INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 2/8 axa 10-13
  • Ɣekaɣie Nublanuinya Sia Nu Ayi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣekaɣie Nublanuinya Sia Nu Ayi?
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusi Koŋ Gbɔ Wòtso
  • Nublanuinya la Nu Ayi Kpuie
  • Viɖekpɔkpɔ Fifia
  • Kpekpeɖeŋu tso Dziƒo
  • Dzilawo Miɖo Kpɔɖeŋu Nyui na Mia Viwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Alesi Woatu Ƒome Ðo Be Wòasẽ Ŋu Le Gbɔgbɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Mɔxexe Ðe Enu Le Aƒeme
    Nyɔ!—1993
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 2/8 axa 10-13

Ɣekaɣie Nublanuinya Sia Nu Ayi?

ƔEKAƔIE ɖeviwo fifi, ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu, nu madzemadze wɔwɔ ɖe wo ŋu, kple zi geɖe la, woƒe zɔhɛwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo atɔ te? Ðe se sesẽwo dede kple tohehe na amesiwo wɔa nu vlowo ɖe ɖeviwo ŋu vevie akpɔ wo taa? Ðe hadomeɖoɖo geɖe siwo woawɔ ɖe nuɖuɖu nana, dɔƒe, kple sukudede ŋu ana ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu natɔ te eye woadzudzɔ sisia? Ðe kadodomɔnu siwo nyo wu fiafia dzila siwo tsɔa ɖe le wo viwo me akpe ɖe dzilawo ŋu woaxe mɔ ɖe yeaɖi vivisese si blea wo viwo dea nɔnɔme vɔ̃ɖiwo me la nua?

Togbɔ be afɔɖeɖe siawo ate ŋu awɔ dɔ hã la, ne womeɖe nusi koŋ gbɔ afɔku siawo tsona ɖa o la, ɖeviwo anɔ fukpekpe dzi ɖaa. Sɔhɛ aɖe gblɔ be afɔ ɖesiaɖe si woaɖe be woatsɔ akpɔ ɖevi siwo sina ƒe kuxia gbɔe, si mana woadzudzɔ ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu alo wo gbegblẽ ɖi le aƒeme o la mate ŋu awɔ dɔ tututu o, elabena nua gblẽ xoxo.

Nusi Koŋ Gbɔ Wòtso

Nuka gɔ̃ gbɔe kuxi siawo katã tsona? Aleke woaɖe wo ɖae? Biblia ɖe eme be ƒomewo ɖo xaxa me le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃ siwo nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi makpɔmakpɔ siwo ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔdɔdɔ madzemadze, kple nutovowɔwɔ dzɔa dzi na la si me. (Mose I, 6:1-6; Efesotɔwo 6:12) Gbɔgbɔ vɔ̃ siawo wɔ nuvevi ɖeviwo le Yesu ƒe anyigba dzi nɔɣi. Wonyamaa ŋutsuvi aɖe hetsɔnɛ ƒua dzo me, si na wòkpe fu vevie.—Marko 9:​20-22.

Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ hafi Yesu nava anyigba dzi gɔ̃ hã la, gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ le fuwɔwɔ ɖeviwo kple wo tsɔtsɔ sa vɔ le dzo me na trɔ̃subɔlawo ƒe mawu vɔ̃ɖiwo abe Baal, Kemos, kple Molex ene me. (Fiawo I, 11:7; Fiawo II, 3:​26, 27, Psalmo 106:​37, 38; Yeremya 19:5; 32:35) Eyata le xexe sia si le gbegblẽm ɖe edzi me egbea la, mele be wòawɔ nuku na mí o be gbɔgbɔ vɔ̃wo tɔ ŋku ɖeviwo be eƒe dɔtsɔla amegbetɔ siwo lɔ̃, amesiwo ɖia gbɔ ɖeviwo, wɔa nuvevi wo, hewua wo la nawɔ fu wo. Amamaɖeɖefotowoe nu vlo siawo wɔlawo kpɔna zi geɖe, si nyɔa woƒe dzodzro vɔ̃awo ɖe edzi.

Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nyaƒoɖeamenu nu sẽ ɖe edzi le míaƒe ɣeyiɣia me, elabena Biblia yɔ ŋutinya me ɣeyiɣi sia be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamleawo.” Egblɔe ɖi be woanye “ɣeyiɣi vɔ̃wo.” Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na amegbetɔwo le gbɔgbɔmenuwɔwɔ vɔ̃ɖi siawo ƒe nugbegblẽwɔwɔ ɖem fia fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Biblia gblɔe ɖi be míaƒe ŋkekea me tɔwo anye ame wɔadãwo, ɖokuidzimaɖulawo, ame malɔ̃amewo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o.—Timoteo II, 3:​1-5, 13.

Ema ɖɔ ŋuklẽla siwo wɔa sinimawo, ­kasɛtwo, magazinewo, kple agbalẽ siwo kafua ahasiwɔwɔ, atike vɔ̃ɖiwo, ameɖokuiwuwu, amewuwu, nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kluvimenɔnɔ, kple funyafunyawɔwɔ la nyuie. Gbɔgbɔ vɔ̃wo to mɔ siawo kple bubuwo dzi do nɔnɔme aɖe si gblẽ ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa ƒe susu kple dzi ɖe ŋgɔ abe alesi ya gbegblẽ le ene, heɖe ƒome dzidzenuwo kple mawuvɔvɔ̃ ƒe agbenyuinɔnɔ ɖa.

Ðeviwo kpɔkplɔ sii, wo gbɔ dɔdɔ, kple wo wuwu ƒe dzidziɖedzi nye ŋkeke mamleawo ƒe dzesi ƒe akpa aɖe. Hekpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be ‘amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, amesiwo gbea avuléle, ame makɔmakɔwo, yomemɔfialawo.’ Eyata egbea la, wotua srɔ̃ɖenublakawo ne woblae vɔ megbe teti ko. Zi alesi srɔ̃gbegbe dzi ɖe edzii la, zi nenemae dzilawo ƒe wo viwo kpɔkplɔ sii hã adzi ɖe edzii. Srɔ̃ yeyewo alo xoxotɔwo ƒoƒo kple wo wuwu dzi ɖe edzi, eye nyɔnuwo dzie wòdzɔna ɖo wu. Esia tae míekpɔa ɖeviwo ƒe dzidzime, siwo dzilawo dea dzi ƒo na be woasi to wo gbegblẽ ɖi kple ŋlɔmiwɔwɔ le wo ŋu me ɖo. Hekpe ɖe eŋu la, ‘ɖevi maɖoto dzilawo,’ ‘ɖevi tagbɔsesẽtɔ’ siwo dina be yewoasi ava de ha kple zɔhɛwo tsɔ wu be yewoawɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi lae le míaƒe ɣeyiɣia me.​—⁠Timoteo II, 3:​2-4.

Nublanuinya la Nu Ayi Kpuie

Gake Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi awu enu kpuie. (Nyaɖeɖefia 12:12) Nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia 20:​1-3 gblɔ be Mawu aɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa. Emegbe Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me aɖu anyigba sia dzi le dzɔdzɔenyenye me, eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na amewo katã ahana woanɔ dedie. (Psalmo 72:​7, 8; Daniel 2:44; Mateo 6:​9, 10) Ŋukeklẽ ƒe asitsanuɖoanyi siwo tea ame dahewo ɖe anyi hewɔa amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋudɔ tsɔ kpɔa viɖee la maganɔ anyi o, elabena “xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo.” (Yohanes I, 2:17) Woaɖe amesiwo katã wɔa nu vɔ̃ɖiwo la ɖa abe alesi Lododowo 2:22 gblɔe ene: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.”

Mixa 4:4 gblɔ be amewo katã anɔ ŋutifafa kple dedienɔnɔ me le Mawu ƒe xexe yeyea me: “[Woabɔbɔ] nɔ anyi . . . bɔkɔɔ.” Aleke esia ava emee? Ava eme to fia la ƒe lɔlɔ̃se si wòde dzi. Se gãtɔ ma akpɔ ŋusẽ ɖe tamesusuwo kple nuwɔnawo katã dzi. Amesiwo anɔ agbe ɣemaɣi asrɔ̃ Yesu kple Fofoa Yehowa Mawu ƒe amenyenye ahaɖee afia, elabena ne womewɔe o la, womaɖe mɔ na wo woaganɔ agbe o. Ne amegbetɔwo do ‘dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, kple dɔmefafa’ na wo ɖokui la, womagadi wo ɖokui tɔ o. (Kolosetɔwo 3:12) Woakpɔ ­dzidzɔ geɖe le agbe me; aƒe siwo me vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ le lae axɔ anyigba katã dzi.

Yesaya 65:21-23 do ŋugbe be nuɖuɖu kple aƒe nyuiwo anɔ amesiame si: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. . . . Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o.” Ŋlɔmiwɔwɔ maganɔ anyi o. Ðeviwo alo dzilawo magakpe fu o.

Viɖekpɔkpɔ Fifia

Sidzedze Yehowa kple eƒe tameɖoɖo si nye be yeawɔ anyigba sia wòagazu paradiso ɖea vi fifia le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ɣeyiɣi mamle sia gɔ̃ hã me. Ena mɔkpɔkpɔ kple susu si ta woakpɔ dzidzɔ ɖo su ɖevi kple dzila geɖe si, ne wosẽ ŋuta le wo ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Tamara si míeyɔ le míaƒe nyati si do ŋgɔ me gblɔ nusi dzɔ le eƒe agbe me.

“Meɖe srɔ̃ esi mexɔ ƒe 18, eye magblɔ be medo le nye ‘gbevuxɔlɔ̃wo’ ƒe ha me, ɖewo yi mɔ eye atikevɔ̃ɖizazã alo gbolowɔwɔ zu numãme na bubuwo hã. Gake amenyenye ma kpɔtɔ nɔ menye, eyata nyaʋiʋlia ɖo mía kple srɔ̃nye dome. Gake esi míedzi mía viŋutsuvi megbe kpuie la, nane dzɔ si trɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ. Mekpɔ Biblia aɖe eye mete exexlẽ. Gbeɖeka fiẽ mexlẽ Lododowo ƒe ta si gblɔ be ‘nunya didi le abe kesinɔnu didi le to me ene.’ (Lododowo 2:​1-6) Hafi mamlɔ anyi fiẽ ma la, medo gbe ɖa bia nunya ma. Esi ŋu ke la, Yehowa Ðasefowo va ƒo nye agbonuga. Medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo, gake exɔ ɣeyiɣi hafi mete ŋu va wɔa nusi srɔ̃m menɔ le Biblia me ŋudɔ. Meva ɖoe kplikpaa mlɔeba nɔ agbe ɖe Kristotɔwo tɔ nu eye mexɔ nyɔnyrɔ̃. Fifia mía kple srɔ̃nye míele kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu be woakpɔ gbɔdzɔe si Mawu nana la.”

Ẽ, Tamara ke ɖe Yehowa Mawu si nye gbɔdzɔewo katã Tsoƒe la ŋu. Dziƒofofo si magblẽ amesiwo kuna ɖe eŋu ɖi gbeɖe o lae wònye. Psalmo 27:10 gblɔ na mí be: “[Ne] fofonye kple danye wogblẽm ɖi la, Yehowa [axɔm].”

Domingos si míeyɔ va yi hã ke ɖe ƒome vavã si na akɔfafa, dzideƒo, kple kpekpeɖeŋui la ŋu. Egblɔ be: “Gbeɖeka mexɔ agbalẽ si nye Toɖoɖo Nufiala Gã La, eye ewɔ nuku nam esi mekpɔe be ŋkɔ le Mawu si, eyae nye Yehowa.a Mede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dometɔ ɖeka eye ewɔ nuku nam be mekpɔe be womedea vovototo wo nɔewo dome o. Ðasefoawo te Biblia sɔsrɔ̃ kplim togbɔ be nye awudodo menyo o, nye agbenɔnɔ vlo eye nyemegaxɔa ame aɖeke dzi se o hã. Wodi dɔ nam gɔ̃ hã. Mlɔeba wokpe ɖe ŋunye mewɔ ŋgɔyiyi ɖo nyɔnyrɔ̃xɔxɔ gbɔ.”

Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo le abe ametakpɔnu ene na ɖeviwo. Edzɔa dzi na Ðasefowo be woakpe ɖe amesiame si di be yeasrɔ̃ nu le mɔkpɔkpɔ wɔnuku si le ŋgɔ ŋu la ŋuti. Amesiwo dina be yewoatu ƒomedodo ɖo kple woƒe Dziƒofofo kpɔa akɔ­fafa geɖe, elabena wohe Ðasefowo be wo­ana aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiame amewo tso Mawu ƒe Nya Biblia la me. Ðasefo aɖe gblɔ be ehiã be woafia ɖeviwo be nɔnɔme nyɔŋu siwo me woanɔ la, nyɔa ŋu na Yehowa hã. Ðasefoa gblɔ be: “Yehowa medi be woawɔ ŋlɔmi le ɖeviwo ŋu o. Medi be woalé blanui o. Gake medi be woatsɔ ŋutasesẽ ɖeka aɖɔ li bubu o—ŋutasesẽ le wo ŋu le ablɔdzi. Woate ŋu ate ɖe ame tsitsiwo ŋu le Yehowa ƒe habɔbɔa me agblɔ woƒe kuxiwo na wo, eye woafia alesi woakpɔ egbɔe la wo.”

Mawu ƒe Nya la nye ameʋãnu sesẽ na ɖevi siwo xɔa nya dea dzi me, si ana woaƒo asa na zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Frances, nyɔnuvi si xɔ ƒe 17 la, ƒe sukuhati aɖe blee wòdzo le suku zi geɖe mɔ mabiamabiae evɔ megblɔe na edzilawo o. Eva si le aƒeme mlɔeba. Etrɔ gbɔ esi wòna edzilawo tsi dzodzodzoe gaƒoƒo geɖe megbe. Emegbe Ðasefo eve siwo tso woƒe hamea me srã wo kpɔ. Wokpɔe be menye aƒea me ƒe nɔnɔme gbɔe kuxia tso o, eye woɖo aɖaŋu nɛ lɔlɔ̃tɔe. Woɖe Kristotɔwo ƒe agba si le sɔhɛwo dzi be woaɖo to wo dzilawo (Efesotɔwo 6:​1, 2); alesi wòhiã be wòatsri anukwaremaɖimaɖi le esi wòsi le suku emagblɔmagblɔ na edzilawo (Efesotɔwo 4:25); kple hadede vɔ̃wo tsitsri ƒe vevienyenye me nɛ. (Korintotɔwo I, 15:33) Ewɔ ɖe edzi.

Kpekpeɖeŋu tso Dziƒo

Cheryl hã xɔ kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ le tenɔnɔ ɖe srɔ̃ xoxoa ƒe ɖeviawo kpɔkplɔ sii nu.b Esi wobia nusi kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme dziŋɔ sia nu la, egblɔ be: “Psalmowo xexlẽe nye nu gbãtɔ si mewɔ, vevietɔ Psalmo 35. Efa akɔ nam ŋutɔ be menya be Yehowa kpɔ nu madzemadze si me tom menɔ.” Psalmo 35:​22, 23 gblɔ be: “Yehowa, èkpɔe, megazi kpi o; [Yehowa], meganɔ adzɔge tso gbɔnye o! . . . nyɔ, eye nanɔ ŋute ɖe nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nye nya ŋu!”

Ƒe eve va yi eye le Yehowa ƒe megbenɔnɔ kple Ðasefowo ƒe kpekpeɖeŋu me la, Cheryl do go srɔ̃ xoxoa eye wòyi ɖasra viawo kpɔ. Ete ŋu na ŋuɖoɖo fakɔname wo le nusitae nusia dzɔ ɖe wo dzi ŋu eye wòka ɖe edzi na wo be yemegblẽ wo ɖi o. Esi Cheryl he viawo be woade bubu Yehowa ŋu ta la, ete ŋu gblɔ alesi wòka ɖe wo dzii na wo. Egblɔ be: “Menya be vinyewo lɔ̃ ­Yehowa eye maɖe mɔ nusi agblẽ nu le wo ŋu tegbee nadzɔ ɖe wo dzi o.”

Aleae wòkpɔ kuxia gbɔe. Alesi Cheryl wɔ nu kutrikukutɔe kple dutamɔzɔnyagbɔkpɔlawo kpakple eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu to gbedodoɖa me vevie wɔe be wotrɔ viawo ɖo ɖee. Cheryl gblɔ be: “Magblɔ le nyateƒe me be Yehowa ɖeka koe na wotrɔ gbɔ.”

Aleke wòhele vevie nye si be míafia amesi Yehowa nye la mía viwo fifia be woasubɔe! Biblia gblɔ le Petro I, 3:12 be Yehowa ƒe ŋkuwo “le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.” Yehowa nye sitsoƒe na mía viwo nyateƒe. Eƒe ŋkɔ nye “mɔ̃ sesẽ; afima ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.”—Lododowo 18:⁠10.

Togbɔ be míele ɣeyiɣi vɔ̃wo me eye míenyaa nusi adzɔ ɖe mía viwo dzi ɣesiaɣi o hã la, dzila siwo subɔa Yehowa nya be nusi agblẽ nu ɖaa madzɔ ɖe yewo vi siwo wɔa nuteƒe dzi o. Edo ŋugbe gɔ̃ hã be yeafɔ amesiwo wowu le míaƒe ŋkekea me ɖe tsitre eye yeaɖe vevesese kple fukpekpe si wohe va wo dzii la ɖa.​—⁠Yesaya 65:17, 18; Yohanes 5:28, 29.

Mawu ƒe xexeme yeyea nye mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe. Nenema ke nyanya be eteƒe madidi o Mawu aɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le anyigba dzi la hã le. Womagado ŋɔdzi na mía viwo o. Ha siwo Yehowa Ðasefowo dzina le woƒe hamewo ƒe kpekpewo me dometɔ ɖeka ɖɔ nuɖoanyi yeye ma ale: “Ne ɖeviwo dzi ha vivi,/ne dzidzɔ kple ŋutifafa li,/àkpɔe woafɔ kukuawo hã,/ne wò ŋku le fetu la dzi”!

Ne ègado go Yehowa Ðasefowo la, na woafia alesi wò hã nàwɔ asrɔ̃ nu geɖe le dzidzɔ siwo le ŋgɔ kpuie le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me la wò. Adzɔ dzi na wo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ alesi Mawu ƒe Nya la ate ŋu ana dzidzeme geɖe fifia kple agbe mavɔ emegbee.—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:​4, 5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

b Kpɔ nyatia le axa 6.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

“Yehowa medi be woawɔ ŋlɔmi le ɖeviwo ŋu o”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe