NU SIWO NÀGATE ŊU ASRƆ̃
Nuteƒewɔlawo Wɔa Woƒe Adzɔgbeɖeɖewo Dzi
Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40 be nàsrɔ̃ nu tso Yefta kple vianyɔnua ƒe ŋutinya me ku ɖe adzɔgbeɖeɖewo dzi wɔwɔ ŋu.
Bu nudzɔdzɔ bliboa ŋu. Aleke Israel-vi wɔnuteƒewo bua adzɔgbe siwo woɖe na Yehowa? (4 Mose 30:2) Aleke Yefta kple vianyɔnua ɖee fia be yewoxɔ Yehowa dzi se?—Ʋɔn. 11:9-11, 19-24, 36.
Ku nu me yi ŋgɔe. Edze ƒãa be nu kae nɔ susu me na Yefta esi wòɖe adzɔgbea? (w16.04 axa 7 memama 12) Nu kawoe Yefta kple vianyɔnua tsɔ sa vɔe ale be woawɔ adzɔgbe si Yefta ɖe dzi? (w16.04 axa 7-8 memama 14-16) Adzɔgbe kawo tɔgbie Kristotɔwo ate ŋu aɖe egbea?—w17.04 axa 5-8 memama 10-19.
De dzesi nufiameawo. Bia ɖokuiwò be:
‘Nu kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋunye mawɔ adzɔgbe si meɖe la dzi?’ (w20.03 axa 13 memama 20)
‘Nu kawoe mate ŋu atsɔ asa vɔe ale be masubɔ Yehowa geɖe wu?’
‘Nu kawoe mawɔ ale be mawɔ adzɔgbe si meɖe na srɔ̃nye dzi nyuie wu?’ (Mat. 19:5, 6; Ef. 5:28-33)