INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 5/8 axa 13-15
  • Nukatae Manɔ Dɔ Lém Alea Gbegbe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Manɔ Dɔ Lém Alea Gbegbe?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Nukatae Esia Le Dzɔdzɔm Ðe Dzinye?’
  • Vɔvɔ̃ la Dzi Ðuɖu
  • Akɔkpekpe Kple Dɔléle
  • Kɔdziyiyi—Menye Dzidzɔnyae Wònyena O
  • Dɔmavɔleameŋu—Ƒomea ƒe Agbae
    Nyɔ!—2000
  • Tenɔnɔ Ðe Wò Dɔlélea Nu Dzidzedzetɔe—Le Mɔ Ka Nu?
    Nyɔ!—2001
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Dɔléle Alea Gbegbe Nu?
    Nyɔ!—1997
  • Jason Worilds: Yehowa Subɔsubɔ Ana Nàkpɔ Dzidzedze Godoo
    Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 5/8 axa 13-15

Sɔhɛwo Biana Be

Nukatae Manɔ Dɔ Lém Alea Gbegbe?

ESIME Jason xɔ ƒe 13 la, eɖo tame be gbeɖeka yeanye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla awɔ dɔ le Betel le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York. Ekpa aɖaka aɖe na eɖokui eye wòyɔnɛ be Betel-ɖaka. Edze egɔme nɔ nusiwo wòsusu be woaɖe vi na ye ne yedze Betel-subɔsubɔdɔ gɔme la nu ƒoƒo ƒu ɖe eme.

Gake esime Jason xɔ ƒe 18 kple ɣleti etɔ̃ ko la, wode dzesii be Crohn-dɔ le eŋu—dɔmedɔ vɔ̃ɖi sesẽ aɖe. Egblɔ be: “Ena nye lãme gbã guduu zi ɖeka. Nusi mete ŋu wɔ koe nye be meyɔ Fofonye le dɔme eye mefa avi nɛ. Menya be ne megblẽ nu boo o hã la, efia ko be Betel yiyi ƒe susu si le asinye la ƒe nuwuƒee nye ma.”

Nusi koŋ na “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi” ye nye dɔléle. (Romatɔwo 8:22) Sɔhɛ miliɔn gbogbo aɖewo hã le dɔnɔawo dome. Ete ŋu vaa eme be sɔhɛ geɖewo hayana. Gake bubuawo ya kpea fu le dɔléle siwo gbea vɔvɔ alo, le go aɖewo kura me la, le esiwo dea woƒe agbe afɔku me la si me. Dɔléle siwo me sɔhɛwo kpea fu le zi geɖe dometɔ aɖewoe nye gbɔxi, suklidɔ, ʋume nu gbagbevidzẽgobɛwo ƒe dɔléle, dɔxɔleameŋuwo, kpeŋui, tagbɔdɔ, kple dɔdzẽ. Dɔléle ƒomevi vovovoe nɔa sɔhɛ aɖewo ya ŋu.

‘Nukatae Esia Le Dzɔdzɔm Ðe Dzinye?’

Ne míeda vevesese ɖe akpa la, zi geɖe la, dɔléle naa nu tena ɖe ame dzi eye wòɖea fu na susu nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne dɔléle na nètsi aƒeme ɣleti geɖe mède suku o la, menye ɖeko nàtsi megbe le sukunusɔsrɔ̃ me ko evɔ o, ke ana hã be màte ŋu ade ha kple mia tɔwo o. Esi wòhiã be Sunny si xɔ ƒe 12 nado kpo sukudede esi wòva tsia kɔdzi edziedzi ta la, efa konyi be, ‘Nuka wɔmee nye sukuhatiwo le? Nukae le ŋunye tom egbea?’

Nenema ke wòate ŋu agblẽ nu le wò gbɔgbɔmetsitsi ŋui ne wò lãme gblẽna ale gbegbe be màte ŋu ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo o alo màte ŋu axlẽ Biblia kura gɔ̃ hã o. Ahiã be woakpe ɖe ŋuwò le seselelãme kple gbɔgbɔ me geɖe wu le nɔnɔme sia me. Ðewohĩ màka ɖe dɔléle si wokpɔ le ŋuwò la dzi gbã o. Emegbe la, àte ŋu ado dziku vevie, ɖewohĩ ɖe ɖokuiwò ŋu, ahanɔ susum be yeate ŋu aƒo asa na dɔlélea hafi. Ðewohĩ ɣeaɖewoɣi la, àdi be yeado ɣli sesĩe agblɔ be, ‘Nukatae Mawu ɖe mɔ nusia dzɔ ɖe dzinye ɖo?’ (Tsɔe sɔ kple Mateo 27:46.) Le nyateƒe me la, esɔ be nàlé blanui vi aɖe ya teti.

Gakpe ɖe eŋu la, sɔhɛ aɖewo ate ŋu asusu be ne yewodze agbagba tɔxɛ aɖewo, abe ne yewokɔ mo geɖe wu ene la, Mawu aɖe yewoƒe dɔlélea ɖa na yewo. Gake susu sia tɔgbe ana dzi naɖe le ame ƒo elabena Mawu medo ŋugbe be yeawɔ nukudɔyɔyɔwo le ɣeyiɣi sia me o.—Korintotɔwo I, 12:30; 13:8, 13.

Ðewohĩ ènɔ mɔ kpɔm be yemaku akpɔ gbeɖe o—be yeanɔ agbe esime Mawu ahe “xaxa gã” la vɛ. (Nyaɖeɖefia 7:14, 15; Yohanes 11:26) Ne nenemae la, ke ne èse be yele ku kple agbe ƒe dɔ aɖe lém la, ate ŋu ate ɖe dziwò le mɔ eve nu. Ànɔ ɖokuiwò biam be ɖe yewɔ nane hedze agɔ le Yehowa dzi loo, alo ɖewohĩ àsusu be Mawu ɖe wòtia wò be yeado wò nuteƒewɔwɔ akpɔ etɔxɛe hã. Gake esiawo menye nyataƒoƒo nyui o. Mawu ƒe Nya Biblia gblɔ be: “Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” (Yakobo 1:13) Dɔléle kple ku nye nusiwo naa amegbetɔƒomea sea veve le agbe si wòle fifia me, eye “azãgbe kple nuɖiɖeame” dzɔna ɖe mí katã dzi.—Nyagblɔla 9:11.

Vɔvɔ̃ la Dzi Ðuɖu

Ne dɔléle vɔ̃ɖi aɖe dze dziwò la, ate ŋu ana hã be vɔvɔ̃ gã aɖe nalé wò gbã. Agbalẽ si nye How It Feels to Fight for Your Life ƒo nu tso nusi wokpɔ le sɔhɛ 14 aɖewo siwo ŋu dɔléle sesẽ aɖewo nɔ ŋu la ŋuti. Le kpɔɖeŋu me, Anton si xɔ ƒe ewo vɔ̃ be gbɔxi vɔ̃ɖi aɖe si dze ye dzi la awu ye. Eye Elizabeth si xɔ ƒe 16 si nɔ avu wɔm kple ƒumedɔdzẽ ya nɔ vɔvɔ̃m be yeava dɔ alɔ̃ ko ado kpo nyɔnyɔ.

Ke sɔhɛ bubuwo ya vɔvɔ̃ ƒomevi vovovoe léa wo—vɔvɔ̃ be ame aɖeke malɔ̃ aɖe yewo gbeɖe o alo be vi siwo yewoava dzi emegbe la ƒe lãme masẽ o. Sɔhɛ bubuwo ya ne woƒe dɔlélea nye dɔ si woate ŋu axɔ le ame ŋu alo ne menyee o hã wovɔ̃na be yewoava ɖee ɖe ƒomea me tɔ susɔeawo ŋu.

Ne dɔlélea xɔ anyi nɔ koŋ alo ɖeko enu fa vie be wòagaho emegbe la, vɔvɔ̃ agate ŋu aƒo ɖe ame dzi. Ne èvɔ̃ nenema kpɔ la, ke ànya nusi tututu wònye. Dzɔgbenyuitɔe la, seselelãme gbegblẽ siwo hona ɖe ame me gbã la nu nɔa ɖiɖim ne ɣeyiɣiawo va le yiyim. Ekema àte ŋu adze alesi nàtrɔ asi le wò dɔlélea ŋui dada kpɔ.

Akɔkpekpe Kple Dɔléle

Jason si ŋu míeƒo nu le va yi gblɔ be: “Ne ènye sɔhɛ la àse le ɖokuiwò me be yesesẽ ate ŋu awɔ nusianu. Eyata ne èdze dɔ vevie zi ɖeka ko kpata la ana susu ma nabu ɖe wò. Àse le ɖokuiwò me be yeku amegã zi ɖeka le esi wòle be nàɖiɖi wò dɔwo dzi akpɔtɔ ta.” Ẽ, akɔkpekpe kple ame ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ alea ɖea fu ŋutɔ.

Jason de dzesii be kuxi gã nyadri bubu aɖe hã doa mo ɖa ne ame bubuwo mete ŋu se wò nɔnɔmea gɔme na wò o. Míate ŋu ayɔ dɔ si le Jason ŋu be “dɔléle makpɔmakpɔ.” Eƒe gotagome dzedzeme meɖea naneke fiana tso nusiwo le fu ɖem nɛ le ememe la ŋu o. Jason ɖe eme be: “Nye dɔgbo mete ŋu tua nuɖuɖu ɖe mɔ si dze nu o, eyata wòle be manɔ nu ɖum edziedzi eye meɖunɛ sɔa gbɔ wu ame geɖewo. Gake nyemele lãme hã kpɔm o. Nu tia kɔ nam ɣeaɖewoɣi hã ale gbegbe be nyemete ŋu nɔa ŋu le ŋkeke me o. Gake amewo gblɔa nya siwo fia be wosusu be nutsuɖula alo ɖɔɖɔetɔe menye. Wogblɔa nya siawo tɔgbe be: ‘Ènya be yeate ŋu awɔ geɖe wu hafi. Gake mèle agbagba aɖeke hã dzem o!’”

Jason nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo li, siwo ɣesiaɣi la, womesea nusita megate ŋu wɔa nusiwo wòwɔna tsã o abe wo kpɔkplɔ yi bɔlƒoƒee ene gɔme o. Jason gblɔ be: “Gake menya be ne nuvevi wɔm la, ate ŋu axɔ kwasiɖa geɖe hafi mahaya. Wodina be yewoatsɔ veve si mesena la asɔ kple yewo tɔ eye wogblɔna be, ‘Ðeko wòle ŋeŋem be woatsɔ ɖe le eme na ye.’ Woƒe veve helĩhelĩtɔ kekeake si wosena ate ŋu anɔ ko abe afɔɖɔliɖɔli ene, eyata womate ŋu anya alesi gbegbe mesea vevee la kura o.”

Ne ewɔ abe wò dɔlélea zu agba na miaƒe ƒomea ene la, ke ɖewohĩ ànɔ fɔ bum ɖokuiwò le esia ta. Dziwòlawo hã ate ŋu abu fɔ wo ɖokui. Jason gblɔ be: “Dzinyelawo xɔe se be anye yewoe tsɔ dɔlélea dzimee. Zi geɖe ne dɔlélea va mã ɖeviwo la, wote ŋu nɔa te ɖe enu. Gake eɖea fu na dzilawo ya vevie ŋutɔ. Woɖea kuku nam edziedzi. Ele be nye hã mawɔ tɔnye sinua ɣesiaɣi be mana woadzudzɔ fɔbubu wo ɖokui.”

Kɔdziyiyi—Menye Dzidzɔnyae Wònyena O

Ðɔktawo gbɔ yiyi edziedzi ate ŋu ate ɖe ame dzi. Ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be yenye amemaɖinu kple wɔnamanɔŋuitɔ. Be nànɔ kɔdzi amexɔɖoƒea ahanɔ lalam be woayɔ wò ɖeɖe dza ate ŋu adzi ŋɔ na wò. Joseph si xɔ ƒe 14 si ŋu dzidɔ nɔ gblɔ be, “Àtsi akogo . . . ale gbegbe eye anyo ŋutɔ ne ame aɖee do evelia na wò.” Nublanuitɔe la, sɔhɛ aɖewo dzilawo kura gɔ̃ hã mete ŋu naa kpekpeɖeŋu sia tɔgbe wo o.

Nenema ke ɖɔktawo ƒe amedodokpɔ aɖewo hã hea nuteɖeamedzi vɛ. Ne míato nyateƒe la, amedodokpɔ aɖewo medoa dzidzɔ na ame kura o. Azɔ emegbe la, ahiã be nàdo dzi ŋkeke alo kwasiɖa geɖewo esime nèle amedodokpɔa me tsonuwo lalam. Gake esia nenɔ susu me na wò: Be woado ame kpɔ le kɔdzi mele abe sukudodokpɔ wɔwɔ ene o; be dɔléle nanɔ ŋuwò mefia be nège le dodokpɔa me o.

Le nyateƒe me la, amedodokpɔ ate ŋu aɖe nu vevi aɖewo afia. Ate ŋu aɖee afia be dɔléle aɖe si woate ŋu ada bɔbɔe ye le ŋuwò. Alo ne meva eme nenema o la, amedodokpɔa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya alesi nàwɔ anɔ te ɖe dɔlélea nui. Ate ŋu aɖee afia gɔ̃ hã be dɔ aɖe si wosusu be eya lémee nèle la mele ŋuwò hafi o. Eyata dze agbagba be nàgatso kpata ko aƒo nya ta tso wò dɔlélea ŋu o.

Ðeko nuxaxa fũ hã agblẽ nu le ŋuwò ɖe edzi. Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi.” (Lododowo 12:25) Mawu kpe mí boŋ be míagblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo na ye. Ehiã be míaka ɖe edzi be etsɔ ɖe le eme na mí eye be afia mɔ mí eye wòatsɔ nunya si akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe kuxia nu le mɔ nyuitɔ kekeake si nu wòanya wɔ le la ana mí.—Psalmo 41:4; Lododowo 3:5, 6; Filipitɔwo 4:6, 7; Yakobo 1:5.

Míate ŋu akpɔ dzidzɔ be mía Wɔla, Yehowa Mawu, wɔ ɖoɖo be yeakplɔ mí ayi dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye aɖe me. Afɔ amesiwo ku kura gɔ̃ hã ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔ wo be woase vivi le xexe yeye ma me. Biblia ka ɖe edzi na mí be le ɣemaɣi me la: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

Vaseɖe esime ɣemaɣi naɖo la, ɖewohĩ ahiã be nàdo dzi anɔ te ɖe dɔléle sesẽwo nu. Gake nu nyui geɖewo li nàte ŋu awɔ be nànɔ te ɖe wò nɔnɔmea nu dzidzedzetɔe. Míadzro esiawo me le nyati bubu me.

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðewohĩ àbia be, ‘Nukatae Mawu ɖe mɔ nusia dzɔ ɖe dzinye?’

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe