The Bible’s Viewpoint
Ðe Woate Ŋu Alé Srɔ̃ɖeɖe Ðe Te le Nuteƒemawɔmawɔ Vɔ Megbea?
“Mele egblɔm na mi bena: amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.”—MATEO 19:9.
YESU KRISTO to nya mawo gbɔgblɔ me ɖe mɔ na Kristotɔ be wòatia be yeagbe ye srɔ̃ si mewɔ nuteƒe o.a Ke ne srɔ̃tɔ fɔmaɖila la lɔ̃ be srɔ̃ɖeɖea nayi edzi eye srɔ̃tɔawo ɖoe be yewoagbugbɔ atu yewoƒe ƒomedodoa ɖo ya ɖe? Kuxi kawoe le ŋgɔ na srɔ̃tɔawo, eye aleke woate ŋu akpɔ kuxi siawo gbɔ dzidzedzetɔe? Mina míakpɔ alesi Biblia akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya siawo ŋui ɖa.
Aƒe si Kaka
Gbã la, ele be míadze si nusi nuteƒemawɔmawɔ gblẽna ƒe lolome. Abe alesi Yesu Kristo ɖe emee ene la, ɖe srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila ɖoe be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu “[naganye] ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko.” Egblɔ kpee be: “Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.” Ẽ, ɖe woɖo srɔ̃ɖeɖe anyi be wòabla amegbetɔwo ɖekae matumatui. Ne woda srɔ̃ɖenubabla la dzi to ahasiwɔwɔ me la, ehea vevesese helĩhelĩwo vɛ.—Mateo 19:6; Galatiatɔwo 6:7.
Nuxaxa si ɖoa srɔ̃tɔ fɔmaɖila la me la ɖo kpe nya sia dzi. Woate ŋu atsɔ ahasiwɔwɔ me tsonuwo asɔ kple nusi dzɔna ne ahom sesẽ aɖe kaka aƒe aɖe. Ðk. Shirley P. Glass gblɔ be: “Dɔnɔ geɖe siwo gbɔ mekpɔ la gblɔ nam be ne ɖe yewo srɔ̃ ku la anye ne anɔ bɔbɔe na yewo wu.” Enye nyateƒe be ame aɖewo siwo srɔ̃wo ku le wo gbɔ la malɔ̃ ɖe nya sia dzi ya o. Gake eme kɔ be ahasiwɔwɔ naa wosea veve helĩhelĩ. Nuteƒemawɔmawɔa ƒe veve nu mefana na ame aɖewo gbeɖe o.
Le nuxaxa siawo ta la, ame aɖe abia be, ‘Ðe wòle be ahasiwɔwɔ nana srɔ̃ɖeɖe me nagblẽa?’ Mehiã kokoko o. Nya si Yesu gblɔ tso ahasiwɔwɔ ŋu fia be srɔ̃tɔ nuteƒewɔla la kpɔ mɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be wòagbe atsu gake menye dzizizi nɛ be wòagbee godoo o. Srɔ̃tɔ aɖewo tsoa nya me be yewoato tɔtrɔwo wɔwɔ dzi agbugbɔ atu nusiwo gblẽ la ɖo ahado ŋusẽe—togbɔ be naneke meli woatsɔ ado taflatse ɖe ahasiwɔwɔ nu o gake.
Ele eme baa be ne srɔ̃tɔwo ɖia anukware na wo nɔewo la, anyo wu be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã le woƒe srɔ̃ɖeƒomedodoa me. Gake ne nuteƒemawɔmawɔ va dze eme hã la, srɔ̃tɔ fɔmaɖila aɖewo ɖonɛ be yewoalé srɔ̃ɖeɖea ɖe te. Le esi srɔ̃tɔ fɔmaɖila la nasusui dzro ko be nuwo ava nyo teƒe la, ele be wòabu emetsonuawo ŋu. Anyo ne ede ŋugble le viawo ƒe nuhiahiãwo kple eya ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ me, seselelãme, ŋutilã me, kple ga gome nuhiahiãwo ŋu.b Nunya anɔ eme hã ne ebu eŋu kpɔ be ɖe yeƒe srɔ̃ɖeɖea agate ŋu afɔ ɖe te hã.
Ðe Woate Ŋu Agbugbɔ Srɔ̃ɖeɖea Aɖo Tea?
Hafi xɔtula ate kpɔ be yeagbugbɔ xɔ si ahom sesẽ aɖe kaka la atu la, ele be wòakpɔe ɖa gbã be xɔa anya dzra ɖo hã. Nenema ke hafi srɔ̃tɔwo—vevietɔ srɔ̃tɔ nuteƒewɔla la—nadze agbagba be yewoagbugbɔ adzra ƒomedodo si me nuteƒemawɔmawɔ gblẽ ɖo la, woadi be yewoadzro nuwo me akpɔ tsitotsito be yewoate ŋu aganɔ anyi aka ɖe yewo nɔewo dzi le srɔ̃ɖeɖea me hã.
Nya vevi ɖeka si ŋu wòhiã be woabue nye be, ɖe srɔ̃tɔ fɔɖila la trɔ dzime vavãa alo ɖe ema teƒe la, egale ahasi wɔm “le eƒe dzi me.” (Mateo 5:27, 28) Togbɔ be edo ŋugbe be yeawɔ tɔtrɔ hã la, ɖe mele lɔlɔ̃m be yeatso agbegbegblẽnɔnɔ kadodoa me kpata oa? (Mose II, 20:14; Mose III, 20:10; Mose V, 5:17) Ðe wòganɔ ŋku trem na nyɔnu bubuwo kokokoa? Ðe wòbua fɔ srɔ̃a be eyae na yewɔ ahasia? Ne nenemae la, ke anɔ eme be agbagbadzedze be woana kakaɖeamedzi nagaɖo srɔ̃ɖeɖea me la madze edzi o. Gake ne etso agbegbegblẽnɔnɔ kadodoa me, elɔ̃ be yeda vo, eye wòɖee fia be yeɖoe kplikpaa be yeagbugbɔ atu srɔ̃ɖeɖea ɖo la, kakaɖedzi ate ŋu asu srɔ̃a si wòakpɔ mɔ be kakaɖeamedzi vavãtɔ agate ŋu ava nɔ anyi gbeɖeka.—Mateo 5:29.
Azɔ hã, ɖe srɔ̃tɔ nuteƒewɔla la alɔ̃ atsɔe akea? Mefia be wòazi kpi ɖe veve helĩhelĩ si wòse ɖe nya si dzɔ ta la dzi alo wòawɔ abe ɖe naneke medzɔ o ene o. Nusi wòfia enye be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wòadzudzɔ dzibibi kaɖikaɖi. Tsɔtsɔke nenema xɔa ɣeyiɣi gake enyea gɔmeɖokpe si dzi woagbugbɔ atu srɔ̃ɖeɖea ɖo.
‘Nugbegblẽawo’ Ðeɖeɖa
Ne srɔ̃tɔ nuteƒewɔla la lɔ̃ be yewoagbugbɔ srɔ̃ɖeɖea aɖo anyi la, afɔ kawoe wòle be srɔ̃tɔawo naɖe? Abe alesi wòle be woalɔ nugbegblẽwo ɖa ne ahom sesẽ aɖe gbã aƒe aɖe gudugudu vɔ megbe ene la, ele be woalɔ “nugbegblẽ” siwo le srɔ̃ɖeɖea me hã ɖa. Nusia anya wɔ ase ɖe afia aɖe ne srɔ̃tɔawo ɖe woƒe seselelãmewo gblɔ na wo nɔewo. Lododowo 15:22 gblɔ be: “Afisi aɖaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “aɖaŋudede” la fia ƒomedodo kplikplikpli eye woŋlɔe be enye ‘hadede kplikplikpli’ le Psalmo 89:8. Eyata manye numedzodzro flɛflɛflɛ dzro ko o, ke boŋ ame evea natsɔ anukwareɖiɖi kple moveviɖoɖo aƒo nui eye woaɖe woƒe seselelãme goglowo agblɔ.—Lododowo 13:10.
Le kpɔɖeŋu me, biabia bubuwo aganɔ srɔ̃tɔ nuteƒewɔla la si wòadi le go aɖewo me be yeabia ye srɔ̃a. Aleke wo kple ame kemɛa dze zɔzɔ gɔmee. Ɣeyiɣi didi kae wònɔ ha dem? Ameka hãe nya nu tso eŋu? Enye nyateƒe be nya vevi siawo me dzodzro ate ɖe srɔ̃tɔawo dzi ya. Gake nya siawo nyanya ahiã na srɔ̃tɔ nuteƒewɔla la hafi woagate ŋu aka ɖe wo nɔewo dzi. Ne aleae la, ke anyo wu be srɔ̃tɔ nuteƒemawɔla la naɖo nya ŋu le anukwareɖiɖi kple ameŋububu me. Ele be wòatsɔ lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo aɖe nu mee, eye wòanɔ susu me nɛ be nuwo ɖɔɖɔɖo tae yewole nyawo me dzrom ɖo ke menye be woatsɔ ado vevesese nɛ tae o. (Lododowo 12:18; Efesotɔwo 4:25, 26) Ne ame evea le woƒe seselelãmewo gblɔm tso nusi dzɔ ŋu la, ele be woazã aɖaŋudzedze, ɖokuidziɖuɖu, eye be woatsɔ veveseseɖeamenu ase nya na wo nɔewo.c—Lododowo 18:13; Korintotɔwo I, 9:25; Petro II, 1:6.
Amesiwo nye Yehowa Ðasefowo adi be yewoadi kpekpeɖeŋu tso hamemegãwo gbɔ. Gake le Kristotɔwo gome la, ele be woaʋu nuvɔ̃wo abe ahasiwɔwɔ ene me na hamemegãwo enumake, amesiwo tsɔ ɖe le srɔ̃tɔawo kple hamea ƒe gbɔgbɔ me nyonyo me. Anɔ eme be esi ahasiwɔla la kpe kple hamemegãwo la, eɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia ale be woɖe mɔ nɛ be wòaganɔ hamea me. Ne ele alea la, ke hamemegãwo ate ŋu ayi edzi anɔ kpekpem ɖe srɔ̃tɔ evea ŋu.—Yakobo 5:14, 15.
Nuwo Dzadzraɖo
Ne srɔ̃tɔawo na woƒe dzi fa ɖo afi aɖe vɔ la, woate ŋu adzra woƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe akpa vevi aɖewo ɖo. Dzeɖoɖo moveviɖoɖotɔe gahiã kokoko. Ne wode dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo la, ele be woawɔ tɔtrɔ siwo sɔ enumake.
Srɔ̃tɔ agɔdzela la dzi koŋue agba le be wòawɔ tɔtrɔ. Gake ele na srɔ̃tɔ fɔmaɖila la be wòawɔ eƒe akpa dzi le nusiwo gblẽ le srɔ̃ɖeɖea me la dzadzraɖo me. Mefia be eƒe vodada tae ahasiwɔwɔa dzɔ alo be woate ŋu ado taflatse ɖe eta o—susu nyui aɖeke meli si ta woawɔ nuvɔ̃ ma o. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 3:12; Yohanes I, 5:3.) Efia ko be kuxi aɖewo anya nɔ srɔ̃ɖeɖea me si gbɔ wòle be woakpɔ. Ame eve ƒe dɔe nuwo dzadzraɖo le srɔ̃ɖeɖea me nye. Ðe wòhiã be miado ŋusẽ miaƒe agbemedzidzenuwo kple taɖodzinuwoa? Ðe mieŋe aɖaba ƒu gbɔgbɔmenuwo dzia? Dzesidede gbɔdzɔgbɔdzɔ veviwo kple tɔtrɔ siwo hiã la wɔwɔ le wo ŋu nye nu vevi si hiã le srɔ̃ɖeɖe si me nuwo gblẽ le kura la dzadzraɖo me.
Asitɔtrɔ le Eŋu
Xɔ si wotu nyuie gɔ̃ hã hiã beléle edziedzi. Ke aleke gbegbe wòhiãe nye si be woalé be na ƒomedodo si wogbugbɔdzra ɖo la. Mele be srɔ̃tɔawo nalala ɣeyiɣi nava yi si ana tame si woɖo kplikpaa be yewoawɔ ɖe yewoƒe nyametsotso yeyewo dzi la nu nafa o. Le esi teƒe be dzi naɖe le wo ƒo le gbɔdzɔgbɔdzɔ suesuewo abe dzemaɖomaɖo nyuie ene ta la, ele be woatso bla aɖɔ nuwo ɖo eye woaɖe zɔ yi ŋgɔgbe.—Lododowo 24:16; Galatiatɔwo 6:9.
Ƒo wo katã ta la, ele be srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua natsɔ woƒe gbɔgbɔmedɔwo aɖo nɔƒe gbãtɔ, woagaɖe mɔ gbeɖe be esia, alo woƒe srɔ̃ɖeɖe nava xɔ nɔƒe evelia na nu bubu aɖeke o. Psalmo 127:1 gblɔ be: “Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroe etulawo le agbagba dzem le eŋu.” Yesu hã xlɔ̃ nu be: “Amesiame, si sea nye nya siawo, eye mewɔa wo dzi o la, woatsɔe aɖo ŋutsu manyanu, si tu eƒe xɔ ɖe ke dzi la ŋuti; eye tsi dzana, eye tɔwo ɖɔna, eye yawo ƒona, eye wova nyẽa zi le nenem xɔ ma te, eye wòmu, eye eƒe anyidzedze ɖi gbloo.”—Mateo 7:24-27.
Ẽ, ne woŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi kple susu be wo dzi wɔwɔ sesẽ ta la, srɔ̃ɖeɖea me ate ŋu agagblẽ ne nuteƒemawɔmawɔ ƒe ahom sesẽ aɖe gatu. Gake ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu lé Biblia ƒe dzidzenuwo me ɖe asi le nya sia nya me la, Mawu ayra ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖea dzi. Nusi sẽ wu ɖesiaɖe si doa ŋusẽ ame be woawɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖe me la asu wo si—didi be woadze srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila, Yehowa Mawu, ŋu.—Mateo 22:36-40; Nyagblɔla 4:12.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Susu nyuiwo li si ta ame atiae be yeagbe ye srɔ̃ si wɔ ahasi. Kpɔ “Biblia ƒe Nukpɔsusu: Ahasiwɔwɔ—Woatsɔe Ake Alo Womatsɔe Ake Oa?” si le August 8, 1995, Nyɔ!, me hena numedzodzro tsitotsito le nya sia ŋu.
b Míetsɔe be ŋutsuae nye srɔ̃tɔ si mewɔ nuteƒe o. Numekuku aɖe fia be ŋutsuwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ƒe agbɔsɔsɔ nye nyɔnuwo tɔ teƒe eve. Gake gɔmeɖose siwo me dzrom míele la ku ɖe ŋutsu Kristotɔ hã ŋu ne eyae nye srɔ̃tɔ fɔmaɖila la.
c Kpɔ March 8, 1994, ƒe Nyɔ! axa 6-9, kple Eŋlisigbe me tɔ December 8, 1994, axa 10-13, hena nyatakaka le toɖoɖo nyui ŋu.