Sɔhɛwo Biana Be . . .
Nukae Wòle Be Mawɔ ne Xɔ̃nye Ðo Afɔku Me?
Sherrie si xɔ ƒe 14 gblɔ be: “Xɔ̃nye vevitɔ de megbe tso Kristotɔnyenye gbɔ. Ena meléa blanui. Medze agbagba vevie be made dzi ƒo nɛ!”a
ÐE AME aɖe si mia kplii miele kplikplikpli la ɖo afɔku me alo dze agbe si ŋu nya ku ɖo nɔnɔ gɔmea? Johnny gblɔ be: “Mía kple Chris dome le kplikplikpli. Míenye xɔlɔ̃ veviwo. Esí dzo le aƒeme gbeɖeka. Nusia wɔ nuku nam, eye mesee le ɖokuinye me be ele be mati eyome. Meku ʋu zã bliboa katã nɔ edim.”
Biblia na míenya be le ŋkeke mamleawo me la, nu ate ɖe amewo dzi vevie, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. (Timoteo II, 3:1-5) Eyata ne Kristotɔ sɔhɛ aɖe da vo ɣeaɖewoɣi la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Gake ne wòdzɔ ɖe ame aɖe si nètsɔ ɖe le eme na dzi la, àse seselelãme vovovowo le ɖokuiwo me, tso konyifafa kple veveseseɖeameti dzi vaɖo dziku dzi. Èdi be yeakpe ɖe ye xɔlɔ̃a ŋu. Gake aleke nàwɔ akpe ɖe eŋu?
‘Mate Ŋu Axɔe ɖe Agbe’
Biblia gblɔ be: “Amesi trɔa nuvɔ̃wɔla tsoa eƒe mɔtatra me la, laxɔ [nuvɔ̃wɔla la ƒe] luʋɔ ɖe agbe tso ku me, eye wòatsyɔ nu nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Yakobo 5:20) Gake ɖe wòfia be esia wɔwɔ nye wò agbaa? Menye nenema kokoko o. Xɔ̃wòa dzilawo koŋ ƒe agbanɔamedzi wònye. (Efesotɔwo 6:4) Biblia gagblɔ le Galatiatɔwo 6:1 be: “Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” Hamea dzi kpɔlawo koŋ ye dze le go sia me. Eyata woate ŋu akpe ɖe eŋu wu wò.
Ele be nàlɔ̃ ɖe edzi be esi yemetsi o ta la, nuteƒekpɔkpɔ mesu yesi le agbe me o. (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 5:14.) Eyata le ɖokuibɔbɔ me la, de dzesi wò ŋutete ƒe seƒe le go sia me eye màgade ta agba si wu wò tsɔtsɔ te o. (Lododowo 11:2) De ŋugble le ɖetugbi si ŋkɔe nye Rebekah ŋu kpɔ. Edze agbagba be yeakpe ɖe xɔlɔ̃ si nye ŋutsu si nye eƒe ƒometɔ, si ƒo eɖokui ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã me ŋu. Egblɔ be: “Nusi te ɖe dzinye enye be nyee wòva gblɔ eƒe dzimenya na ke menye na edzilawo o. Medze agbagba be makpe ɖe eŋu gake menɔ vi aɖeke ɖem o. Ede dzinye ŋutɔ esi meva kpɔe dzesii mlɔeba be nyemate ŋu awɔ naneke le eŋu o . . . Nyemate ŋu axɔe ɖe agbe o.” Rebekah de dzi ƒo nɛ azɔ be wòana ame tsitsi siwo dze la nakpe ɖe eŋu.
Ðekakpui si ŋkɔe nye Matthew hã nɔ nɔnɔme ma tɔgbe me, gake ede dzesii tso gɔmedzedzea me be yemate ŋui o. Egblɔ le xɔlɔ̃ aɖe si ɖo xaxa me ŋu be: “Etsɔa eƒe kuxiwo vaa gbɔnyee, gake megblɔna nɛ be wòayi aɖagblɔe na edzilawo. Mekpɔ be enyo wu esi mana eƒe kuxia nazu agba nam.”
Alesi Nàte Ŋu Akpe Ðe Eŋui
Mefia be màte ŋu awɔ naneke atsɔ akpe ɖe eŋu o. Alesi nyaa le koŋ dzie wòanɔ te ɖo. Ðewohĩ xɔ̃wòa di be yeagblɔ yeƒe dzimenya na wò ɖeɖeko. Le dzɔdzɔme nu la, àdi be yeanɔ anyi ase eƒe nyawo. (Lododowo 18:24; 21:13) Alo ɖewohĩ ate ŋu anye be edze agbenɔnɔ aɖe si ŋu nya ku ɖo gɔme. Anyo be nàdo ŋgɔ agblɔ nɛ be togbɔ be yelɔ̃ eƒe nya hã la, yemate ŋu ada asi ɖe nusi wɔm wòle la dzi o.
Nya bubu ate ŋu anye esi me xɔlɔ̃ aɖe agblɔ na wò le be yewɔ nuvɔ̃ gã aɖe. Ate ŋu adze agbagba gɔ̃ hã be yeana nàka atam na ye be àmiã nu ɖe nyaa dzi. Gake Biblia gblɔ be: “Megakpɔ gome le ame bubuwo ƒe nuvɔ̃wo me o. Lé ɖokuiwò dzadzɛ.” (Timoteo I, 5:22) Ne xɔ̃wòa dze dɔ kutɔkutɔe eye wòhiã dɔdada la, ɖe màƒoe ɖe enu be yeakplɔe yi ɖɔkta gbɔe oa? Nenema ke ne ewɔ nuvɔ̃ gã la, ehiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu. Ne èɣla nyaa la, ate ŋu awui le gbɔgbɔ me—eye wòagblẽ nu le hamea ŋu. Eyata enye wò agbanɔamedzi be nàkpɔ egbɔ be hamemegãwo nya.—Tsɔe sɔ kple Mose III, 5:1.
Ðetugbui si ŋkɔe nye Caroline wɔ nu dzideƒotɔe ɖe exɔlɔ̃ godzela si nɔ alakpa dam na edzilawo la ŋu. Egblɔ be: “Mena kwasiɖa evee be wòagblɔe na hamemegãwo. Megblɔ nɛ be ne megblɔe o la, magblɔe na wo. Esia wɔwɔ menɔ bɔbɔe nam o.” Johnny si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me hã ɖe dzideƒo ƒe nɔnɔme ma tɔgbe fia. Johnny gblɔ le exɔlɔ̃a ŋu be: “Ewɔ nuku nam esi mekpɔ be wo kple nyɔnuvi aɖee li. Ŋutsuvi bubuwo hã nɔ afima nɔ aha kple atama nom.” Johnny ɖe kpɔ exɔlɔ̃a eye wògblɔ nɛ moveviɖoɖotɔe be wòana hamemegãwo nakpe ɖe eŋu.
Ðewohĩ xɔ̃wòa akpɔ ŋudzedze ɖe wò agbagbadzedzewo ŋu alo makpɔe o. Biblia gblɔ le ɖekakpui si nye Yosef ŋu be ne nɔviawo wɔ nu vlo aɖe la Yosef “va gblɔnɛ na fofoa.” Esia mena wolɔ̃ eƒe nya gbɔ gbeɖe o. Le nyateƒe me la, “wolée ɖe fu me.”—Mose I, 37:2-4.
Ðe Nàwɔ Nu abe Naneke Medzɔ O Enea?
Gake ne ègale ha dem kple xɔ̃wòa kokoko abe ɖe naneke medzɔ o ene la, ŋusẽ maganɔ wò agbagbadzedze be yeana kpekpeɖeŋui ŋu o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo le Korintotɔwo I, 15:33 be womegade ha kple nuvɔ̃wɔlawo o. Ðeko hadede kplikplikpli kple amesiawo agblẽ wò agbagbadzedzewo me!
Afɔkue dzɔ hafi Mollie va kpɔ nuxlɔ̃me sia ƒe vevienyenye dzesii, esi exɔlɔ̃ Sally nɔ gbe ɖom ɖi le adzame. Menye srɔ̃ɖeɖe me koe Sally metsi ɖo o, ke boŋ eɖoa gbe ɖi kple ŋutsuvi siwo menye Kristotɔwo o hã. Mollie ŋe aɖaba ƒu nya la dzi eye wòganɔa ha dem kple exɔlɔ̃a. Nukae do tso eme? Mollie gblɔ be: “Mlɔeba la, Sally ɖo gbe ɖi na nye kple xexemeŋutsuvi aɖe eye míedo go hã.” Dzɔgbenyuitɔe la, hamemegãwo kpe ɖe Mollie ŋu hafi nɔnɔmea va do gã ɖe edzi.
Lynn hã wɔ afɔkunu ma tɔgbe esi wòwɔ ɖeka kple exɔlɔ̃ nyɔnuvi si ŋkɔe nye Beth be yewoƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me nagagblẽ o ta. Lynn gblɔ be: “Mesusu be mate ŋu aɖee tso afɔku me, gake medze edzi o. Mía kplii míedea ahanoƒewo. Menya be menyo o, gake nyemedi be madze agɔ le edzi o. Eƒe kuxiawo va nɔ agba zum nam. Memiã nu ɖe nyaa dzi kple susu be kuxiawo nu ayi gake ɖeko wonɔ gã dom ɖe edzi.” Afɔkue dzɔ hafi Lynn nyɔ̃ le eɖokui me. Ðekakpui si wo kplii wonɔ gbe ɖom ɖi la wu exɔlɔ̃ Beth.
Kuku ɖe ame xɔlɔ̃ ŋu adze nu nyui aɖee. Gake ne tsi le xɔ̃wòa lém la, ɖe wò hã nàdzo adze mea? Nusi adzɔ enye be tsi alé mia kplii siaa. Nunyanu si nàte ŋu awɔ koe nye nàda nusi akpe ɖe eŋu wòatsi agbe la ɖo ɖee. Nenema ke wòle be nànɔ adzɔge hafi ana kpekpeɖeŋu.—Yuda 22, 23.
Ne woɖe xɔ̃wòa le ha me la, ele vevie be nàƒo asa nɛ. Biblia ƒe sedede enye be ‘mègade ha’ kple ame ma o. (Korintotɔwo I, 5:11) Togbɔ be ègatsɔa ɖe le eme na ame ma hã la, menye eyomenɔnɔ ayi nuvɔ̃wɔwɔ mee nàto akpe ɖe eŋu o, ke boŋ to nuteƒewɔwɔ na Yehowa mee. (Psalmo 18:26) Edzimademade ƒe afɔ si nàɖe la ate ŋu anye nusi tututu aʋãe be wòagbugbɔ tame abu le eƒe nuwɔnawo ŋu. Esi le vevie wu la, wò nuteƒewɔwɔ ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi.—Lododowo 27:11.
Agba si Wu Tsɔtsɔ
Gake zi geɖe la, aleke gbegbee nàdze agbagba be yeana kpekpeɖeŋui hã la, medzea edzi o. Rebekah gblɔ le exɔlɔ̃ ŋu be: “Medze agbagba vevie be makpe ɖe eŋu. Meŋlɔ lɛta gɔ̃ hã nɛ gake meɖo eŋu kpɔ o.” Caroline kpɔe be esi yedze agbagba ɣleti geɖe be yeakpe ɖe ye xɔlɔ̃ si nɔ nusi va hee de afɔku me wɔm ŋu la, yeva “nɔ veve sem.”
Ele vevie be nàde dzesii be “mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:12) Togbɔ be esɔ be woakpe ɖe ame ŋu wòatsɔ eƒe agba kpekpewo, alo eƒe kuxiwo to kpekpeɖeŋu nyui nanae me hã la, màte ŋu atsɔ ame bubu ƒe “agba” nɛ o—emae nye agba si le eya dzi le Mawu gbɔ. Biblia gblɔ be: “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Menye wò agbae tiatia siwo xɔ̃wòa awɔ la nye o.
Gake kokoko la, enyea vevesese be nàkpɔ xɔ̃wò wòagblẽ eƒe agbe dome. Ðekakpui si ŋkɔe nye Mike gblɔ le exɔlɔ̃ si wòbu la ŋu be: “Ete ɖe dzinye ŋutɔ. Mí kple Mark kpakple edzilawo míele kplikplikpli ale gbegbe. Melé blanui.”
Ne edzɔ alea la, esɔ le dzɔdzɔme nu be nàxa nu. Ke hã la, wò seselelãmewo gbɔgblɔ na ame aɖe si dzi nàte ŋu aka ɖo la akpe ɖe ŋuwò. (Lododowo 12:25) Rebekah gblɔ be: “Mete ŋu ɖu nɔnɔmea dzi to dzinyelawo ƒe kpekpeɖeŋu me.” Wò hã ate ŋu atrɔ wò dzimenyawo ƒo ɖe Yehowa Mawu ŋkume le gbedodoɖa me. (Psalmo 62:9) Caroline ƒo nya la ta nyuie be: “Gbedodoɖa na Yehowa kple gbeƒãɖeɖe na amewo kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Mí kple hamea me tɔ bubuwo míeva nɔ kplikplikpli hã, vevietɔ mía kple nyɔnu tsitsiwo. Meva de dzesii mlɔeba be amesiame abu akɔnta le eƒe nuwɔnawo ŋu eye be ele be nye hã mayi nye agbenɔnɔ dzi.” Ne èwɔ esiawo katã la, àkpe ɖe ɖokuiwò ŋu godoo. Eye àte ŋu akpe ɖe xɔ̃wò si tra mɔ la hã ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔa ɖewo.
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
De dzi ƒo na xɔ̃wòa be wòana woakpe ɖe eŋu