INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 2/8 axa 7-10
  • Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Dzi
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Mado Ŋukpe Wò Akpɔ O
  • Susu Siwo Ta Nàka ɖe Biblia Dzi
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Àte Ŋu Aka Ðe Nɔviwo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 2/8 axa 7-10

Àte Ŋu Aka Ðe Mawu Dzi

ÀTE ŋu aka ɖe Mawu kple eƒe Nya Biblia la dzi bliboe. Esi ŋutsu aɖe si xɔ wu ƒe 100 ka ɖe Mawu dzi le eƒe agbenɔɣi katã la, egblɔ susu si tae kakaɖedzi nɔ esi be: “Mikpɔ ɖa, mele demagbɔnugbe yi ge, ke miawo mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.”—Yosua 23:14, Míawoe te gbe ɖe edzi.

Yosua, ŋutsu si nye kplɔla le blema Israel, kpɔ alesi woate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu kple eƒe Nya la ŋu bliboe. Nusianu si ŋugbe Mawu do na Israel va eme. Ne èva nya nu geɖe le Wɔla la kple eƒe Nya ŋu nyuie la, kakaɖeamedzi ma ke ate ŋu asu asiwò. Emegbe Fia Dawid, si subɔ Mawu, ɖee gblɔ ale: “Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò; elabena wò, Yehowa, mègblẽa amesiwo dia yowòme mɔ la ɖi o.”—Psalmo 9:11.

Mawu Mado Ŋukpe Wò Akpɔ O

Zi alesi nèle ‘si dzem Mawu ƒe ŋkɔ’ kple nusi ŋkɔ ma fia—eƒe tameɖoɖowo, nuwɔnawo, kple nɔnɔmewo la—zi nenemae nàva ka ɖe eyama dzii. Enye Xɔlɔ̃ si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo eye mado ŋukpe wò akpɔ alo agbe eƒe nya dzi wɔwɔ o. Amesiwo gblɔna be yewo nye eƒe ame dɔdɔwo ƒe alakpanuwɔwɔ kple alesi wowɔa nu ɖe ame bubuwo ŋu nuteƒemawɔmawɔtɔe la nagaɖe dzi le ƒowò o. Biblia la yɔ amesiawo tɔgbe be wonye alakpanuwɔlawo. Subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔlawo gblɔa nya gake womewɔa edzi o. Wodia viɖe le woƒe alẽwo ŋu abe alesi apostolo Petro xlɔ̃ nui ene. Petro ŋlɔ bena: “Amesiwo ta woagblɔ busunya ɖe nyateƒe mɔ la ŋuti ɖo, eye le ŋukeklẽ me woatsɔ nyakpakpawo adi viɖe le mia ŋu.”—Petro II, 2:2, 3.

Mawu medɔ amesiawo o. Wodoa vlo eƒe Nya la. Nukata wò ŋutɔ màku nya me le Mawu ŋutɔ ƒe nuŋlɔɖi kple ɖaseɖiɖi siwo wòɖe fia le Biblia me la me o? Àbia be, ‘gake nukata wòle be maka ɖe Biblia la dzi tsɔ wu agbalẽ bubu ɖesiaɖe?’ Enye nyateƒe be mawusubɔsubɔ me alakpanuwɔwɔ geɖe yi edzi le ŋutinya katã me, gake Biblia la to vovo. Bu susu siwo gbɔna siwo ta wòle be nàka ɖe Biblia dzi la ŋu kpɔ.

Susu Siwo Ta Nàka ɖe Biblia Dzi

Àte ŋu aka ɖe Biblia dzi elabena eƒe ŋugbedodowo kple nyagblɔɖiwo vaa eme ɣesiaɣi. Kpɔɖeŋu ɖeka pɛ enye sia. Togbɔ be edze na Israel-vi aboyomenɔlawo abe nusi dzi womate ŋu axɔ se o ene hã la, Yehowa Mawu si nye Biblia la ŋlɔla do ŋugbe be yeaɖe wo tso aboyo me le Babilon triakɔ la si me eye yeagbugbɔ wo aɖo anyi ɖe Yerusalem. Edze abe mɔkpɔkpɔ si mate ŋu ava eme o ene elabena Babilon nye xexemeŋusẽ si nɔ dzi ɖum ɣemaɣi si tsrɔ̃ Yerusalem keŋkeŋ. Gake anɔ abe ƒe alafa eve ene do ŋgɔ la, Yehowa yɔ Persia-dziɖula Kores gɔ̃ hã be eyae nye amesi amu Babilon eye wòana ablɔɖe Yeƒe amewo eye wògblɔ alesi Babilon ƒe tɔsisi si nye akpoxɔnu nɛ la makpɔ eta o la ɖi. Àte ŋu axlẽ nuŋlɔɖi sia le Yesaya 44:24–45:4.

Agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures ɖe alesi ŋugbedodoa va emee me be: “Womedzi Kores le nyagblɔɖia ŋlɔɣi o. . . . Nyagblɔɖia va eme ŋutɔŋutɔ tso ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Kores ɖe mɔ bubu na Frat Tɔsisia wòyi ɖe ta aɖe si woɖe me, wogblẽ Babilon ƒe agbo siwo le tɔsisia to la ɖi ɖekematsɔlemetɔe wònɔ ʋuʋu ɖi esime wonɔ azã ɖum le dua me, eye Babilon dze Media kple Persiatɔ siwo nɔ Kores ƒe kpɔkplɔ te la si me. Emegbe Kores na ablɔɖe Yudatɔ aboyomewo eye wòɖo wo ɖe Yerusalem kple sedede be woagbugbɔ atu Yehowa ƒe gbedoxɔ ɖe afima.”a Ŋugbe ɖesiaɖe si Mawu do, nyagblɔɖi ɖesiaɖe si le Biblia la me, vaa eme vodadamanɔmee.

Nyagblɔɖi bubu si va eme ƒe kpɔɖeŋue nye nyateƒenya si nye be kakaɖeamedzi bu le míaƒe ƒe alafa sia me. Biblia gblɔe ɖi be nɔnɔme siae anɔ ɣeyiɣi si me míele la me, elabena eyɔ ɣeyiɣi si dze egɔme tso Xexemeʋa I wɔɣi le ƒe 1914 be “ŋkeke mamleawo” eye wògblɔ be anye [“ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ, NW.”] Eɖee fia be le míaƒe ŋkekea me la, amewo lanye “ɖokuilɔ̃lawo, . . . adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, . . . ame madakpewo kple amemakɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, . . . yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo.” Egblɔe ɖi hã be: “Ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu.” (Timoteo II, 3:1-4, 13) Emae nye nusi tututu kpɔm míele le míaƒe ɣeyiɣia me.

Àte ŋu aka ɖe Biblia dzi elabena enye nyateƒegbalẽ blibo. Ame aɖeke mete ŋu ke ɖi le Biblia ƒe nyateƒenyenye ŋu dzidzedzetɔe kpɔ o. Dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ Sir Isaac Newton gblɔ be: “Mekpɔa kpeɖodzi geɖe le Biblia ƒe nyateƒenyenye ŋu wu xexemeŋutinyagbalẽ bubu ɖesiaɖe.” Alakpadada aɖeke mele eme abe Hitler ƒe “nuŋlɔɖigbalẽ” ene o! Eye aleke gbegbee Biblia sɔ kple blemanuŋlɔɖiwoe? The Bible From the Beginning gblɔ be: “Le blemagbalẽ siwo woŋlɔ kple asi ƒe agbɔsɔsɔ, kple ƒe siwo va yi tso nuŋlɔɖia ŋutɔ kple blema tɔ si woŋlɔ kple asi wònye eƒe kpeɖodzi dome gome la, Biblia le ŋgɔ na xexemenuŋlɔɖiwo [abe Homer, Plato, kple ame bubuwo tɔ ene]. . . . Le ye katã me la, xexemenuŋlɔɖigbalẽ siwo woŋlɔ kple asi la ƒe ʋee aɖewo koe li ne wotsɔe sɔ kple Biblia tɔ. Kpeɖodzi mele blemagbalẽ bubu aɖeke ŋu abe Biblia ene o.” Nusianu si ku ɖe Biblia ŋu ɖo kpe eƒe nyateƒenyenye bliboe dzi.

Àte ŋu aka ɖe Biblia dzi elabena emenyawo katã de pɛpɛpɛ. Biblia gblɔ be Mawu “keke anyiehe ɖe ya me, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o.” (Hiob 26:7) Le esi teƒe be Biblia nagblɔ amewo ƒe nufiafia si nɔ anyi ɣemaɣi, si ƒe ɖee nye be atiglinyiwo dzie anyigba nɔ la, egblɔ nusi dzi wova ɖo kpe emegbe le dzɔdzɔmeŋutinunya me be enye nyateƒe—si nye be anyigba la ‘tsi’ ɖe yame. Hekpe ɖe ema ŋu la, le ƒe akpe eve do ŋgɔ na Columbus ƒe ɣeyiɣi la, Biblia gblɔe ɖi eme kɔ ƒã be anyigba la le nogoo.—Yesaya 40:22.

Àte ŋu aka ɖe Biblia dzi le eƒe anukwareɖiɖi kple nyateƒetoto ta. Biblia-ŋlɔlawo megblɔ alakpanya tso naneke ŋu o. Ne nya si wogblɔ la ɖe nɔnɔme gbegblẽ si le woa ŋutɔwo, wo detɔwo, kple woƒe dziɖulawo me fia hã la, wogblɔa nyateƒenyawo le anukwareɖiɖi me. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Mateo lɔ̃ ɖe edzi faa le eƒe nyanyuia me be ɣeaɖewoɣi Yesu Kristo ƒe apostolowo ɖe dzimaxɔse fia, woʋli nɔƒe kɔkɔ le wo nɔewo dome, eye wogblẽ Yesu ɖi gɔ̃ hã esime wolée.—Mateo 17:18-20; 20:20-28; 26:56.

Susu vevi bubu si hã ta woaka ɖe Biblia dzie nye be Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo wɔa dɔ eye woɖea vi ɣesiaɣi si amewo ɖo ŋu ɖe eŋu hewɔ ɖe edzi. (Lododowo 2:1-9) Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo toa vovo kura tso “nunyalawo” ƒe aɖaŋuɖoɖo si trɔna zi geɖe le alesi woakpe akɔ kple agbe me kuxiwoe gbɔ. London ƒe The Sunday Times bia tso nuŋlɔla siwo naa aɖaŋuɖoɖo le dukɔa ƒe nyadzɔdzɔgbalẽwo me ŋuti be: “Ðe ame akpe geɖe le woƒe dzimenyawo gblɔm na nuteƒemakpɔla siawo siwo gblɔa nya sia nya si wosusu ko laa?” Biblia-ŋlɔlawo megblɔ nya sia nya si wosusu ko o. Woŋlɔ aɖaŋuɖoɖo si dzi woate ŋu aka ɖo, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ɖi, eye edze ƒã le ŋutinya katã me be woate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu.—Timoteo II, 3:16, 17.

Ellen, si le eƒe ƒe 30-awo me fifia eye wònye srɔ̃tɔ si le dzidzɔ kpɔm la gblɔ be: “Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo kpɔ tanye tso nɔnɔme si agblẽ nye agbe dome hafi la me. Dzinyela siwo gbe wo nɔewo la meɖe xɔse fia ɖe srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa me o, eye wode dzi ƒo nam be manɔ anyi kple ame aɖe ko tsɔ wu be míaɖe mía nɔewo. Ne mebu ŋusẽdoame si mekpɔ le agbe me tso Biblia ƒe gɔmeɖosewo me la, edzɔ dzi nam be meka ɖe Biblia dzi tsɔ wu aɖaŋuɖoɖo si dzinyelawo nam.”—Kpɔ Efesotɔwo 5:22-31; Hebritɔwo 13:4.

Florence gblɔ be: “Ƒe 14 koe mexɔ esime medze nya si Biblia gblɔ tso nuwo ŋu sɔsrɔ̃ gɔme. Fifia ne metrɔ kpɔ ƒe 1960-awo me hekpɔ kuxi si gbegbe zɔhɛnyewo he va wo ɖokuiwo dzii le esi wozɔ ɖe agbenɔnɔ si nɔ tsia dzi ɣemaɣi dzi ta la, medaa akpe ŋutɔ ɖe takpɔkpɔ si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nam esime menye ɖetugbi makpɔnuteƒe la ta.”—Kpɔ Korintotɔwo I, 6:9-11.

James gblɔ be: “Le gonyeme la, meƒo ɖokuinye ɖe akɔdada, atamanono, kple ahatsunono me.” Eyi edzi gblɔ be: “Menya alesi gbegbe esia gblẽ nu le ame geɖe kple woƒe ƒomewo ŋui. Tsã la nyemete ŋu kpɔ vevienyenye si le Biblia ŋu na nye kuxiawo o. Gake fifia mekpɔ alesi wòkpɔ ŋusẽ nyui ɖe nye tamesusu dzi eye wòkpe ɖe ŋunye be menɔ agbe si ɖɔ ʋu wu la dze sii nyuie.”—Kpɔ Korintotɔwo II, 7:1.

Mary Anne nɔ ɖoɖo wɔm be yeawu ye ɖokui le agbemenuteɖeamedzi kple seselelãme ƒe kuxi siwo tso nusiwo dzɔ va yi ŋu ta. Egblɔ be: “Ewɔ nam be ameɖokuiwuwu koe nye nusi sɔ le ɣeyiɣi ma me. Gake Biblia trɔ nye tamesusu. Nusi mexlẽ le Biblia me koe na nyemewu ɖokuinye o.”—Kpɔ Filipitɔwo 4:4-8.

Nukae kpe ɖe amesiawo katã ŋu? Woka ɖe Mawu kple eƒe Nya Biblia dzi bliboe. Mawu va zu xɔlɔ̃ nyui si doa dalĩ na wo hexlɔ̃a nu wo le ɣeyiɣi sesẽwo me. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 30:21.) Wosrɔ̃ Biblia ƒe gɔmeɖose siwo kpe ɖe wo ŋu be woakpe akɔ kple agbe me nuteɖeamedziwo kple kuxiwo. Eye wosrɔ̃ alesi woaka ɖe ŋugbedodo wɔnuku siwo tso Mawu, si mate ŋu aka aʋatso o gbɔ—abe “anyigba yeye” si dzi beble, aʋatsokaka kple ametafatafa manɔ o ene, esi dzi blanuiléle, dɔléle kple ku gɔ̃ hã manɔ o ƒe ŋugbedodo la ene!—Petro II, 3:13; Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

Kakaɖedzi ma ke ate ŋu anɔ asiwò. Egbe ƒe xexeame ate ŋu agblẽ wò kakaɖeamedzi dome, gake àte ŋu axɔe ase be kakaɖedzi si le asiwò na Mawu kple eƒe Nya la maflu ame gbeɖe o. Anye dzidzɔ na magazine sia talawo be woawɔ ɖoɖo be ame aɖe nakpe ɖe ŋuwò be nànya Mawu kple eƒe Nya Biblia la nyuie wu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Abe ƒe 200 do ŋgɔ ene la, Mawu ƒe nyagblɔɖilawo gblɔ alesi woamu Babilon ɖi

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Sir Isaac Newton kpɔe be kakaɖedzi le Biblia ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe