Afisi Busunyagbɔgblɔ Tsona Ðeɖe ɖe Go
“Nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.”—Mateo 12:34.
ANYE ƒe akpe eve enye sia ye Yesu Kristo gblɔ nya siwo le etame. Ẽ, zi geɖe la, ame ƒe nuƒoƒo ɖea eƒe seselelãme detowo kple dzimedidiwo fiana. Woate ŋu adze na kafukafu. (Lododowo 16:23) Woate ŋu anye nya vloewo hã.—Mateo 15:19.
Nyɔnu aɖe gblɔ le srɔ̃a ŋu be: “Ewɔ abe ɖeko wònɔa anyi ko dzi hona nɛ ene, eye zi geɖe la, egbɔ nɔnɔ sɔ kple afisi woɖi nugometu ɖo zɔzɔ—mànya nukae ana wòawó o.” Richard gblɔ nya ma tɔgbe le srɔ̃a ŋu. Egblɔ be: “Lydia blaa ali dzi ɣesiaɣi ɖe dzrewɔwɔ ŋu. Menye ɖeko wògblɔnɛ o; ewɔnɛ dzretɔe hedoa asi ɖe mo nam abe ke ɖevie menye ene.”
Le nyateƒe me la, nyaʋiʋliwo te ŋu doa mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã me, eye ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo siaa gblɔa nya siwo vea wo emegbe. (Yakobo 3:2) Gake busunyagbɔgblɔ le srɔ̃ɖeɖe me yi ŋgɔ wu ema; enye gbɔɖiame kple nyaheɖeameŋu kple susu be woaɖu ame srɔ̃ dzi, alo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa dɔmefafa tsyɔa dzivenyawo gbɔgblɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, hakpala Dawid ƒo nu tso ŋutsu aɖe si ƒoa nu blewu evɔ wòvɔ̃ɖi ŋu be: “Eƒe nu me nya zrɔ̃ drẽdrẽdrẽ abe notsi kpekẽ ene; aʋawɔwɔ le eƒe dzi me, eƒe nuƒoƒowo le bɔlɔbɔlɔ abe ami ene, ke yi, si wodi, wonye.” (Psalmo 55:22; Lododowo 26:24, 25) Wogblɔ dzivenyawo wòdze gaglã alo wotsyɔ nu edzi o, ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖe me.
Alesi Wòdzea Egɔmee
Nukae na ame gblɔa busunya? Zi geɖe la, woate ŋu akpɔe be nusi ame kpɔna kple nya si wòsenae naa wògblɔa nya siawo. Wobua fewuɖuɖu, amedzudzu, kple gbɔɖiame le dukɔ geɖe me be wosɔ eye be wodoa nukokoe na ame.a Nyakakamɔnu siwo ɖenɛ fiana zi geɖe be ŋutsu “sesẽwoe” tea ame ɖe anyi hewɔa sesẽnu la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃ŋutsuwo koŋ dzi.
Nenema ke aƒe siwo me dzila ɖeka doa dziku, dzua ame, heɖua fewu le ame ŋu le ɣesiaɣi mee wonyi ame geɖe siwo gblɔa gbɔɖiamenyawo le. Eyata wose egɔme tso ɖevime ke be naneke megblẽ le nuwɔna sia ŋu o.
Menye nuƒoƒo tɔgbe aɖe koe ɖevi si wonyi le nɔnɔme sia me asrɔ̃ o; nukpɔsusu totro te ŋu tsia eƒe susu me le eɖokui kple ame bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne wodzua ɖevi la, ate ŋu atsi ahase le eɖokui me be yenye ame maɖinu, eye ana wòado dziku gɔ̃ hã. Ke ne ɖeko ɖevia senɛ fofoa dzua dadaa ya ɖe? Ne ɖevia metsi kura o hã la, alesi fofoa mebua nyɔnuwo ɖe ɖeke me o ate ŋu atsi eƒe susu me. Ŋutsuvi ate ŋu asrɔ̃e le fofoa ƒe nuwɔna me be ele be ŋutsu naɖu nyɔnuwo dzi eye be alesi wòawɔ aɖu wo dzi enye be wòado ŋɔdzi na wo alo awɔ nuvevi wo.
Dzila dzikutɔ ate ŋu anyi ɖevi wòanye dzikutɔ, amesi hã ate ŋu atsi ava zu “dɔmedzoetɔ” si “ada vo geɖe.” (Lododowo 29:22, Reference Bible ƒe etenuŋɔŋlɔ) Eyata nusi amedzudzu agblẽ ate ŋu atso dzidzime yi dzidzime. Susu nyui aɖe tae Paulo ɖo aɖaŋu na vifofowo be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo . . . o.” (Kolosetɔwo 3:21) Eɖe dzesi be Theological Lexicon of the New Testament gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘dzikudoname’ ƒe gɔmesese ate ŋu anye “dzadzraɖo kple akpababla ɖe avuwɔwɔ ŋu.”
Gake dzilawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi menye nusi dzi woanɔ te ɖo anɔ vlo dom ame bubuwo faa, le nya me alo le mɔ bubu aɖe nu o; gake ekpe ɖe mía ŋu míekpɔ alesi amedzudzu ƒe nɔnɔmea ate ŋu aƒo ke ɖe to sesĩe ɖe ame me. Ðewohĩ ɖekakpui maƒo srɔ̃a o, gake ɖe wòdzunɛ le nya kple nuwɔna mea? Ðokuimedzodzro ate ŋu aɖee afia be alesi ame aɖe fofo mebua nyɔnuwo ɖe ɖeke me o la tsi esi.
Edze kɔte be gɔmeɖose si le etame la ku ɖe nyɔnuwo hã ŋu. Ne vidada dzua srɔ̃a la, nenema ke vianyɔnu hã ate ŋu awɔ ɖe srɔ̃a ŋu ne eva ɖe srɔ̃. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Gbedadaƒonɔnɔ nyo wu nyɔnu nyawɔla kple dzikutɔ gbɔ nɔnɔ.” (Lododowo 21:19) Gake ŋutsu koŋue wòle be wòaɖɔ ŋu ɖo le go sia me. Nukata?
Ameteɖeanyilawo ƒe Ŋusẽ
Zi geɖe la, ŋutsu kpɔa ŋusẽ le srɔ̃ɖeɖe me wu nyɔnu. Ɣesiaɣi kloe la, ŋusẽ nɔa eŋu wu, si na ŋɔdzidodo be yeawɔ nuvevii gadzia ŋɔ wu.b Hekpe ɖe eŋu la, zi geɖe la, ŋutsua ƒe dɔwɔɖuiwo nyona wu, ɖokuisidɔ nɔa esi wu, eye eƒe gakpɔmɔnuwo sɔa gbɔ wu. Esia ta nyɔnu si gbɔ wodoa nu ɖo ase le eɖokui me be yexaxa eye yetsi akogo. Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe nya si nunyala Fia Salomo gblɔ dzi be: “Megaɖe ŋku ɖe ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.”—Nyagblɔla 4:1.
Nyɔnu ate ŋu atɔtɔ ne srɔ̃a ƒe nɔnɔme trɔna truka—akɔ mo nɛ vie, sẽ ko wòablu. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 3:10.) Azɔ hã ne ŋutsua kpɔa ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ nyuie la, nyɔnu si wodzuna abu fɔ eɖokui be yebui be nane gblẽ le srɔ̃ɖeɖea ŋu. Ate ŋu abu fɔ eɖokui gɔ̃ hã be yee na ye srɔ̃ le nu wɔm nenema. Nyɔnu aɖe ʋu eme be: “Abe alesi wòle na srɔ̃nyɔnu si woƒona ene la, tsã la, mebuna ɣesiaɣi be gbɔnyee wòtso.” Nyɔnu bubu gblɔ be: “Meva tsɔe be ne magadze agbagba vevie ase nu gɔme nɛ ‘ahagbɔ dzi ɖi’ nɛ wu la, nye tome afa.” Nublanuitɔe la, fuwɔamea yia edzi zi geɖe.
Ewɔ nublanui ŋutɔ be srɔ̃ŋutsu geɖe zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu eye wotea nyɔnu si ɖewohĩ woka atam be yewolɔ̃ vevie la ɖe to. (Mose I, 3:16) Gake nukae woate ŋu awɔ le nɔnɔme sia ŋu? Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Nyemedi be magbee o, ɖeko medi be wòadzudzɔ nye dzudzu.” Le srɔ̃ɖeɖe ƒe asieke megbe la, ŋutsu aɖe ʋu eme be: “Mekpɔe be mele ƒomedodo si me amedzudzu yɔ fũ me eye be nyee nye amedzula la. Medi vevie be matrɔ, menye be magbee o.”
Kpekpeɖeŋu li na amesiwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu amedzudzu gblẽ nu le, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖee fia ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Edze kɔte be nenemae wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. The New International Dictionary of New Testament Theology de dzesii be “bibi ɖe amedzudzu me alo lɔlɔ̃ be woadzu wò faa nye agbe me aɖaŋudɔwo dometɔ ɖeka na Helatɔwo.”
b Amedzudzu ate ŋu azu aƒemenuvlowɔwɔ. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 21:18.) Nyɔnu siwo woƒona ƒe aɖaŋuɖola aɖe gblɔ be: “Nyɔnu ɖesiaɖe si va be woatsɔ se akpɔ ye tae tso ƒoƒo, hɛtɔame, alo velélename si de eƒe agbe afɔku me me la to fuwɔame si medzena gaglã o ƒe vevesese me ɣeyiɣi didi aɖe.”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]
Ewɔ nublanui ŋutɔ be srɔ̃ŋutsu geɖe zãa woƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu eye wotea nyɔnu si ɖewohĩ woka atam be yewolɔ̃ vevie la ɖe to
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Alesi dzilawo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ɖevi dzi