Biblia Ƒe Nukpɔsusu
“Gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo Wu”—Dzudzu Wònye na Nyɔnuwoa?
“NUKATA WOTSƆA NYƆNUNYENYE DRƆ̃A ƲƆNU NYƆNUWOE ÐE WOƑE NUTEƑEKPƆKPƆ, ŊUTETE, KPLE NUNYANYA TEƑE?”—BETTY A.
“WONA NYƆNUWO BUI BE NUWƆWƆWO ƑE SUETƆWOE YEWONYE.”—LYNN H.
ÐE BIBLIA me nyagbɔgblɔ si nye “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” la ɖi gbɔ nyɔnuwoa? Mawunyakpukpui si wowɔnɛ lae nye Petro I, 3:7, si gblɔ be: “Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple nyɔnuwo le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo; elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.”
Esime Petro ŋlɔ nya siawo na hati Kristotɔwo la, gomenɔamesi ʋee aɖewo koe nɔ nyɔnuwo si, menye le blematrɔ̃subɔlawo dome ko o, ke le Yudatɔ xɔsegbelawo hã dome. Ðe Petro kple Kristotɔ gbãtɔwo nɔ nyɔnuwo ŋuti nukpɔsusu si bɔ ɣemaɣi la dzi demaa?
Ame Tsɛwoe Wonyea?
Aleke ƒe alafa gbãtɔ me tɔ siwo xlẽ Petro ƒe nyawo se nyagbɔgblɔ “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” gɔmee? Wozã Helagbe me nya (skeuʹos) si gɔme woɖe be nutsɔnu la zi geɖe le Hela Ŋɔŋlɔawo me eye wòfia gowo, ŋudɔwɔnuwo, aƒemedɔwɔnuwo, kple dɔwɔnuwo. Esi Petro gblɔ be nyɔnuwo nye “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” la, menye nyɔnuwo dam ɖe anyi wòle o, elabena nyagbɔgblɔ la fia be srɔ̃ŋutsua hã le beli alo enye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ. Mawunyakpukpui bubuwo zã nya ma ke na nyɔnuwo kple ŋutsuwo siaa, abe “anyigoewo” (Korintotɔwo II, 4:7) kple “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze” (Romatɔwo 9:23) ene. Nyateƒee, Petro gblɔ be nyɔnuwo ‘gbɔdzɔ wu’ ŋutsuwo. Gake Romatɔwo 5:6 zã “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo” na amewo katã—ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Eyata Kristotɔ gbãtɔwo mabu nyagbɔgblɔ “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” be enye nyɔnuwo dada ɖe anyi o.
Ðe ema teƒe la, woabu Petro ƒe nyawo be enye nyɔnuwo dodo ɖe dzi boŋ. Le Petro ƒe ŋkekea me la, womedea bubu nyɔnuwo ŋu kura o. Abe alesi Mawu kpɔe do ŋgɔ xoxo ene la, srɔ̃ŋutsuwo ɖu wo srɔ̃wo dzi hewɔ nu madzemadze ɖe wo ŋu le ŋutilã, gbɔdɔdɔ, kple seselelãme gome zi geɖe. (Mose I, 3:16) Eyata Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo na Kristotɔ srɔ̃ŋutsuwo fia be: Migawɔ ŋusẽ si xexemetɔwo tsɔ na ŋutsuwo la ŋudɔ o.
Mina míalé ŋku ɖe nyagbɔgblɔ “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” ŋu nyuie. Menye seselelãme ƒe nɔnɔmewoe Petro wɔnɛ le kpukpui sia me o, ke ŋutilã me tɔwo boŋ wòwɔnɛ. Ŋutsuwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo; nyɔnuwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu ne wotsɔ wo sɔ kple ŋutsuwo. Alekee? Alesi ŋutsuwo ƒe ƒuwo kple lãmekawo le la na ŋusẽ le wo ŋu le ŋutilã gome wu. Gake naneke mefia be agbenyuinɔnɔ, gbɔgbɔ me, alo tamebubu ƒe ŋutete Petro tsɔ nɔ sɔsɔm o. Le nyateƒe me la, asɔ be woagblɔ be nyɔnuwo ƒe seselelãme ɖe nudzɔdzɔwo ŋu to vovo na ŋutsuwo tɔ, womegbɔdzɔ wu alo sesẽ wu o. Biblia ƒo nu tso nyɔnu siwo zɔ ɖe Mawu ƒe mɔ dzi ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe nɔnɔme sẽŋu, dzidodo, kple gɔmesese ŋu—wo dometɔ ʋee aɖewoe nye Sara, Debora, Rut, kple Ester. Mesesẽ na ŋutsu ɖokuibɔbɔlawo be woakpɔe adze sii be nyɔnuwo ate ŋu anya nu wu yewo o.
Gake ame aɖewo xɔe se be gbɔgblɔ be nyɔnuwo ‘gbɔdzɔ wu’ fia be wonye ame tsɛwo. Gake bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Go vevi eve le ame aɖe si. Ðeka sesẽ, gake evelia mesẽ de gbãtɔa nu o. Ðe woabu go evelia nu tsɛe le esi mesesẽ o taa? Le nyateƒe me la, woléa be na esi mesesẽ o la hedea bubu eŋu geɖe wu sesẽtɔ. Eyata ɖe nyɔnu nye ame tsɛ le esi eƒe ŋutilãmeŋusẽ mede ŋutsu tɔ nu o taa? Kura o! Petro mezã nyagbɔgblɔ “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” be yeatsɔ ada nyɔnuwo ɖe anyi o, ke etsɔe de bubu wo ŋu.
“Nenema Ke . . . le Nunya Me”
Petro xlɔ̃ nu srɔ̃ŋutsuwo be “nenema ke [woanɔ] anyi kple [wo srɔ̃wo] le nunya me.” “Nenema ke” abe ameka ene? Le kpukpui siwo do ŋgɔ me la, Petro nɔ nu ƒom tso Kristo ƒe beléle na eyomedzelawo lɔlɔ̃tɔe ŋu, eye egblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be woalé be na wo srɔ̃wo “nenema ke.” (Petro I, 2:21-25; 3:7) Kristo tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyonyo kple nudidiwo ɖo nɔƒe gbãtɔ na eya ŋutɔ ƒe didiwo kple nusiwo wòlɔ̃ wu ɣesiaɣi. Etsɔ ɖe le woƒe gbɔgbɔ kple ŋutilã me nyonyo me, eye ebu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Ele be srɔ̃ŋutsuwo nasrɔ̃ lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu si Kristo ɖo ahawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu “nenema ke.”
Srɔ̃ɖeɖe si me nuwo yia edzi nyuie le la mevana le eɖokui si o. Ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa nanya akpa si woawɔ ana srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Eyata Petro ɖo aɖaŋu na srɔ̃ŋutsuwo be woayi edzi anɔ anyi kple wo srɔ̃wo “le nunya me.” Ehiã be srɔ̃ŋutsuwo nasrɔ̃ alesi Yehowa kple Via, Yesu Kristo, wowɔ nu kple nyɔnuwoe. Ele be woanya alesi Mawu di be woawɔ nu kple wo srɔ̃woe.
Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ele be srɔ̃ŋutsuwo nanya wo srɔ̃wo nyuie—woƒe seselelãmewo, ŋutetewo, gbɔdzɔgbɔdzɔwo, nudidiwo, kple nusiwo womedi o. Ehiã be woanya alesi woade bubu wo srɔ̃wo ƒe nunya, nuteƒekpɔkpɔ, kple bubu si le wo ŋu la ŋu. Biblia gblɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene. Nenema ke wòle na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. Amesi lɔ̃a ye ŋutɔ srɔ̃ la, elɔ̃a eɖokui; elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o, ke boŋ enyinɛ, eye wòkpɔa edzi.”—Efesotɔwo 5:25, 28, 29.
Mitsɔ Bubu Na Wo
Esi Petro gblɔ be nyɔnuwo nye “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” la, egblɔ hã be ele be srɔ̃ŋutsuwo ‘natsɔ bubu na wo.’ Le Helagbe me la, gɔmesese si le nuŋkɔ ti·meʹ ŋu nye bubu, kɔkɔdoame, vevienyenye, kple asixɔxɔ. Ne míagblɔe bubui la, bubudede wo ŋu menye nuwɔwɔ atsɔ ave wo nu ko o, ke enye dzesidede nusi dze na wo. Paulo gblɔ na Kristotɔwo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa be: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!”—Romatɔwo 12:10.
Enye nyateƒe be Yehowa Mawu mebua nyɔnuwo nukpɔkpɔ dzrowo ko o. Le Israel la, wowɔ Mawu ƒe sewo ŋudɔ ɖe ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖi ahasiwɔwɔ, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, dɔdɔ kple lãwo, kple nuvlowɔwɔ bubuwo ƒe fɔ la ŋu sɔsɔe. (Mose III, 18:6-17, 23, 29; 20:10-12) Nyɔnuwo te ŋu kpɔ viɖe siwo le Sabatwo, Nasiretɔwo ŋu se, azãɖuɖuwo, kple nu bubu siwo Sea bia la me. (Mose II, 20:10; Mose IV, 6:2; Mose V, 12:18; 16:11, 14) Wobia be woade bubu vidada kple vifofo siaa ŋu.—Mose III, 19:3; 20:9 Mose V, 5:16; 27:16; Lododowo 1:8.
Lododowo ta 31 ƒe kpukpui 10 vaseɖe 31 de bubu “nyɔnu zazɛ” ŋu le eƒe anukwareɖiɖi, dɔwɔwɔ, kple nunya si wòtsɔ wɔa eƒe dɔ gbogboawoe ta. Wode bubu si dze akpa si wòwɔna le ƒomea ƒe dɔwo kple ganya bubuwo me la ŋu. Aleke esia to vovo na ŋutsu aɖewo siwo bua nyɔnuwo be wonye atsyɔ̃ɖonu dzrowo lae nye si! Emegbe wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe do ŋusẽ nyɔnuwo wozu Kristo ƒe ɖasefowo le Kristo-hame gbãtɔa me. (Dɔwɔwɔwo 1:14, 15; 2:3, 4; tsɔe sɔ kple Yoel 3:1, 2.) Woto esia me na nyɔnu aɖewo va zu amesiwo adrɔ̃ ʋɔnu ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple mawudɔlawo gɔ̃ hã le dziƒo. (Korintotɔwo I, 6:2, 3) Nyateƒee, nyɔnuwo mefia nu le hame ƒe kpekpewo me o; gake Kristotɔ nyɔnuwo te ŋu do gbe ɖa alo gblɔ nya ɖi le nɔnɔme aɖewo me. Wode dɔ asi na wo be woafia nu ɖetugbiwo, ɖeviwo, kple amesiwo le hamea godo.—Mateo 24:14; Korintotɔwo I, 11:3-6; Tito 2:3-5; tsɔe sɔ kple Psalmo 68:12.
Nu nyui bubu si míatsɔ anya nusi nɔ susu me na Petro esi wògblɔ be woade bubu wo ŋu la dze le Petro II, 1:17. Míexlẽ le afima be Yehowa de bubu Yesu ŋu to ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu ɖeɖefia le ame bubuwo ƒe ŋkume me be: “Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o.” Nenema ke wòle be srɔ̃ŋutsu nato eƒe nuwɔna me aɖee afia le gaglãgbe kple aƒeme be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu.
Agbe ƒe Domenyilawo
Le ŋutinya katã me la, ŋutsuwo bu nyɔnuwo be womedze na bubu o—abe kluvi, alo ŋudɔwɔnu si ŋutsuwo atsɔ aɖi kɔ na wo ɖokuiwo koe wonye ene. Edze ƒã be Kristotɔwo ƒe susu si nye be woade bubu nyɔnuwo ŋu la na wodze be woade bubu tɔxɛ wo ŋu. Barnes’ Notes on the New Testament gblɔ be “nyɔnuwo ŋuti nyateƒenya vevi aɖe le” Petro ƒe nuxlɔ̃amenya la me. “Kristotɔwo ƒe nuɖoanyia manɔmee la, wobua nyɔnu be mede ŋutsu nu le go aɖeke me o le subɔsubɔnuɖoanyi bubu ɖesiaɖe me. Kristotɔwo fiaa nu be . . . mɔkpɔkpɔ kple ŋugbedodo siwo katã subɔsubɔha fiana la ƒe gome le esi. . . . Nyateƒenya ɖeka hɔ̃ sia ado nyɔnu siwo le afisiafi ɖe dzi tso wo dada ɖe anyi me, eye ana ameƒomea ƒe hadomenuvɔ̃ɖiwɔwɔ nu natsi vie.”
Esi ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nye Kristo tɔ ta la, ele vevie ŋutɔ be srɔ̃ŋutsuwo nabu wo srɔ̃wo be wonye Kristo ƒe nunɔamesiwo. Petro ƒe nyawo yi edzi le nuƒoƒo tso nyɔnuwo ŋu be wonye “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” megbe teti be: “Elabena woawo hã wonye agbe ƒe amenuveve hadomenyilawo, bene miagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.” (Petro I, 3:7b) Petro ɖee fia be srɔ̃ŋutsu ƒe ŋlɔmiwɔwɔ le srɔ̃a ŋu agblẽ eƒe ƒomedodo kple Mawu me eye wòaxe mɔ na eƒe gbedodoɖawo.
Menye dzu nyagbɔgblɔ “gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu” nye na nyɔnuwo kura o. Togbɔ be Yehowa ɖo srɔ̃ŋutsuwo ƒomea ƒe tae hã la, meda asi ɖe ŋutsuwo ƒe ŋlɔmiwɔwɔ le nyɔnuwo ŋu dzi o. Ke boŋ egblɔ na ŋutsu be nedze si nyɔnua ne wòalé be nɛ ahabui.
Biblia gblɔ na ŋutsu srɔ̃tɔ kple trewo siaa be woade bubu nyɔnuwo ŋu, eye womegabu wo ame tsɛwoe o. Ŋutsu kple nyɔnu siwo subɔa Mawu vevie eye wodea bubu wo nɔewo ŋu axɔ yayra geɖe tso Mawu si me.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 7:16.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 19]
Miss G. E. K. / Artist: Alice D. Kellogg 1862-1900
Courtesy of Joanne W. Bowie