INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 4/8 axa 7-11
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Nyɔnuwo Kple Woƒe Dɔ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Nyɔnuwo Kple Woƒe Dɔ Ŋu
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnu Nuzazãdilawo
  • Vidadawo Kple Nufialawo
  • Dɔmetɔtrɔ Hiã Vevie
  • “Mitsɔ Teƒeɖoɖo si Wòdze Na la Nɛ”
  • Mawu Dea Bubu Nyɔnuwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Aleke Etsɔme Anɔ na Nyɔnuwo?
    Nyɔ!—1998
  • Dzidzedzekpɔkpɔ Abe Vidada Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Mawu Tsɔ Ðe Le Eme Na Nyɔnuwo Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 4/8 axa 7-11

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Nyɔnuwo Kple Woƒe Dɔ Ŋu

ƑE AKPE etɔ̃ enye si va yi la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Lemuel ŋlɔ nya vivi aɖe tsɔ ɖɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃e. Woŋlɔ nya sia ɖe Biblia me le Lododowo ta 31. Edze ƒã be vovo menɔ nyɔnu si ƒe nɔnɔme nyui wòkafu la ŋu o. Ekpɔa eƒe ƒomea dzi, edzraa nu le asime, etsaa asi, etɔa awuwo na eƒe aƒemetɔwo, eye wòwɔa dɔ le agble me hã.

Womeŋe aɖaba ƒu nyɔnu sia dzi o. ‘Viawo yranɛ, eye srɔ̃a kafunɛ.’ Nu xɔasi ŋutɔe srɔ̃nyɔnu sia tɔgbe nye. Biblia gblɔ be, ‘Eƒe asi sẽ wu adzagba tɔ.’—Lododowo 31:10-28.

Nyɔnuwo ƒe dɔ gava sesẽ ɖe edzi wu alesi wònɔ le Lemuel ƒe ɣeyiɣia me. Akpa si wowɔna le ƒe alafa 20 lia sia me bia tso wo si zi geɖe be woanye srɔ̃nyɔnuwo, vidadawo, dɔnɔdzikpɔlawo, nufialawo, nuzazãdilawo, kple agbledelawo—ye katã le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me. Nyɔnu gbogbo aɖewo tsɔa nu geɖe saa vɔe be yewoakpɔ egbɔ be yewo viwo ɖu nu ɖi ƒo. Ðe mele be míakpɔ ŋudzedze ɖe nyɔnu siawo katã ŋu ahakafu wo oa?

Nyɔnu Nuzazãdilawo

Egbea ele na nyɔnu geɖe wu be woadzo le aƒeme aɖawɔ dɔ be woatsɔ ado alɔ woƒe ƒomea alo woawo koŋue kpɔa woƒe ƒomea dzi. Agbalẽ si nye Women and the World Economic Crisis (Nyɔnuwo Kple Xexeame ƒe Gakuxiwo) de dzesii be: “Menye aƒemedɔ koe nyɔnuwo wɔna o. Nyɔnu ʋee aɖewo koe le xexeame ƒe teƒe aɖe si ate ŋu agblɔ be ‘aƒedzikpɔlawo ko’ yewonye.” Eye ƒã hafi bubu nɔa nyɔnuwo ƒe dɔ ŋu. Togbɔ be magazinewo alo television dzi fefewo ɖenɛ fiana be nyɔnuwo nye amegãwo le dɔwɔƒe dzeaniwo hã la, zi geɖe la, menɔa nenema kura o. Nyɔnu siwo le xexeame ƒe akpa gãtɔ tsoa hloloe gaƒoƒo geɖe ɖe fetu sue aɖe ko ta.

Nyɔnu miliɔn alafa geɖe wɔa dɔ le agblẽ me, wodea nukuwo ƒe agble, wokpɔa ƒomea ƒe agble suewo dzi, alo nyia lã. Dɔ sia—si ta womexea fe boo aɖeke ɖo alo womexea ɖeke kura ɖo o—ye kpɔa xexeame nɔlawo ƒe afã dzi. Agbalẽ si nye Women and the Environment (Nyɔnuwo Kple Nutoa Me) ka nya ta be: “Le Afrika la, nyɔnuwoe dea nuɖuɖu 70 le alafa me ƒe agble, le Asia la, enye 50 vaseɖe 60 le alafa me eye wònye 30 le alafa me le Latin Amerika.”

Ne nyɔnuwo kpɔ dɔ si woawɔ woaxe fe na wo hã, zi geɖe la, woƒe fetu medea ŋutsu dɔwɔlawo tɔ nu o, le esi wonye nyɔnuwo ta ko. Tenɔnɔ ɖe ameŋkumekpɔkpɔ alea nu sesẽna vevietɔ na vidada si ƒe ga koe kpɔa ƒomea dzi, si nye ɖoƒe si va le bɔbɔm ɖe edzi. Wobu akɔnta le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe me be nyɔnu koŋue nye nuzazãdila le ƒome siwo katã le Afrika, Carib-nutowo, kple Latin Amerika dometɔ 30 vaseɖe 50 le alafa me la me. Eye le dukɔ siwo de ŋgɔ wu gɔ̃ hã me la, eva le na nyɔnu geɖe wu be woazu nuzazãdilawo koŋ.

Ahedada si le dukɔ madeŋgɔwo ƒe kɔƒenutowo me na nɔnɔme sia le gã dom ɖe edzi. Ðewohĩ srɔ̃ŋutsu si ƒomedzikpɔkpɔ sesẽna na ɣesiaɣi aɖoe be yeaʋu ayi dugã si tsɔ ɖe wo gbɔ me alo ayi dukɔ bubu me gɔ̃ hã aɖawɔ dɔ. Egblẽa srɔ̃a ɖi be wòakpɔ ƒomea dzi. Ne eme nyo nɛ wòkpɔ dɔ la, eɖoa ga ɖe aƒe. Gake togbɔ be susu nyui ye wòtsɔ yi hã la, zi geɖe la, esia meyia edzi o. Ðewohĩ ƒome si wògblẽ ɖe megbe la ava da ahe ɖe edzi, eye fifia wo dzi kpɔkpɔ ƒe agba va nɔa vidada la dzi.

Nɔnɔme vɔ̃ɖi sia si woɖɔ wòsɔ nyuie be “ahedada tsɔtsɔ ƒu nyɔnuwo dzii” la daa agba gã aɖe ɖe nyɔnu miliɔn geɖe dzi. Agbalẽ si nye Women and Health (Nyɔnuwo Kple Lãmesẽ) gblɔ be: “Anɔ eme godoo be ƒome siwo dzi nyɔnuwo kpɔna siwo katã ƒe akɔnta wobu be woade esiwo le xexeame katã memamã etɔ̃ ƒe akpa ɖeka nada ahe wu esiwo dzi ŋutsuwo kpɔna, eye ƒome siawo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi.” Gake togbɔ be nuɖuɖukpɔkpɔ le sesẽm na nyɔnuwo alea hã la, menye eya koe nye kuxi si dze ŋgɔ wo o.

Vidadawo Kple Nufialawo

Ele be vidada nakpɔ viawo ƒe seselelãme nuhiahiãwo hã gbɔ. Ewɔa akpa vevi aɖe le kpekpeɖeŋu nana ɖevi be wòasrɔ̃ lɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃ le ame gbɔ me—nusiawo fiafia ate ŋu anɔ vevie abe alesi wòle vevie be woakpɔ eƒe ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔe ene. Be ɖevi natsi ava zu ame tsitsi si da sɔ nyuie la, ehiã be woado vivi ɖe eŋu eye wòase le eɖokui me be yele dedie ne ele tsitsim. Akpa si vidada wɔna le vevie le afisia hã.

Helen Bee ŋlɔ le agbalẽ si nye The Developing Child (Ðevi si Le Tsitsim) me be: “Dzila lɔ̃ame léa be na ɖevia, eɖea lɔlɔ̃ fianɛ, edaa ɖevia ƒe nuhiahiãwo ɖe nɔƒe gbãtɔ enuenu alo ɣesiaɣi, etsɔa ɖe le nusiwo ɖevia wɔna me vevie, eye wòwɔa nu ɖe ɖevia ƒe seselelãmewo nu nyuie le nublanuikpɔkpɔ me.” Ele kokoko be ɖevi siwo wo dada lé be na lɔlɔ̃tɔe alea naɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia eyama.—Lododowo 23:22.

Vidada geɖe naa no wo viwo tsɔ ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo tso wo dziɣi ke. Vevietɔ le ƒome dahewo me la, vidada ŋutɔ ƒe notsi nye nunana xɔasi aɖe si wòate ŋu ana eƒe vidzĩ. (Kpɔ aɖaka si le axa 10 kple 11.) Enya se be Biblia gblɔ na mí be apostolo Paulo tsɔ belélename ƒe lɔlɔ̃ deto si le esi na Kristotɔ siwo le Tesalonika la sɔ kple “vidada [si] kpɔa ye ŋutɔ viawo dzii” la tɔ.—Tesalonikatɔwo I, 2:7, 8.

Tsɔ kpe ɖe nuɖuɖu si vidada naa viawo kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖe wo ŋu ŋuti la, eya koŋue nye woƒe nufiala hã. Biblia ɖo aɖaŋu tsɔ ku ɖe nu geɖe siwo vidadawo wɔna le nufiafia wo viwo me ŋu be: “Vinye, se fofowò ƒe amehehe, eye megagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o.” (Lododowo 1:8) Ðevia dada alo mamaa koŋue tsɔa dzigbɔɖi fiaa nuƒoƒo, azɔlizɔzɔ, kple aƒemedɔwo wɔwɔ kpakple nu bubu geɖe eyama.

Dɔmetɔtrɔ Hiã Vevie

Nunana gãtɔ siwo nyɔnuwo ate ŋu ana woƒe ƒomewo dometɔ ɖekae nye dɔmetɔtrɔ. Ne ƒomea me tɔ aɖe dze dɔ la, vidada va zua dɔnɔdzikpɔla, esime wògale agbanɔamedzi bubuwo gbɔ kpɔm. Agbalẽ si nye Women and Health gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nyɔnuwoe léa be na ame wu le xexeame le lãmesẽnyawo gome.”

Vidada ƒe dɔmetɔtrɔ ate ŋu awɔe gɔ̃ hã be wòaɖu nu sue aɖe ale be dɔ nagawu viawo o. Numekulawo kpɔe be nyɔnu aɖewo bua nusi woɖuna be esuna na yewo, togbɔ be mesuna na woƒe ametia o hã. Emã wo be woatsɔ nu gãtɔ ana wo srɔ̃wo kple wo viwo ale gbegbe be zi alesi wogate ŋu wɔa dɔ ko la, wobunɛ be yewoɖi ƒo nyuie.

Ɣeaɖewoɣi la, nyɔnu ƒe dɔmetɔtrɔ dzena le eƒe ɖetsɔtsɔ le nutoa ƒe nyonyo me la me. Nutoa ƒe nyawo ka eyama elabena eya hã kpea fu ne ku ɖi, ne teƒewo zu dzogbe, eye wotsrɔ̃ avewo tsɔ gblẽ anyigba lae. Le India-du aɖe me la, nyɔnuwo do dziku esi wose be adzɔha aɖe si wɔa ati ŋudɔ gbɔna ati siwo ade 2,500 tso ge le ave aɖe si tsɔ ɖe wo gbɔ me. Ati mawo mee nyɔnuawo kpɔa nuɖuɖu, nake, kple lãwo ƒe nuɖuɖu le. Esi atitsolaawo va ɖo la, nyɔnuawo nɔ teƒea xoxo, eye wolé wo nɔewo ƒe asiwo ƒo xlã atiawo tsɔ kpɔ wo tae. Nyɔnuawo gblɔ na atitsolaawo be, ‘Ðeko miatso ta le mía nu hafi atso atiawo.’ Woto esia me kpɔ avea ta.

“Mitsɔ Teƒeɖoɖo si Wòdze Na la Nɛ”

Eɖanye nuzazãdila, vidada, nufiala, alo amesi ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋue nyɔnu nye o, edze be woade bubu eŋu ahakafu eyama kple dɔ si wòwɔna. Nunyala Lemuel, amesi kafu srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ vevie la de asixɔxɔ nyɔnu ƒe dɔ kple eƒe aɖaŋuɖoɖo siaa ŋu. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be nufiame si dadaa nɛ koŋ mee wòɖe eƒe nyawo tsoe. (Lododowo 31:1) Lemuel kpɔe be mele be woaŋe aɖaba aƒu srɔ̃nyɔnu kple vidada si kua kutri dzi o. Eŋlɔ bena: “Mitsɔ teƒeɖoɖo si wòdze la nɛ. Eƒe dɔwɔwɔwo na wokafunɛ.”—Lododowo 31:31, NIV.

Gake esi Lemuel ŋlɔ nya mawo la, menye amegbetɔ ƒe nukpɔsusu aɖe ko wònye wòɖe gblɔ o. Woŋlɔ wo ɖe Biblia si nye Mawu ƒe Nya la me. “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ . . . tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (Timoteo II, 3:16) Nya mawo ɖe alesi Mawu Ŋusẽkatãtɔ la bua nyɔnuwoe fia, elabena Mawu ƒe gbɔgbɔe wotsɔ ŋlɔ nya mawo ɖe Biblia me hena míaƒe nufiafia.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔ be ele be srɔ̃ŋutsuwo ‘natsɔ bubu na wo srɔ̃wo.’ (Petro I, 3:7) Eye wogblɔ na srɔ̃ŋutsu le Efesotɔwo 5:33 be: “Mia dome [amesiame] nalɔ̃ ye ŋutɔ srɔ̃anyɔnu nenema ke, abe ye ŋutɔ ɖokui ene.” Ẽ, Efesotɔwo 5:25 gblɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, abe alesi Kristo hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui hena ɖe eta la ene.” Ẽ, Kristo ɖe lɔlɔ̃ sia fia eyomedzelawo ale gbegbe be elɔ̃ faa be yeaku ɖe wo ta. Ðokuitɔmadimadi ƒe kpɔɖeŋu nyui kae nye si wòɖo ɖi na srɔ̃ŋutsuwo! Eye dzidzenu siwo Yesu fia hetsɔ nɔ agbee la ɖe Mawu ƒe dzidzenu siwo woŋlɔ ɖe Biblia me be wòaɖe vi na mí la fia.

Ke hã, togbɔ be nyɔnuwo wɔa dɔ sesĩe le nu geɖe me hã la, womekafua wo dometɔ geɖe ɖe dɔ si wowɔna ta o. Aleke woawɔ ana woƒe agbenɔnɔ naka ɖe eme fifia gɔ̃ hã? Azɔ hã, ɖe mɔkpɔkpɔ li be alesi amewo wɔa nu ɖe wo ŋui la ava trɔa? Etsɔme mɔkpɔkpɔ kawoe li na nyɔnuwo?

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Ɣetoɖoƒedukɔwo me nyɔnu geɖe wɔa ɔfisdɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 8, 9]

Ele na nyɔnu geɖe be woawɔ dɔ le teƒe ƒoɖiwo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Godo-Foto

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Vidadawo nye nufialawo le aƒeme

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe