INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 8/8 axa 26-28
  • Nukata Wobua Fɔ Nye Ðeka Ɣesiaɣi?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Wobua Fɔ Nye Ðeka Ɣesiaɣi?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusita Dzilawo Bua Fɔ Ame Ðo
  • Ƒome Siwo me Kuxi Le
  • Tenɔnɔ Ðe Fɔbubu Madzemadzee Nu
  • Nukae Mawɔ be Womaganɔ Fɔ Bum Ɣesiaɣi O?
    Nyɔ!—1997
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Dzilaɖekɛwo, Kuxi Gbogbowo
    Nyɔ!—2002
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 8/8 axa 26-28

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Wobua Fɔ Nye Ðeka Ɣesiaɣi?

“Nanewo ƒe ʋeʋẽ alo wozazã hoa dɔ na fofonye evɔ atamanolawo domee wòwɔa dɔ le. Dzi nɔa ekum hafi wògbɔna vaa aƒeme ɣeaɖewoɣi. Meɖoa ŋku afisi wòda nanewo ɖo o eye wòdaa vodada ɖe dzinye. Ne megblɔ nɛ be eya ŋutɔe bu nua la, edoa dziku gblɔna nam be nyemekpɔ mɔ aɖɔ ye ɖo o.”—Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe.

ÐE WÒWƆNA na wò ɣeaɖewoɣi be dziwò koe ƒomea daa fɔbubu ɖesiaɖe ɖoa? Ðe wòdze abe wò koe wobua fɔe ne nusianu gblẽ enea? Nenemae Joy si xɔ ƒe 14 la susuna. Dzilaɖekaƒome mee wòle eye eyae kpɔa eyometɔ ŋutsuvi kple nyɔnuvi dzi zi geɖe. Joy fa konyi be: “Manɔ dziƒoxɔ etetɔ me hafi woadze dzrewɔwɔ gɔme. Bometsinu kple ɖevinu sɔŋ koe wowɔna, gake ne Papa gbɔ va aƒeme ko la, ebluna ɖe tanye le esi nyemenɔ afima alé avu wo o ta.”

Ne dziwòlawo yɔa wò be ènye ɖevi gbegblẽ, kuviatɔ, alo yakame alo wotsɔa ŋkɔ bubuwo na wò siwo nana wòdzena abe wò ya ɖe nègblẽ tso eme ene la, ɣeaɖewoɣi adze abe ɖe wodi be eme naganyo na wò ya o ene gɔ̃ hã. Ramon ƒe ƒomea me tɔwo tsɔ ŋkɔ nɛ be enye nufialagã si ŋlɔa eɖokui be—enye megbeŋkɔ si medzɔa dzi nɛ kura o. Ðewohĩ megbeŋkɔ alo ŋkɔ aɖe si wotsɔ na wò si na wokpɔa wò vodadawo la medzɔa dzi na wò hã o, ne ɖe wotsɔe le vivi dom ɖe ŋuwò gɔ̃ hã. Le esi teƒe be ŋkɔ gbegblẽ si wotsɔ na wò nana nàwɔ tɔtrɔ la, ɖeko wòana nàsusu be ye koe daa vo ɣesiaɣi.

Fɔbuamea agave wò wu ne esi wolɔ̃a ame aɖe wu wò tae. Ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Frankie gblɔ be: “Nyee nye vi evelia le ɖevi etɔ̃ dome, eye nye koe wotua nu kplii ɣesiaɣi.” Adze abe ɖe nɔviwòwo ya meɖia fɔ o ale be ne nane dzɔ teti ko la, wobua wò ya agɔdzelae ene.

Nusita Dzilawo Bua Fɔ Ame Ðo

Ele eme baa be esɔ be dzilawo naɖɔ wo viwo ɖo ne woda vo. Nyateƒee, ɖɔɖɔɖo nyui si ŋu taɖodzinu nyui le la nye mɔ siwo dzi dzila Mawu vɔ̃lawo tona hea wo viwo le “Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ me” la dometɔ ɖeka. (Efesotɔwo 6:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, dzila nyuitɔwo gɔ̃ hã ate ŋu awɔ nu wòagbɔ eme alo atso nya me eŋumabumabui. De ŋugble le nya aɖe si dzɔ esime Yesu nye ɖevi la ŋu kpɔ. Yesu bu gbemagbe. Eva dzɔ be enɔ Mawu ƒeme nɔ Biblia me dzewo ɖom. Togbɔ be enɔ alea hã la, esi edzilawo kpɔe la, dadaa bia be: “Vinye, nukaŋuti nèwɔ ɖe mía ŋu ale? Kpɔ ɖa, mía kple fofowò míedi wò kple nuxaxa.”—Luka 2:48.

Esi Yesu nye ame deblibo ta la, susu aɖeke meli si ta woavɔ̃ be ava wɔ nu tovo o. Gake dadaa kpɔe be ɖevi la nye yeƒe agba eyata ewɔ nu kple dzitsitsi abe alesi dzila lɔ̃amewo katã awɔe ene, kple susu be ɖewohĩ nane agblẽ le ɖevia ŋu. Nenema ke dziwòlawo ate ŋu awɔ nu wòagbɔ eme ɣeaɖewoɣi, menye kple susu be woaɖe fu na wò alo asẽ tame le ŋuwò o, ke le alesi wotsɔ ɖe le eme na wò vevie tae.

Azɔ hã nyae be míele “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asẽ la” me. (Timoteo II, 3:1, NW) Esi dziwòlawo le dɔ wɔm hafi gale ƒomea dzi kpɔm ta la, woxaxana eye nusia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi wowɔa nu ɖe ŋuwòe dzi. (Tsɔe sɔ kple Nyagblɔla 7:7.) Tagbɔdɔ ŋuti dɔwɔla aɖe gblɔ be: “Ne nya sesẽ aɖewo le edzi yim le ƒome aɖewo me la, dzilawo ate ŋu ado dziku eye woawɔ nyametsotsowo nuŋumabumabui togbɔ be woanye ame ɖɔʋuwo gake.”

Dzilaɖekɛwo koŋue ate ŋu aɖe dziku ɖe wo viwo ŋu wu, le esi kpeɖeŋutɔ aɖeke meli woaɖo dze kplii o ta. Nyateƒe wònye be menye dzidzɔnya be dzi naɖe le dzila ƒo eye nàkpe fu ɖe eta o. Lucy si xɔ ƒe 17 gblɔ be: “Ne mewɔ nane eye wòhia be woahe to nam la, megblẽ o. Gake ne woahe to nam le esi dada mele dzidzɔ kpɔm o ta la, ke menyo kura o.”

Amedzidede nye nu bubu si gbɔ wòtsona. Togbɔ be dzila lɔ̃a viawo katã hã la, edzɔna be elɔ̃a ɖeka wu bubuawo o.a (Tsɔe sɔ kple Mose I, 37:3.) Enye vevesese be nàkpɔe be yee nye ɖevi si womelɔ̃na o. Gake ne edze abe ɖe womele wò nuhiahiãwo gbɔ kpɔm o alo be wobua fɔ wò ɖe nusiwo nɔviwòwo wɔ ta la, ke fuléle akplɔe ɖo godoo. Ðetugbi si nye Roxanne gblɔ be: “Nɔviŋutsu aɖe le asinye si nye Darren. Enye ame maɖifɔ le Dada gbɔ. . . . Nye koe wòbua fɔe, mebua fɔ Darren ya gbeɖe o.”

Ƒome Siwo me Kuxi Le

Ƒãa hafi wobua fɔ ame madzemadzee le ƒome ɖɔʋuwo me. Gake fɔbuame, ŋukpedoame, kple vlodoame ate ŋu anye nusi yia edzi ɖaa le ƒome siwo me kuxi le me. Ɣeaɖewoɣi la, “veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ” kpena ɖe fɔbubua ŋu.—Efesotɔwo 4:31.

Ðe wòle be woabu fɔ sɔhɛ ɖe dzila ƒe dzikuɖeɖefia mawo ta? Enye nyateƒe be vi ŋutsuvi alo nyɔnuvi tomaɖola nye “dziku” na dzila. (Lododowo 17:25) Gake dzilawoe Biblia gblɔ na be: “Migado dziku [le nya la nu la, “anɔ dɔmedzoe dom”] na mia viwo o.” (Efesotɔwo 6:4) Abe alesi wòle le Kristotɔ ɖesiaɖe gome ene la, ele na dzila be wòaɖu eɖokui dzi, “[ado] dzi le vɔ̃ me.” (Timoteo II, 2:24) Eyata ne dzila mete ŋu ɖu eɖokui dzi o la, mele be wòabu fɔ via ɖe eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta o.

Dzugbewo zazã ate ŋu afia be dzila le nu xam, nu te ɖe edzi, alo be megabui be viɖe le ye ŋu o. Ate ŋu afia hã be srɔ̃ɖeɖe me nuxaxawo alo ahamumue nye kuxi le fu ɖem nɛ. Nyatakakatsoƒe aɖe gblɔ be zi geɖe la, dzila siwo nu muamewo zu numame na ƒe viwo zua fɔbubuxɔlawo. “Woƒe nuwɔna aɖeke menyona le woƒe ŋkume o. Woate ŋu ayɔ wo be ‘bometsila,’ ‘vi vɔ̃,’ ‘ɖokuitɔdila,’ kple bubuwo. Ƒomea me tɔwo ate ŋu atɔ ŋku ɖevi ma (alo ɖevi mawo) be eyae nye ‘kuxia’ eye woɖea susu le woa ŋutɔwo ƒe seselelãme kple kuxi siwo ɖea fu na wo la dzi.”

Tenɔnɔ Ðe Fɔbubu Madzemadzee Nu

Ðk. Kathleen McCoy gblɔ be: “Megbeŋkɔ tsɔtsɔ na ɖevi, edada ɖe anyi, kple ɖeklemiɖeɖe le eya amea ŋu . . . ate ŋu ana ƒewuivia nabu eɖokui ame ɖigbɔ, alé blanui eye wòagbe dzeɖoɖo.” Alo abe alesi Biblia ŋutɔ gblɔe ene la, adãnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ate ŋu ana ‘woado dziku’ eye wòana ‘woalé blanui.’ (Kolosetɔwo 3:21) Ðewohĩ àva nɔ ɖokuiwò bum be ɖe yemeɖo ta o ene. Àva nɔ susu vɔ̃ hã bum ɖe dziwòlawo ŋu. Ðewohĩ àƒo nya ta be naneke meli yeawɔ wòadze wo ŋu o eye mehiã be yeanɔ fu ɖem na ye ɖokui o. Dziku kple fuléle ate ŋu age ɖe mewò, eye ana nàgbe hehexɔxɔ—ne wokpɔ vodada heɖɔ wò ɖo gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Lododowo 5:12.

Aleke nàwɔ anɔ te ɖe enui? Nɔnɔme si me nèle gbɔe nya la le. Nukata màgbɔ dzi ɖi atsɔ susu nyui alé ŋku ɖe eŋu o? Le kpɔɖeŋu me, nyateƒe wònye be wobua fɔ wò ɣesiaɣia? Alo ɖeko wònye be dziwòlawo ɖea ɖeklemi akpa ɣeaɖewoɣi ale be wogblɔa nya madzemadzea? Biblia gblɔ be, “mí katã [míedaa] vo le nu geɖewo me,” eye dziwòlawo hã le eme. (Yakobo 3:2) Eyata ne dziwòlawo wɔa nu wògbɔa eme ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã la, ɖe wòhiã be wò hã nàwɔ nu wòagbɔ emea? Aɖaŋu si Biblia ɖo le Kolosetɔwo 3:13 (NW), asɔ nyuie be: “Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe ame aɖe ŋuti. Alesi Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”

Vevesese ɖe dziwòlawo nu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nusia. Lododowo 19:11 gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” Ne ewɔ abe fofowò ƒe dziku flãna kabakaba ne egbɔ tso dɔme eye wòbua fɔ wò ɖe nusi mèwɔ o ta la, ɖe wòhiã be nàna nya la nazu nya gã? Ne èdze sii be nuteɖeamedzi kple ɖeɖiteameŋue le fu ɖem nɛ la, awɔe be ‘nàɖe kɔ ɖa le eƒe dzidada ŋu.’

Ke ne menye ɣeaɖewoɣi koe wobua fɔ wò madzemadzee tsɔ doa dziku na wò o gake wònye nusi yia edzi ɖaa ya ɖe? Nyati si míagata emegbe adzro mɔ siwo dzi nàto aɖɔ wò nɔnɔmea ɖo la me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Nukata Wòsesẽ Alea Gbegbe be Mía Kple Nɔvinyeŋutsu Kple Nɔvinyenyɔnu Dome Nanyo?” si le míaƒe July 22, 1987, Eŋlisigbe me tɔ ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ne dzila ɖɔ ame ɖo ne ehiã la, menye nu gbegblẽ o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe