Ðoɖo Wɔwɔ Ðe Vidzidzi Ŋu—Kristotɔwo ƒe Nukpɔsusu Le Eŋu
LE AMEWO ƒe Agbɔsɔsɔ le Xexeame Ŋuti Takpekpe gbãtɔ si wowɔ le ƒe 1974 me la, dukɔ 140 siwo kpe ta la tsɔ tameɖoɖo ɖeka gblɔ be “gome” le srɔ̃tɔwo katã “si be woatso nya me faa eye woalɔ̃ axɔ woƒe nyametsotsoa ƒe agbanɔamedzi le vi xexlẽme si woadzi kple ƒe si woaɖe ɖe dome na wo la ŋu eye be nyanyanana, hehenana kple mɔnuwo nanɔ anyi hena ema wɔwɔ.”
Ame geɖe bua tameɖoɖo ma be enye tameɖoɖo nyui. Nyateƒee, Mawu gblɔ na Adam kple Xawa, kple emegbe na Noa kple eƒe ƒomea be ‘woadzi ne woasɔ gbɔ, eye woayɔ anyigba la dzi,’ gake womede se ma tɔgbe aɖeke na Kristotɔwo ya o. (Mose I, 1:28; 9:1) Ŋɔŋlɔawo mede dzi ƒo na srɔ̃tɔ siwo nye Kristotɔwo be woadzi vi loo alo womegadzii o. Srɔ̃tɔwo ŋutɔwo atso nya me ne woadzi vi alo womadzii o, eye ne wowɔ ɖoɖo be yewoadzi vi la, ekema ekpɔ woƒe ŋkume be woatso nya me le alesinu woadzi kple ɣeyiɣi si woadzii la ŋu.
Agbanɔamedzi si Tso Mawu Gbɔ
Gake ède dzesii be Amewo ƒe Agbɔsɔsɔ le Xexeame Ŋuti Takpekpea gblɔ be ele be srɔ̃tɔwo natso nya me “eye woaxɔ woƒe nyametsotsoa ƒe agbanɔamedzi le vi alesinu woadzi kple ƒe si woaɖe ɖe dome na wo” la ŋu dzia? Agbanɔamedzi ƒe gɔmeɖose sia wɔ ɖeka kple Biblia la hã. Dzila Kristotɔwo nyae be togbɔ be ɖeviwo nye nunana xɔasi tso Mawu gbɔ hã la, agbanɔamedzi gã aɖe kpe ɖe nunana sia ŋu.
Gbã la, agbanɔamedzi si nye be woakpɔ wo viwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ la li. Biblia la gblɔ be: “Ne ame aɖe melé be na ye ŋutɔ tɔwo o, eye vevietɔ na ye ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”—Timoteo I, 5:8.
Ame ŋutɔ ƒe ƒome dzi kpɔkpɔ bia nu geɖe wu nuɖuɖu nana ƒomea kple gazazãwo xexe, togbɔ be esia ŋutɔ hã nyea dɔ gã aɖe le eɖokui si zi geɖe hã. Ne srɔ̃tɔ Kristotɔ siwo bua nu ŋu nyuie le vi xexlẽme si woadzi ƒe ɖoɖo wɔm la, wobua vidadaa ƒe lãmesẽ kple eƒe seselelãme, susu me, kple gbɔgbɔ me nyonyo ŋu. Vidzikpɔkpɔ xɔa ɣeyiɣi geɖe, eye ne vidadawo va dzi vi ɖe wo nɔewo yome kabakaba la, zi geɖe la, menye woƒe ɖiɖiɖeme, modzakaɖeɖe, woa ŋutɔwo ƒe ŋgɔyiyi, kple gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me ɖeɖekoe wotsɔna saa vɔe o, ke wotsɔa woƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me lãmesẽ hã saa vɔe.
Dzila Kristotɔ lɔ̃na tsɔa agbanɔamedzi la bua wo viwo ƒe nuhiahiãwo hã ŋu. The State of the World’s Population 1991 gblɔ be: “Ele be ɖevi siwo wodzina ɖe ƒome lolo siwo me kpedeviwo le fũ me la naha nuɖuɖu awu, kple wo dzilawo ƒe lɔlɔ̃ kple wo nɔewo. Wodzea dɔ hã kabakaba. Ne ɖevi siawo to woƒe ɖevimeƒe siwo me nusianu te ŋu dzɔna ɖe wo dzi bɔbɔe me do la, afɔku geɖe le eme be woaku te, eye woƒe susu hã maɖa tututu o. Ŋutete si anɔ ɖevi siawo ŋu le woƒe tsitsime dzi ɖena kpɔtɔna ŋutɔ.” Gake menye aleae nɔnɔmea nɔna le ƒome lolowo katã me o, ke hã enye nusi ŋu wòle be srɔ̃tɔ Kristotɔwo nabu ne wole ɖoɖo wɔm le vi xexlẽme si woadzi la ŋu.
Enye dzila Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woalé be na wo viwo le gbɔgbɔ me, abe alesi Biblia la de see ene be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le [Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.
Emeka, si nye Kristotɔ sefiala aɖe le Nigeria la ɖe srɔ̃ ƒe ɖeka va yi eye mele dzi tsim ɖe vi geɖe dzidzi ŋu o. Egblɔ be: “Mía kple srɔ̃nye míedzro vi alesinu míadzi la me. Míebu eŋu be míadzi vi atɔ̃, gake míetso nya me be míadzi etɔ̃ ko. Emegbe míeƒo nya ta be anyo be míadzi eve ko. Ðeviwo hehe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu sesẽ. Agbanɔamedzi gã aɖee wònye.”
Srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo tso nya me be yewomadzi vi o bene yewoazã yewoƒe ɣeyiɣi katã ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu. Dutanyanyuigblɔla aɖe si le Afrika si lɔ̃ ɖe srɔ̃a ƒe nyametsotso be yewomadzi vi o dzi la gblɔ be: “Nye vimadzimadzi mewɔna nam be nane to ŋunye o. Togbɔ be mía kple srɔ̃nye míekpɔ dzidzɔ siwo le vidzidzi me o hã la, dzidzɔ bubuwo yɔ míaƒe agbe me. Esi míetsɔ mía ɖokui na le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu me be woasrɔ̃ Biblia me nyateƒea ta la, míedzi gbɔgbɔmevi geɖewo le xexeame ƒe akpa geɖe. Míelɔ̃ wo eye woawo hã wolɔ̃ mí. Ƒomedodo tɔxɛ aɖe le mía dome. Susu nyui tae apostolo Paulo tsɔ eɖokui sɔ kple vinɔ ɖo, le esi wòlɔ̃ amesiwo ŋu wokpe ɖo le gbɔgbɔ me vevie la ta.”—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.
Mɔxexe Ðe Fufɔfɔ Nu
Ðe Biblia la tsi tre ɖe mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ŋua? Ao, metsi tre ɖe eŋu o. Tiatia la kpɔ srɔ̃tɔawo ŋkume. Ne srɔ̃tɔ aɖewo tso nya me be yewoaxe mɔ ɖe fufɔfɔ nu la, mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atike siwo woatia nye woa ŋutɔwo ƒe nya. Gake ele be bubudede agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu nakpɔ ŋusẽ ɖe mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu siwo srɔ̃tɔ Kristotɔwo atia la dzi. Esi wònye Biblia la ɖee fia be ame ƒe agbe dzea egɔme le fufɔɣi ta la, Kristotɔwo atsri mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu siwo gblẽa fua alo tsrɔ̃a ɖevi si le tsitsim le dadaa ƒe dɔme ƒe agbe.—Psalmo 139:16; tsɔe sɔ kple Mose II, 21:22, 23; Yeremya 1:5.
Eyata asɔ be srɔ̃tɔwo nawɔ tiatia vovovowo le ɖoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu gome. Wo dometɔ aɖewo adi be yewoaɖe vi xexlẽme si yewoadzi la dzi akpɔtɔ. Wo dometɔ bubu aɖewo hã siwo le mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu aɖewo zãm la atso nya me be yewomadzi vi kura o. Mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu geɖewo li, ɖesiaɖe kple eƒe viɖe kple nusi wògblẽna. Ne srɔ̃tɔwo le nya me tsom le esi nyo woa ŋutɔwo ŋu ŋuti la, ele be woaɖo ŋku edzi be mɔnu aɖewo dzea edzi nyuie wu ɖewo. Ele be woabia nusi wòate ŋu agblẽ le ame ŋu si akpe ɖe eŋu hã. Ðɔktawo kple ɖoɖo wɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu ƒe kɔdziwo su te be woaɖo aɖaŋu le mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnuwo ŋu eye woakpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woatia esi ade wo dzi wu.
Nyametsotso si srɔ̃tɔ aɖewo awɔ be yewoadzi vi geɖe, yewoadzi vi ʋee aɖewo ko, alo yewomadzi ɖeke kura o la nye woa ŋutɔwo ƒe nya. Eganye nyametsotso vevi aɖe si me tsonuwo nɔa anyi ɣeyiɣi didi. Nunya anɔ eme be srɔ̃tɔwo nabu nya la ŋu nyuie le gbedodoɖa me.
[Aɖaka si le axa 17, 18]
Mɔxexe Ðe Fufɔfɔ Nu ƒe Mɔnu Siwo Bɔ
Nusi Nana Wodzia Vi Lalã Ða
Le ŋutsuwo gome: Enyea amekoko ƒe nuwɔna bɔbɔe aɖe si me wosẽa vo ƒe akpa vi aɖe le eye wolãa ka si me tsinyenyẽa tona la ɖa.
Le nyɔnuwo gome: Enye amekoko aɖe si me woblaa nusi me azia tona gena ɖe vidzidɔa me la nu alo lãnɛ ɖa be azia nagate ŋu age ɖe vidzidɔa me o.
Eƒe viɖewo: Le mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnuwo katã dome la, nusi nana wodzia vi lalã ɖae wɔa dɔ wu ɖesiaɖe.
Nusiwo wògblẽna: Ate ŋu atsi nenema ɖaa. Le ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa gome la, dɔ siwo wowɔ na wo la na wogate ŋu dzi vi, gake kakaɖedzi mele eŋu o.a
Atikekui Siwo Xea Mɔ Ðe Fufɔfɔ Nu
Wo dometɔ aɖewo nye atikekui si me progestine ɖeɖeko le. Woɖea fu na nyɔnu ƒe ʋumenugbagbeviwo ƒe dɔwɔwɔ be woaxe mɔ na azia be magatsi ahayi dodo ge o.b
Eƒe viɖewo: Ewɔa dɔ nyuie ŋutɔ le mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu me.
Nusiwo wògblẽna: Egblẽa nu le ame ŋu le go aɖewo me, gake womegblẽa nu le nyɔnu siwo mexɔ ƒe 40 o eye wole lãmesẽ me eye womenoa sigaret o la ŋu boo o.
Aŋekotoku si Wotsɔ Xea Vidzidɔa Nu Kple Ami si Wua Ŋutsu ƒe Tsinyenyẽ me Nugbagbeviwo
Enye aŋekotoku si le goboo si wodea nu bɔbɔe aɖe nu. Ne wode ami si wua tsinyenyẽ me nugbagbeviwo kotokua me vɔ la, wodenɛ nyɔnua me be wòaxe vidzidɔa nu.
Eƒe viɖewo: Enye mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu aɖe si ŋu kakaɖedzi geɖe le eye afɔku mele eme o ne wozãe nyuie.
Nusiwo wògblẽna: Ele be woazãe ɣesiaɣi si srɔ̃tɔwo le dɔdɔm. Ebia aɖaŋu be woade kotokua nyɔnua me nyuie, eye ele be woadee do ŋgɔ na gbɔdɔdɔ eye woagblẽe ɖi gaƒoƒo ade vaseɖe enyi megbe.
Aŋekotoku Bubu aɖe si Wotsɔ Xea Vidzidɔa Nu
Eya hã nye aŋekotoku bubu aɖe si le sue wu esi míeyɔ va yi la. Abe esi me wodea amii si wua tsinyenyẽ me nugbagbeviwo ene la, wodea eya hã nyɔnua me be wòaxe eƒe vidzidɔ nu gake eya xea enu nyuie wu, eye mebiaa ami si wua tsinyenyẽ me nugbagbeviwo fũ o.
Eƒe viɖewo: Kotoku sia hã ƒe dɔwɔwɔ sɔ kple esi míeyɔ va yi la, eye ate ŋu anɔ anyi gaƒoƒo 48. Ne woadɔ zi geɖe la, ke mehiã be woazã ami si wua tsinyenyẽ me nugbagbeviwo o.
Nusiwo wògblẽna: Edede sesẽ wu esi me wodea amii, eye ele be woalé ŋku ɖe edede vidzidɔa nu ŋu do ŋgɔ na gbɔdɔdɔ kple emegbe. Ate ŋu ahe vidzidɔ me dɔlélewo vɛ. Nyɔnu siwo wowɔ “Pap” dodokpɔwo na wòdze edzi koe wòle be woadee na.
“Sponge”
Enye foam (mousse) ƒomevi aɖe si me wode ami si wua ŋutsu ƒe tsinyenyẽ me nugbagbeviwoe, esi wodena nyɔnu me be wòaxe eƒe vidzidɔa nu, eyata enye nu ŋutɔŋutɔ kple atike si xea mɔ na ŋutsu ƒe tsinyenyẽ. Ne wozãe vɔ la, woɖenɛ ƒua gbe.
Eƒe viɖewo: Woate ŋu adee wòanɔ anyi gaƒoƒo 24 sɔŋ eye ewɔa dɔ nyuie ne wodɔ zi geɖe le ɣeyiɣi ma me.
Nusiwo wògblẽna: Ehea dɔléle aɖewo vɛ eye woka nya ta be ehea dɔléle sesẽ aɖe si ŋu asrã kple veme ƒe abiwɔwɔ ʋee aɖewo kpe ɖo la vɛ.
Nusi Wodea Vidzidɔ me be Wòaxe Mɔ Ðe Fufɔfɔ Nu
Wogayɔnɛ be “IUD,” “loop,” alo “coil.” Wodea ganu alo aŋenu sia vidzidɔa me. Togbɔ be ɖikeke le alesi tututu wòwɔa dɔe ŋu hã la, ɖɔktawo xɔe se be exea mɔ na fufɔfɔ le mɔ geɖe nu. Ðewohĩ mɔ siawo dometɔ ɖekae nye be wòaxe mɔ na azi si me vi ɖo be wòagalé ɖe vidzidɔa ŋu o.
Eƒe viɖewo: Enye mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu si ŋu kakaɖedzi le.
Nusiwo wògblẽna: Ɣeaɖewoɣi la, enana ʋu ɖuɖuna le ame ŋu alo wosea veve, eye ɣeaɖewoɣi la, alesi wòwɔa dɔe la asɔ kple fuɖeɖe.c
Kɔndɔm
Kotoku aɖe si woɖɔna na ŋutsu ƒe vidzinu be tsinyenyẽa nagage ɖe nyɔnua me o.
Eƒe viɖewo: Afɔku mele eŋu o, eye wònye mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu si wɔa dɔ nyuie. Eɖea alesi wòate ŋu adzɔe be woaxɔ nulɔdɔ le ame ŋu, si me AIDS hã le, la dzi kpɔtɔna.
Nusiwo wògblẽna: Medoa dzidzɔ na ame aɖewo o, elabena ezazã biana be woadzudzɔ dɔdɔ aɖadoe.
Ŋutsu ƒe Vidzinu Ðeɖeɖa le Nyɔnua Me
Esia biana be ŋutsua naɖe eƒe vidzinu le nyɔnua me do ŋgɔ na eƒe tsinyenyẽa teti.
Eƒe viɖewo: Mebiaa gazazã, dzadzraɖo alo nu bubu aɖeke o.
Nusiwo wògblẽna: Mena gbɔdɔdɔ vivina na ame o, ebiaa ɖokuidziɖuɖu blibo, eye kakaɖedzi gobii aɖeke mele eŋu o.
Ðokuidziɖuɖu ƒe Mɔnu
Srɔ̃tɔwo medɔna le nyɔnua ƒe dzinukpɔɣi ƒe ŋkeke siwo me wòate ŋu afɔ fu le bɔbɔe o.
Eƒe viɖewo: Afɔku mele eme o, megblẽa nu le ame ŋu o, eye mebiaa dɔ aɖeke wɔwɔ le gbɔdɔdɔɣi o.
Nusiwo wògblẽna: Menye mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu si wɔa dɔ nyuie tututu o negbe ɖe srɔ̃tɔawo ɖoe kplikpaa be yewomadzi vi o eye wole wɔwɔm ɖe mɔnu sia ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ hafi.
Atike Dede Lãme na Nyɔnu
Enye mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu yeye aɖe si to, wonye atikeku lɔbɔe suesue siwo wotsɔ silicon wɔe eye wodenɛ nyɔnu ƒe lãme le eƒe axatome. Atike vi aɖe yia edzi nɔ dodom le atike siawo me ɖe ʋua me ƒe atɔ̃ sɔŋ. Le ɣeyiɣi siawo me la, mete ŋu fɔa fu o.
Eƒe viɖewo: Ewɔa dɔ nyuie ŋutɔ. Ne woɖee ɖa la, woagate ŋu afɔ fu.
Nusiwo wògblẽna: Eƒe nugbegblẽ le ʋee ko. Esɔ kple mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atikekui si me progestin ɖeɖeko le. Ne wode atikekui si me progestin ɖeɖeko le lãme nɛ la, ete ŋu gblẽa azi si me vi ɖo la.d
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Numedzodzro aɖe si fia ne nusi nana wodzia vi lalã ɖa sɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu alo mesɔ o la dze le May 1, 1985 ƒe Watchtower me, axa 31.
b Numedzodzro si ku ɖe alesi atikekui siwo wonona be woagafɔ fu o xea mɔ na vidzidzi ŋu la dze le June 15, 1989 ƒe Watchtower me, axa 29.
c Numedzodzro aɖe si fia ne “IUD” sɔ ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo nu alo mesɔ o la dze le May 15, 1979 ƒe Watchtower me, axa 30-1.
d Numedzodzo aɖe si ku alesi mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe atikekuiwo xea mɔ na vidzidzi ŋu la dze le June 15, 1989 ƒe Watchtower me, axa 29.