Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Aleke Nàvɔ̃ Lɔlɔ̃ ƒe Mawu Lae?
“WOAYRA ŊUTSU, SI VƆ̃A YEHOWA.”—Psalmo 112:1.
NE “Mawue nye lɔlɔ̃,” abe alesi Biblia gblɔ le eŋu ene la, ke nukatae wòahiã be míavɔ̃e? (Yohanes I, 4:16) Zi geɖe la, wobua lɔlɔ̃ kple vɔvɔ̃ be wonye nusiwo dome kadodo aɖeke mele o. Eyata akpa kae wòle be vɔvɔ̃ nawɔ le mía kple Mawu dome ƒomedodo me? Nukatae wòle be míavɔ̃ lɔlɔ̃ Mawu la? Ŋkuléle ɖe alesi wozã nya “vɔvɔ̃” le Biblia me ŋu nyuie akpe ɖe mía ŋu be míase nya sia gɔme nyuie wu.
Le gbegbɔgblɔ akpa gãtɔ me la, gɔmesese vovovo ate ŋu anɔ nyagbɔgblɔ ɖeka ŋu, le nya si ŋu wole nu ƒom le nu. Le kpɔɖeŋu me, le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, woate ŋu agblɔ be “melɔ̃ ice cream” kple be “melɔ̃ vinyewo” hã. Vovototo gã aɖe le lɔlɔ̃ si ƒomevi wonye kple woƒe todede me. Nenema ke Biblia hã ƒo nu le vɔvɔ̃ ƒomevi vovovo ŋui. Menye ŋɔdzi, dzikatsoƒoname alo tohehe aɖe si gbɔnae Biblia wɔnɛ ne ezã nya la le Mawu subɔsubɔ gome o. Ke boŋ Mawu vɔvɔ̃ sia fiaa seselelãme nyuiwo—dzodzo nyanyanya, kple bubu deto. Seselelãme deto siawo zɔna kple lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe nu ƒe mía ŋu nyonyo, ke menye be wòana míasi alo aɣla mía ɖokui ɖee o.
Mawu vɔvɔ̃ ɖea vɔvɔ̃nɔtɔnyenye ɖa le ame me. Hakpala la ŋlɔ le amesi vɔ̃a Mawu ŋu be: “Nya vɔ̃ sese aɖeke madzi ŋɔ nɛ o, eƒe dzi dzea eme, eye wòɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu.” (Psalmo 112:7) Ame vɔ̃ɖiwo ƒe ŋɔdzidoname alo Satana ŋutɔ tɔ mate ŋu aɖu míaƒe bubu deto tsɔtsɔna Yehowa dzi o. (Luka 12:4, 5) Mele hã be míavɔ̃ na tete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me o. Ke boŋ le gɔmesese sia nu la, “lɔlɔ̃ . . . nyãa vɔvɔ̃ doa goe.”—Yohanes I, 4:18.
Dziƒowo Kple Mawu ƒe Gãnyenye
Fia Dawid si nɔ anyi le blema la nye Mawu vɔ̃la. Edzona nyanyanya ne ele ŋugble dem le nuwɔwɔwo ƒe atsyɔ̃ kple alesi wowɔ nukui ŋu. Egblɔ kple gbe sesẽ be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.” (Psalmo 139:14) Egblɔ kple gbe sesẽ esime wòwu mo dzi le dziŋgɔli kpɔm le zã me be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia.” (Psalmo 19:2) Èsusu be dzidzie ƒo Dawid le nusia si wòkpɔ ta? Ðe wòʋãe boŋ be wòdzi kafukafuhawo na Yehowa.
Alesi míaƒe dziƒowo ŋuti sidzedze dzi ɖe edzii egbea nye nusita míadzo nyanyanya ɖe edzi wu. Nyitsɔ laa sia, ɣletiviŋununyalawo zã Hubble ƒe Yamenutomekpɔmɔ̃ tsɔ kpɔ nu yi dziƒonutowo me ʋĩ wu amesiwo katã do ŋgɔ na wo. Wotia teƒe aɖe si dzena le yamenutomekpɔmɔ̃ siwo le anyigba me abe ɖe naneke mele afima o ene eye wodzidze Hubble ƒe Yamenutomekpɔmɔ̃a ɖe teƒe sue aɖe si ƒe lolome le abe kekui si le teƒe aɖe si ƒe didime le abe abɔ ƒe didime ene dzi. Foto si wokpɔ la menye ɣletivi ɖekaɖekawo o ke boŋ ɣletivihatsotso gãwo—siwo me ɣletivi biliɔn nanewo le—esi amegbetɔ mekpɔ kpɔ o!
Xexeame godoo ƒe lolome, alesi egɔmesese do viviti kple alesi wòwɔ nukui la nyɔa dzodzo nyanyanya ɖe ame si léa ŋku ɖe wo ŋu tsitotsito la me. Gake nukunu siawo nye Wɔla la ƒe ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ ƒe akpa sue aɖe ko. Biblia yɔ Yehowa Mawu be “kekeliwo ƒe Fofo” eye wògblɔ na mí be enye “amesi ɖo xexlẽme na dzinuviwo, eye wòyɔa wo katã ŋkɔ.”—Yakobo 1:17; Psalmo 147:4.
Alesi xexeame godoo loloe dzena le ɣeyiɣi didi si dziƒonuwo ƒe nudzɔdzɔwo xɔna me. Ɣletivihatsotsoawo ƒe keklẽ si Hubble Yamenutomekpɔmɔ̃a ɖe fotoe la le zɔzɔm to yamenutome ƒe biliɔn nanewoe nye esia hafi ɖo anyigba dzi. Ðe mele be alesi ne wotsɔ dziƒowo ƒe anyinɔnɔ tegbetegbe la sɔ kple alesi míele sue le ŋusẽ kple ƒe me la naʋã mí be míatsɔ dzodzo nyanyanya ade bubu deto Amesi wɔ ɣletiviawo ŋu oa? (Yesaya 40:22, 26) Ne míedze sii be Mawu si wɔ nusiawo katã ‘ɖoa ŋku amegbetɔ dzi eye wòtsɔ ɖe le eme nɛ’ la, adzi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía Wɔla ŋu ɖe edzi ahana míadi be míanyae eye míawɔ nusi dze eŋu. (Psalmo 8:4, 5) Bubu deto kple ŋudzedzekpɔkpɔ siae Biblia yɔ be Mawu vɔvɔ̃.
Mawu si Tsɔa Nuvɔ̃ Kena
Ame madeblibowoe mí katã míenye. Ne míele agbagba dzem be míawɔ nusi le dzɔdzɔe gɔ̃ hã, míewɔa nuvɔ̃ esi menye ɖe míeɖoe o. Ne edzɔ nenema la, ɖe dzika atso mía ƒo be Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu oa? Hakpala la ŋlɔ be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.” (Psalmo 130:3, 4) Esi ‘Wɔla Wɔnuku’ la nyoa dɔme alea gbegbe hetsɔa nuvɔ̃ kena la, enyɔa ŋudzedzekpɔkpɔ kple bubu deto ɖe esubɔlawo me.—Yesaya 54:5-8.
Mawu vɔvɔ̃ ʋãa mí be míatsri nusi Mawu gblɔ be enye nuvɔ̃ ahawɔ nu nyui. Woate ŋu atsɔ ƒomedodo si le mía kple míaƒe dziƒo Fofo la dome asɔ kple esi nɔa fofo nyui si nye amegbetɔ kple viawo dome. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeviwo maɖo ŋku nusita wo fofo de se na wo be womagafe le ʋumɔ dzi la dzi o. Ke ne wosee le wo ɖokui me be yewoaƒu du akplɔ bɔl ɖo ayi ʋumɔ dzi la, wo fofo ƒe sededea si le susu me na wo la xea mɔ na wo—esi ate ŋu aɖe wo tso ku me. Nenema ke ame tsitsi ƒe Yehowa vɔvɔ̃ ate ŋu axe mɔ nɛ be mawɔ nane si agblẽ nu le amewo ƒe agbe ŋu o—le eya ŋutɔ kple ame bubuwo tɔ ŋu.—Lododowo 14:27.
Mawu ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃ Vɔvɔ̃
Gake esɔ be amesi ƒe dzitsinya mexea mɔ nɛ be wòagawɔ nusi medzea Mawu ŋu o ya navɔ̃. Abe alesi amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu hea to na nuvlowɔlawo ene la, ŋusẽ le Mawu si be wòahe to na nugbegblẽwɔla matrɔdzimewo. Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu va de asi na ɣeyiɣi aɖe wɔe be ame aɖewo ƒe dzime sẽ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu. Gake Biblia gblɔe eme kɔ ƒã be madidi o aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi gbeɖeka. (Psalmo 37:9, 10; Nyagblɔla 8:11; Timoteo I, 5:24) Ele be ame vɔ̃ɖi matrɔdzimewo navɔ̃ Mawu ƒe tohehe. Ke hã menye vɔvɔ̃ sia tɔgbee nye vɔvɔ̃ si Biblia kafu o.
Biblia yɔ agbe me nu nyuiwo be wodona tsoa Yehowa vɔvɔ̃ me—eƒe ʋee aɖewoe nye hadzidzi, dzidzɔ, ŋuɖoɖeŋu, nunya, agbe didi, kakaɖedzi, nudzedziname, mɔkpɔkpɔ, kple ŋutifafa.a Ne míeyi edzi zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me la, yayra mawo anye mía tɔ tegbee.—Mose V, 10:12-14.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Mose II, 15:11; Psalmo 34:12, 13; 40:4; 111:10; Lododowo 10:27; 14:26; 22:4; 23:17, 18; Dɔwɔwɔwo 9:31.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 20]
Le Anglo-Australian Observatory ƒe mɔɖeɖe nu, David Malin ye ɖe fotoe