INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 7/8 axa 18-21
  • Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzia?
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexeme Dziɖuɖuwo ƒe Dodo Kple Anyidzedze
  • Wodo Mesia la ƒe Ŋugbe
  • Womeyɔ Ŋkeke si Xexeame Awu Nu O
  • Ehiã be Woaɖɔ Tamesusuwo Ðo
  • Sidzedze Mesia, Fia La
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Amekae Ate Ŋu Anɔ Te Ðe Aƒetɔwo Ƒe Aƒetɔ La Nu?
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
  • “Míekpɔ Mesia La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Woɖe Mesia Ƒe Vavaɣi Fia
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 7/8 axa 18-21

Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Ƒe Ŋugbedodowo Dzia?

YEHOWA MAWU, mía Wɔla la, wɔa eƒe nya dzi ɣesiaɣi. Egblɔ be: “Megblɔ nya, eye mana wòava eme hã.” (Yesaya 46:11) Esi Mawu subɔla Yosua kplɔ Israel-viwo ɖo Ŋugbedodonyigba dzi megbe la, eŋlɔ be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe la me o, wo katã va me pɛpɛpɛ.”​—⁠Yosua 21:45; 23:⁠14.

Tso Yosua ŋɔli ke vaseɖe Mesia ƒe vava dzi la, nyagblɔɖi alafa nanewo siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me katã va me. Kpɔɖeŋu ɖekae nye esime tohehe si ŋu nya wogblɔ ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ va amesi gbugbɔ Yerixo nɔ tsotsom dzi. (Yosua 6:26; Fiawo I, 16:34) Kpɔɖeŋu bubue nye ŋugbedodo si dze abe ɖe mate ŋu ava eme o ene, be nuɖuɖu abɔ Samariatɔ siwo dɔ wu ɖi tsi ɖo naɖu le ŋkeke si dzi wogblɔ nya ɖi le ƒe eveagbe. Àte ŋu axlẽ alesi Mawu wɔ ŋugbedodo ma dzii le Fiawo II, ta 7.

Xexeme Dziɖuɖuwo ƒe Dodo Kple Anyidzedze

Mawu tsɔ gbɔgbɔ ʋã Biblia-ŋlɔlawo woŋlɔ xexeme fiaɖuƒewo ƒe dodo kple anyidzedze ŋuti nyawo ɖi nyuie. Le Kpɔɖeŋu me, Mawu zã eƒe nyagblɔɖila Yesaya wògblɔ nya ɖi le Babilon-fiaɖuƒe sesẽ la ƒe anyidzedze ŋu ƒe 200 kloe hafi wòva dzɔ. Le nyateƒe me la, woyɔ Mediatɔ siwo va wɔ ɖeka kple Persiatɔwo be woawoe aɖu edzi. (Yesaya 13:​17-19) Esi gaɖe dzesi wue nye be Mawu ƒe nyagblɔɖila la yɔ Persia-fia Kores be eyae anɔ ŋgɔ le aʋadziɖuɖua me evɔ womedzi Kores le nyagblɔɖia ŋlɔɣi gɔ̃ hã o! (Yesaya 45:⁠1) Gake kpɔɖeŋu geɖe gali.

Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ alesi woaɖu Babilon dzie hã ɖi. Eŋlɔe be Frat-tɔsisi si kpɔa dua ta la ‘amie’ eye ‘[Babilon ƒe] agbowo atsi madomado.’ (Yesaya 44:​27–45:⁠1) Nya siawo va eme pɛpɛpɛ abe alesi ŋutinyaŋlɔla Herodutus ka nya tae ene.

Esi ŋusẽ kpɔtɔ nɔ Babilon ŋu la, Mawu zã eƒe nyagblɔɖila Daniel hã wòƒo nu tso xexemedziɖuɖu siwo ava ɖe eyome ŋu. Daniel kpɔ kpɔɖeŋu ƒe agbo dzoevee aɖe si te ŋu ɖu “lã” bubuwo katã dzi la le ŋutega me. Ðikeke aɖeke mele amesi agbo dzoevee la tsi tre ɖi na ŋu o, Daniel ŋlɔe bena “enye Media-kple Persia-fiawo.” (Daniel 8:​1-4, 20) Nyateƒee, abe alesi wogblɔe ɖi ene la, Medo-Persia ye va zu xexemedziɖuɖu evelia esime wòɖu Babilon dzi le ƒe 539 D.M.Ŋ. me.

Azɔ Daniel gakpɔ ‘gbɔ̃tsu aɖe si to dzo sesẽ aɖe ɖe ŋugbladome’ le ŋutega si Mawu ɖe fiae me. Ale Daniel gagblɔ tso eŋu enye si: “Mekpɔe wòɖo agbo la gbɔ, . . . eye wòtu dzo agbo la heŋe eƒe dzo eveawo, . . . eye ame aɖeke mexɔ agbo la le esi me o. Gbɔ̃tsu la kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o; eye esi ŋusẽ ɖo eŋu la, dzo gã la ŋe, eye dzo kako ene to ɖe eteƒe ɖo ta dziƒo ƒe ya eneawo dzi.”—Daniel 8:​5-8.

Mawu ƒe Nya la mena míetsi to kpo me le nusi nusiawo katã fia ŋuti o. Se alesi woɖe emee ɖa: “Gbɔ̃tsu la nye Hela-nyigba ƒe fia, eye dzo gã, si le ŋugbladome nɛ la, enye fia gbãtɔ. Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye: Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ ade eya nu o.”​—⁠Daniel 8:​21, 22.

Ŋutinya ɖee fia be Alexander Gãtɔe nye ‘Hela-fia’ sia. Esi wòku le ƒe 323 D.M.Ŋ. me megbe la, eƒe aʋafia ene va mã eƒe fiaɖuƒea—Seleucus I Nicator, Cassander, Ptolemy I, kple Lysimachus. Alesi Biblia gblɔe tututu nu la, “dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe.” Nenema ke abe alesi wogblɔe ɖi ene la, esiawo dometɔ aɖeke mesẽ ŋu de Alexander nu o. Le nyateƒe me la, Biblia ƒe nyagblɔɖi siawo va eme wòɖe dzesi ale gbegbe be woyɔnɛ be “ŋutinya si woŋlɔ ɖi do ŋgɔ.”

Wodo Mesia la ƒe Ŋugbe

Menye Mesia si aɖe amegbetɔwo tso nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te ƒe ŋugbe koe Mawu do o, ke ena wogblɔ nya geɖe si woatsɔ ade dzesi Ŋugbedodovi mae hã ɖi. De ŋugble le nyagblɔɖi siawo dometɔ ʋee aɖewo siwo Yesu mate ŋu aɖoe be woava eme o ŋu kpɔ.

Wogblɔe ɖi ƒe alafa geɖe do ŋgɔ be Betlexem ye woadzi Ŋugbedodovi la le eye be ɖetugbi nɔaƒee adzii. (Tsɔ Mixa 5:1 sɔ kple Mateo 2:​3-9; Yesaya 7:14 sɔ kple Mateo 1:​22, 23.) Wogblɔe ɖi be woafia eyomemɔ ɖe klosalo 30 ta. (Zaxarya 11:​12, 13; Mateo 27:​3-5) Wogblɔe ɖi hã be womaŋe eƒe ƒu aɖeke o eye be woadzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi.—Tsɔ Psalmo 34:21 sɔ kple Yohanes 19:​36, Psalmo 22:​19, sɔ kple Mateo 27:⁠35.

Nusi ɖe dzesi wue nye be Biblia gblɔ ɣeyiɣi si me Mesia la ava ɖi. Mawu ƒe Nya gblɔe ɖi be: “Tso ɣeyiɣi, si wode se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa adre; eye woatsɔ kwasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔdomeewo.” (Daniel 9:25) Biblia gblɔ be wode se be woagatso Yerusalem ƒe gliwo le Fia Artaxsasta ƒe dziɖuɖu ƒe ƒe 20 lia, si xexemeŋutinyawo fia be enye ƒe 455 D.M.Ŋ. me la me. (Nexemya 2:​1-8) Ƒe ƒe kwasiɖa 69 siawo wu enu le ƒe 483 megbe (7 x 69 = 483) le ƒe 29 M.Ŋ. me. Ƒe ma tututu mee Yesu xɔ nyɔnyrɔ̃ eye wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ eye wòva zu Mesia alo Kristo!

Eɖe dzesi ŋutɔ be Yesu ƒe ŋkekea me tɔwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ƒe vava ɣemaɣi abe alesi Kristotɔ ŋutinyaŋlɔla Luka gblɔe ene. (Luka 3:15) Roma-ŋutinyaŋlɔlawo, Tacitus kple Suetonius, Yuda-ŋutinyaŋlɔla, Josehpus, kple Yudatɔ xexe­menunyala Philo Judaeus hã ɖi ɖase le eŋu be wokpɔ mɔ nɛ ɣemaɣi. Abba Hillel Silver gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi le eƒe agbalẽ si nye A History of Messianic Speculation in Israel me be “wokpɔ mɔ na Mesia la le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. ƒe memamã enelia ƒe akpa gbãtɔ me lɔƒo.” Egblɔ be nusita wòle aleae nye be woɖe “ɣemaɣi me ɣeyiɣikɔntabubu” ƒe akpa aɖewo tso Daniel ƒe agbalẽa me.

Le nya sia ta mele be wòawɔ nuku na mí be Biblia agblɔ ɣeyiɣi si Mesia la atrɔ gbɔ be wòadze eƒe fiaɖuɖu gɔme hã ɖi o. Ɣeyiɣikɔntabubu ƒe kpeɖodzi siwo le Daniel ƒe nyagblɔɖia me yɔ ɣeyiɣi si tututu “Dziƒoʋĩtɔ” la atsɔ anyigba ƒe dziɖuɖu ade asi na Yesu Kristo si ‘bɔbɔ eɖokui wu ameƒomea katã.’ (Daniel 4:​17-25; Mateo 11:29) Woyɔ azã “adre” alo nyagblɔɖiƒe adre eye wobu akɔnta be azã sia wu enu le ƒe 1914 me.a

Womeyɔ Ŋkeke si Xexeame Awu Nu O

Gake Kristo ƒe ‘dzi ɖuɖu le eƒe futɔwo titina’ ƒe gɔmedzedze koe ƒe 1914 nye. (Psalmo 110:​1, 2; Hebritɔwo 10:​12, 13) ­Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia ɖee fia be hafi Kristo nadze dzi ɖuɖu gɔme le dziƒo la, anyã Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo ɖe anyigba dzi. Biblia gblɔ be gbɔgbɔmeme vɔ̃ɖi siawo ahe xaxa sesẽ aɖe va anyigba dzi le “vovoɣi vi aɖe” me hafi woaɖe wo ɖa keŋkeŋ.—Nyaɖeɖefia 12:​7-12.

Vevietɔ wu la, Biblia megblɔ ɣeyiɣi si “vovoɣi vi” sia awu nu kple ɣeyiɣi si Kristo azu Mawu ƒe futɔwo Tsrɔ̃la le Harmagedon me ɖi o. (Nyaɖeɖefia 16:16; 19:​11-21) Le nyateƒe me abe alesi míede dzesii le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yesu gblɔ be woanɔ dzadzraɖoɖi elabena ame aɖeke menya ɣeyiɣi si nusia adzɔ o. (Marko 13:​32, 33) Ne ame aɖe gbɔ nya si Yesu gblɔ ŋu abe alesi Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Tesalonika kple ame bubuwo wɔ emegbe ene la, aʋatsonya masɔmasɔwo ko wòagblɔ ɖi.—Tesalonikatɔwo II, 2:⁠1, 2.

Ehiã be Woaɖɔ Tamesusuwo Ðo

Hafi ƒe 1914 nawu nu la, Kristotɔ geɖe kpɔ mɔ be Kristo atrɔ gbɔ ɣemaɣi ahakplɔ yewo ayi dziƒoe. Eyata A. H. Macmillan si nye Biblia Nusrɔ̃vi la gblɔ le nuƒo aɖe si wòƒo le September 30, 1914 dzi me be: “Ðewohĩ esiae nye dutoƒonuƒo mamletɔ si maƒo elabena eteƒe madidi o míayi aƒe [le dziƒo].” Edze ƒã be Macmillan wɔ vodada, gake menye ema ɖeɖekoe nye eya alo ehati Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe mɔkpɔkpɔ si meva eme o.

Biblia Nusrɔ̃vi siwo wonya tso keke ƒe 1931 me be Yehowa Ðasefowo la kpɔ mɔ be Biblia ƒe nyagblɔɖi wɔnukuwo ava eme le ƒe 1925 me. Wosusui be anyigba dzi tsitretsitsi adze egɔme ɣemaɣi, eye woafɔ blematɔ wɔnuteƒewo abe Abraham, Dawid, kple Daniel ene ɖe tsitre. Ðasefo geɖe susui nyitsɔ laa ko be ɖewohĩ nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua gɔmedzedze ŋu adze egɔme tso ƒe 1975 me. Gɔmesese si nɔ wo si be amegbetɔ ƒe ƒe akpe adrelia ƒe ŋutinya adze egɔme ɣemaɣi dzie wotu woƒe mɔkpɔkpɔ sia ɖo.

Nukpɔsusu masɔmasɔ siawo mefia be Mawu ƒe ŋugbedodowo mele eteƒe o, be vodadae wòwɔ o. Gbeɖe! Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya be ‘Mienya gaƒoƒo la o’ dzimawɔmawɔ gbɔe vodada alo gɔmesese totro siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo si la tso. Menye vɔ̃ɖivɔ̃ɖi alo nuteƒemawɔmawɔ na Kristo gbɔe nyataƒoƒo gbegblẽ siawo tso o, ke didi vevie si nɔ wo me be woakpɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava le woa ŋutɔwo ƒe ɣeyiɣia me gbɔe wòtso.

Esia ta A. H. Macmillan ɖe eme emegbe be: “Mesrɔ̃e be ele be míalɔ̃ ɖe míaƒe vodadawo dzi eye míayi edzi adzro Mawu ƒe Nya la me na nugɔmesese geɖe wu. Eɖanye tɔtrɔ kawoe wòle be míawɔ le míaƒe nukpɔsusu ŋu edziedzi o, ema matrɔ tafea ƒe amenuvevenunana kple agbe mavɔ ƒe ŋugbe si Mawu do la o.”

Woate ŋu aka ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi nyateƒe! Amegbetɔwoe wɔa vodada. Eyata Kristotɔ vavãwo ayi edzi alala le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sedede dzi me. Woanɔ ŋudzɔ ahanɔ dzadzraɖoɖi na Kristo si nye Mawu ƒe Ametsrɔ̃la la ƒe vava si mado kpo nu o la. Womaɖe mɔ aʋatsonyagblɔɖiwo nablu woƒe tame eye wòana woaŋe aɖaba ƒu xexeame ƒe nuwuwu ŋuti nuxlɔ̃ame vavãtɔ dzi o.

Ke dzixɔse si nye be xexe sia awu nu ya ɖe? Ðe kpeɖodziwo li be awu nu kpuie le wò agbenɔɣia?

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ agbalẽ si nye Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyi Dzi, axa 138-41, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Wogblɔ nya ɖi tsitotsito le Babilon ƒe anyidzedze ŋu

[Nɔnɔmetatawo si le axa 21]

Yesu mate ŋu awɔ ɖoɖo be nyagblɔɖi gbogbo siwo ku ɖe eɖokui ŋu nava eme o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe