INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g95 12/8 axa 28-29
  • Vikɔkɔ—Afrikatɔwo Kple Anyiehe Amerikatɔwo Tɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Vikɔkɔ—Afrikatɔwo Kple Anyiehe Amerikatɔwo Tɔ
  • Nyɔ!—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Anyiehe Amerikatɔwo Wɔnɛ
  • Alesi Afrikatɔwo wɔnɛ
  • Nusi Vidzĩwo Hiã Hedina
    Nyɔ!—2004
  • Tɔtrɔ Siwo Vidzidzi Hena Vaa Srɔ̃ɖeɖe Me
    Dzidzɔ Ate Ŋu Anɔ Wò Ƒomea Me
  • Nonana Vi Ŋu Nya Veviwo
    Nyɔ!—1994
  • Nusiwo Ðeviwo Hiã Nana Wo
    Nyɔ!—2004
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1995
g95 12/8 axa 28-29

Vikɔkɔ—Afrikatɔwo Kple Anyiehe Amerikatɔwo Tɔ

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE NIGERIA GBƆ

AMEWO kɔa vi le mɔ vovovowo nu le xexeame katã. Vovototo gã aɖe le Anyiehe Amerikatɔwo kple Afrikatɔwo ƒe vikɔkɔ dome.

Ganyawo to vovo ŋutɔ le anyigbagã vovovo siawo dzi. Eyata míakpɔ mɔ be vikɔkɔmɔnuwo hã ato vovo nenema ke. Gbã la, mina míakpɔ alesi Anyiehe Amerikatɔwo wɔnɛ zi geɖe ɖa.

Alesi Anyiehe Amerikatɔwo Wɔnɛ

Le United States kple xexeame ƒe teƒe bubu geɖe la, afɔtienekekewo alo vidzĩke­kewo me koŋ ye wokɔa vi ɖo. Eye wole ­wowɔm le ƒe siawo me be wozazã nanɔ bɔbɔe, wodo atsiã na wo, eye be woasɔ na ɖeviwo wu. Geɖe me le futufutu, eye kekemeɖovɔ si woate ŋu anya, kple zikpui kɔkɔ le wo me.

Ðeviwo te ŋu ɖina ɖe eme le vidzĩkekewo me, womegazɔna o, eye afɔ megavea wo o. Vidzĩkeke ate ŋu anɔ abe aba si le zɔzɔm ene na ɖevi si le alɔ̃ dɔm. Zi geɖe la, vidzĩkeke ƒe zɔzɔ wɔnɛ be ɖevi siwo ŋu ɖeɖi te kple esiwo doa dziku kabakaba ɖea dzi ɖi henɔa anyi kpoo.

Vidzĩkeke ate ŋu ana agbenɔnɔ nanɔ bɔbɔe na dzilawo hã. Dzila aɖe gblɔ be: “Ele bɔbɔe wu vikpakpa yi afisiafi.” Ðevi nya kpana ne ele sue, gake ne ekpe ɖe edzi zi eve alo zi etɔ̃ ko la, ezua nya bubu. Hekpe ɖe eŋu la, edzɔa dzi na dzilawo ne wonya be yewo via li sesĩe hele dedie le vidzĩkeke si wote ŋu tena nyuie la me.

Wokpɔa egbɔ le United States be vidzĩkekewo mahe afɔku vɛ o. Wowɔa wo gɔme gbadza eye wòkpena bene mate ŋu amli to eme bɔbɔe o. Ele be eƒe brekwo nasẽ eye woanɔ afisi ɖevi si le vidzĩkekea me ƒe asi mate ŋu aɖo ne wòaɖe wo o. Wodea gawo eme be vidzĩkekea magaŋe le eɖokui si afɔkutɔe o. Wokpɔa egbɔ ɖea “miamiaƒewo” ɖa​—⁠afisiwo ate ŋu amia eƒe asibide sueawo. Zikpuiŋuka hã ganye takpɔnu bubu.

Vidzĩkekewo ate ŋu axɔ tso $20 va ɖo ho ma ƒe teƒe enyi alo ewo. Esiwo wodo atsiã na dometɔ ɖeka xɔ $300 le ƒlekaƒletɔwo gbɔ, kusi gã aɖe le eŋu, eme le futufutu, ɖevikekedzitsyɔvɔ le eŋu, afɔtiawo trona ɖe go ɖesiaɖe me, eye ga falɛfalɛ si woate ŋu aŋe bɔbɔe la le eŋu. “Dusilawo ƒe vidzĩkeke” tɔxɛ aɖe si dada alo papa anɔ tetem ne ele du ƒum la xɔa $380.

Alesi Afrikatɔwo wɔnɛ

Le Afrika kple Asia-dukɔ geɖe me la, ɖe vidada akpa gãtɔ kpaa wo viwo, abe alesi wo dzilawo kple wo mamawo wɔe va yi ene. “Vikpakpa,” abe alesi Afrikatɔ geɖe yɔnɛ ene la nye esi naa dzidzeme kple esi megblẽa ga o wu. Dɔwɔnu ɖeka si hiã koe nye avɔ sesẽ si le dzogoe ene me si woyɔna be vikpavɔ. To mɔ bɔbɔe si me afɔku mele o dzi la, vidada bɔbɔna hedaa ɖevia ɖe eƒe dzime, eye wòblaa wo kple ɖevia katã hesaa avɔa.

Ðe ɖeviawo gena ne wole wokpama? Ƒã hafi wòdzɔna. Ne vidada le via kpam la, etsɔa asi ɖeka lénɛ eye wòtsɔa asi kemea léa vikpavɔa. Nigeria nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Blessing gblɔ le ɖevi tsitsiwo ŋu be: “Ðeviwo meʋlina o; wonɔa anyi kpoo. Wolɔ̃a wo dada ƒe dzime nɔnɔ. Ɣeaɖewoɣi la, wofaa avi be woakpa yewo. Gake ne ɖevia le ʋi­ʋlim la, vidada léa eƒe asi ɖeka alo eveawo dea axatome vaseɖe esime wòtsɔ vikpavɔa blae.”

Bene vidadaawo nakpa kɔ na ɖeviawo la, wotsɔa avɔ bubu blaa gbãtɔ dzi. Wotsɔa vikpavɔa bla ɖeviwo alo ɖevi siwo le avi fam ƒe abɔwo be woalĩ ɖi nyuie. Edzɔa dzi na ɖevi tsitsiwo ne womekpa abɔ na wo o.

Ɣeyiɣi didi kae vidada Afrikatɔwo kpaa wo viwo? Tsã la, nuto aɖe me tɔwo abe Yorubatɔ siwo le Nigeria ene kpaa wo viwo ƒe etɔ̃ sɔŋ. Gake ƒe evee wokpaa ɖeviwo fifia, negbe ɖe vidadaa dzi vi bubu ɖe eyome.

Ne vidada kpaa ɖevia nyuie la, ɖevia ate ŋu ayi afisiafi kple dadaa​—⁠wolia atrakpuiwo gaɖina, wozɔa mɔ glidzaglidzawo dzi, woɖoa ʋu heɖina. Gake hekpe ɖe alesi vikpakpa le bɔbɔe eye megblẽa ga o ŋu la, ekpɔa seselelãme ƒe nuhiahiãwo abe dzidzeme ene hã gbɔ. Vidada kpaa ɖevi si le avi fam; ɖevia dɔa alɔ̃, eye vidada gayia dɔ si wɔm wòle dzi.

Vi ɖeɖe le dzime atsɔ amlɔ anyie hiã ŋuɖɔɖo, elabena ɖevi geɖe melɔ̃na be woaɖe fu na yewo o. Be vidadaa naɖii la, emlɔa eƒe axa dzi eye wòtua vikpavɔa dzaa, eye emae va zua abadzivɔ. Ɣeaɖewoɣi la, be wòawɔ na ɖevia abe ɖe wokpae ene la, edaa suɖui ɖe eƒe akɔnu.

Viɖe bubuwo gale vikpakpa me. Ewɔnɛ be vidadaa nyaa ɖevia ƒe nuhiahiãwo. Ne ɖevia ƒe lãme medi be yeakɔ o, ne meli kpoo o, ne asrã le fu ɖem nɛ, ne eɖɔ aɖuɖɔ ɖe godoe me la, vidada nyana. Vikpakpa gahea viɖe bubuwo vɛ emegbe. Agbalẽ si nye Growth and Development gblɔ be: “Ne vidada kple vidzĩ dome le kplikplikpli la, ena ƒomedodo si me dedienɔnɔ kple lɔlɔ̃ ƒe seselelãme le la nɔa vidada kple vidzĩ dome, esi nyea gɔmeɖokpe na kadodo si ava nɔ wo dome le ƒe siwo ava va me. Nu vevitɔ si le ƒomedodo sia mee nye be ɖevi si nɔ dada ŋu kplikplikpli te ŋu dea dzesi dadaa ƒe dzi ƒe tsotso abe alesi tututu wònɔ esime wònɔ dada ƒe dɔme ene.”

Alesi ɖeviwo kaa wo dada ŋu ne wokpa wo la dzɔa dzi na wo. Le Afrika la, masesẽ hafi nàkpɔ ɖevi kpɔdzidzɔwo le wo dadawo ƒe dzime o. Ðewo dɔa akɔlɔ̃e bɔkɔɔ. Bubuwo nɔa fefem kple wo dada ƒe ɖa, to, alo kɔgɛ. Bubuwo hã kpɔa dzidzɔ henɔa ha dzim kpe ɖe wo dada ŋu ne ele ha dzim ɖe eƒe afɔɖeɖe dzi.

Nyateƒee, vovototo gã aɖe le Afrikatɔwo ƒe vikpakpa kple Anyiehe Amerikatɔwo ƒe vikɔkɔ dome. Gake ɖesiaɖe sɔ ɖe afisi wòle nu eye wòɖoa eƒe taɖodzinu gbɔ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe