INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g03 12/8 axa 10-11
  • Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa?
  • Nyɔ!—2003
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dziɖuɖuwo
  • Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Adzɔ Exexee Naa “Dukɔ Yia Ŋgɔa”?
    Nyɔ!—2003
  • Ðe Amewo Va Le Dziku Dom le Adzɔxexe Taa?
    Nyɔ!—2003
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2003
g03 12/8 axa 10-11

Ðe Wòle Be Nàxe Adzɔa?

“Mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, midzɔ nu nɛ; amesi tɔ nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, mivɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.”​—Romatɔwo 13:7.

ESI woyi edzi le dadam ɖe adzɔ siwo wokana na amewo be woaxe dzi ta la, adze abe nuxlɔ̃ame sia xɔxɔ asesẽ ene. Ke hã, apostolo Paulo ƒe nyae nya mawo nye, eye woŋlɔ wo ɖe Biblia me. Míeka ɖe edzi be èdea bubu Biblia ŋu. Gake àbia be, ‘Ðe wòle be Kristotɔwo naxe adzɔ ɖesiaɖe—hekpe ɖe esiwo ame aɖewo abu be wosɔ gbɔ akpa alo womesɔ o ŋua?’

Bu nuxlɔ̃ame si Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo ŋu kpɔ. Enya be adzɔ siwo Roma-dziɖuɖua ka na yewo detɔ Yudatɔwo la xexe vea dzi na wo vevie. Ke hã, Yesu xlɔ̃ nu be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro, eye nusi nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17) Nukutɔe la, Yesu kafui be woaxe adzɔ na dziɖuɖu si gbɔna ewu ge kpuie la gɔ̃ hã.

Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Paulo na nuxlɔ̃ame si míeyɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la. Exlɔ̃ nu be woaxe adzɔ togbɔ be wozãa adzɔ siwo amewo xena la ƒe akpa gã aɖe ɖe Roma-srafowo kple Roma-fiagãwo ƒe agbe kɔkɔ kple agbegbegblẽ nɔnɔ ŋu hã. Nukatae Paulo ƒe nukpɔsusu to vovo alea?

Dziɖuɖuwo

Bu nya siwo ƒo xlã Paulo ƒe nyawo ŋu kpɔ. Eŋlɔ le Romatɔwo 13:1 be: “Amesiame nabɔbɔ eɖokui na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.” Esime dziɖula siwo nye Mawu-vɔ̃lawo nɔ Israel-dukɔa dzi ɖum la, enɔ bɔbɔe be woabui be enye dukɔmevinyenye kple mawusubɔsubɔ me gbanɔamedzi be woakpe asi ɖe dukɔa ŋu le ganyawo me. Gake ɖe agbanɔamedzi ma ke le Kristotɔwo dzi ne dziɖulawo nye trɔ̃subɔla dzimaxɔsetɔwoa? Ẽ, enye woƒe agbanɔamedzi! Paulo ƒe nyawo fia be Mawue na “ŋusẽ” dziɖulawo be woaɖu dzi.

Dziɖuɖuwo wɔa nu geɖe tsɔ kpɔa egbɔ be ŋutifafa nanɔ anyi. Esia naa mɔnukpɔkpɔ Kristotɔwo be woayi woƒe gbɔgbɔmedɔ vovowo dzi. (Mateo 24:14; Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata Paulo gblɔ tso dziɖuɖuwo ŋu be: “Mawu ƒe subɔla wònye le wò nyonyo ŋuti.” (Romatɔwo 13:4) Ametakpɔkpɔ si Roma-dziɖuɖua nana la ɖe vi na Paulo ŋutɔ gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, esime nuvlowɔha aɖe dze edzi la, Roma-srafowoe xɔe ɖe agbe. Emegbe etsɔ eƒe nya de asi na Roma-ʋɔnudrɔ̃ƒea bena woakpɔ egbɔ wòate ŋu ayi dutanyanyuigblɔdɔa dzi.—Dɔwɔwɔwo 22:22-29; 25:11, 12.

Eyata Paulo na susu etɔ̃ siwo ta wòle be míaxe adzɔ ɖo. Gbã la, eƒo nu tso dziɖuɖuwo ƒe “dziku” si woatsɔ ahe toe na sedzidalawoe ŋu. Evelia, eɖe nu me be nu agblẽ le Mawu-vɔ̃la ƒe dzitsinya ŋu vevie ne wòto mɔ fitiwo dzi ƒo asa na adzɔxexe. Mlɔeba la, eɖee fia be dɔ siwo gbɔ dziɖuɖu kpɔna abe ‘amewo subɔlawo’ ene ŋuti fe koe adzɔxexe nye.—Romatɔwo 13:1-6.

Ðe Paulo hati Kristotɔwo wɔ ɖe eƒe nyaa dzia? Edze ƒã be wowɔ ɖe edzi, elabena Justin Martyr, (tso ƒe 110 va ɖo 165 M.Ŋ. lɔƒo) si nye ƒe alafa evelia me gbalẽŋlɔla si gblɔna be yenye Kristotɔ la gblɔ be Kristotɔwo “lɔ̃a” woƒe adzɔwo xexe “kaba wu ame bubu ɖesiaɖe.” Egbea la, eɖanye ɣeyiɣi alo gae dziɖuɖuwo bia tso Kristotɔwo si be woana o, woyia edzi nanɛ faa.—Mateo 5:41.a

Ke hã mɔɖeɖe li be Kristotɔwo nawɔ adzɔdziɖeɖe ƒe ɖoɖo ɖesiaɖe si le se nu la ŋudɔ. Le go aɖewo me la, woate ŋu awɔ adzɔdziɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ si wonaa amesiwo le nu dzɔm na mawusubɔsubɔhawo la ŋudɔ. Gake le Mawu ƒe Nya dzi wɔwɔ ta la, nyateƒe Kristotɔwo metoa mɔ fitiwo dzi ƒoa asa na adzɔxexe o. Woxea woƒe adzɔwo, hegblẽa alesi dziɖuɖuawo zãa gaa ƒe agbanɔamedzi ɖe wo si me.

Mɔ siwo nu “amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e” dometɔ ɖeka koe adzɔ si gbɔ eme kaka na amewo nye. (Nyagblɔla 8:9) Ŋugbe si Biblia do be eteƒe madidi o woawɔ nu ɖe amesiwo katã le Mawu ƒe dziɖuɖu te—dziɖuɖu si matsɔ adzɔxexe ado agbae na amewo madzemadzee gbeɖe o—ŋu le dzɔdzɔenyenye me la faa akɔ na Yehowa Ðasefowo.—Psalmo 72:12, 13; Yesaya 9:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yesu ƒe nuxlɔ̃ame be ‘woatsɔ nusi nye Kaisaro tɔ na Kaisaro’ meku ɖe adzɔxexe ko ŋu o. (Mateo 22:21) Heinrich Meyer ƒe agbalẽ si nye Critical and Exegetical Hand-Book to the Gospel of Matthew ɖe nu me be: “Mele be míase nyagbɔgblɔ [nusiwo nye Kaisaro tɔ] . . . la gɔme be wonye dukɔmeviwo ƒe adzɔxexe ɖeɖeko o, ke boŋ wonye nusianu si dze be woatsɔ na Kaisaro le dziɖula si wònye ta.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 11]

Kristotɔ gbãtɔwo “lɔ̃a” woƒe adzɔwo xexe “kaba wu ame bubu ɖesiaɖe.”—JUSTIN MARTYR

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nyateƒe Kristotɔwo wɔa adzɔxexe ŋuti sewo dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Yesu gblɔ be: “Nusi nye kaisaro tɔ la, mitsɔe na kaisaro”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

© European Monetary Institute

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe