Ŋkuléle Ðe Xexeame ŋu
Kluvisitsatsa le Brazil
Xexemesɔlemehawo ƒe Habɔbɔ (WCC) ƒe ENI Bulletin ka nya ta be: “Woɖo kluviwo ɖe Brazil zi gbɔ zi ewo wu esiwo woɖo ɖe United States—gake kluvi siwo wokplɔ yina Brazil la kuna kabakaba ale gbegbe be ameyibɔ siwo nɔ United States ƒe xexlẽme ƒe afã koe nɔ Brazil le ƒe 1860 me.” Wobu akɔnta be Afrika-kluviwo ƒe alafa memamã 40 ku le meliwo me. Bene Afrika-kluviawo ƒe asi nakɔ mo dzi la, wowua tsi ɖe wo katã dzi tsɔ dea mawutsi ta na wo eye nunɔlawo nɔa “mawutsidetanyawo” gblɔm. Esime WCC-ŋgɔnɔla ɖeka si nye Aaron Tolen, amesi tso Cameroon nɔ nu ƒom le “ŋkuɖodzi, dzimetɔtrɔ kple ɖekawɔwɔ” ƒe sɔleme aɖe si wowɔ le Salvador, Brazil la, egblɔ be: “Menye amesiwo kplɔ mí va afisia ɖeɖekoe kpɔ gome le nu wɔnublanui sia me o. Mí Afrikatɔwo hã míekpɔ gome le eme. Míeɖi gbɔ̃ mía ɖokuiwo esi míedzra mía nɔvi ŋutsuwo kple nyɔnuwo abe adzɔnuwo ene.”
Europatɔ Atamanolawo
Frankfurt, Germany, ƒe Nassauische Neue Presse gblɔ be ne woabui ɖe ame ɖekaɖeka nu la, Europa kple China vidzidziwoe noa atama wu amesiame le xexeame godoo. Le Europa-dukɔwo me la, ŋutsuwo ƒe alafa memamã 42 kple nyɔnuwo ƒe alafa memamã 28 noa atama. Gake amesiwo xɔ tso ƒe 25 va ɖo 39 domee enolawo sɔ gbɔ le wu. Atamanono wua ame 100,000 le Germany kple 100,000 bubu le Britain ƒe sia ƒe. Woda dzitodzito me dɔdzẽ dɔ na Czech Dukɔa ƒe kplɔla, Václav Havel, si nye atamatsunola ƒe geɖe la nyitsɔ laa. Süddeutsche Zeitung ka nya ta be dukplɔla la ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Europatɔwo ƒe habɔbɔ aɖe si woyɔna be Atamanono alo Lãmesẽ hegblɔ na wo be amesi te ŋu dzudzɔ atamanono ƒe nu nyoa ye ŋu.
Ðe Toɣliɖeɖe De Dɔ Lãme na Wòa?
Numekuku si wota ɖe Britain ƒe magazine si nye New Scientist me gblɔ be ne ɣli si ɖina ɖe to me na wò nu mesẽ boo o hã la, ate ŋu ade dɔ lãme na wò. Numekuku ma wɔe be Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gatrɔ asi le mɔfiame siwo wòna tso toɣliɖeɖe si magblẽ nu le zã me o ŋuti. Nusi ŋu wogatsi dzi ɖo etɔxɛe enye kpeɖodzi si fia be ate ŋu agblẽ nu le ɖeviwo koŋ ŋu. Wokpɔe le numekuku aɖe me be ɖevi siwo ƒe aƒe te ɖe Munich ƒe dukɔwo dome yameʋudzeƒe ŋu ƒe ʋusisi ƒe ŋusẽ nu sẽ wu eye woƒe lãmetsi si woyɔna be adrenaline sɔ gbɔ wu. Numekulaawo kpɔe hã be nu gblẽ le ɖeviawo ƒe nuxexlẽ kple woƒe ŋkuɖoɖonudzi hena ɣeyiɣi didi ƒe ŋutetewo ŋu. Arline Bronzaft si nya nu tso gbeɖiɖi sesẽ ŋu gblɔ be amesiwo wòdze abe ɖe wote ŋu nɔa te ɖe ɣlidodo nu la “gblẽa nu le woƒe ametia ŋu ɣesiaɣi. Toɣliɖeɖe nye nusi dea dɔ lãme na ame eye mlɔeba la, eva gblẽa nu le ŋutilã la ŋu.”
Lãwutike ƒe Afɔkuwo
Dukɔwo Dome Mɔli Ŋuti Numekuƒe si le Philippines gblɔ be mɔli agbɔsɔsɔme si wokpɔna akpɔtɔ anɔ nenema ko nenye be agbledelawo mezã lãwutike aɖeke o. Nudzodzoeŋutinunyala aɖe si tso mɔli ŋuti numekuƒea gblɔ le Xexeame ƒe Nuɖuɖu Ŋuti Takpekpe si wowɔ le Philippines me be atike wuwu ɖe agblemenuwo dzi fũ nye nu dome gbegblẽ eye mehiã o. Magazine si nye New Scientist gblɔ be, menye ɖeko agbledelawo wua atikewo le ƒea ƒe ɣeyiɣi si mesɔ o me ko evɔ o ke wowua nudzodzoe siwo mele be woawu o hã. Gawu la, agbledela geɖe mewɔna ɖe dedienɔnɔ ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ne wole atikewo wum o eye wozãa atikewumɔ̃ siwo naa atikea dona memie eye wòɖoa ŋɔti me na ame kaba la, alo woblua gbewutikewo ɖe ke me tsɔna asi kakanɛ. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ ka nya ta be fifia la, lãwutikewo wua ame 220,000 eye wòna aɖi sia ame miliɔn etɔ̃ vevie ƒe sia ƒe le xexeame godoo.
Ƒewuiviwo Ðɔ Dzila Nyuiwo
Dzila kae ƒewuiviwo bu be enyo? Be woanya la, sukuɖaŋuɖola kple susuŋutinunyala Scott Wooding wɔ numekuku le ƒewuivi 600 kple edzivɔ ŋu. Sɔhɛawo ƒe ŋuɖoɖowo wɔ nuku na Wooding elabena enɔ mɔ kpɔm be woagblɔ be dzila si ɖea mɔ ɖe nusianu ŋue nyo. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Toronto Star gblɔ be ƒewuiviawo ƒe nu sɔ be yewodi “ameŋkumemakpɔmakpɔ, ɖetsɔleme (‘wodi be yewoase nyawo abe: “Melɔ̃ wò”’), nukokoedoame, [kple] kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo.” Wooding kpɔe hã be ƒewuiviawo di be yewo dzilawo nakpe ɖe yewo ŋu bene yewoate ŋu atsɔ agbanɔamedzi. Ne yewo wɔ nu gbegblẽ la, yewo kpɔ mɔ be woahe to na yewo. Vevietɔ wu la, sɔhɛawo gblɔ be edzroa yewo vevie be yewo dzilawo nakpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe yewo ŋu.
Atikewɔwɔ Ʋumadomadoe
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Globe and Mail ka nya ta be: “Vɔvɔ̃ na ʋu me dɔlélewo kpakple ʋu si amewo na ƒe vɔvɔ kura wɔe be wole agbagba dzem vevie be woadzudzɔ ʋudodo alesi gbegbe woate ŋui.” Le atikewɔwɔ kple amekoko ʋumadomadoe me la, wokpɔa egbɔ beléletɔe be ʋu aɖeke nagado le ame ŋu o, eye Globe gblɔ be “dɔdada na Yehowa Ðasefowoe na woto aɖaŋumɔ yeye geɖe vɛ gbã.” Ðk. James A. Robblee si nye amedealɔ̃mela le Ottawa Dzi Ŋuti Nusrɔ̃ƒe ƒe Yunivɛsiti, si nye kɔdzi geɖe siwo le ame kom ʋumadomadoe dometɔ ɖeka la gblɔ be: “Le nyateƒe me la, mesusui be [Yehowa Ðasefowo] na be míaƒe ŋku va ʋu ɖe dɔ sia ŋu ale gbegbe.”
Tso “Kpenuwo Zãɣi” Va Ðo Tuwo Zãɣi
Saɖaganyigba gã aɖe si nye avetsu le Brazil kple Venezuela domee nye afisi Yanomami Indiatɔwo le. Tso esime “woke ɖe wo ŋu” le ƒe 1960 ƒe ƒeawo me la, vivivi la wona Yanomamitɔwo va nya egbegbe nutovɛwo abe lãɖeƒuwo, ahuhɔ̃ewo, dzosinuwo, kple radiowo zazã. Gake Caracas, Venezuela, ƒe The Daily Journal gblɔ be nu yeye si gaɖo wo gbɔ fifia—si nye tu—va le afɔku zum na “Amerika ƒe Kpenuwo Zãɣi me to mamlɛtɔ.” Sikakulawo, asitsala tsatsalawo, kple mawunyadɔgbedelawo to adzɔnuwo ɖɔliɖɔli kple asitsatsa me na Yanomamitɔ siwo nɔa agbe abe blematɔwo ene la va nya tu zazã. Gake Yanomamitɔ etɔ̃ siwo tukpe lɔna wokuna le kwasiɖa ɖeka me la nye nu wɔmoya si na wova kpɔ afɔku dziŋɔ si egbegbe ŋkuʋuʋu hena vɛ la dze sii. Eyae Claudia Andujar, si nye Yanomamitɔwo Dzidelawo ƒe Habɔbɔ nunɔla gblɔ be: “Kpɔ afɔku si gbegbe wònye na to si me tɔwo ƒoa adegbe le aɖiŋutrɔwo, kpewo kple kpowo zazã le aʋawɔwɔ me ŋu ne wova nya tu kple ɖu zazã kaba alea la ɖa.”
Boso Gãtɔ Gale Dodom
Wode se sesẽwo ɖe boso gãtɔwo wuwu nu tso keke ƒe 1946 me ke. Ɣemaɣi la, wowu lã gã siawo siwo didi meta 30, eye wokpena tɔn 150 la wovɔ keŋkeŋ kloe. Gake fifia le United States ƒe Tɔdzisrafowo ƒe Gbeɖiɖidimɔ̃ ta la, wokpɔe be boso gbogbo aɖewo le Dziehe Atlantik nutome, siwo dometɔ aɖewo nye esiwo woyɔna be finback kpakple humpback, minke, kple boso gãtɔ si megabɔ o. London ƒe The Sunday Telegraph gblɔ be: “Boso geɖe le Britain-ƒuwo me wu alesi wosusui tsã.” Ðe wowɔ tsimegbeɖiɖilémɔ̃ siwo woda ɖe ƒu gɔme anɔ meta 3,000 la be woatsɔ ase ƒugɔmeʋawɔʋuwo ƒe ŋkɔ hafi. Gake wova kpɔe be wote ŋu le bosowo ƒe ɣlidodo siwo nu mesẽ o la hã lém. Boso gãtɔa ƒe ɣlidodo ɖina dea didiƒe kilometa 3,000 le tsi gɔme.
Srɔ̃gbegbe ƒe Nusrɔ̃ƒewoa?
The Dallas Morning News ka nya ta be le Pima Nutome, le Arizona, U.S.A. la, wobia tso dzila siwo di be yewoagbe srɔ̃ si be woade numedzrokpekpe gaƒoƒo ene kple afã bene woanya nusi wòagblẽ le wo viwo ŋu. Ðe woɖo nusrɔ̃ƒewo be woakpe ɖe dzilawo ŋu woanya “alesi woawɔ ɖoɖo ɖe sasrãkpɔwo ŋu” eye woade ŋugble le “ƒe si ɖevia axɔ hafi woana wòaɖanɔ dzila si ƒe dzikpɔkpɔ te mele o gbɔ le dzomeŋɔli” la ŋu. Vevietɔ wu la, nusrɔ̃ƒea dzikpɔla Frank Williams gblɔ be, wokpena ɖe dzilawo ŋu wonyana alesi ɖevia abu srɔ̃gbegbee. Ƒome ŋuti senyala Alyce Pennington gblɔ be: “Mebua tame le susu si ta wòle be woaxɔ hehe sia le esime srɔ̃ɖeɖea le enu wum la ŋu.” Nukata “womaxɔ hehe sia tɔgbe do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe boŋ o?”
Dukɔ si Dea Ame Gaxɔ Me Wu le Xexeame
United States ƒe Se Dɔwɔƒe gblɔ be le ƒe 1995 me la, ame 615 ye nɔ game le United States nɔla 100,000 ɖesiaɖe dome. The Wall Street Journal ka nya ta be enye ame agbɔsɔsɔme si wode game le ƒe 1985 me ƒe teƒe eve si na wònye gbogbotɔ le xexeame katã. Le akɔntabubu yeyetɔ (ƒe 1994 tɔ) si li nu la, Russia ye le teƒe evelia, afisi ame 590 nɔa game le ame 100,000 ɖesiaɖe dome le.
Nu Ŋudɔ Gbugbɔgawɔ Ðe Vi
Caracas, Venezuela, ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye El Universal gblɔ be ne wogbugbɔ wɔ gaɣi goewo ŋudɔ la, womagblẽ ŋusẽ si woazã atsɔ awɔ yeyewoe ƒe alafa memamã 90 dome o. Agbalẽwo ŋudɔ gbugbɔgawɔ hã megblẽa nu le nu gbagbewo kple wo nɔƒewo ŋu o. Ŋusẽ agbɔsɔsɔme si woate ŋu azã atsɔ awɔ agbalẽ yeyee ƒe alafa memamã si mede 50 o ye wozãna gatsɔ trɔa asi le agbalẽ ŋu gazãna, tsi ƒe ɖiƒoƒo dzi ɖena kpɔtɔna alafa memamã 58, eye ɖiƒoƒo ya dzi ɖena kpɔtɔna alafa memamã 74. Atukpa tɔ kura gaɖea vi wu elabena woagate ŋu atrɔ asi le eŋu azã zi gbɔ zi geɖe.