Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu
Woɖo Aɖaŋu na Nyɔnuwo be Woawɔ Avu Kple Amesiwo Di be Yewoadɔ Wo Gbɔ Sesẽe
Numekuku yeye si wowɔ la ɖee fia be ne nyɔnuwo wɔ avu kple ŋutsu siwo di be yewoadɔ wo gbɔ sesẽe la, anɔ bɔbɔe be woasi le alesi woadɔ wo gbɔ sesẽe alo woade abi wo ŋu nu wu ne woɖe kuku alo wofa avi. Esi numekula siwo le Brandeis Yunivɛsiti si le Waltham, Massachusetts, dzro nyɔnu siwo dzi wodze be woadɔ wo gbɔ ƒe nuŋlɔɖiwo me la, wokpɔ be eme nyo na nyɔnu siwo wɔ avu kple amesiwo di be yewoadɔ wo gbɔ sesẽe alo nyɔnu siwo do ɣli la sãa wu nyɔnu siwo mewɔ nusiawo o. Magazine si nye American Health gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyɔnu siwo gbɔ woate ŋu adɔ alo siwo woawɔ nuvevii bɔbɔe wu ye nye nyɔnu siwo meʋlina o ke boŋ woɖoa ŋu ɖe kukuɖeɖe na wo dzidzelawo alo numeɖeɖe na wo ŋu.” Le etaƒoƒo me la, Ðk. Sarah Ullman si wɔ numekukua la ɖo aɖaŋu sia be: “Mele be nyɔnu nahe ɖe megbe le ɣlidodo, avuwɔwɔ kple egbɔdɔla kple ʋiʋli kple eƒe ŋusẽ katã me o. Ðewohĩ kukuɖeɖe mate ŋu axe mɔ ɖe enu o.”
Sɔlemeha la le Poland
Anye ƒe enee nye sia le Kɔmiunist-dziɖuɖu ƒe anyidzedze le Poland megbe la, Katoliko-ha la le ŋgɔ dzem kuxi sesẽwo. London ƒe Guardian Weekly gblɔ be numekuku si wowɔ la ɖee fia be le ame akpa gãtɔ gome la, “nunɔlawo bú nɔƒe kɔkɔ si nɔ wo si tsã la.” Egblɔ kpee be “amesiwo biana be yewoade nunɔlasuku ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ eye sukuvi siwo nɔa sukuxɔ me ne wole mawunya fiam le sukuwo la ƒe xexlẽme hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ.” Ewɔ na amesiwo wobia gbee ƒe akpa gãtɔ be Katolikoha la ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo ƒe agbe dzi la va glo. Guardian la de dzesii be Polandtɔ “agbalẽnyalawo xɔe se be togbɔ be wobui le ɣeyiɣi siwo va yi me be Polandtɔwo tsɔa dzo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu hã la, le nyateƒe me la, gotagomenuwɔwɔ kple kɔnuwɔwɔ koe woƒe Katolikotɔnyenyea nye.” Ame aɖewo ka ɖe edzi be dɔwɔnu si woatsɔ atsi Kɔmiunistɔnyenye nu koŋ ye ha la nye eye esia mete ŋu xe mɔ ɖe “srɔ̃gbegbe alo fuɖeɖe” nu na Poland Katolikotɔwo “esi se la ɖe mɔ na wo be woawɔ nusiawo” o.
“Zãe ne Menye Nenema O la, Nu Agblẽ le Eŋu”
Numekuku geɖe siwo wowɔ le xexeame godoo la ɖee fia be zi geɖe alesi ame aɖe zã eƒe ahɔhɔ̃e la, zi geɖe nenemae nusiwo aɖe fu na eƒe ahɔhɔ̃ be magate ŋu awɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu o dzi ɖena kpɔtɔnae. “Hehe geɖe xɔxɔ fia be menye wò ɖevime koe nàna wò ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔ nadzi ɖe edzi o, ke boŋ be nàzãe le wò agbe me katã, eye esia nyea takpɔkpɔ ƒomevi aɖe” si xea mɔ na tagbɔdɔléle. Canada ƒe The Toronto Star gblɔ be: “Nuxexlẽ, nuŋɔŋlɔ kple akɔntawɔwɔ ate ŋu anye mɔ nyuitɔ si dzi nàto akpɔ wò ahɔhɔ̃ ta” be eƒe ŋutete dzi nagaɖe kpɔtɔ o. Ahɔhɔ̃ ƒe dɔwɔwɔŋutinusrɔ̃la Marilyn Albert gblɔ be: “Míekpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye ŋuti kpeɖodzi geɖe ale gbegbe be míanyae be ele eme.” Egblɔ kpee be: “Le ahɔhɔ̃ gome la, efia be ‘zãe ne menye nenema o nu agblẽ le eŋu.’”
Cancer Siwo Tsoa Aɖinuwo ƒe Keklẽ Me
Esi nukliafɔkua dzɔ le Chernobyl si le Ukraine ƒe adre megbe la, Belarus (si woyɔna tsã be Belorussia) ɖɔktawo bu akɔnta be ɖevi siwo cancer le vehlo lém na la le dzidzim ɖe edzi kabakaba ŋutɔ. Franseawo ƒe atikewɔwɔgbalẽ Le Concours médical ka nya ta be cancer si léa ɖeviwo ƒe vehlo dzi ɖe edzi tso mamã dedie si nye ɖevi 4 ƒe sia ƒe le ƒe 1986 kple 1989 dome dzi va ɖo 114 tso ƒe 1990 va ɖo June 1992 me. Esi wònye nusi na vehlo me cancer si nye iodine 131 si me keklẽ si nye aɖi tsona la do le afɔku sia me wu nu bubu siwo hã me keklẽ vɔ̃ɖi siawo dona tso ta la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bui be cancer ƒomevi bubu siwo tsoa nuwo ƒe keklẽ me la dzi aɖe kpɔtɔ.
Koklo Siwo Ŋu Wokpɔ “AIDS” Le
Ewɔ abe menye amegbetɔwo kple kese ƒomevi aɖewo ŋu koe AIDS nɔna o ene. Bombay, India, ƒe Indian Express ka nya ta be dɔléle aɖe si ɖi AIDS la dze koklowo dzi le dukɔa me. Express la ka nya ta be dɔlélea si woyɔna be gumbaro si naa dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete si meganɔa kokloawo si o la “kaka ɖe dukɔa me, eye koklo akpe alafa geɖe le elém.” Koklo siwo ɖaa azi siwo sɔ gbɔ wu miliɔn 1.5 la ku. Nyatakakaa gblɔ be ele bɔbɔe be koklozi nava ve vevie le India.
Ƒewuiviwo ƒe Kuxiwo
International Herald Tribune ka nya ta be: “Egbe sɔhɛwo [le United States] dze ŋgɔ nudzɔdzɔ siwo sesẽ eye afɔku le wo me wu esiwo nɔ anyi le wo dzilawo kple wo tɔgbuiwo kpakple mamawo ƒe sɔhɛmenɔɣi siwo dzi woate ŋu aɖo ŋkui me. Esi Tribune la yɔ United States ƒe xexlẽme vovovoawo la, egblɔ be sɔhɛ siwo noa aha sesẽ ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi alafa memamã 30 ɖe alesi wònɔ le ƒe 1950 ƒe ƒeawo me dzi. Tsã la, ƒã hafi woase be sɔhɛ aɖe wu eɖokui gake fifia eva zu nu etɔ̃lia si me wokuna le wu si kplɔ afɔkudzɔdzɔwo kple amewuwu ɖo. Le sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 10 va ɖo 14 dome la, gbɔmeyafufɔfɔ dzi ɖe edzi alafa memamã 23 tso ƒe 1983 me va ɖo ƒe 1987 me, eye babadɔ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene le ƒe 1960 kple 1988 dome. Amesiwo srɔ̃a nu tso ame ƒe susu kple agbenɔnɔ ŋuti le agbagba ɖesiaɖe dzem be yewoafɔ mɔ yeye siwo dzi yewoato ase sɔhɛwo ƒe kuxiwo gɔme ahakpe ɖe wo ŋu.
Kpɔ Wo Ko, Mègaɖu Wo O
Boso ɖeɖe kple wo ɖuɖu va zu nusi ŋu wole nya hem ɖo le ƒe ʋee siwo va yi me. Le dukɔ ʋee aɖewo, abe Japan ene, me la, ame aɖewo gblɔ be bosolã nye nusi yewoɖuna tso yewo tɔgbuiwo ŋɔli ke eye se si Dukɔwo Dome Bosoɖeɖe Dɔwɔha de ɖe eɖeɖe le agbɔsɔsɔ gã me be woadzra nu la mevivi na wo o. Gake Japantɔ aɖewo va kpɔe be bosowo ate ŋu aɖe vi na ame ne womeɖe wo alo ɖu wo o hã. Bonin-ƒukpo si le Tokyo ƒe dziehe la dzi tɔwo ƒe ŋku biã ɖe nu yeye si ŋu woke ɖo be enya kpɔna na amedzro tsaɖilawo ŋu la keke ɖe enu ŋu, eye eyae nye bosowo kpɔkpɔ. Ne bosokpɔlawo kpɔ bosoawo le afisi nye woƒe nɔƒe ŋutɔŋutɔ ke menye le woƒe nuɖugbawo me o, vevietɔ ne bosoawo tu ya ɖe tsia me eye wòwɔ abe ɖe wodi be yewoaho ɖe tsia dzi zi ɖeka ene la, woƒoa dzidzɔsikpe.
“Tu Tsɔtsɔ Zu Aɖaʋa Wodze”
May 25, 1993 ƒe The New York Times talawo ƒe numeɖeɖe si ƒo nu tso Louisiana ŋutsu aɖe si ƒe agɔdzedze wotsɔ kee le ʋɔnu be meɖi fɔ o le esi wòwu sukuvi aɖe si Japantɔwo ɖo ɖe United States ɖe sukuvi bubu si United States hã ɖo ɖe Japan teƒe le October 1992 me la ŋu. Sukuvi sia si xɔ ƒe 16 la wɔ vodada va ƒo ŋutsua ƒe agbonuga be woaʋui na ye. Esi le gbemasemase ta sukuvia metɔ te esi ŋutsua gblɔ be wòatɔ te o ta la, eda akɔta na Japantɔ ƒewuivia. Ŋutsua ƒe senyala gblɔ tsɔ ʋli eta be: “Èkpɔ mɔ atsɔ tu ɖe amesiame si va wò ʋɔtru nu ŋu.” Nyadzɔdzɔgbalẽa talawo gblɔ be ele fiafiam be àte ŋu ada tu amesiame si ava wò ʋɔtru nu, “si me miaƒe nunɔla hã le la . . . , ne eka tse ƒo wò ga la.” Japantɔ nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe ka nya ta be: “Mí Japantɔwo míese alesi Amerikatɔwo lɔ̃a tu tsɔtsɔe la gɔme o.” Nyadzɔdzɔgbalẽa ɖo nya sia ŋu be: “Le nyateƒe me la, esia wɔwɔ le bɔbɔe. Wò ya bu tame tso lãnuwɔwɔ, ŋutasesẽ, ‘mɔɖeɖe si li be woate ŋu atsɔ amewunuwo’ gɔmemasemase nyuie kple gbegbe be yewomasrɔ̃ naneke tso ame gbogbo siwo wotsɔ tu wu me la ŋu kpɔ.”
Nyɔnu Ʋukulawo
Zi geɖe la, wobua nyɔnu ʋukulawo be womenya ʋukuku de ŋutsuwo nu o. Ðe wònye nyateƒe be woabui be nenemae nyɔnuwo katã lea? Nyadzɔdzɔgbalẽ si Dziehe Afrika Ʋukulawo ƒe Habɔbɔ ta si woyɔna be The Motorist la ɖee fia be menye nenemae o. Le ʋufɔku siwo dzɔ le dukɔ ma me le ƒe aɖe si va yi nyitsɔ laa me la, ŋutsu ʋukulawoe dze afɔkuawo dometɔ 83 le alafa ɖesiaɖe me. Eyata nugblẽfexeha geɖe gblɔ be yewoaxe fe siwo yi dzi wu na nyɔnu ʋukulawo wu ŋutsuwo. Magazine sia ɖe nu me be: “Nusita” habɔbɔ sia “ka ɖe nyɔnuwo ƒe ʋukuku nyuie dzi” enye be “woka ɖe edzi be nyɔnuwo melɔ̃a nusiwo ana woadze agɔ le ʋukula bubuwo dzi wɔwɔ ne wole ʋu kum o, womelɔ̃a nusiwo ana afɔku nadzɔ kple nusi ana woada le ʋukusewo dzi wɔwɔ o.” Magazine la ƒo nya ta be nɔnɔme nyuitɔ ƒe amesinɔnɔe na wonyea ʋukula nyui ke menye ame ƒe ŋutsu alo nyɔnu nyenyee o.
Alesi Lãmesẽnyawo Le le Xexeame
Aleke lãmesẽnyawo le le xexeame? Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe si wota nyitsɔ laa la ɖe nya nyuiwo kple nya vɔ̃wo ɖe go. Nya nyuiae nye be gbaɣi, ɖeviwo ƒe tutudɔ, kɔkɔdzayi, kple vidzĩwo ƒe hehedɔ alo glãkpekpedɔ xɔxɔ megabɔ o le abɔtasisi na ɖeviwo le xexeame katã ta. Dɔléle siwo tsoa dzi kple ʋukawo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie gbɔ hã dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le dukɔ deŋgɔwo me. Vidzĩwo kple ɖeviwo ƒe kuku dzi le ɖeɖem kpɔtɔ le xexeame katã, eye mɔkpɔkpɔ si li be woanɔ agbe didi la le dzidzim ɖe edzi. Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ka nya ta be nya vɔ̃ae nye be “ewɔ abe” anyigba xɔdzowo dzi dɔwo, abe kolera, asrã ƒomevi vovovowo “le kakam ɖi ene.” AIDS, yɔmekpe, kple suklidɔ hã le dzidzim ɖe edzi.
Video dzi Lotodada
Garry Smith si nye nufialagã le Alberta Yunivɛsiti gblɔ be video dzi lotodada nye nusi zua numãme abe alesi “cocaine nono mãa amee” ene eye menye nu wònye be woawɔ le gaglãgbe o. Esi Canada ƒe The Edmonton Journal bia nya Smith, amesi ŋlɔ agbalẽ tso alesi lotodada ate ŋu azu numãmee ŋu la, egblɔ be video dzi lotodada ate ŋu atsi ame si “le ɣeyiɣi kpui aɖe abe ɣleti ade pɛ ko me ene.” Egblɔ be lotodada ƒe takeke na nuvlowɔwɔ kple kuxi sesẽ bubuwo dzina ɖe edzi. Le ame etɔ̃ ɖesiaɖe si lotodada zu numãme na dome la, ame eve ɖua ga si menye wo tɔ o eye wotrɔa xexlẽdzesiwo ŋlɔna be wòasɔ kple esiwo woɖu, wobaa ame eye wofia fi hã be woatsɔ akpɔ gae atsɔ ayi woƒe numãmea wɔwɔ dzii. Ne eva tsi ame si la, ena woléa blanui eye wòwɔna na ame be woawu ame ɖokui si wɔnɛ be wokua ʋu ŋuɖɔɖo manɔŋutɔe si me afɔku tsona, hekpe ɖe fe gbogbo si wonyina ŋu “eye wòzua agba na lãmesẽdzikpɔlawo.” Smith gblɔ be “amesiame si lotodada zu numãme na la gblẽa ga si nye $56,000 dome na amewo.”
Ƒe 1990 Ƒeawo me Ƒewuiviwo
Vittorino Andreoli si nye susu ƒe dɔwɔwɔ ŋutinunyala le Verona Yunivɛsiti, Italy, la ka nya ta be egbeviwo “menya naneke tso etsɔ me ŋu o alo ne wonya nu tso eŋu gɔ̃ hã la, menye nu boo aɖeke o” esi to vovo na dzidzime siwo va yi. Egblɔ kpee be esia wɔnɛ be wòsesẽna na sɔhɛwo be “woatsɔ nane asa vɔe ɖe woƒe etsɔ me ƒe nyonyo ta.” Wo dometɔ geɖe hã “menya naneke tso nu nyui kple nuvɔ̃ ŋu o,” si fia be “nɔnɔmeawo ƒe tɔtrɔ nue wonɔa agbe ɖo” ke menye ɖe dzidzenu aɖe si woɖo ɖi koŋ nu o. Egbevi geɖe mese nusi ku nye la gɔme tututu o. Andreoli de dzesii be “alesi wokpɔa ame ƒe kukui le television dzi, siwo menye nudzɔdzɔwo ŋutɔŋutɔ o, koe nye nusi wonya tso ku ŋu . . . Ðeviwo nya alesi woawu amee, gake womenya nusi ku ŋutɔ nye o. Eyata wowua ame alo wowua wo ɖokui, eye wonɔa mɔ kpɔm be nu bubu kura ye adzɔ.”