INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 1/8 axa 4-9
  • Aʋadziɖuɖu Kple Dzɔgbevɔ̃enya

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aʋadziɖuɖu Kple Dzɔgbevɔ̃enya
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wova Kpɔ Atike Nɛ, Mlɔeba!
  • Etrɔ Gbɔ Kple Ŋusẽ
  • Nukatae Wògatrɔ Gbɔ Kple Ŋusẽ Alea?
  • AIDS Dɔlékui Kple Yɔmekpe—Kuxi Eve Ƒokpli
  • Yɔmekpe si Mesea Atike O
  • Mɔxexe Nɛ Kple Edada
  • Wobla Akpa Yeye le Aʋawɔwɔ me Kple Yɔmekpe
    Nyɔ!—1999
  • Ðekawɔwɔ Dziŋɔ Aɖe
    Nyɔ!—1998
  • Ewua Amewo Dea Aʋawɔwɔ Nu
    Nyɔ!—1998
  • Yɔmekpe Gatrɔ Gbɔ!
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 1/8 axa 4-9

Aʋadziɖuɖu Kple Dzɔgbevɔ̃enya

“Yɔmekpe ƒe ŋutinya le ƒe 30 siwo va yi me la nye aʋadziɖuɖu kple dzɔgbevɔ̃enya—enye aʋadziɖuɖu be dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo to mɔnu si dzi woato axe mɔ na dɔlélea eye woava ɖee ɖa kura mlɔeba la vɛ, eye wòganye dzɔgbevɔ̃enya le woƒe nutovɛwo ŋudɔmawɔmawɔ le teƒe gbogbo aɖewo ta.”—J. R. Bignall, ƒe 1982.

YƆMEKPE dze ame wuwu gɔme menye egbe o. Enɔ Incatɔwo lém le Peru ɣeyiɣi didi aɖe hafi Europatɔwo va Anyiehe Amerika. Enɔ Egiptetɔwo lém le esime faraowo nɔ dzi ɖum le atsyɔ̃ɖoɖo me. Edze le blemagbalẽwo me be eɖe fu na ame ŋkutawo kple ame tsɛwo siaa le Babilon, Greece, kple China le blema.

Tso ƒe alafa 18 lia me va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, yɔmekpe koŋ ye nye dɔ si tsrɔ̃ ame wu le Ɣetoɖoƒedukɔwo me. Mlɔeba le ƒe 1882 me la, Germany ɖɔkta Robert Koch ɖe gbeƒãe le gaglãgbe be yeke ɖe dɔlékui si hea dɔa vɛ ŋu. Ƒe 13 megbe Wilhelm Röntgen fɔ ɖɔktawo ƒe fotoɖeɖe dɔnɔwo ƒe mɔnu si na be woate ŋu adi yɔmekpe ƒe dzesiwo tsitotsito le ame gbagbe ƒe dzitodzito me. Eyome Franse dzɔdzɔmeŋutinunyalawo to yɔmekpebɔtasitike vɛ le ƒe 1921 me. Wotsɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo fɔe ƒe ŋkɔwo yɔe be BCG (Bacillus Calmette-Guérin [Calmette-Guérin Dɔlekui]) eye eya koe nye abɔtasitike si li na dɔa. Ke hã yɔmekpe gale nu gblẽm vɔ̃ɖivɔ̃ɖii ŋutɔ.

Wova Kpɔ Atike Nɛ, Mlɔeba!

Atikewɔlawo nɔ yɔmekpelélawo ɖom ɖe saɖagadɔdaƒewo. Zi geɖe todzi, afisi dɔnɔawo ate ŋu agbɔ ɖe eme eye woakpɔ ya fafɛ agbɔ le, ye woɖoa kɔdzi siawo ɖo. Ke le ƒe 1944 me la, United States ɖɔktawo fɔ streptomycin, dɔlékuiwutike gbãtɔ si te ŋu kpe yɔmekpe dzi. Eteƒe medidi o, yɔmekpetike bubuwo kplɔe ɖo. Mlɔeba woate ŋu ada dɔ na yɔmekpelélawo azɔ, le woawo ŋutɔ woƒe aƒeme gɔ̃ hã.

Esi exɔxɔ dzi ɖe kpɔtɔ la, mɔkpɔkpɔ ɖo amewo si be nuwo gbɔna nyonyo ge. Wotu saɖagadɔdaƒewo, eye gadidi na numekuku le yɔmekpe ŋu tɔ te. Woɖe asi le agbagba siwo wonɔ dzedzem be woaxe mɔ ɖe exɔxɔ nu ŋu, eye dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple ɖɔktawo trɔ ɖe dɔléle bubuwo ŋu.

Togbɔ be yɔmekpe ganɔ nu gblẽm vevie le dukɔ madeŋgɔwo me hã la, nuwo ava ka ɖe eme kokoko. Yɔmekpe nu va yi. Nenemae wosusui, gake menye nyateƒee o.

Etrɔ Gbɔ Kple Ŋusẽ

Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe titina la, yɔmekpe gatrɔ gbɔ va le nu gblẽm ŋɔdzitɔe. Emegbe le April 1993 me Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ be yɔmekpe zu “nusi ŋu woatso ɖo kpla le xexeame katã” eye wogblɔ kpee be “dɔlélea awu ame miliɔn 30 kple edzivɔ le ƒe ewo siwo gbɔna me negbe ɖe wowɔ nane kpata tsɔ xe mɔ ɖe eƒe kaka nu.” Esiae nye zi gbãtɔ si Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ gblɔ nya sia tɔgbe kpɔ.

Tso ɣemaɣi la, womewɔ ‘naneke kpata’ tsɔ lé avu dɔa o. Le nyateƒe me, ɖe nuwo gagblẽ ɖe edzi kura. Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta nyitsɔ laa be yɔmekpe wu ame le ƒe 1995 me wu ƒe ɖesiaɖe le ŋutinya katã me. Lãmesẽ Habɔbɔa gana wonya be amesiwo wu biliɔn afã sɔŋ ate ŋu agalé yɔmekpea le ƒe 50 siwo gbɔna me. Amesiwo axɔ yɔmekpe ƒomevi si zi geɖe womete ŋu dana o, si mesea atike ƒomevi vovovowo o la adzi ɖe edzi.

Nukatae Wògatrɔ Gbɔ Kple Ŋusẽ Alea?

Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be le ƒe 20 siwo va yi me la, mɔxexe ɖe yɔmekpe nu ŋuti ɖoɖowo me gblẽ alo womeganɔ xexeame ƒe akpa geɖe o. Ewɔe be dzesidede dɔa kple edada hena ɖe megbe. Eye ema hã wɔe be wòwu ame geɖe wu eye dɔa kaka ɖe edzi.

Nu bubu si hã tae yɔmekpe gatrɔ gbɔe nye ame dahe siwo mekpɔa nu nyui ɖuna o siwo tegena ɖe dugãwo me, vevietɔ dukɔ madeŋgɔwo me dugã siwo me tɔwo dea ame miliɔn geɖe. Togbɔ be menye ame dahewo koe wòléna o—yɔmekpe ate ŋu alé amesiame—hã la, teƒe siwo amewo ƒe tegetege ɖe duwo me kple fenuwo wɔwɔ bɔ ɖoe wɔnɛ be wote ŋu xɔnɛ le ame ŋu bɔbɔe. Enaa wònɔa bɔbɔe be amewo ƒe ŋutilã ƒe ŋutete be woawɔ avu kple dɔlélea hã nagbɔdzɔ.

AIDS Dɔlékui Kple Yɔmekpe—Kuxi Eve Ƒokpli

Kuxi gã aɖe si li enye be yɔmekpe kple HIV, si nye AIDS dɔlékuia, va wɔ babla le nu geɖe gblẽm. Le amesiwo wosusu be woade miliɔn ɖeka siwo ku le dɔléle siwo AIDS he vɛ le ƒe 1995 me dome la, ɖewohĩ anye yɔmekpe ye wu ame ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me. Nusitae nye be HIV gbɔdzɔa ŋutilã la ƒe ŋutete be wòawɔ avu kple yɔmekpe la.

Le ame akpa gãtɔ gome la, yɔmekpe metsina ɖe wo ŋu zua dɔ wodzena o. Nukatae? Elabena wotua yɔmekpe dɔlékuia ɖe gaxɔ me le ŋutilãmenugbagbevi siwo woyɔna be macrophages me. Amea ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete, vevietɔ nusiwo woyɔna be T lymphocytes, alo T cells koŋ, doa ʋɔ ɖe wo nu le afima.

Yɔmekpe dɔlékuiwo le abe ƒli siwo wode nu me tu nu ɖe wo nu nyuie ene. Nusiwo me wode woe nye macrophages, eye nutunuiawoe nye T cells. Gake ne AIDS dɔlékuia ge ɖe nya la me la, etua afɔ nutunuia ɖa le nuawo nu. Ne edzɔ nenema la, dɔlékuiawo kakana gbeŋ eye fifia wovona be woagblẽ nu le ŋutilã la ƒe afisiafi.

Eyata ele bɔbɔe be AIDS lélawo ƒe yɔmekpe dɔlékuiwo natsi ɖe wo ŋu azu dɔ wu amesiwo ƒe dɔlélenutsitsi ŋutete ŋu naneke megblẽ le o tɔ. Yɔmekpe dala aɖe si le Scotland gblɔ be: “Amesiwo ŋu HIV le la te ŋu xɔnɛ kabakaba ŋutɔ. Dɔnɔ eve siwo ŋu HIV le le London ƒe dɔdaƒe aɖe xɔ dɔa esi wobɔbɔ nɔ xɔmemɔ aɖe nu woku yɔmekpe léla aɖe ɖe keke dzi va to wo ŋu.”

Eyata AIDS na yɔmekpe dɔvɔ̃a dzi ɖe edzi. Akɔntabubu aɖe gblɔ be va ɖo ƒe 2000 me la, AIDS dɔvɔ̃ la ana ame miliɔn 1.4 naxɔ yɔmekpe si ne menye eya tae o la, anye ne womaxɔe hafi o. Nu vevi aɖe si na yɔmekpea le dzidzim ɖe edzi la, menye le esi AIDS lélawo te ŋu xɔnɛ bɔbɔe ŋutɔ ta ko o ke boŋ esi ame bubuwo hã ate ŋu axɔe le wo gbɔ hã tae, amesiwo mele AIDS lém o hã ate ŋu axɔe.

Yɔmekpe si Mesea Atike O

Nu mamlɛ aɖe si na aʋa si woho ɖe yɔmekpe ŋu dzi menya le ɖuɖum o ye nye be yɔmekpe ƒomevi aɖewo va to siwo mesea atike o. Dɔlékui sesẽ ƒomevi siawo le ewɔm be wòdi be yeazu dɔ si womete ŋu dana o ake, abe alesi wònɔ tsã hafi woto dɔlékuiwutike vɛ ene.

Nukutɔe la, yɔmekpetikewo mazãmazã ɖe ɖoɖo nu koŋ gbɔe wòtsona be yɔmekpe gbea atike sese. Yɔmekpe dada nyuitɔ xɔa wu ɣleti ade ya teti eye wòbiana be dɔnɔawo nazã atike vovovo ene ŋkeke aɖeke matsomee. Ate ŋu abia be dɔnɔa nami atikekui wuieve sɔŋ gbesiagbe. Ne dɔnɔawo meno atikeawo tsiã ɖe enu o alo womenoe vɔ hafi tɔ o la, enaa dɔlékuiawo va blaa akpa ale be wo dada sesẽna alo womegate ŋu daa wo o. Yɔmekpedatike adre siwo wozãna ɖaa la megawɔa naneke na dɔlékuia ƒomevi aɖewo o.

Menye ɖeko dɔdada na dɔnɔ siwo ƒe yɔmekpe gbe atike sese sesẽ o, eɖua ga hã. Ga si woazã ɖe eŋu la dea esi woazã le dɔdada na yɔmekpeléla bubuwo me ƒe teƒe 100 kloe. Le kpɔɖeŋu me, le United States la, esia tɔgbe ɖeka ƒe dada ate ŋu axɔ wu $250,000!

Lãmesẽ Habɔbɔa bui be amesiwo ade miliɔn 100 ate ŋu axɔ yɔmekpe si gbea atike sese ƒe dɔlékuiawo, eye yɔmekpedatike siwo wonya dometɔ aɖeke mate ŋu ada wo dometɔ aɖewo o. Wote ŋu xɔa dɔlékui amewutɔ siawo bɔbɔe abe alesi woxɔa esiwo bɔ wu ke ene.

Mɔxexe Nɛ Kple Edada

Nuka wɔm wole tso xexeame katã ƒe kuxi sia si hiã nuwɔwɔ kpata ŋu? Mɔ nyuitɔ kekeake si nu woaxe mɔ na dɔa le enye be woanya ne woxɔ dɔxɔleameŋu sia teti ko eye woatso ɖe edada ŋu enumake. Menye amesiwo dze dɔa ŋu koe esia kpena ɖo o ke boŋ exea mɔ na ame bubuwo ƒe dɔa xɔxɔ hã.

Ne wogblẽ yɔmekpe ɖi madamadae la, ewua amesiwo sɔ gbɔ wu afã le exɔlawo dome. Gake ne wozã atikeawo ɖe ɖoɖo nu la, wote ŋu dana ɖesiaɖe kloe ne menye esiwo gbea atike vovovowo sesee wònye o.

Abe alesi míekpɔe va yi ene la, edadamɔnu adodoea enye be dɔnɔwo nazã atikeawo katã wòavɔ keŋkeŋ. Zi geɖe la, womezãa wo wòvɔna o. Nukatae? Zi geɖe kpea, asrã, kple eƒe dzesi bubuawo megaɖea fu na ame ne wodze atikeawo zazã gɔme ƒe kwasiɖa ʋee aɖewo megbe o. Eyata eléla geɖe tsɔnɛ be yewohaya eye wodzudzɔa atikeawo zazã.

Be woaxe mɔ ɖe kuxi sia ƒe vava nu la, Lãmesẽ Habɔbɔa wɔ ɖoɖo aɖe si wona ŋkɔe be “atikezazã si teƒe woakpɔ, edada kpuitɔ” si woyɔna kpuie ko le Eŋlisigbe me be DOTS. Abe alesi eƒe ŋkɔa fia ene la, kɔdzidɔwɔlawo nɔa anyi kpɔnɛ be yewoƒe dɔnɔawo no atikea ɖesiaɖe, ne mede ɖeke o la, le edaɣi ƒe ɣleti eve gbãtɔawo ya teti me. Gake menye ɣesiaɣie esia wɔwɔ nɔa bɔbɔe o elabena yɔmekpeléla dometɔ geɖe nye ame dahewo. Esi xaxa kple kuxi geɖe ɖea fu na wo le agbe me—wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã nye aƒemanɔsitɔwo—ta la, egbɔkpɔkpɔ be wono atikeawo ɖe ɖoɖo nu te ŋu nyea dɔ blibo.

Eyata ɖe mɔkpɔkpɔ li be woate ŋu akpe dɔvɔ̃ sia si ɖe kpe na amegbetɔƒomea dzia?

[Aɖaka si le axa 5]

Yɔmekpe Ŋu Nya Veviwo

Nusi wònye: Yɔmekpe nye dɔ si léa ame ƒe dzitodzitowo, gake ate ŋu akeke ɖe enu aɖo ŋutilã ƒe akpa bubuwo hã, vevietɔ ahɔhɔ̃, ayikuwo, kple ƒuwo, eye vivivi wògblẽa nu geɖe le wo ŋu.

Eƒe dzesiwo: Ne dzitodzitowoe yɔmekpe lé la, ate ŋu ana woanɔ kpe kpem, woaɖi ku eye nuɖuɖu magadzro ame o, fifia nate ame vlevlevle le zã me, ame ƒe lãme nagbɔdzɔ, gbɔgbɔtsixe natsi ame ƒo, eye akɔta nanɔ ame vem.

Alesi wowɔna dea dzesii: Edzena le amesi xɔ yɔmekpe dɔlékuia ŋu ne wodo eƒe ŋutigbalẽ kpɔ. Edzena ne woɖe foto ame ƒe akɔta be nu gblẽ le eƒe dzitodzitowo ŋu, si ate ŋu afia be dɔlékuia dze nugbegblẽ le ame ŋu gɔme. Edodokpɔmɔnu si ŋu kakaɖedzi le wue nye be woado dɔnɔa ƒe taɖeɖe akpɔ.

Amesiwo wòle be woado akpɔ: Amesiwo ŋu yɔmekpe dzesiawo dze le alo amesiwo nɔa yɔmekpeléla ŋu kplikplikpli alo nɔa egbɔ zi geɖe—vevietɔ le xɔ siwo me ya meƒona ɖo nyuie o me.

Abɔtasisi: Ðeka koe li—woyɔnɛ be BCG. Exea mɔ na ɖeviwo ƒe yɔmekpe sesẽ xɔxɔ gake mete ŋu wɔa dɔ boo aɖeke na ƒewuiviwo kple ame tsitsiwo o. Ne abɔtasisia te ŋu wɔ dɔ didi ƒãe wònɔa anyi dea ƒe 15. Amesiwo mexɔ dɔa o ta koe BCG te ŋu kpɔna; meɖea vi na amesiwo xɔe xoxo o.

[Aɖaka si le axa 6]

Yɔmekpe Kple Amewo ƒe Nuwɔna

Togbɔ be aɖi nukunya hã la, wokafu yɔmekpe le ƒe alafa 19 lia me, elabena amewo xɔe se be dɔa ƒe dzesiwo naa wosea veve ɖe ame nu eye wote ŋu wɔa aɖaŋudɔwo wu.

Franseawo ƒe fefe kple nyakpakpa ŋlɔla Alexandre Dumas ŋlɔ le ƒe 1820 ƒeawo ƒe gɔmedzedze me ɖe eƒe agbalẽ si nye Mémoires me be: “Nusi le tsia dzi koŋ wònye be akɔtave nanɔ ame ŋu; yɔmekpe nɔ amesiame ŋu, vevietɔ hakpanyaŋlɔlawo ŋu; wobunɛ atsyɔ̃nui ne woku nenema hafi xɔ ƒe blaetɔ̃.”

Wobe Eŋlisiawo ƒe hakpanyaŋlɔla Aƒetɔ Byron gblɔ be: “Madi be yɔmekpe boŋ nawum . . . elabena nyɔnuwo katã anɔ gbɔgblɔm be, ‘Mikpɔ Byron nublanuitɔ ma ɖa, mikpɔ alesi eƒe kukua nya kpɔe ɖa!’”

Amerikatɔ agbalẽŋlɔla Henry David Thoreau, si anye yɔmekpe ye wui, ŋlɔ be: “Zi geɖe la, [ame ƒe ŋutilã ƒe] gbegblẽ kple dɔléle nya kpɔna, abe . . . yɔmekpe ƒe lãme veve na ame ene.”

Esi The Journal of the American Medical Association me nyati aɖe nɔ nu ƒom tso alesi wowɔa nu ɖe yɔmekpe ŋui ŋu la, egblɔ be: “Vividodo ɖe dɔa ŋu sia si gɔme màse o la nye nusi dzroa amewo vevie; nyɔnuwo dzea agbagba be yewoafu ɣie anɔ belibeli, wotsɔa amake ɣi wɔa leke na wo ɖokui, eye wokpɔa dzidzɔ ɖe aklala falɛfalɛwo ŋu—abe alesi amesiwo gbea nuɖuɖu be yewoanɔ tsralɛɛ be yewoƒe tugbedzedze nadze siwo ƒe foto magazinewo fiana la dina be yewoanɔ ene.”

[Aɖaka si le axa 7]

Ðe Woate Ŋu Axɔ Yɔmekpe Bɔbɔea?

Ðk. Arata Kochi si nye Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔa ƒe Xexeme ƒe Yɔmekpe Gbɔkpɔha ƒe tatɔ xlɔ̃ nu be: “Teƒe aɖeke meli nàsi abe ɖo le yɔmekpe dɔlékuia nu o. Amesiame ate ŋu axɔe ne wògbɔ ya esime ame aɖe kpe kpe alo nyè. Dɔlékui siawo ate ŋu anɔ yame gaƒoƒo geɖe; woate ŋu anɔe ƒewo gɔ̃ hã. Ate ŋu agblẽ nu le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu.”

Gake hafi yɔmekpe nazu dɔ alé ame la, ele be nu eve nadzɔ. Gbã, ele be yɔmekpe dɔlékuia nage ɖe lãme na ame. Evelia, ele be dɔlékuia natsi ana woadze dɔ.

Togbɔ be woate ŋu axɔ yɔmekpe le amesi ŋu dɔa tsi ɖo ŋu le egbɔ nɔnɔ ɣeyiɣi kpui aɖe me hã la, amea gbɔ nɔnɔ edziedzi, abe ƒometɔ siwo tege ɖe teƒe ɖeka ene me koŋ ye wote ŋu xɔnɛ le wu.

Dɔlékui siwo gena ɖe amesi xɔe me la va dzina le amea ƒe akɔta. Gake le exɔla 10 dome la, ameawo ƒe dɔléle nutsitsiŋutete xea mɔ ɖe dɔa ƒe kaka nu le ame 9 gome, eye amesi wòge ɖe lãme na la medzea dɔ o. Gake ɣeaɖewoɣi la, dɔlékui si li kpoo le lãme na ame la hoa dɔa na ame ne HIV, suklidɔ, kansa dada na ame to atikewo zazã me, alo nu bubuwo na amea gbɔdzɔ vevie.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

New Jersey Medical School—National Tuberculosis Center

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yɔmekpe dɔlékui siwo nu AIDS ʋua nu le la le abe ƒli siwo nu woʋu nu le tso kusi me ene

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe