Ðe Wònyo Be Nànyi Fea?
“MÈGAÐU wò ga vɔ hafi nàva kpɔe o.” Esi fenyinyi zu numãme na ame geɖe egbea ta la, ɖe aɖaŋu sia si United States ƒe dukplɔla tsãtɔ Thomas Jefferson ɖo la ɖi tsigãdzinya na wòa?
Le dukɔ geɖe me la, fetuwo gale sue kokoko ne wotsɔe sɔ kple nuwo ƒe asi, azɔ hã nuwo ƒe asixɔxɔ gblẽa ga si wodzra ɖo dome. Eye ganyawo ƒe nɔnɔme kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo bua dzidzenuwoe dzi. Gake anukwareɖiɖi hiã vevie. Le esi nanewo abe adzɔŋeŋeɖeme kple fewo maxemaxe ene bɔ ta la, dzitsinya nyui ƒe amesinɔnɔ nye nu sesẽ vavã. Eyata mewɔ nuku o be ganyawo koŋue amewo léna ɖe nu egbea, eye gadzadzraɖo alo alesi woawɔ akpɔe ŋu nyawo bɔ ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo, magazinewo, kple television dzi fũ esi amewo dzea agbagba be yewoakpɔ afɔ siwo yewoaɖe atsɔ akpɔ gakuxiwo gbɔe. Le ɣeyiɣi ma ke me la, esɔ be nètsi dzi ɖe alesi nàkpɔ ɖokuiwò kple wò ƒomea dzii ŋu.—Timoteo I, 5:8.
Esi wònye ame ʋee aɖewo ko ƒe ganyae like ta la, nukae nàwɔ be wò ƒomea makpe fu o? Nu ɖekae nye be nufiame vevi aɖe li wòle be nàlé ɖe susu me.
Mèganyi Fe Fũ O
Nukatae ame aɖewo nyia fe? Menye nuteɖeamedzi vevie abe dɔléle ene tae wodoa ga ɣesiaɣi o. Didi be ŋutilãmenu aɖewo nasu ame si nu ate ŋu asẽ. Le go bubu me la, nyaƒoɖeamenu be woado ga manye nu gbegblẽ le eɖokui si o. Le nyateƒe me la, fexexe axɔ aƒe si le awɔba me ate ŋu nyo wu xɔfetu xexe, alo ɖewohĩ ahiã be nàƒle ʋu. Aƒedzikpɔla dina be yeƒe ƒomea nakpɔ dzidzɔ. Edi be yeanye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui. Anye be ekpɔe be ele be ŋutilãmenu gbogbo siwo le ame bubuwo si nanɔ yeƒe ƒomea hã si.
Nyateƒee, gadodo be yeaƒle nane si nèdi evɔ mehiã hafi o la ate ŋu adzro wò. Ðe nuwo ƒe amesinɔnɔ mevivia ame nu oa? Amekae kpɔ awu nyui, afɔkpa yeye, alo ʋu yeye gɔ̃ hã gbe kpɔ? Eye amekae madi be aƒe si nya kpɔ wu nanɔ ye si o? Gake kpɔ nyuie! Asitsalawo te ŋu flua ame, wodzraa nu na amesiwo mehiãe hafi o eye womate ŋu aƒlee hã o la tsɔ kpɔa gae.
Ðo ŋku edzi hã be gadodowo xexe ɣesiaɣi ate ŋu ana ƒomekadodo naɖo xaxa me. Ate ŋu ahe masɔmasɔ kple dziku vɛ. Fefeŋlɔla Henrik Ibsen tɔ dzɔ esime wògblɔ be: “Ne wodze gadodo kple fenyinyi gɔme ko la, aƒemegbenɔnɔ ɖoa xaxa me eye megavivina o.” Ne mèxe fe si nènyi ɖe ɣeyiɣi dzi o la, àte ŋu aɖu ŋukpe. Esi gadodoa nya ɖuna wu gatia kple viɖea xexe ta la, ame geɖe va kpɔe be nusi yewoƒle la mehe dzidzɔ si yewobu be ana yewoakpɔ la vɛ o.
Gadodo dzi ko dziɖuɖuwo nɔna ɖaa, eye wòdzia viɖe si woaxe ɖe edzi. Togbɔ be naneke magblẽ le nusia ŋu o hã la, nukatae nadze dukɔ siwo tsi fe me la yome? Le esi teƒe be ga geɖe dodo nawɔ ameawo kesinɔtɔwoe la, ate ŋu adzi woƒe ahedada kple dediemanɔmanɔ ɖe edzi. Denmarkgbe me lododo aɖe gblɔ be, “abolo si woɖu xoxo ƒe fe menya xena o.”
Dzidzɔtɔe la, fenyinyi ƒe ame miamiã dzi aɖe kpɔtɔ ne èsrɔ̃ alesi nàzã ga nunyatɔe. Eyata gbɔ dzi ɖi nàwɔ ɖoɖo ɖe nusiwo nàƒle ŋu nyuie ale be nuwo mazi dziwò nàdo ga o. Le dukɔ siwo me nuwo xɔ asi le ŋutɔ hã la, àte ŋu azã ga nyuie—to nusiwo ƒe asi bɔbɔ kple nu veviwo ko ƒeƒle me. Esia bia be nàzã nusi le asiwò ko, nàlɔ̃ alala alo nàŋe aɖaba ƒu nusi nèdi be nenɔ ye si dzi.
Bia ɖokuiwò be: Ðe nye ƒomea aɖo xaxa me ne menyi fea? Ke ne nyemete ŋu xe fea o ɖe, ɖe wòagblẽ nye ŋkɔa? Asesẽ ŋutɔ hafi woagaxɔ dziwò ase! Esia ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyui akuakua aɖe li. Nukata màdzro Biblia me kpɔ be akpe ɖe mia kple wò ƒomea ŋu le fenyinyi ƒe nya sia me o?
Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwòa?
Vevietɔ wu la, Biblia ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Edze ƒã be míehiã kpekpeɖeŋu le ‘ɣeyiɣi siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (Timoteo II, 3:1) Woxlɔ̃ nu mí be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’ Ale bena míatsɔ dzideƒo agblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?’” (Hebritɔwo 13:5, 6) Aleke gbegbe wòhele vevie enye si be míaxɔ Mawu dzi se bliboe be eyae nye míaƒe Nunala!
Togbɔ be Biblia megblɔ alesi ame awɔ akpɔ ga aɖu nui o hã la, ena afɔɖoƒe nyuiwo mí. Yesu Kristo ƒoe ɖe eƒe nyaselawo nu be woakpɔ woƒe gbɔgbɔmemenyenye gbɔ gbã: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me.” (Mateo 5:3, NW) Wogagblɔ na mí be míaɖo taɖodzinuwo: “Miabui nudzeamee be, mianɔ anyi kpoo, eye miawɔ mia ŋutɔwo miaƒe dɔ, eye miatsɔ miaƒe asiwo awɔ dɔ, abe alesi míede se na mi la ene, bene miazɔ nyuie ɖe amesiwo le egodo la ŋuti, bene naneke nagahiã mi o.” (Tesalonikatɔwo I, 4:11, 12) Be míanɔ anyi kpoo ahakpɔ tomefafa la, ɖe mebia be míazã ga si le mía si ko oa?
Mawu ƒe Nya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖɔ míaƒe tamesusu ɖo. Lododowo ƒe agbalẽa ŋlɔla ɖe nukpɔsusu si da sɔ fia esi wòbia Mawu be: “Megana ahedada kple hotsuim o; na maɖu nye nusi nye tɔnye, ne nyemagaɖi ƒo akpa ahasẽ nu agblɔ bena: ‘Amekae nye Yehowa hã’ o; eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahada aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.” (Lododowo 30:8, 9) Eyata megakpe ŋu na wò ne mèkpɔ wò nuhiahiãwo ɣeyiɣi kpui aɖe o. Mègana wò dzidzɔkpɔkpɔ nanɔ te ɖe ŋutilãmenuwo dzi abe alesi ame geɖe wɔna ene, le wo ɖokui tsɔtsɔ sɔ kple ame bubuwo alo dzitsitsi ɖe ŋutilãmenunɔamesiwo ŋu madzemadzee me gbeɖe o.—Mateo 6:31-33.
Hekpe ɖe eŋu la, Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Srɔ̃ nuxeeɖoɖo evɔ mègasẽ alɔme o, eye nusiwo nàte ŋu aƒle nedze ŋuwò. Ne sɔhɛe nènye la, mègakpɔ mɔ be nusiwo ame tsitsiwo wɔ dɔ ƒe geɖe hafi ƒle la asu asiwò enumake o. Ŋutilãmenudidi megawɔ wò kluvii o. Eyata esɔ be Biblia xlɔ̃ nu mí le “galɔlɔ̃” ŋu, ke menye le ga ŋu o, esime wògblɔ be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me. Elabena nuvɔ̃wo katã ƒe ke enye galɔlɔ̃, si yome mɔ ame aɖewo di, eye wotre mɔ tso xɔse la gbɔ, eye wotsɔ nuxaxa geɖe ŋɔ wo ɖokui flofloflo.” (Timoteo I, 6:9, 10) Aleke wòhele vevie enye si be nànya vovototo le nusi hiã wò ŋutɔŋutɔ kple nusi nèdi be wòanɔ ye si dome!
Gake ɖe nèkpɔe be yeƒe fetu le sue akpaa? Nyateƒee, ate ɖe dziwò ŋutɔ ne nuwo tsi ŋuwò eye enunɔnɔ mele bɔbɔe o. Ke hã la, lɔ̃ nusiwo mele vevie o natsi ŋuwò tsɔ wu be nànyi fe ɖe wo ta, si ate ŋu ada agba ɖe dziwò vevie alo ana nàɖu agba gɔ̃ hã. Wɔ ɖoɖo nyuie eye nàzã ga vivivi. Àte ŋu axɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo to nuƒoƒo na xɔwò si kpɔ nuteƒe me. Ðe dɔ bubu aɖe sɔsrɔ̃ ade dziwòa? Ðo ŋku edzi be: Zɔzɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi, gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ, kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe le vevie—eɖanye aleke nɔnɔmeawo ɖale o.—Filipitɔwo 4:11-13.
Ẽ, viɖe manɔ fenyinyi me o. Wogblɔna be: “Fenyila zu amesi tsi ɖɔ me.” Fenyinyi ƒe agba ate ŋu agblẽ ƒomegbenɔnɔ, lãmesẽ, kple gbɔgbɔmemenyenye me. Gadodo ate ŋu ana edola nagaɖo ko ɖe edzi. Lododowo 22:7 gblɔ be: “Kesinɔtɔ ɖua fia ɖe ame dahe dzi; amesi doa nugbana la, dɔla wònye na agbanatɔ.” Eyata mèganyi fe fũ o. Gɔmeɖose si le nya si apostolo Paulo gblɔ na Kristotɔwo me agate ŋu aɖe vi na mí be: “Miganyi naneke ƒe fe le ame aɖeke si o, negbe mia nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔ̃m la, ewu se la nu.”—Romatɔwo 13:8.
Aleke ke ganyawo ɖale le miaƒe dukɔa mee o, kpɔ mɔ na Mawu ƒe xexeme yeye la kakaɖedzitɔe. Eteƒe madidi o amegbetɔ maganye gadolawo kple gadonamelawo azɔ o. Ame aɖeke magada ahe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te o. Ŋugbe si Yehowa do ava eme be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu. eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” (Psalmo 72:12, 13) Le esi teƒe be anyigbadzinɔlawo nanɔ dagbadagbam be yewoatsi agbe ko la, “dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti” ɣemaɣi.—Psalmo 37:11.
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Thomas Jefferson
[Afi Si Miìexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Gilbert Stuart ƒe nutata. Le Bowdoin College Museum of Art/Dictionary of American Portraits/Dover ƒe mɔɖeɖe nu
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Gadodo fũ ate ŋu ana wò srɔ̃ɖeɖe naɖo xaxa me