“Menye Nye Vodadae O”
ZI NENIE nèsenɛ egbea ame aɖe gblɔna be, ‘Meɖe kuku. Nye vodadae. Nyee wɔe!’? Ƒã hafi nàgase ame aɖe nagblɔ anukwareɖiɖi ƒe nya bɔbɔe sia. Le nyateƒe me, le go geɖe me la, ne wolɔ̃ ɖe vodada dzi hã la, wodzea agbagba ɖesiaɖe be woabu fɔ ame bubu alo adae ɖe nɔnɔme siwo ŋu nugbegblẽwɔla la gblɔ be yemate ŋu awɔ naneke le o dzi.
Ame aɖewo gɔ̃ hã bua fɔ woƒe domenyiŋusẽfianu be eyae wɔe! Ðe nya sia le emea? Agbalẽ si nye Exploding the Gene Myth tɔ gbe domenyiŋusẽfianu ŋuti numekuku aɖewo ƒe taɖodzinu kple woƒe nyonyo. Esi Australiatɔ nyadzɔdzɔŋlɔla Bill Deane dzro agbalẽa me la, egblɔ nyataƒonya sia si ŋu wòbu nyuie be: “Ewɔ abe le ŋkeke siawo me la, nuɖoɖinamedzixɔselawo va ka ɖe edzi be yewokpɔ kpeɖodzi si ŋu vodada mele o kloe atsɔ aɖo kpe yewoƒe nufiafia dzi ene be mele be woabu fɔ ame aɖeke ɖe eƒe nuwɔnawo ta o: ‘Bubunatɔ, naneke meli wòawɔ tsɔ wu be wòatso ta le enu o—eƒe domenyiŋusẽfianue na wòwɔe.’”
Menye Nu Yeye Wònye O
Esi dzidzime sia le nusi agbalẽŋlɔla aɖe yɔ be “menye nyee o” ƒe dzidzime zum kabakaba la, awɔ abe ɖe nuwɔna sia le ta kekem ɖe edzi ene. Gake ŋutinya me nuŋlɔɖi fia be taflatsedodo be “menye gbɔnyee wòtso o” ahabu fɔ ame bubu la, li tso amegbetɔ ƒe gɔmedzedze ke. Nusi Adam kple Xawa wɔ esi wowɔ nuvɔ̃ zi gbãtɔ megbe, esime woɖu atikutsetse si ŋuti Mawu de se ɖo na wo la, nye fɔbubu dada ɖe ame bubu dzi ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe. Nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ka nya ta le dzeɖoɖo si yi edzi ŋu, si me Mawu ƒo nu le gbã be: “Alo ɖe nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖeke o la ƒe ɖe mahã? Ame la ɖo ŋu bena: Nyɔnu, si nètsɔ nam la, eyae na atia ɖem meɖu. Eye Yehowa Mawu gblɔ na nyɔnua bena: Nukaŋuti nèwɔ alea? Nyɔnu la ɖo ŋu nɛ be: Da lae blem, eye meɖui.”—Mose I, 3:11-13.
Tso ɣemaɣi ke la, amegbetɔwo to dzixɔse ƒomevi vovovowo vɛ eye wodi taflatsedonya tsyo ƒomevi siwo aɖe wo le nya si woƒe nuwɔnawo ahe va wo dzi me. Blematɔwo ƒe dzɔgbese dzixɔse ye ɖe dzesi wu le esia me. Nyɔnu Buddhatɔ aɖe si xɔ Karma dzi se vevie la gblɔ be: “Mebu be mesɔ be makpe fu ɖe nusi wotsɔ dzim, si ŋu nyemehenya naneke le o ta o. Ele be matsɔe be nye dzɔgbesee.” Esi wotsɔ John Calvin ƒe nuɖoɖiname ŋuti nufiafia he amewoe ta la, dzɔgbese dzixɔse va bɔ ɖe Kristodukɔa hã me. Zi geɖe la, osɔfowo gblɔna na ƒometɔ siwo le konyi fam be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue afɔku aɖe si dzɔ la nye. Azɔ hã Kristotɔ aɖewo siwo si susu nyui le bua fɔ Satana ɖe nusianu si agblẽ le woƒe agbe me ta.
Fifia míeva le agbenɔnɔ si ŋu womabia akɔnta le o, si dzi se kple amewo da asi ɖo la teƒe kpɔm. Míele ɣeyiɣi si me ame ƒe gomenɔamesi le dzidzim ɖe edzi eye eƒe agbanɔamedziwo dzi le ɖeɖem la me.
Numekuku le amegbetɔ ƒe nuwɔna ŋu na woke ɖe nusi wogblɔ be enye dzɔdzɔmeŋutinunya me kpeɖodzi ŋu, si ame aɖewo kpɔ be ana woanɔ agbe blibaa tso agbegbegblẽnɔnɔ dzi vaseɖe amewuwu dzi. Esia ɖe amewo ƒe didi vevie be woabu fɔ nusianu alo amesiame negbe woawo ŋutɔ ko la fia.
Ehiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na biabiawo abe esiawo ene: Nuka tututue wokpɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya me? Míaƒe domenyiŋusẽfianuwo kokokoe ɖoa alesi amegbetɔ awɔ nuia? Alo ɖe ememe kple gotagome ŋusẽwo kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna dzia? Nuka tututue kpeɖodzia ɖe fia?