nu Matsi O

Ame vevi aɖee nènye na Yehowa. (Yes 43:4) Ehe wò ɖe eɖokui ŋu eye wòna nèle eƒe habɔbɔa me. Esi nèɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ ta, èzu Yehowa tɔ. Ne nɔnɔmeawo sesẽ hã, ayi edzi alé be na wò, elabe ènye eƒe nunɔamesi tɔxɛ. Ato eƒe habɔbɔa dzi aɖe lɔlɔ̃ si nu metsina oa fia wò.—Ps 25:10.

Ne míelé ŋku ɖe kpekpeɖeŋu siwo Yehowa ƒe habɔbɔa na le dzɔdzɔmefɔkuwo me nyitsɔ laa ŋua, ana míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina oa ŋu geɖe wu.

MIKPƆ VIDEO SI NYE ƑE 2019 NYATAKAKA TSO ÐOÐOWO GBƆ KPƆLAWO ƑE KƆMITIA GBƆ, EYOME MÍAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Fotoa tso video sia me: “Ƒe 2019 Nyatakaka Tso Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia Gbɔ.” Nɔviŋutsu siwo nye Afɔku Kpekpeɖeŋunakɔmitia me tɔwoa le nu ƒom na nɔvi siwo dzi afɔku dzɔ ɖo.

    Aleke Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia dzra alɔdzedɔwɔƒe siwo le xexea me godooa ɖo ɖe dzɔdzɔmefɔkuwo ŋu?

  • Fotoa tso video sia me: “Ƒe 2019 Nyatakaka Tso Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia Gbɔ.” Nɔviwo gbugbɔ le xɔ aɖe si ŋu dzɔdzɔmefɔku gblẽ ŋu lea tum le Indonesia.

    Mɔfiame kple kpekpeɖeŋu kawoe Yehowa ƒe habɔbɔa na nɔvi siwo le Indonesia kple Nigeria esi afɔku dzɔ ɖe wo dzi?

  • Fotoa tso video sia me: “Ƒe 2019 Nyatakaka Tso Ðoɖowo Gbɔ Kpɔlawo Ƒe Kɔmitia Gbɔ.” Dɔnɔdzikpɔla aɖe si le Afrikaa le dɔnɔ aɖe dom kpɔ.

    Esi corona dɔvɔ̃a doa, afɔ kawoe habɔbɔa ɖe, si do dzidzɔ na wò ŋutɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe