INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 12/8 axa 22-23
  • Ðe Dziƒonutomefɔku aɖe Atsrɔ̃ Míaƒe Xexeamea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Dziƒonutomefɔku aɖe Atsrɔ̃ Míaƒe Xexeamea?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexeame Le Mawu ƒe Ŋusẽ Te
  • Míaƒe Anyigba La—Tameɖoɖo aɖe Tae Wowɔe
  • Kakaɖedzi Li be Amegbetɔƒomea Atsi Agbe
  • Mawu Do Ŋugbe Be Míaƒe Anyigba Matsrɔ̃ O
    Nyɔ!!—2023
  • Nunana Mavɔ Si Tso Wɔla La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Anyigba
    Nyɔ!—2014
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 12/8 axa 22-23

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Dziƒonutomefɔku aɖe Atsrɔ̃ Míaƒe Xexeamea?

LE March 12, 1998 dzi la, nyatakaka doŋɔdziname si dze le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe ŋgɔgbekpa dzi, television dzi, kple Internet nyadiƒewo le xexeame godoo enye be: “Ɣletinyigba sue aɖe si keke kilometa 1.5 le du dzi gbɔna eye ƒã hafi wòagbe ŋgokpekpe kple Anyigba.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple amesiwo menya naneke tso eŋu o tso kple vɔvɔ̃ be yewoanya alesi afɔkua le tututu. Eteƒe medidi o ɣletiviŋununyalawo ƒo nya ta be naneke meli si fia be alɔe o.

Gake wova dze si nu yeye aɖe le zitɔtɔa me. U.S.News & World Report gblɔ be: “Togbɔ be awɔ mo yaa hã la, ɖewohĩ nusi ɖe dzesi le toklã gbɔloa ŋue nye be, ame geɖe mebui nukunya gãe o. Ne ƒe ewo alo esi wu nenema siwo va yi mee wogblɔ be ele be mí amesiwo le Anyigba dzi míanɔ ŋudzɔ ɖe nu ma tɔgbe bubu geɖe ŋu—eye be míawɔ ɖoɖo awɔ nane tso wo ŋu—la, anye ne masɔ tome kura o, gake fifia ya dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple dunyahela aɖewo gɔ̃ hã susui be togbɔ be asesẽ be afɔkua nadzɔ hã la, ate ŋu adzɔ.”

Ɣletiviŋununyala aɖewo xɔe se be dziƒonu aɖewo siwo ade 2,000 siwo lolo ate ŋu agblẽ nu le anyigba bliboa ŋu la le du dzi toa toƒe aɖewo siwo va tsoa anyigba ƒe toƒe me alo gogonɛ. Numekulawo gblɔ be ne wo dometɔ suetɔ gɔ̃ hã va lɔ anyigba la, eƒe wowó asɔ kple nukliaʋawɔnu gbogbo aɖewo ƒe wowó zi ɖeka. Afɔku gã ŋutɔe woƒe gododo anye na míaƒe ɣletinyigba la kple edzinuwo, amegbetɔwo kple lãwo siaa.

Xexeame Wɔla, Yehowa Mawu, ƒe nukpɔsusu nye nu ɖeka si ŋu womebuna zi geɖe o ne wole vɔvɔ̃nya mawo gblɔm ɖi hele eŋuti kɔntawo bum. (Psalmo 8:4; Lododowo 8:27) Egblɔ tame si wòɖo ɖe anyigba la kple amegbetɔƒomea ŋu ɖe Biblia me eme kɔ. Ðe wòaɖe mɔ dziƒonutomefɔku aɖe natsrɔ̃ míaƒe xexeamea?

Xexeame Le Mawu ƒe Ŋusẽ Te

Esi Yehowae nye xexeame katã Wɔla ŋusẽkatãtɔ ta la, susu le eme be míaƒo nya ta be ate ŋu aɖu ŋusẽ siwo katã kplɔa dziƒonuwo dzi. Nunyala Fia Salomo gblɔ be Yehowa ‘tsɔ nunya ɖo anyigba gɔme anyii.’ (Lododowo 3:19) Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be Mawu nye ‘amesi tsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒo mee.’—Yeremya 51:15.

Yehowae wɔ ɖoɖo na se kple ŋusẽ siwo kplɔa dziƒonu siwo ƒe ɖewoe nye ɣletiviwo, ɣletinyigbawo, ɣletivitoasikewo, kple ɣletinyigba suewo. (Yesaya 40:26) Gake edze abe eɖea mɔ na ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo be woato dzɔdzɔmeɖoɖo si le wo si, si nye wo dzidzi, agbenɔnɔ, kple ku le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu me ene, eye mehiã be wòanɔ asi dem eme ɣesiaɣi o. Dziƒonuwo ƒe ŋgokpekpe kple wo nɔewo ŋɔdzitɔe nye wo dometɔ ɖeka. Ŋgokpekpe siawo ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esi dzɔ le July 1994 me esime ɣletivitoasike si woyɔna be Shoemaker-Levy 9 ƒe kakɛ aɖewo kpe ŋgo kple ɣletinyigba Jupiter.

Anyigbaŋutinunya me kpeɖodzi li be kpe gãwo tso yamenutowo me va dze anyigba dzi kpɔ do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me amegbetɔwo va dzɔ. Gake ɖe nu ma tɔgbe ava dzɔ esime amegbetɔwo va le míaƒe ɣletinyigbaa dzia? Le kpɔɖeŋu me, nukae adzɔ ne ɣletinyigba sue aɖe si keke kilometa 1.5 va kpe ŋgo kple anyigba la? Ɣletiviŋununyala Jack Hills gblɔ be ne wodo go la, ŋusẽ si ado tso eme si aʋuʋu nuwo ade esi na Hiroshima ɖo baba ɖe anyi la teƒe miliɔn geɖe. Ne wòdze atsiaƒu me la, ƒutsotsoeawo aɖɔ ɖe ƒutanyigbawo dzi. Hills gblɔ be: “Afisi dugãwo nɔ tsã azu bafifi.” Nu vloetɔ kekeake si wogblɔ be ate ŋu adzɔe nye be amegbetɔƒomea katã atsrɔ̃. Aleke tsɔtsrɔ̃gbe siawo gbɔgblɔ ɖi sɔ kple tame si mía Wɔla ɖo ɖe anyigbaa ŋui? Biblia gblɔ be ɣletinyigba sia wɔa akpa tɔxɛ aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖo me.

Míaƒe Anyigba La—Tameɖoɖo aɖe Tae Wowɔe

Hakpala la gblɔ le míaƒe ɣletinyigba la ŋu be: “Dziƒo enye dziƒo na Yehowa, ke etsɔ anyigba na amegbetɔviwo.” (Psalmo 115:16) Yesaya gblɔ le Yehowa ŋu be enye “amesi mè anyigba, . . . eya amesi ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Anyigba nye domenyinu si Yehowa na ameƒomea. Eye esi Wɔla la wɔ susu be amegbetɔ siwo vɔ̃a Mawu nanɔ agbe mavɔ le etsɔme ta la, anyigba la anɔ anyi tegbee anye woƒe aƒe mavɔ. Psalmo 104:5 ka ɖe edzi na mí be: “[Yehowa ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.”

Nyateƒee, Mawu ɖe mɔ afɔku gã aɖewo dzɔ le míaƒe ɣletinyigba sia dzi, eye ameƒomea ƒe akpa gã aɖe ku. Amegbetɔwo ƒe ŋukeklẽ, movidzɔdzɔ, kple ŋutasesẽ koŋ alo wole eme tae afɔku siawo—abe aʋawɔwɔwo, dɔwuamewo, kple dɔvɔ̃wo ene—dometɔ aɖewo dzɔ. (Nyagblɔla 8:9) Dzɔdzɔmenudzɔdzɔ aɖewo siwo gɔme amegbetɔ mese keŋkeŋ haɖe o gbɔe bubuwo—abe anyigbaʋuʋuwo, dzotowo ƒe wowó, tsiɖɔɖɔwo, kple ahomyawo ene—tso. Amegbetɔwo megade blibo abe alesi Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me ene o; wonye nuvɔ̃mewo. Eyata mí ame ɖekaɖekawo míate ŋu akpɔ mɔ be Mawu nakpɔ mía ta tso nusiwo wobe wonye dzɔdzɔmefɔkuwo me fifia o.

Gake Yehowa meɖe mɔ le go aɖeke me be amegbetɔ ƒe anyigba dzi nɔnɔ dome nagblẽ wu gbɔgblɔ o. Tso esime wowɔ amegbetɔ la, kpeɖodzi aɖeke mele ŋutinya vavãwo me be dzɔdzɔmefɔku aɖe dzɔ kpɔ eye wòdi be yeatsrɔ̃ amegbetɔwo katã ɖa o.a

Kakaɖedzi Li be Amegbetɔƒomea Atsi Agbe

Tso esime amegbetɔ ƒe ŋutinya dze egɔme la, tame si Wɔla la ɖo enye be amegbetɔwo ‘nayɔ anyigba la dzi eye woanye agbo ɖe edzi.’ (Mose I, 1:28; 9:1) Edo ŋugbe be “ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:9, 11, 22, 29) Yehowa na kakaɖedzi le eƒe ŋugbedodowo ŋu be: “Nye tameɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi.”—Yesaya 46:10; 55:11; Psalmo 135:6.

Biblia megblɔ be mate ŋu adzɔ kurakura be dziƒonutome nudzɔdzɔ aɖe nana afɔku sue aɖe nadzɔ le anyigba dzi o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maɖe mɔ be dziƒonutomefɔku aɖeke nagblẽ tame si wòɖo ɖe anyigba kple ameƒomea ŋu me o. Le ŋugbe si Biblia do ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be amewo anɔ míaƒe ɣletinyigba la dzi tegbee—ẽ, anye ameƒomea ƒe aƒe tegbetegbe!—Nyagblɔla 1:4; Petro II, 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Noa ŋɔli ƒe Tsiɖɔɖɔa nye mɔ si nu Mawu to tsrɔ̃ amewo, gake Yehowa kpɔ egbɔ be amegbetɔ kple lã aɖewo tsi agbe.—Mose I, 6:17-21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe