INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 12/8 axa 16-18
  • Nukata Manɔ Agbe Dzinyelawo Manɔmee?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukata Manɔ Agbe Dzinyelawo Manɔmee?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Menye Wò Vodadae O
  • Dzigbãnya
  • Kpekpeɖeŋu Didi
  • Dzilawo—mihe Mia Viwo Le Lɔlɔ̃ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Sɔhɛwo​—Miaƒe Nuwɔnawo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mia Dzilawo Dzi Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Dzilawo—Mikpe Ðe Mia Viwo Ŋu Woalɔ̃ Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo Ŋu
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 12/8 axa 16-18

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Nukata Manɔ Agbe Dzinyelawo Manɔmee?

“Alesi agbe nɔ dzinyelawo manɔmee? Mate ŋu agblɔ be ete ɖe dzinye ŋutɔ le susu geɖe ta. Esesẽ ŋutɔ be nànɔ tsitsim eye dziwòlawo manɔ ŋuwò ado vivi ɖe ŋuwò ahaɖe lɔlɔ̃ afia wò o.”—Joaquín.

“Nu sesẽtɔ kekeake si medo goe enye esime wòhiã be dzilawo nava de asi sukudɔwɔwɔwo ŋuti nyatakagbalẽvi te. Ete ɖe dzinye ŋutɔ eye mese le ɖokuinye me be metsi akogo. Megasenɛ le ɖokuinye me nenema kokoko ɣeaɖewoɣi.”—Abelina si xɔ ƒe 16.

NUBLANUINYAE wònye le míaƒe ɣeyiɣia me—sɔhɛ miliɔn geɖe le tsitsim esi dzilawo mele wo ŋu o. Le Ɣedzeƒe Europa la, aʋawɔwɔ na ɖevi geɖe zu tsyɔ̃eviwo. Le Afrika la, AIDS dɔvɔ̃a gblẽ nu nenema ke. Ðevi aɖewo ya dzilawo ɖoe koŋ gblẽ wo ɖi. Ƒomewo me klã le aʋawɔwɔ alo dzɔdzɔmefɔku ta.

Nɔnɔme siawo tɔgbe bɔ le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, woƒoa nu tsoa tsyɔ̃eviwo ƒe nɔnɔme wɔnublanuia ŋu edziedzi le Ŋɔŋlɔawo me. (Psalmo 94:6; Maleaxi 3:5) Aʋawɔwɔ kple nɔnɔme wɔnublanui bubuwo hã mã ƒomewo me ɣemaɣi. Biblia ƒo nu tso nyɔnuvi sue aɖe si Siriatɔwo ƒe adzoha aɖe va kplɔ dzoe le edzilawo gbɔ ŋu.—Fiawo II, 5:2.

Ðewohĩ ènye sɔhɛ miliɔn geɖe siwo hã ŋu dzilawo mele o dometɔ ɖeka. Ne nenemae la, ke ènya alesi tututu nɔnɔme sia me nɔnɔ te ŋu na wokpea fui. Nukatae nusia dzɔ ɖe dziwò?

Menye Wò Vodadae O

Ðe wòwɔna na wò be ɖewohĩ Mawue le to hem na yea? Alo ɖewohĩ èdoa dziku vevie ɖe dziwòlawo ŋu le esi woku ta—abe ɖe woɖoe ku ene. Gbã la, ka ɖe edzi be Mawu medo dziku ɖe ye ŋu o. Eye menye ɖe dziwòlawo ɖoe koŋ be yewoagblẽ wò ɖi o. Nublanuinya si nu ameƒome madebliboa mate ŋu asi le o ye ku nye, eye ɣeaɖewoɣi edzɔna ɖe dzilawo dzi esime wo viwo gakpɔtɔ nye ɖevi dzaawo. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Kpeɖodzinyawo fia be Yesu Kristo ŋutɔ hã fofo Yosef, amesi xɔe nyi, si gbɔ melɔ̃a nu le o hã ku.a Le nyateƒe me la, manye Yesu ƒe nuvɔ̃ aɖe wɔwɔ tae o.

De dzesii hã be, míele ‘ɣeyiɣi vɔ̃ siwo me nɔnɔ sesẽ’ la me. (Timoteo II, 3:1-5) Ame miliɔn geɖe ku yakayaka le ŋutasesẽ, aʋawɔwɔ, kple nuvlowɔwɔ me le ƒe alafa sia me. “Azãgbe kple nuɖiɖeame” si ate ŋu adzɔ ɖe amesiame dzi gblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu. (Nyagblɔla 9:11) Aleke kee dziwòlawo ƒe ku na nèse vevee o, nya lae nye be menye wò vodadae o. Le esi teƒe be nàtsɔ fɔbuameɖokui anɔ fu wɔm ɖokuiwò alo ana nuxaxa nayɔ mewò la, na Mawu ƒe ŋugbedodo le tsitretsitsia ŋuti nafa akɔ na wò.b Yesu gblɔe ɖi be, ‘Esia megawɔ mo yaa na mi o, elabena gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la, woase eƒe gbe eye woado go.’ (Yohanes 5:28, 29) Abelina si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Nye lɔlɔ̃ na Yehowa kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.”

Ke ne dziwòlawo kpɔtɔ le agbe gake wogblẽ wò ɖi ya ɖe? Mawu di tso dzilawo si be woanyi wo viwo eye be woakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Efesotɔwo 6:4; Timoteo I, 5:8) Gake nublanuitɔe la, dzila aɖewo ɖe ‘amemalɔ̃malɔ̃’ fia wo viwo wòwɔ mo yaa ŋutɔ. (Timoteo II, 3:3) Le ame aɖewo gome la, ahedada kolikoli, atikevɔ̃ɖizazã, gaxɔmenɔnɔ, alo ahatsunonoe na wogblẽ wo ɖi. Nyateƒee, dzila aɖewo hã li siwo gblẽ wo viwo ɖi le ɖokuitɔdidi ko ta. Nuka ke gbɔe wòtso o, kaklã ɖa tso ame dzilawo gbɔ gblẽa nu le ame ŋu vevie. Gake esia mefia be nane gblẽ le ŋuwò alo be nànɔ fu wɔm ɖokuiwò to fɔbubu ɖokuiwò me o. Le nyateƒe me la, dziwòlawo dzie agba le be woaɖe wo ɖokui nu na Mawu le alesi wowɔ nu ɖe ŋuwòe ta. (Romatɔwo 14:12) Gake ne nɔnɔme sesẽ si ŋu dziwòlawo mate ŋu awɔ naneke le o, abe dzɔdzɔmefɔku alo dɔléle ene, ye na woklã ɖa tso gbɔwò la, ke fɔbubu mele ame aɖeke dzi o! Mɔkpɔkpɔ li kokoko be miagava kpe, ne edze ɣeaɖewoɣi abe ɖe mɔkpɔkpɔa meli boo o ene gɔ̃ hã.—Tsɔe sɔ kple Mose I, 46:29-31.

Dzigbãnya

Fifia ya la, anɔ eme be ànɔ go dom kuxi sesẽ geɖe. Numekuku aɖe si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ wɔ si wona ŋkɔe be Children in War, ɖee fia be: “Ðevi siwo metsi anɔ wo ɖokui si o ye nye ɖevi siwo dome ate ŋu agblẽ bɔbɔe wu—esiwo . . . wòsesẽ na ŋutɔŋutɔ be woanɔ te ɖe agbea nu, esiwo agbemekpekpeɖeŋu aɖeke meli na woatsi nyuie o eye wosẽa ŋuta le wo ŋu. Kaklã ɖa tso ame dzilawo gbɔ nye nusiwo ana ɖevi natsi asi eye wòagbã dzi nɛ wu nusianu dometɔ ɖeka.” Ðewohĩ èle aʋa wɔm kple blanuiléle kple dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo.

Ðo ŋku Joaquín, amesi ŋu míeƒo nu tsoe va yi dzi. Edzilawo dome klã eye wogblẽ eya kple nɔviawo ɖi. Ƒe ɖeka koe wòxɔ ɣemaɣi eye nɔvianyɔnu tsitsitɔwoe nyii wòtsi. Egblɔ be: “Mebiana be nukatae dzilawo mele míawo hã si abe alesi wole xɔ̃nyewo si ene o. Eye ne mekpɔ vifofo aɖe wòle fefem kple via ŋutsu la, edzroam be fofonyee wòanye hafi.”

Kpekpeɖeŋu Didi

Aleke ke wòsesẽe be woanyi wò dziwòlawo manɔmee hã la, mefia be àdo kpo nu o. Ne wokpe ɖe ŋuwò hedo alɔ wò la, menye agbea nu koe nàte ŋu anɔ te ɖo o ke àkpɔ dzidzedze hã. Asesẽ na wò be nàxɔ nya sia dzi ase, vevietɔ ne èlé blanui hele nu xam vevie. Gake ɖo ŋku edzi be, seselelãme mawo sɔ le dzɔdzɔme nu eye be womawɔ fu wò tegbee o. Míexlẽe le Nyagblɔla 7:2, 3, be: “Kuteƒeyiyi nyo wu aglotuƒeyiyi . . . Nuxaxa nyo wu nukoko, elabena ne mo ɖo adã la, esɔnɛ na dzi.” Nyateƒee, ele dzɔdzɔme nu eye wònaa akɔdzeanyi ame le susu me be woafa avi ahaxa nu ne nublanuinya gã aɖe dzɔ. Ðewohĩ ade dziwò be nàgblɔ wò dzimenyawo na xɔlɔ̃ aɖe si nye nugɔmesela alo hamea me tɔ tsitsi aɖe agblɔ vevesese si me tom nèle nɛ.

Enye nyateƒe be awɔ na wò be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga. Gake Lododowo 18:1 xlɔ̃ nu be: “Amesi ɖe eɖokui ɖe aga le eya ŋutɔ ƒe dzodzro yome dim la, etsia tre ɖe nunyanyawo katã ŋu.” Eyata nunya le eme be nàdi kpekpeɖeŋu tso ame aɖe si nyoa dɔme eye wòsea nu gɔme gbɔ. Lododowo 12:25, gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” Negbe ɖeko nàgblɔ wò “nuxaxa” na ame aɖe hafi nàte ŋu ase “xɔlɔ̃nya” ma.

Amekae nàgblɔe na? Di kpekpeɖeŋu le Kristo-hamea me. Yesu do ŋugbe be afimae nàte ŋu akpɔ “nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo,” amesiwo alɔ̃ wò eye woatsɔ ɖe le mewò le. (Marko 10:30) Joaquín ɖo ŋku edzi gblɔ be: “Hadede kple nɔvi Kristotɔwo na mebua agbe ŋu le mɔ bubu nu. Kpekpewo dede ɣesiaɣi na meva lɔ̃ Yehowa wu eye wòna medi be masubɔe. Nɔviŋutsu tsitsiwo na gbɔgbɔme kpekpeɖeŋu kple aɖaŋuɖoɖo nye ƒomea. Egbea la, nɔvinye aɖewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo.”

Ðo ŋku edzi hã be, Yehowa nye ‘tsyɔ̃eviwo fofo.’ (Psalmo 68:6, 7) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Mawu de dzi ƒo na eƒe amewo be woakpɔ nublanui na tsyɔ̃eviwo eye woawɔ nu ɖe wo ŋu le dzɔdzɔenyenye me. (Mose V, 24:19; Lododowo 23:10, 11) Egbea hã etsɔa ɖe le eme na sɔhɛ siwo si dzilawo mele o nenema ke. Eyata trɔ ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me, kakaɖedzi nenɔ asiwò be etsɔ ɖe le eme na ye eye be aɖo yeƒe gbedodoɖawo ŋu. Fia Dawid ŋlɔ be: “Elabena fofonye kple danye wogblẽm ɖi, ke Yehowa xɔm. Kpɔ mɔ na Yehowa, sẽ ŋu, eye nalé dzi ɖe ƒo!”—Psalmo 27:10, 14.

Le esiawo katã megbe la, sɔhɛ si si dzilawo mele o doa go kuxi gbogbo aɖewo tso ŋkeke yi ŋkeke. Afikae nànɔ? Aleke nànɔ te ɖe ganyawo nui? Nyati si woata emegbe adzro alesi woakpe akɔ kple kuxi siawo dometɔ aɖewo dzidzedzetɔe me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Hafi Yesu naku la, etsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de eƒe nusrɔ̃la Yohanes si, nusi mate ŋu adzɔ ne ɖe fofoa Yosef, amesi xɔe nyi, gakpɔtɔ le agbe o.—Yohanes 19:25-27.

b Ne èle nyatakaka le akɔkpekpe kple dzila ƒe ku dim la, kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be . . .” ƒe nyati siwo dze le August 22 kple September 8, 1994, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! ƒe tatawo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 17]

“Nye lɔlɔ̃ na Yehowa kple tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa kpe ɖe ŋunye ŋutɔ”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Ɣeaɖewoɣi la, akogotsitsi ƒe seselelãmewo aɖe fu na wò

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Nɔviwo le hamea me siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò eye woade dzi ƒo na wò

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe