INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 8/8 axa 12-14
  • Aleke Gbegbe Sɔhɛwo Tsɔ Ðe Le Mawusubɔsubɔ Mee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Gbegbe Sɔhɛwo Tsɔ Ðe Le Mawusubɔsubɔ Mee?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gotagome ƒe Dzedzemewo
  • Eme Kuku Tsitotsito
  • Mawusubɔsubɔdzixɔse si Dze Wo Ŋu Tiatia
  • Subɔsubɔhawo ƒe Sɔhɛwo Didi
  • Sɔhɛwo ƒe Ŋuɖoɖowo Didi
  • Ŋuɖoɖo Dzeameŋuwo
  • Gbɔgbɔmegɔmeɖosewo—Afikae Wole Wo Dam Ðo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Kuxi Kawoe Ðea Fu Na Sɔhɛwo Egbea?
    Nyɔ!—2009
  • Sɔhɛwo, Mizɔ Alesi Dze Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Ne Mɔkpɔkpɔ Kple Lɔlɔ̃ Gasu Wo Si
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 8/8 axa 12-14

Aleke Gbegbe Sɔhɛwo Tsɔ Ðe Le Mawusubɔsubɔ Mee?

ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE FRANCE GBƆ

LE SƆHƐ 750,000 siwo nɔ nyaselawo dome gome la, fiẽsi aɖe ƒe dzidzɔkpɔkpɔe esia anye. Wonyè aflagawo, wodzi ha, eye wosi akpe. Woda nusiwo klẽna kple nusiwo siaa dzo ɖe yame, eye hadzilawo de dzo lãme na amehawo. Nɔnɔme si nɔ afima la ɖi “diskoɣeɖuƒe gã aɖe.” Mlɔeba la, kafukafuɣliwo de dzi bobobo esime amesi lalam wonɔ la lia kplɔ̃ta.

Xexeame katã ƒe rock hadziha ƒe wɔna aɖe gɔme dzem wolea? Ao. Subɔsubɔhawoe kpe ta ɖe Paris le Xexeame Katã ƒe Katoliko Sɔhɛwo ƒe Ŋkekewo ƒe azã ɖum, eye menye ame bubu aɖeke lalamee wonɔ tsɔ wu Papa John Paul II o!

Sɔhɛwo ƒe vividodo ɖe subɔsubɔzãwo ŋu alea wɔ nuku na ame aɖewo. Gake fifia nyadzɔdzɔgbalẽwo le nu ƒom tso alesi mawusubɔsubɔ ƒe dzo yeye gagbugbɔ le sɔhɛwo me ɖomee ŋu.

Gotagome ƒe Dzedzemewo

Adze le amewo ŋkume abe ɖe nu le edzi dzem na subɔsubɔhawo ene. Europa-sɔhɛ siwo ade alafa memamã 68 gblɔ be yewole subɔsubɔha aɖe me, eye le Ireland la, xexlẽme sia wu alafa memamã 90. Le Armenia si nɔ Soviet dziɖuɖua te tsã, afisi ame geɖe bu mawusubɔsubɔ be enye tsigãdzinu le la, nunɔla aɖe gblɔ le sɔlemeha siwo me amewo katã do le tsã gake wo me gayɔ fifia ŋu be: “Alesi sɔhɛwo va le vivi dom ɖe mawusubɔsubɔ ŋu alea gbegbe le nuku wɔm nam ŋutɔ.”

Nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒo nu tso alesi sɔhɛwo le wo ɖokui ƒom ɖe vivimehawo kple gbɔgbɔhawo mee le afisiafi ŋu. Mawusubɔsubɔzãwo abe esi ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me tɔgbewo bɔ ŋutɔ. Gake nukae míakpɔ ne míelé ŋku ɖe eŋu nyuie?

Eme Kuku Tsitotsito

Numekuku tsitotsito si wowɔ ɖee fia be le ƒe 1967 me la, Franse sɔhɛ alafa memamã 81 xɔ Mawu dzi se, gake le ƒe 1997 me womegade ame mawo ƒe afã o. Le Europa katã la, sɔhɛ alafa memamã 28 pɛ koe xɔe se be Mawu nye ame si li ŋutɔŋutɔ. Eyata mewɔ nuku o be Europa sɔhɛwo alafa memamã 12 pɛ koe doa gbe ɖa ɣesiaɣi. Aleke esia na míekpɔ alesi sɔhɛwo bu mawusubɔsubɔe?

Le Denmark la, sɔhɛ alafa memamã 90 gblɔ be yewonye dukɔa ƒe sɔlemeha la me tɔwo. Alafa memamã 3 pɛ koe gblɔ be yewonye hamevi dovevienuwo. Numekuku aɖe si La Croix si nye Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ le France wɔ le 1997 me ɖee fia be Franse sɔhɛ alafa memamã 70 lɔ̃ ɖe edzi be mawusubɔsubɔ mewɔa akpa gobii aɖeke le yewoƒe agbenɔnɔ me o. Wo dometɔ etɔ̃ le ame ene ɖesiaɖe me bua woawo ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ be exɔ asi wu subɔsubɔhawo ƒe nufiafia. Nenemae wòle le Europa-dukɔ bubuwo ƒe akpa gãtɔ me.

Nukatae sɔhɛwo megale vivi dom ɖe sɔlemehawo ŋu o? Wo dometɔ akpa gãtɔ meka ɖe subɔsubɔha gãwo dzi o. Le kpɔɖeŋu me, le France la, sɔhɛ akpa gãtɔ susu be subɔsubɔhawo hea mamã vaa xexeame. Gakpe ɖe eŋu la, Ebɔ be nàkpɔ sɔhɛ siwo ƒe susu sɔ kple Judith, Katolikotɔ si nye ƒe 15 vi, la tɔ. Egblɔ be: “Nyemeda asi ɖe nusi sɔlemeha la gblɔna tso agbenyuinɔnɔ ŋu dzi o.” Nenema ke ƒe 20 vi Joseph si tso Taiwan gblɔ be subɔsubɔhawo “léna ɖe blemanuwo ŋu akpa.” Gake ne sɔhɛ akpa gãtɔwo meda asi ɖe subɔsubɔha si me wole ƒe nufiafiawo dzi o la, ke nuka dzie woxɔ se?

Mawusubɔsubɔdzixɔse si Dze Wo Ŋu Tiatia

Fifia sɔhɛwo tiaa mawusubɔsubɔdzixɔsewo abe alesi ko wotiaa nuɖuɖu si wodi be woaɖu le nuɖuɖu vovovowo domee ene. Magazine aɖe yɔe be mawusubɔsubɔ zu “nusi dze ame ŋu la tiatia.” Katolikotɔwo ƒe magazine aɖe yɔe be “tsatsa le subɔsubɔhawo me.” Nuwɔna siwo nu nɔ yiyim la va zu nusiwo le tsia dzi fifia. Ale le Europa la, sɔhɛ alafa memamã si ade 33 xɔ dzɔgbenyuitiblɛwo dzi se, alafa memamã 40 xɔe se be afakalawo ate ŋu ana woanya etsɔme, eye alafa memamã 27 xɔe se be ɣletiviwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo ƒe agbe dzi. Nukpɔsusuwo abe gbugbɔgadzi ene va zu nusiwo dzi Europa sɔhɛ geɖewo xɔ se ƒe akpa aɖe.

Alesi mawusubɔsubɔdzixɔsewo le vovovoe wɔe be sɔhɛwo ate ŋu atia esiwo dze wo ŋu. Wo dometɔ ʋee aɖewo koe xɔe se be subɔsubɔha ɖeka dzaa ko sie nyateƒea le. Esi sɔhɛwo le nusi dze woa ŋutɔwo ŋu tiam la, vovototo si le woƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo me megale dzedzem tututu o. Eyata fifia hadomegbenɔnɔŋutinunyalawo le nu ƒom tso alesi mawusubɔsubɔdzixɔse siwo li xoxoxo la “nu le yiyim” alo “eme le gbegblẽmee” ŋu. Aleke subɔsubɔha siwo li la le nu wɔmee le gbɔgbɔ me nɔnɔme sia ŋu?

Subɔsubɔhawo ƒe Sɔhɛwo Didi

Mele bɔbɔe na subɔsubɔhawo be woahe sɔhɛwo ade woƒe hawo me o. Franse nunɔla aɖe bia ameha siwo va Xexeame Katã ƒe Katoliko Sɔhɛwo ƒe Ŋkekewo ƒe azã la ɖuƒe le Paris be: “Afikae sɔhɛ siawo tso? Sɔhɛwo mele nye sɔleme o. Nyemekpɔa wo o.” Esi Katolikoha la le didim be yeahe sɔhɛwo va ha la mee ahana woanɔ eme ta la, ele mɔ siwo dzi wòtona fiaa nu kple eƒe nuwɔnawo trɔm.

Franse nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Figaro gblɔ be: “Sɔlemeha la trɔ eƒe nuwɔna!” Le Xexeame Katã ƒe Sɔhɛwo ƒe Ŋkekewo ƒe azã 12 lia si woɖu le Paris me la, sɔlemeha la de dɔ asi na amesiwo bi ɖe amewo kpekpe na rock fefewo kpɔkpɔ me be woakpɔ wɔnawo dzi. Fefe 300 kple edzivɔ ŋue wowɔ ɖoɖo ɖo be woatsɔ aɖe modzakae na sɔhɛ siwo va tso dukɔ siwo wu 100 me, eye woɖo koŋ tɔ atsyãwuwo na nunɔlawo.

Esi womenya nusi dim sɔhɛwo le egbea o eye wodi be yewoatrɔ asi le nuwo ŋu ta la, subɔsubɔha geɖe va zu xɔsetsakatsaka. Esi Michel Dubost, nunɔla si wɔ ɖoɖo ɖe Xexeame Katã ƒe Sɔhɛwo ƒe Ŋkeke ƒe azã ŋu le Paris nɔ ɖoɖo sia ŋu bum la, egblɔ be: “Ele eme be madi be amesiwo katã wode mawutsi ta na la nawɔ nuteƒe na Kristo ya. Gake ne womewɔe o hã, hameviwo koe woganye.”

Sɔhɛwo ƒe Ŋuɖoɖowo Didi

Esi nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe nɔ eme ɖem be sɔhɛwo le ŋuɖoɖowo dim vavã la, egblɔ tso alesi sɔhɛawo va mawusubɔsubɔzãa ɖuƒe le Paris ŋu be enye “kokoƒoƒo be xɔse nasu yewo si, tsɔ wu esi wòanye xɔse ɖeɖefia.” Ðe Katolikoha la ɖo kokoƒoƒo ma ŋua?

Nukae asusɔ ne èɖe nudzitsyɔnuawo ɖa alo nèlé ŋku ɖe nusi Katoliko nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ be mawusubɔsubɔzã gãwo ƒe “gotagome dzedzeme” ŋu? Franse nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Le Monde ƒo nu tso alesi ne èlé ŋku ɖe eme màkpɔ “viɖenu gobi aɖeke le eme o” ŋu.

Togbɔ be ehiã be nuɖuɖu si woatsɔ aɖo ame kɔme nanya kpɔ hã la, ele be nunyiame hã nanɔ eme. Nya siwo sɔhɛwo biana tso taɖodzinu si le agbe ŋu la hiã ŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me si me nunyiame le. Ŋuɖoɖo siwo léa dzi na ame evɔ wonye nya gbɔlowo si wonaa sɔhɛwo la meɖia ƒo na wo o.

Esi wònye mawusubɔsubɔzã mawo meɖea vi ŋutɔŋutɔ aɖeke o la, ɖe wokpɔa ŋusẽ gobi aɖe ɖe sɔhɛwo dzi egbea? Franse hadomegbenɔnɔŋutinunyala Danièle Hervieu-Léger de dze sii be: “Esesẽ hafi wɔna kpeɖi siawo nate ŋu akpɔ ŋusẽ si anɔ anyi ɖaa ɖe amewo ƒe hadomenuwɔnawo dzi.” Ekema afikae sɔhɛwo akpɔ woƒe nyabiabia ƒe ŋuɖoɖo dzeameŋuwo le?

Ŋuɖoɖo Dzeameŋuwo

Wota nyati aɖe tso kuxi siwo sɔhɛwo doa goe ŋu ɖe Franse magazine si nye Le Point me le ƒe 1997 me. Tsɔ kpe ɖe nya si sɔhɛ akpa gãtɔ biana tso taɖodzinu si le agbe ŋu ŋuti la, wogadzea ŋgɔ hlɔ̃dodo kple ŋutasẽ nuwɔnawo hã. Ðe woate ŋu aɖu esia dzia? Magazinea me nyatia ɖe eme be: “Esi David xɔ ƒe 30 la, edze dzimaɖitsitsi gɔme tso aha sesẽ, atikewo kple ŋutasesẽ me tsonuwo ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe eƒe ŋutilã dzi ŋu. Yehowa Ðasefowo yi egbɔ kple alesi wòawɔ avo tso nu mawo me la ƒe ŋuɖoɖo si wònɔ mɔ kpɔm na. Esrɔ̃ nu. Ewɔ tɔtrɔ le eƒe agbenɔnɔ me. Exe fe siwo wònyi le tsyatsyadada me, eye wògbugbɔ amesiwo katã wòba siwo menya kura gɔ̃ hã be eba yewo o la hã ƒe ga na wo. Meganoa atama, aha, alo daa kɔ azɔ o.”

Nyatia yi edzi ƒo nu tso sɔhɛ bubu siwo Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple wo ŋu be: “Wokpɔ woƒe nyabiabiawo katã ƒe ŋuɖoɖowo.” Ðasefo sɔhɛ aɖe gblɔe dzaa ko be: “Ƒe akpe evee nye sia si Biblia yi edzi le nyateƒe tom, eyata nukatae madi mɔfiafia tso afi bubu?”

Gbedasiwo le Mawu ƒe Nya la me na sɔhɛwo. Aɖaŋu nyui siwo wòɖona la kpena ɖe wo ŋu be woakpe akɔ kple kuxiwo egbea, eye enaa wo gɔmeɖoanyi like si ta woaxɔ etsɔme si me ŋutifafa kple nɔvilɔlɔ̃ anɔ la dzi ase. Le xexe si le tɔtrɔ dzi ɖaa sia me la, mɔkpɔkpɔ si Biblia nana la nye “luʋɔ ƒe seke, si li dedie, eye wòsesẽ” si ana míanɔ te ahakpɔ akɔfafa. (Hebritɔwo 6:19) Taɖodzinu ŋutɔŋutɔ su sɔhɛ akpe alafa nanewo si le woƒe agbe me to Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia sɔsrɔ̃ kple wo dzi. Woa ŋutɔwo kpɔ alesi Biblia na wowɔ tɔtrɔ siwo menye ameŋkume nuwɔna o la dze sii. To ŋuɖoɖo siwo Biblia nana xɔxɔ dzi la, sɔhɛwo kpɔe be woɖo xɔse vavã si dim yewole la teƒe na yewo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Mawusubɔsubɔzã he sɔhɛ akpe geɖe le Paris

[Nɔnɔmetata siwo le axa 13]

Xexeame Katã ƒe Sɔhɛwo ƒe Ŋkekewo le Paris—Mawusubɔsubɔ ƒe agbegbɔgbɔ vavã yea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe