INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 1/8 axa 28-29
  • Ðe Anyigba Atsrɔ̃ le Dzo Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Anyigba Atsrɔ̃ le Dzo Mea?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Emea?
  • “Gbã Nyigba”
  • “Anyigba Yeye”
  • Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ðe Míaƒe Anyigba La Ava Tsrɔ̃ Gbe Ðeka?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Anyigba
    Nyɔ!—2014
  • Ðe Anyigba La Nu Ava Yia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 1/8 axa 28-29

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Anyigba Atsrɔ̃ le Dzo Mea?

NUKLIA dzobibi afiãe, ɣea alolo gã afiãe kolikoli, alo mawu dɔmedzoetɔ aɖe atɔ dzoe—ate ŋu adzɔ le mɔ vovovowo nu, gake ame geɖe ka ɖe edzi be Ɣletinyigba si nye ameƒomea ƒe aƒe atsrɔ̃ zi ɖeka le dzobibi gã aɖe me keŋkeŋ.

Ame aɖewo yɔa Biblia-kpukpui aɖewo siwo fia be dzoe Mawu atsɔ ahe toe na amegbetɔ ɖe vɔ̃ si wɔm wòle anyigba ta. Ame bubuwo ƒe susu sɔ kple Paul Davies si nye nufialagã le Adelaide Yunivɛsiti le Australia la tɔ, amesi ŋlɔ nu tso nusi wòbu be enye dzo si me anyigba atsrɔ̃ le godoo ŋu. Egblɔ le eƒe agbalẽ si nye The Last Three Minutes me be: “Ne ɣe la lolo ɖe edzi la, eƒe dzoxɔxɔ atsyɔ . . . Anyigba la katã. Míaƒe ɣletinyigba la afiã azu afi.” Nuka tututue ava dzɔ ɖe anyigba dzi? Aleke wòle be míase Biblia-kpukpui siwo dze abe dzoe woatsɔ atsrɔ̃e ene la gɔme?

Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Emea?

Wogblɔ na mí le Yeremya 10:10-12 be: “Yehowa enye Mawu vavã. . . . Eyae nye amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba, etsɔ eƒe nunya ɖo xexeame te, eye wòtsɔ eƒe sidzedze keke dziƒo me.” Mawu wɔ anyigba heɖo egɔme anyi sesĩe. Eyata etsɔ nunya, lɔlɔ̃, kple gɔmesese wɔ anyigba la nyuie be wòanye ameƒomea ƒe aƒe dzeani si anɔ anyi tegbetegbe.

Biblia gblɔ le alesi Mawu wɔ ameƒomea ŋu be: “Ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ. Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.” (Mose I, 1:27, 28) Esi wòwɔ nuwo vɔ la, ete ŋu gblɔ vodadamanɔŋutɔe be “wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Nenemae wòdi be wòanɔ ɖaa. Alesi dzila siwo gbɔna vi dzi ge dzraa nɔƒe ɖo na vidzĩ si wole mɔ kpɔm na la, nenemae Mawu hã tso abɔ nyui aɖe eye wòtsɔ Adam ɖo afima be wòadzrae ɖo ahalé be nɛ.—Mose I, 2:15.

Adam tsɔ blibodede kple dɔ si wode asi nɛ be wòalé be na anyigba la ƒu gbe. Gake ɖe Wɔla la ɖe asi le Eƒe tameɖoɖo ŋua? Yesaya 45:18 mefia nenema o: “Ale Yehowa, dziƒowɔla, . . . eya amesi mè anyigba, . . . eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi la, gblɔ esi.” (Kpɔ Yesaya 55:10, 11 hã.) Togbɔ be amegbetɔ gbe dzikpɔkpɔdɔ si wode esi hã la, Mawu kpɔtɔ lé eƒe tameɖoɖo na anyigba kple edzi nu gbagbewo me ɖe asi. Ðoɖo le Se si wode na blema Israel-dukɔa me be “anyigba la nagbɔ ɖe me” ƒe adre ɖesiaɖe. Wode nublanuikpɔsewo hã be woakpɔ lãwo ta vaseɖe afi aɖe. (Mose III, 25:4; Mose II, 23:4, 5; Mose V, 22:1, 2, 6, 7, 10; 25:4; Luka 14:5) Esiawo nye Biblia me kpɔɖeŋu ʋee aɖewo ko siwo ɖee fia ƒã be Mawu tsɔ ɖe le ameƒomea kple nusianu si wòde amegbetɔ ƒe dzikpɔkpɔ te me vevie.

“Gbã Nyigba”

Ke Biblia-kpukpui siwo wɔ abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ɖe, aleke míawɔ woasɔ? Eƒe ɖekae nye Petro II, 3:7, si gblɔ le Eʋegbe Biblia me be: “Wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.” Bubue nye Nyaɖeɖefia 21:1 si gblɔ be: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi.”

Ne míase Petro ƒe nyawo gɔme alesi wodzee eye woatsɔ dzo ŋutɔŋutɔ atsrɔ̃ Ɣletinyigba la, ke efia be dziƒo ŋutɔŋutɔ—ɣletiviwo kple dziƒoŋunu bubuwo—hã, dzoe woatsɔ atsrɔ̃ woe. Gake susu sia mesɔ kple kakaɖedzinya si le mawunyakpukpuiwo abe Mateo 6:10 ene me o: “Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” kple Psalmo 37:29: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” Azɔ hã nukae dzo ate ŋu awɔ le ɣe kple ɣletivi siwo xɔ dzo gbagbagbã xoxo eye wowóna ɣesiaɣi la ŋu?

Le mɔ bubu nu la, kpɔɖeŋumɔ nue Biblia zãa nya “anyigba” le zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, Mose I, 11:1 gblɔ be: “Ke gbe ɖeka . . . ŋugbe le [anyigba, NW] katã nu.” Ameƒomea katã, alo amehawoe wowɔnɛ le afisia be “anyigba.” (Kpɔ Fiawo I, 2:1, 2, NW; Kronika I, 16:31 hã.) Nya siwo ƒo xlã Petro II, 3:5, 6 fia be kpɔɖeŋumɔ ma ke nue wozã “anyigba” le. Eƒo nu tso Noa ƒe ɣeyiɣia me ŋu esime wotsrɔ̃ ameha vɔ̃ɖi aɖe le Tsiɖɔɖɔa me gake wokpɔ Noa kple eƒe ƒomea kpakple anyigba ŋutɔ ta. (Mose I, 9:11) Nenema ke wogblɔ le Petro II, 3:7 be ‘ame mavɔ̃mawuwoe’ woatsrɔ̃. Numeɖeɖe sia sɔ kple Biblia ƒe akpa bubuwo katã. Ame vɔ̃ɖi siwo woɖo ɖi na tsɔtsrɔ̃ ye ganye “gbã nyigba” si wowɔnɛ le Nyaɖeɖefia 21:1 si me míeyɔ nya tsoe va yi.

Nyateƒee, abe alesi anyigba dzi fofo si ƒe dɔme trɔna adze agbagba ɖesiaɖe be womagblẽ yeƒe aƒee o ene la, Yehowa Mawu hã tsɔ ɖe le eme na eƒe nuwɔwɔwo vevie. Ɣeaɖeɣi la, enyã ame vɔ̃ɖi agbegbegblẽnɔla aɖewo ɖa tso Yordan Bali wɔnu la me eye wòka ɖe edzi na anyigbadzikpɔla yeye siwo wòbla nu kplii la be ne wowɔ yeƒe ɖoɖowo dzi la, ‘anyigba la matu woawo hã aƒu gbe le esi wogblẽe ta, abe alesi wòtu dukɔ siwo nɔ wo ŋgɔ ƒu gbe ene o.’—Mose III, 18:24-28.

“Anyigba Yeye”

Egbea amesiwo ƒaƒã le gbɔdɔdɔ gome, wosẽa ŋuta vɔ̃ɖitɔe, eye wowɔa nufitifiti le dunyahehe me la gblẽ anyigba la. Mawu ɖeka koe ate ŋu aɖee. Nu ma tututue wòawɔ. Edo ŋugbe le Nyaɖeɖefia 11:18 be ‘yeatsrɔ̃ amesiwo le anyigba gblẽm.’ Amesiwo vɔ̃a Mawu eye wolɔ̃a wo haviwo vevie koe anɔ anyigba si wogbugbɔ ɖo anyi yeyee la dzi. (Hebritɔwo 2:5; tsɔe sɔ kple Luka 10:25-28.) Tɔtrɔ gãwo ava le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea te ale gbegbe be Biblia gblɔ be anye “anyigba yeye”—amegbetɔ ƒe ƒuƒoƒo yeye.

Ne míexlẽ mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 37:29 ene eye míese nya si Kristo gblɔ le Mateo 6:10 gɔme la, kakaɖedzi nɔa mía si be dzɔdzɔmeŋusẽ triakɔwo loo alo amegbetɔ kple eƒe nutsrɔ̃nuwo katã mate ŋu atsrɔ̃ míaƒe ɣletinyigba la o. Womagblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo me o. (Psalmo 119:90; Yesaya 40:15, 26) Ameƒome wɔnuteƒe anɔ anyigba dzi le anidzedze manyagblɔ kple dzidzɔ mavɔ me. Nusiae ava dzɔ ɖe anyigba dzi, elabena emae nye ameƒomea Wɔla lɔlɔ̃tɔ la ƒe tameɖoɖo ɣesiaɣi.—Mose I, 2:7-9, 15; Nyaɖeɖefia 21:1-5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe