Sɔhɛwo Biana Be . . .
Ðe Mawu Ðoa Nye Gbedodoɖawo Ŋua?
“MEDI be manya ne Yehowa ɖoa nye gbedodoɖawo ŋu, elabena nyemeka ɖe edzi ne ele wo ŋu ɖom o. Menya sɔhɛ bubu geɖe siwo kuxi siawo ke ɖea fu na.” Aleae Sandra si xɔ ƒe 11 gblɔ. Gbedodoɖa ƒe kuxi ma ke ɖe fu na Alyssa si xɔ ƒe 15 la kpɔ. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Mesena le ɖokuinye me zi geɖe be nye ŋutɔ ɖokuinye koe mele nu ƒom na.”
Le numekuku si wowɔ le Gallup le ƒe 1988 me nu la, ƒewuivi siwo le United States dometɔ 87 le alafa ɖesiaɖe me doa gbe ɖa ɣeaɖeɣi, gake wo dometɔ siwo mede woƒe afã o koe donɛ ɖa edziedzi. Edze ƒã be ame aɖewo sena le wo ɖokui me be womele yewoƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o. Ðewohĩ wò hã àse le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be ame aɖeke mele to ɖom yeƒe gbedodoɖawo o. Gake Biblia la ka ɖe edzi na mí be ne wodo gbe ɖa tso xɔse me moveviɖoɖotɔe la, ‘Gbedodoɖasela’ la ɖoa toe! (Psalmo 65:3) Gake aleke nàwɔ anya be menye toɖola ɖekematsɔlemetɔ koe wònye—amesi tsɔa amebubu le to ɖomii evɔ mele nu gobii aɖeke alo naneke kura wɔm be yeatsɔ aɖo eŋui o?
Esi hakpala la yɔ Mawu be Gbedodoɖasela vɔ la, egblɔ be: “Ètsɔ nu dziŋɔwo ɖo to mí le wò dzɔdzɔenyenye la nu, míaƒe xɔname ƒe Mawu.” (Psalmo 65:6; tsɔe sɔ kple Psalmo 66:19, 20) Ekema nukatae wòwɔna na ame aɖewo be womele yewoƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o?
Nusiwo Xea Mɔ na Gbedodoɖa
Gbedodoɖa si ŋu womele ɖoɖom na ame o la anye ƒomedodo ŋutɔŋutɔ si mele woa kple Mawu dome o tae. Sɔhɛ aɖewo kea ɖi le eƒe anyinɔnɔ ŋu. Ame bubuwo xɔ edzi se gake bunɛ be enye adzɔgenu aɖe si menye ame ŋutɔŋutɔ o. Gbedodoɖa va zuna abe nusi woawɔ ne wɔna aɖeke megali woawɔ o ene—esi nye mɔnukpɔkpɔ mamletɔ le kuxi sesẽ kpatawo me. Sɔhɛ Katolikotɔ aɖe gblɔ be: “Mexɔ Mawu dzi se. Ne meɖo xaxa aɖe me, ne mehiã kpekpeɖeŋu la, mebiaa Eƒe kpekpeɖeŋu ɣesiaɣi.” Sɔhɛ bubu gblɔe kã be: “Ne mehiã nane ŋutɔŋutɔ ko hafi medoa gbe ɖa ɣeaɖewoɣi.”
Gake ele be gbedodoɖa nanye xɔse, mawuvɔvɔ̃, ɖokuitsɔtsɔna, kple ŋuɖoɖeameŋu ɖeɖe fia—ke menye xaxa si me woɖo alo ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzro ɖeɖe fia dzro ko o. Eye gbedodoɖa le esi nèxɔe se be ɖewohĩ Mawu li ta ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Biblia gblɔ be: “Ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔe ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Womeɖoa ɖikelawo ƒe gbedodoɖawo ŋu na wo o. (Yakobo 1:6-8) Yehowa ɖoa to amesiwo nya eyama helɔ̃nɛ la; menye kuxi kpatawo me koe wodoa gbe ɖa o. Abe alesi Tesalonikatɔwo 5:17 xlɔ̃ nui ene la, ‘wodoa gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe,’ alo abe alesi An American Translation gblɔe ene la, “womedzudzɔa gbedodoɖa o.”
Nublanuitɔe la, sɔhɛ Kristotɔ aɖewo va nya Yehowa gake womedze xɔlɔ̃e ŋutɔŋutɔ o. (Psalmo 25:14) Woƒe gbedodoɖawo nɔa ʋee eye womedonɛ ɖa edziedzi o, seselelãme menɔa eme o eye mlɔeba womeɖoa wo ŋu o. Aleae wò gbedodoɖawo hã lea? Ne aleae wole la, ‘te ɖe Mawu ŋu’ to enyanya me. (Yakobo 4:8) Sɔhɛ Alyssa si ƒe nya míegblɔ do ŋgɔ meka ɖe Yehowa dzi o. Gake eƒe Biblia sɔsrɔ̃ ɖe eƒe ɖikekewo ɖa ʋeʋeʋe eye wòkpe ɖe eŋu wòtu woa kple Mawu dome ƒomedodo ɖo.
Nɔnɔme kple agbenɔnɔ si woɖena fiana hã ate ŋu anye nu gã siwo axe mɔ na gbedodoɖa. Hakpala la gblɔ be: “Ðe wònye ɖe meɖo nu vɔ̃ɖi ɖe nye dzi me la, anye ne Aƒetɔ la gbe toɖoɖom.” (Psalmo 66:18; Lododowo 15:29) Ðe nunya anɔ eme be nàkpɔ mɔ be Mawu naɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu ne èwɔa nusiwo medzea eŋu o—ne èzã atike vɔ̃ɖiwo, ne eno sigaret, ne èɖo to ha gbegblẽ alo ƒo ɖokuiwò ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ mea? Kura o. Eyata Yehowa gbea amesiwo nɔa agbe eve, amesiwo ‘ɣlaa nusi wonye’ alakpanuwɔwɔtɔe ƒe gbedodoɖawo. (Psalmo 26:4) “Amesi fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, ewɔa nu dzɔdzɔe, eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me” koe wòɖoa toe. (Psalmo 15:2, 3) Eyata ne èsena le ɖokuiwò me be ye ɖokui koe yele nu ƒom na ne yele gbe dom ɖa la, ekema dzro wò agbenɔnɔ me kpɔ. Ðewohĩ ahiã be nawɔ tɔtrɔ aɖewo.
Gbedodoɖa Ðe Mɔ Gbegblẽ Nu
Nukawo ƒomevie nàte ŋu abia Mawu? Yesu ka ɖe edzi na mí be: “Ne miabia [nusianu] Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi.” (Yohanes 16:23) Nya vivi kae nye si—nusianu! Ðe Mawu le klalo le xawò be yeawɔ wò gbeɖeɖe dzi abe xɔnametɔ vivimeme ƒomevi aɖe enea? Ðe wòawɔ wò biabia ɖesiaɖe, esiwo mele vevie gɔ̃ hã o dzi na wòa? Yesu gblɔ eƒe nya siawo do ŋgɔ teti na eƒe vevesese ƒe kua. Le nyateƒe me la, menye nubiabia siwo me nunya mele o ye nɔ susu me nɛ o! Eyata Yakobo 4:3 xlɔ̃ nu ku ɖe gbedodoɖa ɖe mɔ gbegblẽ nu ŋu. Egblɔ be: “Miebiana, eye miexɔnɛ o; elabena miebiana le mɔ vɔ̃ dzi, bene miagblẽ nu le miaƒe dzidzɔkpɔkpɔwo me.”
Egbea ame geɖe wɔa gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ ɖe mɔ gbegblẽ nu. Suku aɖe ƒe basketball-ƒoha dzea klo ɖe bɔlƒoƒea titina doa gbe ɖa le bɔl la ƒoƒo ɖesiaɖe megbe. Gake ɖe nèsusu nyateƒe be Mawu nɔa megbe na bɔlƒoƒo ma alo be wòabɔbɔ eɖokui ade nu hoʋlifefe aɖe mea? (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 5:26.) Alo nyɔnu si wogblɔ be edoa gbe ɖa biaa afɔkpa ya ɖe? Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, afɔkpa avɔ le afɔkpadzraƒe eye wòasusɔ ɖeka alo eve ko si ate ŋu asɔ afɔ nam, eye ne ga mele asinye maƒlee ɣemaɣi o la, mebiaa Mawu be wòana woanɔ anyi vaseɖe esime matrɔ ava ƒle wo.” Azɔ gbedodoɖa atsɔ abia nusi hiã ame nye nu bubu si to vovo kura tso mɔ kpɔkpɔ be Mawu naƒle nu na ye gbɔ.
Nenema ke masɔ o—eye wòanye nu dzodzro—be woado gbe ɖa be Mawu naɖe ye tso tohehe si wodze na me. (Hebritɔwo 12:7, 8, 11) Eye màkpɔ dzidzedze nyui ne èbia Mawu be wòana yeakpɔ dzidzedze nyui le dodokpɔ si ŋu mèdzra ɖo ɖo gobii alo dzra ɖo ɖo kura o la me o.—Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 6:7.
Gbedodoɖawo ‘le Eƒe Lɔlɔ̃nu Nu’
Apostolo Yohanes ɖe nu vevi aɖe me le gbedodoɖa ŋu be: “Dzideƒo, si le mía si le egbɔ la, enye esi bena, ne míebia nane le eƒe lɔlɔ̃nu [nu] la, aɖo to mí.” (Yohanes I, 5:14) Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa (Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa) fia nusiwo woate ŋu ade gbedodoɖa ma me la dometɔ aɖewo mí. Edo gbe ɖa bia be (1) Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ, (2) Mawu ƒe Fiaɖuƒe nava, (3) woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, (4) wòana ŋutilãme- kple gbɔgbɔmenuhiahiãwo mí eye (5) wòakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na Satana ƒe mɔ̃tetrewo.—Mateo 6:9-13.
Le kpɔɖeŋu sia nu la, nu geɖe li míate ŋu ado gbe ɖa abia. Nyateƒee, Petro I, 5:7 xlɔ̃ nu mí be ‘míada míaƒe dzimaɖitsitsi ɖesiaɖe ɖe Mawu dzi elabena ekpɔa wo gbɔ.’ Ema fia be esɔ be míado gbe ɖa tso míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa kloe ŋu. Ðe nyametsotso aɖe, abe sukudɔwɔna siwo nàsrɔ̃ tiatia ene dze ŋgɔwòa? Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe nunya. (Yakobo 1:5) Ðe nèwɔ vodada aɖe si me nunya mele oa? Ekema bia Mawu ƒe tsɔtsɔke.—Yesaya 55:7; Yohanes I, 1:9.
Gake ele be nàwɔ nu wòasɔ ɖe wò gbedodoɖa nu. Bu sɔhɛ si nye Clint la ŋu kpɔ. Ezu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla esi wòwu suku kɔkɔ dede nu. Mekpɔ ame aɖeke si tsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me o ɣleti geɖe. Eyata edoa gbe ɖa tsoa eŋu. Gake melala be Biblia nusrɔ̃vi aɖe nage tso yame na ye o. Etsɔ veviedodo yi edzi nɔa aƒewo me yim, eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eke ɖe ame geɖe siwo lɔ̃ faa be yewoasrɔ̃ Biblia la ŋu.
Alesi Mawu Ðoa Eŋui
Ɣeaɖewoɣi la, gbedodoɖa ŋutɔ ɖeɖe kpena ɖe ame ŋu. Sɔhɛ si nye Sandy nɔ avu wɔm kple ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe kuxi la. Egblɔ be: “Gbedodoɖa kple Yehowa yɔyɔ kpena ɖe ŋunye elabena menya be ne mebiae be wòakpe ɖe ŋunye be magadɔ ɖokuinye gbɔ o la, nyemewɔnɛ o.”
Gake edzena ɣeaɖewoɣi be Mawu wɔa nudzɔdzɔwo ŋudɔ tsɔ ɖoa gbedodoɖawo ŋui. Gbeɖeka ehiã be sɔhɛ Ken naɖo Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me bene wòaƒo Biblia me nuƒo kpui aɖe si wode asi nɛ la. Nublanuitɔe la, ʋu aɖeke meli wòaɖo ayi o. Edo gbe ɖa le nya la ŋu vevie. Le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo megbe la, eda, amesi mebɔna vaa wo gbɔ o la va. Togbɔ be metsɔ ɖeke le eƒe subɔsubɔha me o hã la, ekui yi. Eƒe gbedodoɖa ma ŋue woɖo nɛ tẽa? Ðewohĩ anye eyae. Le go ma me la, ɖeko wòsɔ ɣesiaɣi be míada akpe na Mawu ne nuwo dze edzi na mí. Paulo xlɔ̃ nu be: “Mida akpe le nusianu ŋuti.”—Tesalonikatɔwo I, 5:18.
Gake mègakpɔ mɔ be Mawu naɖo wò gbedodoɖawo ŋu le mɔ kpata aɖe nu o. Eye mele be nàbu nusianu si dzɔna ɖe dziwò be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ɖeɖe fia o. Zi geɖe la, woɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu le mɔ siwo menya kpɔna dzea sii o nu: Àxlẽ nya aɖe le Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe me; dzila alo hati Kristotɔ aɖe aɖo aɖaŋu nyui aɖe na wò. Le nyateƒe me la, abia nugɔmesese hafi woanya nusi koŋ nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na mí. Zi geɖe la, nuwo me va kɔna nyuie le ɣeyiɣi aɖe megbe.
Ẽ, ɣeyiɣie! Mègakpɔ mɔ be Mawu naɖo wò gbedodoɖa ŋu le ɣeyiɣi si me nèsusu be ele be wòaɖo eŋu o. Yeremya ŋlɔe be: “Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm.” (Konyifahawo 3:26) Hekpe ɖe eŋu la, màkpɔ ŋuɖoɖo si nèdi wu la kokoko o. Apostolo Paulo bia Mawu zi etɔ̃ be wòaɖe kuxi si wòyɔ be ‘ŋu le ŋutilã me’ la ɖa na ye. Mawu meɖo eŋu o. (Korintotɔwo II, 12:7-9) Gake esia mena Paulo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbedodoɖa ƒe nunana la ŋu dzi ɖe kpɔtɔ o, ke boŋ eyi edzi ku kutri le Yehowa ƒe subɔsubɔa me. Eyae ŋlɔe bena: “Minɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.” (Kolosetɔwo 4:2) Eyata ‘nɔ ebiabia dzi, nɔ edidi dzi, eye nɔ ʋɔ ƒoƒo dzi.’ (Mateo 7:7) Esia wɔwɔ ana nàte ɖe Mawu ŋu kplikplikpli eye wòaɖo wo gbedodoɖawo hã ŋu na wò.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]
Mele be wò gbedodoɖa nanye ŋutilãmenu siwo mehiã o la biabia o