INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g94 11/8 axa 23-25
  • Sukuviwo ƒe Tsaɖiƒewo Yiyi Ya Ðe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sukuviwo ƒe Tsaɖiƒewo Yiyi Ya Ðe?
  • Nyɔ!—1994
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Wòabia Ŋu Bubu
  • Mawu Ŋu Dzedze Bliboe
  • Yerusalem Yiyi ƒe Mɔzɔzɔwo
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Ƒe Ƒomea Zɔ Mɔ Yi Yerusalem
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Sɔhɛwo—Yehowa Maŋlɔ Miaƒe Dɔwɔwɔ Be O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Nyɔ!—1994
g94 11/8 axa 23-25

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Sukuviwo ƒe Tsaɖiƒewo Yiyi Ya Ðe?

“ÀDZO le suku vie.” “Àkpɔ nu yeye aɖe atsɔ aɖe ŋku mee.” “Ànya wò sukuhatiwo nyuie wu.”

Aleae Germania-sɔhɛ etɔ̃ ɖe nusita sukuviwo ƒe tsaɖiɖi vivia wo nu la gblɔe. Sɔhɛ siwo le xexeame katã lɔ̃a tsaɖiɖi siawo tɔgbe.

Gake menye sukuviwo koe bua sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo yiyi nu vevi o. Nufiala aɖe gblɔ be: “Sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo yiyi si ŋu wowɔ ɖoɖo nyui ɖo ɖea vi na sɔhɛ ŋutɔ, egakpɔa nu geɖe eye wòna wòte ŋu nɔa eɖokui si. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edoa ŋusẽ nufiala kple sukuviwo dome ƒomedodo.” Ðikeke mele eme o be nufiala nyuiwo kple sukuvi siwo si nɔnɔme nyui le ate ŋu awɔ ɖeka ana nufiame nanɔ sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo yiyi me ahavivi wo nu.

Gake nu geɖe anɔ anyi si ŋu wòle be Kristotɔ sɔhɛwo kple wo dzilawo nabu nyuie. Le kpɔɖeŋu me le Germania kple Europa-dukɔ bubuwo me la, sukuvi siwo nye ŋutsuwo kple nyɔnuwo zɔa mɔ didi yia tsaɖiƒewo ɖekae. Esia biana zi geɖe be woatsi teƒe aɖe adɔ ŋu nake. Zi geɖe la, esia nyea kuxi. Anna-Laura si xɔ ƒe 14 la gblɔ be: “Esi míeɖi tsa ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, nuwo va tɔtɔ. Míekpɔ tomefafa kple ɖoɖoezizi aɖeke le zã me gɔ̃ hã o. Sukuviawo ƒe akpa gãtɔ wɔ nu le ɖokuitɔdidi kple ameŋumabumabu me.”

Ekema nukae wòle be nàwɔ ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò be nàyi sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo?

Nusiwo Wòabia Ŋu Bubu

Yesu Kristo gblɔ le Luka 14:28 be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu le esi, be wòawu enu la o mahã?” Dzro nusiwo katã wòbia la me nyuie hafi mia kple dziwòlawo miabu eŋu ne àyi sukuviwo ƒe tsaɖiƒe alo mayi o. Biabia siwo ŋu nàbu aɖewoe nye si:

Afikae miaɖi tsa ayi? Vovototo gã aɖe ate ŋu anɔ ŋkeke ɖeka ƒe tsaɖiɖi ayi blemanudzraɖoƒe si te ɖe mia gbɔ alo mɔzɔzɔ si didi wu si me miatsi teƒewo adɔ la dome. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne dziwòlawoe axe wò gazazãwo la, woadi be yewoabui kpɔ be yewoate ŋu axee hã.

Ðoɖo kawoe wowɔ? Ne wowɔ ɖoɖo ɖe nu tuameɖo siwo adzɔ dzi na mi ŋu nyuie ŋkeke ɖesiaɖe la, esia ana be vovo manɔ sukuviawo ŋu o eye aɖe nu gbegblẽ siwo ayi edzi la dzi akpɔtɔ. Eyata lé ŋku ɖe ɖoɖowɔɖia ŋu nyuie hafi nàtso nya me le sukuviwo ƒe tsaɖiƒea yiyi ŋu. Miate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ne mieɖi tsa yi blemanudzraɖoƒe alo dzɔdzɔmenuwokpɔƒe. Gake Yoga kple Asiatɔwo ƒe subɔsubɔwo wɔwɔkpɔ—si ƒe ɖoɖo wowɔ ɖe sukuviwo ƒe tsaɖiɖi aɖe ŋu la—mesɔ na Kristotɔ o.—Korintotɔwo I, 10:21.

Ðe woakpɔ mia dzi nyuie ɣesiaɣia? Kristotɔ sɔhɛ aɖe si xɔ ƒe 15 si ŋkɔe nye Julia la gblɔ be: “Sukuvi siwo si nɔnɔme nyui le domee menɔ, eyata Dada kple Papa ɖe mɔ nam meyi. Nufialawo kpɔ mía dzi nyuie ale gbegbe.” Gake dzikpɔkpɔ sia tɔgbe megabɔ le ŋkeke siawo me o. Nufiala Germaniatɔ aɖe lɔ̃ ɖe edzi be, “kakaɖedzi mele” dzikpɔkpɔ nyui beléletɔe ŋu “boo o.” Le nyateƒe me la, sɔhɛ aɖe ƒo adegbe le sukuviwo ƒe tsaɖiɖi aɖe megbe be: “Esi míeflu nufiala eveawo ko la, míewɔ nusi míedi.”

Ne nufialawo wɔ woƒe ŋutete be woana woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu gɔ̃ hã la, sukuvi aɖewo ahe kuxi vɛ. Ame aɖe si nye nufiala tsã gblɔ be: “Sɔhɛwo toa ayemɔwo dzi tsɔa aha ɖe asi, eyata woƒe xɔwo me tsatsa maɖe vi aɖeke o. Mekpɔe be wonɔ aha nom fũ esime nyɔnuviawo dometɔ ɖeka te tutru.” Edze ƒã be asesẽ ŋutɔ be nàka ɖe edzi be woakpɔ mɔzɔzɔa dzi nyuie. Gake alesi mia kple dziwòlawo miadzro ɖoɖo si wowɔ ɖe dzikpɔkpɔ ŋu me nyuie la mana nàtsi dzi eye dzi naɖe le ƒowò o. Lododowo 22:3 gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”

Aleke wò sukuhatiwo wɔa nu ɖe miaƒe nufialawo ƒe mɔfiafiawo ŋu? Esia akpe ɖe ŋuwò nyuie be nànya alesi woawɔ nu le sukuviwo ƒe tsaɖiɖi me. Woka nya ta be eva hiã be Germania sekenderi suku aɖe naɖe ŋkeke etɔ̃ ƒe sukuviwo ƒe tsaɖiɖi aɖe dzi akpɔtɔ le esi sukuvi dzeaglãwo gbe nufialawo ƒe “dzigbɔɖi ƒe mɔfiame si me kɔ” la ta.

Ðetugbi Germaniatɔ aɖe si ŋkɔe nye Stephanie de tsaɖiƒewo tsã eye le nuteƒe si wòkpɔ ta la, eɖo aɖaŋu be nàbia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò: ‘Ðe nye sukuhatiwo alɔ̃ aɖo to nufialawoa? Ðe sukua dzea agbagba be ŋkɔ nyui nanɔ eŋua? Ðe nufialaawo ƒe nya me sẽ ale be woaxɔ ŋgɔ nyuiea? Ðe sɔhɛawo bua agbenyuinɔnɔ nu veviia? Ðe wonoa aha muame hezãa atikewoa?’ Nyateƒee, Stephanie lɔ̃ ɖe edzi be “akpa gãtɔ nɔ te ɖe wò ŋutɔ dziwò, ne àna ta bɔbɔe alo màna ta o.” Gake aleke nàte ŋu ado gbe ɖa be Yehowa ‘nagakplɔ wò ayi tetekpɔ me o’ gake wò ŋutɔ nàƒo ɖokuiwò ɖe nɔnɔme siwo me nàte ŋu ana ta le me?—Mateo 6:13.

Eyata Petra si xɔ ƒe 17 la gbe sukuviwo ƒe tsaɖiƒe yiyi. Egblɔ be: “Menya alesi nye sukuhatiwo awɔ nui. Mekpɔe do ŋgɔ be nɔnɔme siwo ku ɖe aha muame kple gbɔdɔdɔ ŋu ado nye dzitsinya akpɔ. Abe alesi wòva dzɔe ene la, ŋutsuvi atɔ̃ ɖe awu le nyɔnuvi aɖe ŋu heɖe fotoe eye wotsɔe va tsa le sukua me emegbe.”

Ðe woade bubu wò mawusubɔsubɔdzixɔsewo ŋua? Le kpɔɖeŋu me sɔhɛ Timon de dzesii be: “Zi geɖe la, woɖua dzigbezã si asesẽ ŋutɔ hafi nàɖe ɖokuiwò le eme.” Esi wònye Yehowa Ðasefo ta la, mekpɔ gome le azã siawo ɖuɖu me o.a Ðe wò nufialawo kple sukuhatiwo ade bubu wò nukpɔsusu ŋu ne edzɔ be wotsɔ azã ma tɔgbe kpe ɖe sukuviwo ƒe tsaɖiƒe yiyi ŋua?

Amekawo ƒomevie nàva de ha kple? Kristotɔwo nya be Mawu tsri atamanono, atikezazã, aha muame zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, alo gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me. (Korintotɔwo I, 6:9, 10; Korintotɔwo II, 7:1) Ema tae nunya le eme be nàtsri hadede kple sɔhɛ siwo wɔa nusiawo. (Korintotɔwo I, 15:33) Lododowo 13:20 xlɔ̃ nu mí be: “Ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Le sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo yiyi me la, ènɔa sɔhɛ siawo dome wu tsã, eye mienɔa dziɖeɖi me. Sɔhɛ si nye Andreas gblɔe ale: “Ne mieyi sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo la, xexeame ƒe gbɔgbɔ aƒo xlã wò ɣeawokatãɣi, anɔ xexemehadzidziwo kple yakanyawo katã sem.”

Nu bubu hãe nye be àte ŋu atsi akogo ne èdzo le aƒeme. Sukuviwo ƒe tsaɖiƒewo yiyi na lɔlɔ̃nyawo nyɔ ɖe ƒewuivi geɖe me. Ðe afɔku anɔ eme be dzimaxɔsetɔ ƒe nu nalé dzi na wòa? Korintotɔwo I, 10:12 xlɔ̃ nu mí be: “Amesi ke susuna be, yele tsitre la, nakpɔ nyuie, bena wòagadze anyi o.” Eye ne èli ke nyuie ate ŋu anɔ te ɖe tetekpɔ nu hã la, ɖe tsaɖiƒe siawo si nàyi anye afɔklinu na Kristotɔ sɔhɛ bubuwoa?—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 8:7-13; 10:28, 29.

Yvonne si xɔ ƒe 14 la gbe sukuviwo ƒe tsaɖiɖi aɖafe le sno dzi la yiyi. Eɖe eme be: “Anye ne manɔ xexeme sɔhɛwo kple nufialawo dome kwasiɖa ɖeka sɔŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, hadede kple nɔvinyewo, gbeƒãɖeɖedɔa, kple kpekpewo—anye ne nu mawo ato ŋunye. Nu bubu hãe nye alesi sɔhɛwo wɔa nui ne ame aɖeke mele wo kpɔm o.”

Mawu Ŋu Dzedze Bliboe

Esi mawusubɔsubɔ, dunyahehe, alo nu bubu siwo nu wode se ɖo na Kristotɔwo menɔa sukuviwo ƒe tsaɖiƒe yiyi me tẽ o ta la, ele be sukuvi kple edzilawo natso nya me ne enyo be wòayi tsaɖiƒe sia. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 2:4; Nyaɖeɖefia 18:4.) Nuwo kple nɔnɔmewo toa vovo le teƒewo kple le sukuviwo dome; eyata ahiã be Kristotɔ siwo le teƒe aɖe la nakpe akɔ kple kuxi siwo ato vovo na amesiwo le teƒe bubu tɔ.

Stephan gblɔ be: “Danye nya sɔhɛ siwo le klass ɖeka kplim la eye enya be nufiala la ɖɔa ŋu ɖo. Eyata sukuviwo ƒe tsaɖiƒe yiyi la kpɔ dzidzedze. Gake esi metsi vie eye tsaɖiɖi mamletɔ nɔ aƒe tum la, nya va ku ɖe nye yiyi ŋu.” Nukatae? Eyi edzi be: “Le ƒe etɔ̃ ko si va yi me la, nye sukuhatiwo nye ame nyui siwo ŋu bubu le. Gake atikewo kple agbegbegblẽnɔnɔ va zu woƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa aɖe tso ɣemaɣi. Eyata nyemede tsaɖiƒe la o. Alesi nuwo va dzɔe na wòva hiã be woatso tsaɖiɖiŋkekeawo dzi.”

Gake mlɔeba la, ele be mia kple dziwòlawo miada nusiwo katã ŋu wòku ɖo la akpɔ ahatso nya me na mia ɖokui. Kpɔ egbɔ be wò taɖodzinu nanye be ‘yeazɔ alesi dze Yehowa hena eƒe ŋudzedze katã’ le nyametsotso ɖesiaɖe si nàwɔ me.—Kolosetɔwo 1:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ “Ŋkekenyuiwo—Nusita Ðevi Aɖewo Meɖunɛ O” le míaƒe January 8, 1994 ƒe tataa me.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Ameka ƒomeviwoe nàde ha kpli ne èyi sukuviwo ƒe tsaɖiƒe siwo míatsi teƒe aɖe adɔ ŋu nake?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe