INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g96 11/8 axa 22-25
  • Nyateƒea xɔm ɖe agbe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyateƒea xɔm ɖe agbe
  • Nyɔ!—1996
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ahatsunono Kple Atikevɔ̃ɖizazã
  • Danye Va See
  • Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ tso Eŋutinunyalawo Gbɔ
  • Mekpɔtɔ Nye Nugblẽga le Ƒomea Me
  • Meke ɖe Nyateƒea ŋu Kloe
  • Nyateƒe la Ðem
  • Mègakplɔ Nuxaxa Ƒu Ðokuiwò O
  • Mele Ŋutifafa Me Kple Mawu Kpakple Nɔnye Azɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • “Yehowa, Èke Ðe Ŋunye!”
    Nyɔ!—2005
  • Nu Kae Mawɔ Ne Dzinyela Aɖe Le Dɔ Lém?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1996
g96 11/8 axa 22-25

Nyateƒea xɔm ɖe agbe

AIDS wu xɔ̃nye tsãtɔwo ƒe akpa gãtɔ. Hafi woaku la mekpɔa wo le ablɔwo dzi zi geɖe. Ðe menye nyateƒeae o la, anye ne nye hã meku. Se alesi wòdzɔe ɖa.

WODZIM December 11, 1954, menye John kple Dorothy Horry ƒe vi evelia kple dɔmlɔea. Wotsɔ ŋkɔ nam be Dolores, gake esi wodzim la, Danye yɔm be Dolly elabena ebe meɖi aŋevidzĩ. Megbeŋkɔa tsi ŋunye, gake amewo menya kura ɣemaɣi be mava zu nuxaxa gã aɖe na Danye o.

Míenɔ ketekexɔ aɖe me—woyɔe nenema le esi wotui wòdidi lɔbɔɔ ta. Enɔ Mɔdodo 61 lia dzi le New York City. Xɔa menyo tututu o; mía kple alegeliwoe nɔ eme. Gake esi ɖeka ɖum gbeɖeka zã la, míeʋu enumake.

Míeʋu yi anyigbe Manhattan ƒe ɣedzeƒe gome le ƒe 1957 me. Ne míetsɔe sɔ kple afisi míeʋu tso la, enyo wu sã—xɔdɔmeawo nyo, fefewɔƒe gã aɖe le nye fesreto, eye mekpɔa East River ɖaa. Mekpɔa tɔdziʋuawo le tɔa dzi, eye ɖeviwo hã nɔa bɔl kple baseball ƒom le fefewɔƒea. Ẽ, paradisoe wònye nam. Ke nye agbenɔnɔ si nɔ dedie la va nɔ gbegblẽm.

Ahatsunono Kple Atikevɔ̃ɖizazã

Dada kple Papa wɔa dzre ŋutɔ. Gbã la, nyemesea egɔme na wo o, ke meva kpɔe be papa noa aha muna ɣesiaɣi. Dɔ melina ɖe esi o, eye Dada ɖeka koe wɔa dɔ. Esi xɔ̃nyewo va nya be ahanoxe ye Papa nye la, woɖu fewu le ŋunye ale gbegbe be nye nu koe wɔ nublanui.

Nuwo nɔ gbegblẽm ɖe edzi. Mlɔeba la, Papa va nɔ anyrã wɔm eye Danye nyãe. Ale míezu dzilaɖekaƒome. Mexɔ ƒe enyi alo asieke ɣemaɣi, eye nɔnɔme si me míaƒe ƒomea nɔ na metɔtɔ ŋutɔ. Danye wɔa dɔ ɣesiaɣi be wòakpɔ ga atsɔ akpɔ mía dzii eye ne míekpã tso suku la, egblẽa mía kple nɔvinyenyɔnu ɖe aƒelikawo gbɔ.

Kaka maɖo titinasuku la, meva dze aglã vevie. Mesina le suku yia Tompkins Modzakaɖebɔ me ɖanoa aha be maŋlɔ nye kuxiwo be. Eteƒe medidi o meva nɔ ha dem kple xɔlɔ̃ aɖewo siwo tsi wum sã. Ƒe 11 ko mexɔ ɣemaɣi, gake metsi wu nye ƒe, eyata wobuam ɖe ƒe 16 alo 17 viwo domee. Xɔlɔ̃ yeye siawo mua aha, wonoa marijuana, wozãa LSD, eye wodoa heroin. Medi be woaxɔm, eyata medze atike vɔ̃ɖi siawo zazã gɔme. Kaka maxɔ ƒe 14 la, ne nyemezã wo o kpa nyemete ŋu wɔa naneke o.

Danye Va See

“Nyee kplɔ wò va xexe sia mee, eye nye kee agakplɔ wò adzoe.” Nya siae vidada siwo le míaƒe nutoa me siwo ƒe viwo gbã dzi na hedo ŋukpe vevie la gblɔna. Esi Danye si nye ame fafa si léa eɖokui kpoo se be ye vi si xɔ ƒe 14 zãa heroin la, egblɔ be nu ma tututu tu ge yele kplim—yeaɖem ɖa.

Mesi ge ɖe tsileƒe hedze agbagba be matsɔ afɔ aɖo ʋɔa ŋu sesĩe be wòatu, gake metsi megbe akpa. Meɖo xaxa me azɔ! Magblɔ be womeƒom alea kpɔ o. Nusi ɖem le Danye ƒe dɔmedzoe nu enye be nɔvinyenyɔnu kple amesi trɔ tanye la te ŋu ge ɖe tsileƒea eye wolé danye bene mate ŋu asi. Esi metrɔ va aƒeme mlɔeba—mesi dzo ŋkeke ʋee aɖewo—la, melɔ̃ be woakpe ɖe ŋunye madzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã.

Kpekpeɖeŋu Xɔxɔ tso Eŋutinunyalawo Gbɔ

Ɣleti ʋee aɖewo megbe la, wodo boblo atikevɔ̃ɖizãlawo ƒe kɔdzi aɖe le television dzi mekpɔ. Enye afisi amesiwo di vevie be yewoadzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã la ate ŋu axɔ kpekpeɖeŋu le. Megblɔ nusi mekpɔ na Danye eye wòkplɔm yi woƒe dɔwɔƒe ɖeka le New York City. Kɔa dzi le abe aƒeme ene, afisi wodoa ŋusẽ amewo le be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ. Menɔ afima abe ƒe eve kple afã ene.

Togbɔ be kpekpeɖeŋu si wonam ɖe vi nam hã la, dzi ɖe le ƒonye kura esi mese be dɔwɔla siwo dzi meka ɖo hedea bubu wo ŋu—amesiwo wobe wodzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã—la dometɔ aɖewo gadze ezazã gɔme. Mese le ɖokuinye be woblem hedo movitɔm. Wofia mí be nyagbɔgblɔ si nye be “Numãme ɖe wòtsia ame si” nye aʋatso. Gake mekpɔe le woa ŋutɔwo ŋu be menye aʋatsoe o.

Gake esi mexɔ ƒe 17 la, medzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã hegbɔ va aƒe, eye meɖoe kplikpaa be mawɔ nusianu si mate ŋui adzudzɔ heroin zazã kura. Ɣemaɣi la, danye kple nɔvinyenyɔnua dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo.

Mekpɔtɔ Nye Nugblẽga le Ƒomea Me

Togbɔ be medzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã hã la, mekpɔe be mekpɔtɔ nye nugblẽga le ƒomea me. Nusitae nye be nyemedi be manɔ agbe ɖe ƒomea ƒe se yeyeawo nu o, eƒe ɖewoe nye atamamanomano, disco mademade, kple bubuawo. Eteƒe medidi hafi Danye nyãm le aƒea me o le esi megbe nye hadede kple xexemegbenɔnɔ tɔtrɔ ta. Melé fui vevie ɖe nusia si wòwɔ ta, evɔ wònye eyae nye nu nyuitɔ kekeake wòwɔ nam hafi. Etɔ afɔ anyi sesĩe ɖe gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi eye metrɔe gbeɖe o.

Eyata medzo be manɔ agbe yeye si nyo wu le ɖokuinye si. Metrɔ yi suku be masrɔ̃ asinudɔ aɖe atsɔ akpɔ ɖokuinye dzi le kɔledzi. Medze agbagba vevie alesi dze eye meɖo ta le hadome. Mekpɔ dɔ nyui aɖe eye mekpɔ xɔ hã. Ke lɔlɔ̃nya dze eme azɔ esi medo go ŋutsu aɖe si nye nye ahiãvi xoxo. Míegate kpe eye míeɖoe be míaɖɔ nuwo ɖo ne míaɖe mía nɔewo.

Gake mlɔeba la, nye ahiãvia te atikevɔ̃ɖizazã eye nuwo trɔ ta gbo na mí ame evea siaa. Esi nuxaxa va wum la, mewɔ nusi menya nyuie—mezãa atike vɔ̃ɖi be matsɔ awu nye seselelãmewo. Mete cocaine zazã, si naa nusi woyɔna be gatɔwo ƒe vivisese. Cocaine bɔ ɣemaɣi elabena ame geɖe mebunɛ be emãa ame o. Gake le gonyeme la, evɔ̃ɖi wu heroin.

Le ƒe 1970-awo titina la, meno cocaine abe ƒe etɔ̃ sɔŋ ene. Mlɔeba la, meva kpɔ nɔnɔme vɔ̃ɖi si me mege ɖo, eyata menɔ ɖokuinye biam be, ‘Agbe la katãe nye sia?’ Meƒo nya ta be ne ye katãe nye sia la, ke agbe tim. Metrɔ yi Danye gbɔ va gblɔ nɛ be nu ti kɔ nam eye be magayi atikevɔ̃ɖizãlawo ƒe kɔdzi. Megadzudzɔ atikevɔ̃ɖizazã le afima nɔnɔ ƒe ɖeka kple afã bubu megbe.

Meke ɖe Nyateƒea ŋu Kloe

Megakpɔ dɔ kple xɔ nyui aɖe eye megadze ahiãvi. Míedo ŋugbe na mía nɔewo. Danye va srãam kpɔ edziedzi ɣemaɣi. Eƒoa nu nam tso Biblia ŋu heɖoa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ɖem, gake nyemexlẽ ɖeke kpɔ o. Megblɔ na Danye be medi be maɖe srɔ̃ adzi vi. Eyata eɖo agbalẽ aɖe si trɔ nye agbenɔnɔ tegbee la ɖem—Alesi Nàna Dzidzɔ Nanɔ Wò Ƒomegbenɔnɔ Me.

Esi mexlẽ agbalẽ sia la, mekpɔ nusi dim mele, gake mɔ gbegblẽ dzie menɔ edim toe. Mlɔeba la, ame aɖe se nye seselelãmewo kple nusi tututu nɔ nye dzime la gɔme. Menye ɖe nane gblẽ le ŋunye tae mesena le ɖokuinye me nenema o—mele ame me nyuie! Gake esi metsɔ Ƒomegbenɔnɔ ƒe agbalẽa kple Biblia fia nye lɔlɔ̃tɔa la, ekom. Medi be yeawɔ tɔtrɔ siwo hiã be míase vivi le ƒomegbenɔnɔ me o. Eyata nyametsotso sesẽ aɖe wɔwɔ dze ŋgɔm—be manɔ egbɔ loo alo madzo. Metso nya me be ele be madi afi aɖe ato.

Nye ahiãvia bi dzi vevie. Esi megbɔ va aƒeme gbeɖeka la, mekpɔ be etsɔ gelũhɛ vuvu nye awuwo katã keŋkeŋ. Egblẽ nye nusianu kloe—afɔkpawo, awudziwuiwo, zikpuiwo—ekaka wo alo dzra wo. Awu si nɔ ŋunye koe susɔ. Ðeko medi be maxlã ɖokuinye ɖi ne maku. Ɣeaɖewoɣi la, agbenɔnɔ ati wò. Eyata nusi nèwɔna tsɔ nɔa te ɖe enu ŋu koe nàgatrɔ ɖo—nàno atike awu seselelãmewo. Meɖoe be mawɔe alo mawu ɖokuinye.

Togbɔ be megadze atikevɔ̃ɖizazã gɔme hã la, Danye megbem o. Evaa gbɔnye eye wòtsɔa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! vɛ nam. Gbeɖeka fiẽ esi míenɔ dze ɖom la, megblɔ alesi mesena le ɖokuinye me nɛ—be mewɔ ɖesiaɖe wòglo eye be kuxiawo kpe wum. Ðeko wògblɔ be: “Èwɔ ɖesiaɖe wòglo, nukata màdo Yehowa hã akpɔ o?”

Nyateƒe la Ðem

Ƒe 1982 me hafi melɔ̃ be mawɔ nusi wònɔ ƒoƒom ɖe nunye ƒe geɖe be mawɔ la. Medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme vevie. Eteƒe medidi o nusiwo srɔ̃m menɔ nɔ nunye vivim. Meva kpɔe be nye agbe xɔ asi na Yehowa ŋutɔ eye be tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ aɖe le agbe ŋu. Gake mede dzesii be ne masubɔ Yehowa la, ke tɔtrɔ geɖe li wòle be mawɔ eye be ele be woado alɔm le seselelãme kple gbɔgbɔ me. Eyata mebia Danye ne alɔ̃ magbɔ va aƒeme.

Danye ɖɔ ŋu ɖo vevie, elabena medo ŋukpee zi geɖe. Egblɔe na Kristotɔ hamemegã aɖe be medi be magagbɔ va ye gbɔ. Esi wòkpɔ be Danye xɔe se be mɔkpɔkpɔ li be ɖewohĩ matrɔ azɔ la, ebiae be: “Nukata màgana mɔnukpɔkpɔe zi ɖeka kpɔ o?”

Dzidzɔtɔe la, fifia nyemegado ŋukpe Danye o. Meyi Biblia sɔsrɔ̃ dzi eye mete Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, metrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ. Aɖaŋu si Biblia, Mawu ƒe Nyateƒenya la, ɖo la na mete ŋu to eme do. (Yohanes 17:17) Medzudzɔ sigaret gɔ̃ hã nono, si ŋu asiɖeɖe le sesẽ nam wu heroin kple cocaine. Esiae nye zi gbãtɔ si mekpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ be mele agbe.

Ɣleti ʋee aɖewo megbe, le December 24, 1983 dzi la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi. Le April si kplɔe ɖo me la, medze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔ si nye subɔsubɔdɔa dzidzi ɖe edzi ƒe mɔnu aɖe la gɔme. Gbã la, xɔ̃nye tsãtɔwo ɖu fewu le ŋunye esi wokpɔm le gbeadzi. Esɔ kple alesi apostolo Petro xlɔ̃ nui do ŋgɔ be: “Esia wɔ yaa na wo bena, mieƒu du kpli wo yi ɖe nu vlo wɔwɔ ma ke ƒe ba me o, eye wole busunyawo gblɔm le mia ŋuti.”—Petro I, 4:4.

Mezu gbesiagbe mɔɖela le September 1984 me, eye eteƒe medidi o menɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ ewo wɔm kwasiɖa ɖesiaɖe. Nusrɔ̃vi siawo dometɔ aɖewo nye amesiwo ɖu fewu le ŋunye esi medze gbeadziyiyi gɔme. Esia nye dzidzɔkpɔɣi gã aɖe le nye agbe me elabena mete ŋu kpe ɖe sɔhɛ geɖe ŋu woxɔ Biblia me nyateƒea. Ðeviwo ƒe nu dzɔa dzi nam ɣesiaɣi, eyata esi mezu dada na gbɔgbɔmeviwo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ena mekpɔa dzidzɔ ɣeawokatãɣi.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 4:15.

Esi ƒeawo va le yiyim la, mekpɔa xɔ̃nye tsãtɔ siwo mezã atike vɔ̃ɖi kple la le ablɔdzi le míaƒe aƒea gbɔ. Esi wozãa abi si ame bubu siwo ŋu dɔléle le hã zã ta la, woxɔ AIDS eye woɖi ku glãŋui. Geɖe ku. Menyae be ɖe menye Biblia me nyateƒeae o la, anye ne ɖewohĩ ne nye hã meku. Eyata magblɔ be exɔm ɖe agbe.

Mègakplɔ Nuxaxa Ƒu Ðokuiwò O

Edzroam zi geɖe be anyo ŋutɔ ne ɖe menya nyateƒea le ɖevinye me bene maganɔ agbe si me vevesese kple nuxaxa le o. Yehowa le kpekpem ɖe ŋunye fifia be manɔ te ɖe yakagbe si menɔ le sɔhɛ me ƒe vevesesewo nu, gake ele be malala nuɖoanyi yeyea nava hafi veveseseawo nu nayi kura. (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Medzea agbagba vevie gblɔna na ɖeviwo egbea be woyra wo be wonya Yehowa eye eƒe habɔbɔa le kpekpem ɖe wo ŋu be woawɔ ɖe nusi fiam wòle dzi.

Xexeame adze nu nyui aɖe eye wòadzro ame. Eye edi be nàxɔe se be àte ŋu ase vivi le eme vevesese manɔmee. Gake mate ŋu adzɔ nenema akpɔ o. Xexeame abliba wò, eye ne ebliba wò vɔ la, atsɔ wò aƒu gbe. Biblia to nyateƒe esi wògblɔ be Abosam ye nye xexeame dziɖula—ẽ, eƒe mawu—eye be mele be míalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. (Yohanes 12:31; 14:30; 16:11; Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 2:15-17; 5:19) Esi xexemetɔwo nye gbegblẽ ƒe kluviwo ta la, hadede kpli wo mate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ vɛ na wò o.—Petro II, 2:19.

Nye mɔkpɔkpɔe nye be nya siawo gbɔgblɔ le ɖokuinye ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔe be “agbe vavã la”—agbe mavɔ nɔnɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me—koe nye agbe nyuitɔ kekeake si míaminyã. Nyui alo vɔ̃ kawoe adzɔ ɖe mía dzi le nyateƒea me o, gbe siwo le kpɔa godo, le Satana ƒe xexeame, meda ama wu o. Ðeko Satana dzea agbagba be yeana wòadze nenema. Medoa gbe ɖa be nye ŋku nanɔ agbe vavã la dzi, ẽ, agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi, hekpe ɖe nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔwo katã ŋu. (Timoteo I, 6:19)—Abe alesi Dolly Horry gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple danye míele ɖase ɖim le Tompkins Modzakaɖebɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe