Vixɔxɔnyi—Nukatae eye Alekee?
NUKATA ɖevi siwo woxɔ nyi le Britania ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe kpɔtɔ ale gbegbe le ƒe 20 siwo va yi me? Susu evee wogblɔ—alesi se li si ɖe mɔ ɖe fuɖeɖe ŋu kple alesi wòle bɔbɔm be wole asi dam ɖe vinɔ siwo nyia wo viwo srɔ̃ŋutsua manɔmee dzi. Wova le ekpɔm le egbegbe xexea me be woate ŋu aɖu kuxi si dzilaɖekaƒomewo nye la dzi.
Gake nuwo to vovo le ƒe 100 pɛ ko siwo va yi me. Esime Polly si nye Edgar Wallace, Englandtɔ si nye nuvlowɔwɔfefegbalẽwo ŋlɔla dada, fɔ fu na eƒe dɔtɔ viŋutsu la, esi dzo yi ɖadzi ɖevia le adzame. Esime Edgar xɔ ŋkeke asieke la, vixela si xee wɔ ɖoɖo be George Freeman si nye agbatetsɔla le London ƒe Billingsgate tɔmelãdzraƒe srɔ̃ nakpɔ edzi. Vi ewo nɔ Freeman-ƒomea ŋutɔ me xoxo, eye wotsɔ ŋkɔ na Edgar be Dick Freeman kakaa wòtsɔ tsii. Polly ɖoa ga ɖa edziedzi be woatsɔ akpɔ ye via dzii, eye vifofoa menya gbeɖe be ye viŋutsu aɖe li nenema o.
Egbea ne wogblẽ vidzĩwo ɖi la, dziɖuɖua xɔa wo ŋuti gbanɔamedzia tsɔna. Wokpɔa ɖevi geɖe dzi elabena wohiã takpɔkpɔ bene woagasẽ ŋuta le wo ŋu o alo esi wonye nuwɔametɔwo alo tagbɔdɔ le wo ŋu ta. Vidzĩ siwo zu tsyɔ̃eviwo le aʋawɔwɔ kple nyɔnuwo gbɔdɔdɔ sesẽe ta wɔe be ɖevi siwo hiã lɔlɔ̃ kple takpɔkpɔ vevie tso dzilawo gbɔ le dzidzim ɖe edzi ɣesiaɣi—kpuie ko la, ehiã be woaxɔ wo anyi.
Àxɔ Vi Anyi alo Màxɔe O?
Mele bɔbɔe gbeɖe be woaxɔ vi anyi o, eye nunya manɔ eme kura be nàtso nya me eŋumabumabui ne èle susu wɔm tso eŋu o. Ne vidzĩ ku na wò la, ɖewohĩ anyo wu be nàlala ana dzidziƒoamea alo nuxaxa la nu nafa hafi nàtso nya me mlɔeba be yeaxɔ vi anyi. Nenemae wòate ŋu anɔ ne wogblɔ na srɔ̃tɔ aɖewo be womate ŋu adzi vi o.
Ðevi ɖesiaɖe nyi nɔnɔme tɔxɛ aɖewo ƒe dome. Zi geɖe la, dzɔdzɔmedidi siwo le woa ŋutɔwo ƒe viwo me la wɔa nuku na dzilawo, gake ne mènya vidzĩ aɖe dzilawo o la, asesẽ be nànya eƒe susu kple seselelãme ƒe ŋutetewo.
Ðe nèbua agbalẽnyanya nu veviia? Ne nenemae la, aleke nàse le ɖokuiwò me ne ɖevi si nèxɔ nyi mewɔ nu ɖe alesi nèkpɔ mɔ nɛ nu o? Ðe nàte ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo le ɖevi si ŋu tagbɔdɔ le alo wònye nuwɔametɔ nyinyi me nua?
Dɔwɔla siwo wona hehee siwo le vixɔnyidɔwɔƒewo alo dziɖuɖua ƒe hadomekpekpeɖeŋudɔwɔlawo abia nya siawo wò hafi nàƒo ɖokuiwò ɖe eme. Ðevia ƒe dedienɔnɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋue woanya tsi dzi ɖo vevie.
Ne Ètso Nya Me be Yèaxɔ Vi Anyi . . .
Vixɔxɔnyi ŋuti se kple ɖoɖowo le dukɔ ɖesiaɖe si siwo wòle be nàsrɔ̃. Vixɔnyihabɔbɔ alafa geɖe le Britania, eye zi geɖe la, wowɔa dɔ aduadu kple wo gbɔ dziɖuɖumegãwo. Gɔmeɖosewo le habɔbɔa ɖesiaɖe ŋutɔ si.
Nusi bɔ ɖe Britania koŋ enye vixɔxɔnyiɖoɖowɔhawo, afisi dzila siwo di be yewoaxɔ vi anyi la bɔa ha kple ɖevi siwo woate ŋu axɔ anyi la le, afisi dzodzodzoetsitsi si nɔa anyi ne wokpe kple ɖevi ɖeka ko la menɔna o. Dziɖeɖi si li la wɔnɛ be dzila siwo gbɔna ɖevia nyi ge la ate ŋu agbe ɖevi aɖe xɔxɔ eye esia mawɔe be mɔkpɔkpɔ nava bu ɖe ɖevia o, esi menye ɖevi ɖeka aɖeke woɖe ɖe aga le ŋku lém ɖe eŋu o ta.
Zi geɖe la, woɖoa ƒe siwo wòle be amesiwo axɔ vi anyi la naxɔ, ete ŋu nyea ƒe 35 alo 40—gake esia kuna ɖe vidzĩwo xɔxɔ nyi ŋu, mehiã kokoko le ɖevi siwo tsi wu gome o. Vixɔnyihabɔbɔwo gblɔna be ƒe si wokpɔ mɔ be dzila siwo anyi ɖeviawo aganɔ agbe ŋue wodea ŋugble le hafi ɖoa ƒexɔxɔa. Gake wonyae be tsitsi ye naa wokpɔa nuteƒe xɔasiwo ya.
Ƒe geɖe siwo va yi la, srɔ̃tɔwo koe wowɔa ɖoɖo kplii be woaxɔ vi anyi. Ame maɖesrɔ̃wo te ŋu biana eye wonaa woxɔa ɖevi aɖewo nyina faa egbea. Gakpe ɖe eŋu la, dɔmakpɔwɔe kple nuwɔametɔnyenye menye susu siwo ta woagbe vi tsɔtsɔna dzila si di be yeaxɔ vi anyi la kokoko o. Nyabiase vevitɔe nye be, Viɖe kae ɖevia akpɔ tso exɔxɔnyiɖoɖoa me?
Ne wova lɔ̃ mlɔeba be woaxɔ ɖevi aɖe anyi gɔ̃ hã la, wote ŋu léa ŋku ɖe vixɔnyilaawo ŋu enuenu tsɔ kpɔa egbɔ be nuwo le edzi yim nyuie.
Ŋutigbalẽbubutɔ Yea?
Ƒe blaetɔ̃ siwo va yi la, esesẽna le Britania be woatsɔ ameyibɔviwo ana ameyibɔ ƒomewo be woaxɔ anyi, eyata yevu ƒomewoe xɔ wo nyi. Tso ƒe 1989 me la, eva zu se le Britania-dukɔ bliboa me be woatsɔ ɖeviwo ana dzila siwo wo kpakple wo siaa nye ameƒomevi ɖeka me tɔwo. Wosusui be esia wɔwɔ ana ɖevia nawɔ nu wòasɔ kple ŋutigbalẽ ƒe amadede si me tɔ wònye kple woƒe agbenɔnɔ. Gake esia he nɔnɔme si tsi tre ɖe eɖokui ŋu la vɛ.
The Sunday Times ka nya ta nyitsɔ laa be “wogbugbɔ bu” dzila aɖewo siwo nye yevuwo be “wonye ‘ameyibɔwo’” bene woate ŋu axɔ ameyibɔ viwo anyi. Dzila yevu siwo kpɔa ameyibɔ viwo dzi bɔ, si fia be wokpɔa wo dzi va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Gake nusi dona tsoa eme ne wogbe womena mɔnukpɔkpɔa wo woxɔ ɖevia nyi tegbee o enye be ɖevia kple edzikpɔla siaa sea veve helĩhelĩ le seselelãme gome vevie.
Srɔ̃tɔ Scotlandtɔ aɖewo siwo kpɔ India-vi eve dzi ƒe ade sɔŋ la dze ŋgɔ ŋutigbalẽbubutɔwo ƒe vixɔxɔnyi ŋuti kuxi sia tɔgbe aɖe nyitsɔ laa. The Times ka nya ta be, ʋɔnudrɔ̃ƒea lɔ̃ be woaxɔ ɖeviawo anyi kple susu be dzilawo “adze agbagba ɖesiaɖe si woate ŋui atsɔ ana ɖeviawo nanya [ameƒomevi] si me tɔ wonye eye woanyi wo ne woanya afisi wodzɔ tso kple wo dekɔnuwo.” Le go sia me la, dzila siwo xɔ ɖeviawo le nyinyim nɔ esia wɔm xoxo. Wonɔ Punjabi-gbe fiam ɖeviawo, eye wodoa wo detɔwo ƒe awuwo naa wo ɣeaɖewoɣi.
Ame geɖe alɔ̃ ɖe nya si Britania kpekpeɖeŋunanadɔwɔha ƒe nyɔnu nyanuɖela la gblɔ dzi be ele be woaɖe mɔ ɖe ŋutigbalẽbubutɔ ƒe vixɔxɔnyi ŋu geɖe wu. Egblɔ be: “Míenye ameƒomevi vovovowo eye ele be vixɔxɔ akpɔ edzi kple vixɔxɔnyi naɖe ema afia.”
Dutae Wotsoa?
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Independent gblɔ be, dzronyigba dzi viwo xɔxɔ nyi nye ‘asitsatsa si le dzidzim ɖe edzi.’ Togbɔ be woka nya ta be asitsatsa sia ƒe ɖewo mele se nu o hã la, Ɣedzeƒe Europa koŋue nye afisi Britania kpɔa wo tsonɛ.
Le kpɔɖeŋu me, wogblẽ vidzĩ siwo wodzi to nyɔnugbɔdɔdɔ sesẽe me esi Yugoslavia si nɔ anyi tsã mã la ɖi. Wogblɔ be anye ne woaɖe fu aɖewo ne ɖe menye “vidzĩsitsalawoe” de nu nya la me hedo ŋugbe be woaxɔ ɖeviawo anyi ne wona fua tsi lae o. Gake Ɣetoɖoƒedukɔwo ƒe dziɖuɖuwo tsi dzi ɖe ga home siwo woxena be woaƒle viwo anyi ta la ŋu.
Nya si gblɔm wole be ɖɔktawo wɔa agbalẽ fitifitiwo le ɖeviawo dziɣi ŋue wotsi dzi ɖo kura wu. Nutsotso si ŋu nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The European ka nya ta le enye be wogblɔ na vinɔ aɖewo le Ukraine be wo viwo ku le wo dziɣi. Wogblɔ hã be wodzra vidzĩ siawo emegbe. Ðewohĩ wogblɔ na vinɔ bubuwo be tagbɔdɔ le wo viwo ŋu. Le nuteɖeamedzi ma me la, enɔa bɔbɔe be woaƒoe ɖe vinɔ siwo ƒe susu tɔtɔ nu be woade asi agbalẽ te atsɔ wo viwo ana be woaxɔ anyi. Ke hã la, wometsɔa ɖevi aɖewo yina tsyɔ̃eviwo dzi kpɔƒe siwo wobe woatsɔ wo ayii la o ke boŋ woate ŋu atsɔ wo ayi dukɔ bubuwo me.
Amewo doa dɔmedzoe le dukɔ madeŋgɔwo me. Wogblɔna be ele be Ɣetoɖoƒedukɔ deŋgɔwo nawɔ geɖe atsɔ nɔ kpekpem ɖe dzila siwo dzi ɖeviawo la ŋu be woate ŋu akpɔ ɖeviawo dzi le wo de tsɔ wu be woatsɔ wo adzoe atsɔ dutagbenɔnɔ anyi woe.
Ele be Ɣetoɖoƒedukɔwo hã nase ƒome abɔlegbe ɖoɖo si li tso gbaɖegbe ke la gɔme, eyae naa nutometɔwo lia ke le dukɔ geɖewo dome. Zi geɖe la, womagbe ɖevi aɖe dzi kpɔkpɔ ne wòle to si me wòtso me tɔwo dome o, ne edzilawo ku gɔ̃ hã. Le ƒometɔ kplikplikpli abe tɔgbuiwo kple mamawo ene megbe la, ƒometɔ bubu siwo nye tasiwo kple nɔgãwo, kple tɔɖiwo kple nyruiwo bua ɖevia be enye yewo vi, eye ne ame tutɔ di be yeaxɔe anyi la, woate ŋu ase egɔme bubui eye woakpɔe be enye nudede ame bubu ƒe nya me madzemadzee.a
Mele bɔbɔe be woawɔ ɖoɖo axɔ vi anyi o, eye ne woda asi ɖe ɖoɖoa dzi hã la, ehiã kutrikuku hafi wòakpɔ dzidzedze. Gake abe alesi míava kpɔe ene la, dzidzɔ geɖe hã le eme.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ September 1, 1988, ƒe Eŋlisigbe Gbetakpɔxɔ, axa 28-30 si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta hena numedzodzro tsitotsito le alesi wodaa ɖeviwo ɖe ƒometɔ bubuwo gbɔe ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Ðevi geɖe hiã dzilawo ƒe lɔlɔ̃ kple ametakpɔkpɔ vevie