Yehowa Ðasefowo Kple Atikewɔlawo Wɔ Ðeka
GƆMESESE va su Yehowa Ðasefowo si le ƒe 1945 me be ʋudodo nye ʋu ŋudɔwɔwɔ le mɔ si mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o nu. Sedede sia si le Mose ƒe Sea me nɔ anyi va ge ɖe Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Dɔwɔwɔwo 15:28, 29 gblɔ be: “Enyo gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ; ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le wo me la, ekama miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe!” (Kpɔ Mose III, 17:10-12.) Yehowa Ðasefowo ƒe gbegbe be yewomado ʋu o la he nyaʋiʋli geɖe de wo kple atikewɔla aɖewo dome.
Atikewɔwɔ ƒe Kadododzikpɔkɔmiti
Be woakpe ɖe Ðasefoawo ŋu le woƒe ʋumadomadonyawo me, be woaɖe nugɔmemasemase ɖa le ɖɔktawo dome kple kɔdziwo, eye be woade ɖekawɔgbɔgbɔ si nyo wu atikewɔƒewo kple Ðasefo siwo nye dɔnɔwo dome ta la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la ɖo Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitiwo. Ðasefo bibi siwo wona hehee be woawɔ nu kple ɖɔktawo kple kɔdziwo le nugɔmesese mee le kɔmiti siawo me eye woɖe nyaʋiʋliwo dzi kpɔtɔ eye wotu ɖekawɔgbɔgbɔ ɖe wo dome wu. Kɔmiti siawo dzi ɖe edzi tso xexlẽme ʋee siwo nɔ anyi le ƒe 1979 me va ɖo 850 le dukɔ 65 me fifia. Ema fia be woƒe kpekpeɖeŋudɔwɔnawo aɖe vi na Yehowa Ðasefo miliɔn 3 kple afã fifia.
Wona hehe hamemegã 4,500 kple edzivɔ siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me be woaƒo nu kple ɖɔktawo akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusiwo katã woate ŋu awɔ ʋumadomadoe la tso atikewɔgbalẽwo ŋutɔŋutɔ me. Ne nɔnɔme aɖe va hiã kpata la, wotsɔa nyatakaka siwo sɔ la toa mɔ̃ me ɖona ɖe dɔnɔkɔdzia tẽ be wòakpe ɖe ɖɔktawo ŋu woawɔ dɔ na Ðasefowo ʋumadomadoe. Alo kɔmitiawo wɔa ɖoɖo be woakpe ta kple ɖɔkta bubu siwo lɔ̃ la be woadi mɔnu siwo dzi woato awɔ atike alo awɔ dɔ na ame ʋumadomadoe.
Le kpɔɖeŋu me, le nudzɔdzɔ geɖe siwo me ʋu ƒe vɔvɔ le lãme na ame na ʋumenugbagbevi dzĩwo dzi ɖe kpɔtɔ, si ɖɔktawo gblɔ be ahiã be yewoado ʋu be wòadzi ʋumenugbagbevi dzĩawo ɖe edzi la, Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitia me tɔwo te ŋu kpɔ nyatiwo tso atikewɔgbalẽwo me si ɖee fia be lãmetsi si dzia ʋumenugbagbevi dzĩwo ɖe edzi si wowɔ la ate ŋu awɔ dɔ ma ke. Lãmetsi sia si amegbetɔwo wɔ la wɔa dɔ abe lãmetsi ŋutɔŋutɔ si dzia ʋumenugbagbevi dzĩwo ɖe edzi si le míaƒe ayiku me la ke ene eye wònaa ƒutomemi ɖoa ʋumenugbagbevi dzĩ yeyewo ɖe ʋukawo me.
Ðɔkta aɖewo bui be lãmetsi sia si yewoawɔ la mawɔ dɔ akpɔ hiahiã la gbɔ kaba o, gake eŋudɔ si wowɔ na Yehowa Ðasefowo ɖe alesi wòwɔa dɔ kabae la fia. Le nudzɔdzɔ aɖe me la, gbesigbe tututu wowɔ lãmetsi si dzia ʋumenugbagbevi dzĩ ɖe edzi ŋudɔ na ame aɖe ko la, ʋumenugbagbevi dzĩ yeyewo sɔ gbɔ ɖe edzi zi gbɔ zi ene wu alesi wònɔ! Dɔnɔa ƒe lãme sẽ vie eye le ŋkeke eneagbe la, ʋumenugbagbevi dzĩwo va nɔ dzidzim ɖe edzi. Le ŋkeke ʋee bubu aɖewo megbe la, eva dzi ɖe edzi nyuie. Dɔnɔa tsi agbe. To mɔ sia dzi la, Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmiti siawo ƒe dɔwɔnawo ɖe vi na ɖɔktawo kple dɔnɔa siaa.
Esi Australia-ɖɔktawo gblɔ be yewomate ŋu aɖe dɔnɔ si nye Ðasefo aɖe ƒe agbe le dɔléle sesẽ aɖe dada me ne yewomedo ʋu nɛ o la, wobia tso Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmiti si le afima si be woakpe ɖe yewo ŋu le mɔ sia mɔ nu be yewoakpɔ nyatakaka le atikewɔwɔmɔnu si me ʋudodo mele o la ŋu. Wogblɔ nya sia na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Australia. Woawo hã gblɔe na Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanaha si le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe ƒe ta le Brooklyn, New York. Woku nu me le atike ŋuti nyatakaka siwo li la me. Wotsɔ nyati nyuiwo to mɔ̃ me ɖo ɖe Australia. Esi Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmiti si le Australia me tɔ ɖeka dzo le ɖɔkta la ƒe ɔfis le gaƒoƒo 11 megbe ko la, egatrɔ yi ake kple nyatakaka siwo wohiã la. Nusiawo wɔ dɔ eye dɔnɔa haya. Wotsɔ atikewɔwɔ ŋuti nyatakaka tso New York ɖo ɖe keke Nepal ke hã.
Numekuku Deto Kple Kpekpeɖeŋu
Numekuku deto si Yehowa Ðasefowo wɔna le atikewɔgbalẽwo me la sɔ eye wòsɔ ɖe fifitɔ nu. Dɔnɔdzikpɔla aɖe si hã nye dɔdzikpɔla le kɔdzi aɖe si le Oregon, United States, ƒe amekoƒe la gblɔ le nyati aɖe me le amekoƒedzikpɔlawo ƒe atikewɔgbalẽ aɖe me be: “Yehowa Ðasefo[wo] . . . [le] ŋgɔ na mí boo. Woawoe nye amesiwo nya nu le nu bubu siwo woazã ɖe ʋu kple nusiwo wotsɔ ʋu wɔe teƒe ŋuti wu eye zi geɖe la, wonaa eŋuti nyatakaka mí hafi míeva senɛ gɔ̃ hã.”—OR Manager, January 1993, axa 12.
Ðɔkta deŋgɔ kple dɔyɔƒe aɖewo siwo te ŋu daa gbe le ame ŋu evɔ womazã nusi sɔ kple ʋu o la, lɔ̃ faa míebia nyawo le alesi wowɔnɛe la ŋu. Alesi wokpɔa hiahiã sia gbɔ dɔmenyotɔe la na wokpɔ amewo ƒe agbe ta, abe alesi wòdze le ʋumenugbagbevi ɣiwo ƒe dɔ si wua ame ƒe dɔdada kple amekoko bubu siwo wowɔ dzidzedzetɔe me ene. Woxɔa atike ŋuti nyatakaka siawo toa dukɔwo dome telefon dzi.
Nu bubu si hã gafia afisi Yehowa Ðasefowo yi ŋgɔ se ɖo be woakpe ɖe amesiwo hiãa kpekpeɖeŋu ne dɔlénya si doa ame ƒe xɔse kpɔ la dze ŋgɔ wo ŋu lae nye ɖoɖo si wowɔ be woaɖe dɔnɔwo tso atikewɔƒe aɖe ayi bubu, tso dukɔ ƒe akpa aɖe ayi bubu me, kple tso dukɔ bubu me yi bubu me kura gɔ̃ hã. Kpɔɖeŋu aɖewoe nye be: Wode nyɔnu tsitsi aɖe si nye dɔnɔ la yameʋu tso Suriname yi Puerto Rico; dɔnɔ bubu hã nɔ yameʋu me tso Samoa yi Hawaii; wotsɔ vidzĩ aɖe hã tso Austria yi Florida le United States.
Ðɔkta Geɖewo Va Le Asi Kpem ɖe Eŋu
Nusi na nɔnɔmea gava le Yehowa Ðasefowo dzi dem wu hãe nye atikewɔla gbogbo siwo va le lɔlɔ̃m faa be yewoakpe asi ɖe wo ŋu le nya sia me, amesiwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi tso 5,000 le ƒe atɔ̃ siwo va yi me va ɖo 30,000 fifia le dukɔ 65 me. Atikewɔla bibi gbogbo mawo wɔe be wodze nu nyui bubu aɖe hã wɔwɔ gɔme—woɖo atikewɔƒe kple amekoƒe siwo wu 30, afisi womezãa ʋu le o le dukɔ vovovowo me.
Eyata fifia le Anyiehe Amerika ya teti la, asesẽ hafi nàse be wodi be woado ʋu na ame tsitsi aɖe akpasesẽe eye dukɔ bubu geɖewo hã le ŋgɔyiyi ma ke wɔm. Fifia vidzĩwo kple ɖevi siwo ƒe ŋkeke mede hafi wodzi o koŋ ŋue kuxia akpa gãtɔ le. Dzinumademadeevi siawo dzea agbe gɔme kple kuxi geɖe siwo tso ŋutinu aɖewo abe dzitodzito kple ayiku siwo metsi hewɔa dɔ nyuie o gbɔ. Gake ɖɔktawo le mɔ siwo dzi woato ada dɔ siawo ʋumadomadoe la dim. Le kpɔɖeŋu me, wowɔ atike aɖe si wɔa dɔ le dzitodzito me abe ade si le ame ƒe lãme ene be woatsɔ ada gbɔgbɔtsixedɔe. Ame geɖe va lɔ̃ le atike si naa ʋumenugbagbevi dzĩwo kpɔa ŋusẽ hedzina ɖe edzi si woyɔna be EPO zãm le dɔdada na dzinumademadeevi siwo ƒe lãme ʋu mesɔ gbɔ ɖo o.
Kpekpeɖeŋu na Atikewɔlawo Kple Atikedɔdzikpɔlawo
Be woakpe ɖe vidzĩtikewɔlawo ŋu be woada dɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe vidzĩwo ʋumadomadoe la, Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanaha la ta nyati 55 ƒe agbalẽ babla si me nyadiƒe etɔ̃ le tso atikewɔgbalẽ siwo fiaa alesi woate ŋu ada vidzĩwo ƒe dɔléle bubu geɖewo ʋumadomadoe.
Be atikewɔwɔ si me womezãa ʋu le o ŋuti nyatakaka nasu ʋɔnudrɔ̃lawo, hadome kpekpeɖeŋudɔlawo, ɖeviwo ƒe kɔdziwo kple vidzĩtikewɔlawo si la, Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ aɖe si axa 260 li na si wona ŋkɔe be Family Care and Medical Management for Jehovah’s Witnesses na atikewɔlawo kple atikedɔdzikpɔlawo koŋ.a Enye agbalẽ si womebla o si ƒe axawo woate ŋu aɖe bɔbɔe ale be woate ŋu awɔ tɔtrɔ yeyewo le eme. Esi wònye ame aɖewo mese alesi Yehowa Ðasefowo ƒe ƒomegbenɔnɔ le gɔme o ta la, eɖe eme hã wòkɔ ƒã alesi Biblia ƒe nufiafia si kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi la wɔe be dzilawo lɔ̃ wo viwo hewɔa nyametsotso si ɖea vi le ƒome si me woléa be na ame le me.
Nukae nye amewo ƒe nɔnɔme ɖe agbalẽ sia ŋu? Esi ɖeviwo ƒe kɔdzi aɖe si le Pennsylvania, United States, ƒe zimenɔla lé ŋku ɖe eƒe tanyaawo ŋuti nyuie vɔ la, egblɔ be yedi be yeƒe dɔwɔlawo nanya emenyawo nyuie ahazã wo. Egblɔ kpee be: “Ne le etsɔtsɔ fia wo vɔ megbe nyemekpɔ dzesi aɖeke be wosrɔ̃e nyuie o la madi be manya nusitae womesrɔ̃e o ɖo!” Ʋɔnudrɔ̃la aɖewo wɔ tɔtrɔ le woƒe ʋɔnudrɔ̃se aɖewo ŋu xoxo eye wobia tso atikewɔlawo si be woawɔ atike si me womezã ʋu le o la katã vɔ megbe hafi woazã ʋu. Woda dɔ na ɖeviwo ʋumadomadoe eye wokpɔ lãmesẽ.
Ame aɖe si ƒe nuwɔna ɖe dzesie nye ʋɔnudrɔ̃la aɖe si kpɔa ƒewuiviwo ƒe nyawo gbɔ le Ohio, United States. Family Care ƒe agbalẽ bablaawo do dzidzɔ nɛ ale gbegbe be egadɔ adrẽ bubu na exɔlɔ̃wo. Fifia etrɔ asi le eƒe ʋɔnudrɔ̃sewo ŋu ale be atikewɔlawo ƒe nuhiahiãwo kple dzilawo ƒe gomenɔamesiwo nada asɔ pɛpɛpɛ eye wole esia wɔm le mɔ eve nu. Eɖe eme le eƒe sea me (1) be ele be ɖɔktawo nawɔ atike siwo katã me womezã ʋu le o gbã hafi ava zã ʋu; eye (2) be atikewɔlaa naka ɖe edzi nɛ be wodo ʋu si yeazã la kpɔ eye AIDS dɔlékui kple akladɔléle aɖeke mele eme o. Le ʋɔnudrɔ̃se etɔ̃ siwo wòde tso esime wodze asitɔtrɔ le sewo ŋu gɔme nu la, woda dɔ na ɖevi etɔ̃awo katã dzidzedzetɔe eye womedo ʋu na wo o.
Ðk. Charles H. Baron, si nye nufialagã le Sesrɔ̃suku kɔkɔ si le Boston la, ta nyati aɖe si ŋu wòƒo nu tsoe le agbalẽnyalagãwo ƒe takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe eve siwo va yi me le Paris Yunivɛsiti me. Eƒe nyatia ƒe tanyae nye “Ʋu, Nuvɔ̃, Kple Ku: Yehowa Ðasefowo Kple Amerika Dɔnɔwo ƒe Gomenɔamesi Habɔbɔ.” Le nyati si wòŋlɔ ŋutɔ me la, nusi memema si gbɔna la gblɔ tso Ðasefowo ƒe Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitia ŋu lae nye si:
“Wote ŋu na Amerikatɔwo ƒe atikedɔwɔƒea kura gɔ̃ hã gbugbɔ tame bu le eƒe dzixɔse aɖewo ŋu le ɖaseɖiɖi geɖe siwo woɖe fia la ta. Le esia wɔwɔ me la, eɖe vi na amesiwo le Amerika-dukɔa katã me la. Le Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitia ƒe dɔwɔwɔ ta la, egbea menye Yehowa Ðasefowo ɖeɖekoe womegadoa ʋu na madzemadzee o ke boŋ dɔnɔwo katã hãe. Le dɔ si wɔm Ðasefoawo le abe habɔbɔ si le dɔnɔwo ƒe gomenɔamesiwo ta ʋlim ene ta la, dɔdamɔnu geɖe siwo dɔnɔwo ate ŋu atia la ƒe ŋusẽ gã aɖe va su dɔnɔwo katã si. Yehowa Ðasefowo do ablɔɖe gbadza kple vevietɔ subɔsubɔblɔɖe ɖe ŋgɔ to woƒe tsitretsitsi sesĩe ɖe agbagba si dzem amewo le be woana woawɔ nusi mesɔ kple woƒe subɔsubɔdzixɔsewo o ŋu me.”
Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitia ƒe dɔwɔna siawo katã manye gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na amewo tẽ ya o, gake kakaɖedzi li be ele gbe si wotɔ míaƒe subɔsubɔ tẽ la ŋu ɖom le nusi ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha la yɔ be míaƒe subɔsubɔ kɔkɔe ƒe ‘nu veviwo’ dometɔ ɖeka me. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Gake enya se be alesi míeyia ameawo gbɔ heɖea nu me nawo kple dzideƒo gake le bubu me la wɔe be atikewɔla aɖewo va le to ɖom Fiaɖuƒe gbedasia. Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitia me tɔ geɖewo va dze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme kple ɖɔkta siwo wodo goe le kɔmitia ƒe dɔwɔwɔwo me eye ɖɔkta siawo dometɔ eve xɔ nyɔnyrɔ̃ nyitsɔ laa.
Eyata Atikewɔwɔ Kadododzikpɔkɔmitia ƒe ɖoɖo si wowɔ la le kpekpem ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu be woaɖo to Yehowa ƒe se deblibo si nye woatsri ʋu nuteƒewɔwɔtɔe eye le ɣeyiɣi ma ke me hã wowɔa atike si wohiã la na wo. (Psalmo 19:8) Vavãe míele dzidzedze nyuiwo kpɔm le nugɔmemasemase si nɔ mía dome tsã la ɖeɖe ɖa me. Ðɔktawo kple dɔnɔdzikpɔlawo va nya alesi woate ŋu atsɔ atike siwo me ʋu mele o ada dɔe fifia wu tsã. Le dɔnɔwo, ƒometɔwo, haxɔsetɔwo kple kɔdzidɔwɔlawo gome la, emae hea nusi dim wole vɛ si nye—be dɔnɔa nahaya.—Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanaha si le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã ye ŋlɔe na mí.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Eŋlisigbe me ko wòle.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Kadododzikpɔkɔmiti le nu me dzrom kple ɖɔkta aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
“Ƒomedzikpɔƒe”