Aids—Dɔvɔ̃a Le Ta Kekem
UNITED STATES ƒe ɣetoɖoƒe ye Karen nɔ tsi.a Esi wònye Yehowa Ðasefo ta la, enɔ agbe nyui le eƒe ɖetugbimenɔɣi katã. Le ƒe 1984 me esime wòxɔ ƒe 23 la, eɖe Bill, amesi va zu Ðasefo ƒe eve koe nye ma. Wodzi vi eve siwo nye ŋutsuvi kple nyɔnuvi.
Va de asi na ƒe 1991 me la, woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo me sẽ ŋutɔ, woƒe dzi dze eme eye wonɔ dzidzɔ kpɔm. Le ƒe ma ƒe nuwuwu lɔƒo la, nu ɣi aɖe do ɖe Bill ƒe aɖe dzi si gbe bubu. Ete ɖe ɖɔkta aɖe ŋu.
Le esia megbe kpuie la, Karen kple ɖeviawo va yi nɔ aŋgba siwo dudu ɖi lɔm le aƒea godo. Bill bɔbɔ nɔ woƒe akpatanutrakpui dzi eye wòyɔ Karen be wòava nɔ ye xa. Ekpla asi Karen ƒe alime eye aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nɛ esi wògblɔ nɛ be yelɔ̃e eye yeadi be ye kplii yewoanɔ anyi ɖaa. Ke nukae na aɖatsi loló ɖe ŋku dzi nɛ? Ðɔkta la susu be Bill anya xɔ HIV, si nye dɔlékui si naa woléa AIDS.
Wodo ƒomea me tɔwo katã kpɔ. Dodokpɔa me tsonuwo ɖee fia be Bill kple Karen xɔ dɔlékuia. Bill xɔ dɔa hafi va zu Yehowa Ðasefo; eye eya hã va ɖee na Karen. Dodokpɔa fia be ɖeviawo ya mexɔ dɔa o. Le ƒe etɔ̃ me ko Bill ku. Karen gblɔ be: “Nyemenya alesi magblɔ alesi wòwɔna na ame be nànɔ ŋutsu si nye ame dzeɖekɛ tsã, si nèlɔ̃ heɖoe be yeanɔ anyi kplii tegbee la kpɔm wòanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm vivivi ava ɖi ka azu ƒu o. Mefaa avi zã geɖe. Eku ɣleti etɔ̃ do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃kpegbezã ewolia ɖuɖu. Enye fofo nyui kple srɔ̃ŋutsu ɖɔʋu.”
Togbɔ be ɖɔkta aɖe gblɔ na Karen be eteƒe mele didi ge hafi eya hã naku akplɔ srɔ̃a ɖo o hã la, egakpɔtɔ le agbe. Dɔlékuia tsi ɖe eŋu va ɖo AIDS ƒe nugbegblẽ ƒe gɔmedzedze.
Ame anɔ miliɔn 30 siwo ŋu HIV/AIDS le fifia la dometɔ ɖeka koe Karen nye, esi nye xexlẽme si sɔ gbɔ wu Australia, Ireland, kple Paraguay tɔwo katã ƒe ƒuƒoƒo. Akɔntabubuwo ɖee fia be amesiawo dometɔ miliɔn 21 ye tso Afrika. Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe akɔntabubu nu la, kaka ƒe alafa si gɔme míadze naɖo la, xexlẽmea ate ŋu adzi ɖe edzi aɖo ame miliɔn 40. Eye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakakawo dometɔ ɖeka gblɔ be dɔléle sia le kame tem gbɔna ŋutinya me ƒe dɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖitɔwo dometɔ ɖeka zu ge. Amesiwo kpɔa gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me, siwo xɔ tso ƒe 15 va ɖo ƒe 49 le xexeame katã la dome ame 1 le 100 me xɔ HIV dɔlékuia xoxo. Amesiawo dometɔ 1 le 10 me koe nya be yexɔ dɔa. Le Afrika ƒe akpa aɖewo la, ame tsitsiwo ƒe alafa memamã 25 xɔ dɔa.
Tso dɔvɔ̃ sia ƒe gɔmedzedze le ƒe 1981 me vaseɖe fifia la, wobui be AIDS wu ame miliɔn 11.7 sɔŋ. Wobui be le ƒe 1997 ɖeɖe dzaa me la, amesiwo anɔ miliɔn 2.3 ye wòwu. Gake susu yeye aɖewo li si ta míate ŋu aka ɖe edzi be woaɖu aʋa si woho ɖe AIDS ŋu dzi. Le ƒe ʋee siwo va yi me la, AIDS dɔvɔ̃a xɔxɔ ɖiɖi le dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo me. Azɔ hã atike siwo wosusu be woawɔ dɔ na mɔkpɔkpɔ va su dɔa xɔlawo si be yewoƒe lãme aka ɖe eme vie eye yewoaganɔ agbe ayi ŋgɔ vie.
Aleke nàwɔ akpɔ ɖokuiwò ta tso AIDS si me? Edada kple eƒe abɔtasisi yeye kawo ŋue woke ɖo? Ðe woate ŋu ava aɖu dɔvɔ̃ sia dzi gbaɖegbea? Míaɖo biabia siawo ŋu le nyati siwo gbɔna me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.