Melɔ̃ Ðe Nya Si Mawu Gblɔ Tso Ʋu Ŋu La Dzi
Ðɔkta aɖe gblɔ eƒe ŋutinya
MENƆ nu siwo ŋu meke ɖo esime medo ame kuku aɖe kpɔ la gblɔm na ɖɔkta aɖewo. Mekpɔ nutete gã aɖe le ame kukua ƒe lãme, eye megblɔ be: “Míate ŋu aƒo nya ta be nu si koŋ na dɔnɔa kue nye be eƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo tsrɔ̃, eye eƒe ayikuwo dzudzɔ dɔwɔwɔ enumake, le esi wodo ʋu nɛ sɔgbɔ ta.”
Dzi ku ɖɔktagã ɖeka wòtso biam be: “Ðe nèdi be yeagblɔ be míedo ʋu si mesɔ kple dɔnɔa tɔ o nɛa?” Meɖo eŋu be: “Menye nya ma gblɔm mele o.” Azɔ metsɔ dɔnɔa ƒe ayiku ƒe akpa suesue aɖewo ƒe fotowo fia wo hegblɔ be: “Míate ŋu akpɔe be ʋumenugbagbevi dzĩ siwo le ayikua me la dometɔ geɖe dome gblẽ, eya ta míate ŋu aƒo nya ta be esiae na ayikua dzudzɔ dɔwɔwɔ enumake.”a Menye nyaʋiʋli vie yi edzi o. Mevɔ̃ ale gbegbe eye nye veme ƒu. Togbɔ be ɖevi koe menye le ɖɔktadɔa me, eye eya nye ɖɔktagã hãa, mesusui be mele be matɔ tsi nyaa o.
Ɣemaɣia, nyemenye Yehowa Ðasefo o. Wodzim le ƒe 1943 me le Sendai, si nye du aɖe le Japan ƒe dziehe. Esi fofonye nye dɔléleŋutinunyala kple tagbɔdɔdala taa, meɖoe be masrɔ̃ atikeŋutinunya. Medze atikeŋutinunya sukua dede, eye le ƒe evelia me, si nye ƒe 1970 mea, meɖe ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Masuko.
Meva Srɔ̃ Dɔléleŋutinunya
Masuko nɔ dɔ wɔm tsɔ nɔ asi kpem ɖe ƒomea ŋu ale be mate ŋu awu sukua nu. Nusɔsrɔ̃ tso atikewo ŋu dzɔ dzi nam ŋutɔ. Ale si wowɔ amegbetɔwo ƒe ŋutilã nyuie Ia wɔ nuku nam ale gbegbe! Ke hã, nyemesusui kpɔ be Wɔla aɖe li o. Mesusui be numekuku le atikewo ŋu ana manya nu si ta mele agbe ɖo. Eya ta togbɔ be meva zu ɖɔkta hã, meɖoe be magayi atikeŋutinunyasɔsrɔ̃ dzi, eye meva te nusɔsrɔ̃ tso dɔlélewo ŋu. Mesrɔ̃ nu tso dɔlékui vovovowo, nu siwo nana míedzea dɔ, kple dɔléle ƒe dzesiwo ŋu.
Esi meva nɔ ame siwo kansadɔ wu ƒe ŋutilã dom kpɔa, meva nɔ ɖokuinye biam be ɖe ʋudodo na dɔnɔwo ɖea vi na wo nyateƒe hã. Esi kansadɔ nana ʋu ɖuɖuna le ame ŋu ta, ʋu ate ŋu avɔ le lãme na ame si ŋu kansadɔ tsi ɖo. Kansadɔdamɔnu aɖewo hã te ŋu nana ame ƒe ʋu dzi ɖena kpɔtɔ, eya ta zi geɖea, ɖɔktawo gblɔna be woado ʋu na amea. Gake eva wɔ nam be ɖeko ʋudodo na dɔnɔa ana kansaa nagakaka ɖe lãme nɛ. Ðɔktawo va nyae egbea be ne wodo ʋu na amea, eƒe ŋutilã megatea ŋu nɔa te ɖe dɔlélewo nu ale si dze o. Esia nana wònɔa bɔbɔe be nu nate lãme nɛ, eye ewɔnɛ hã be kansadɔléla geɖe metsia agbe o.b
Ƒe 1975 mee nu si ŋu nya megblɔ le ŋutinyaa ƒe gɔmedzedzea dzɔ. Eye ɖɔktagã lae nɔ dɔnɔa gbɔ kpɔm; ʋu kple ʋumedɔwo ŋuti nunyalagãe wònye. Ahãa, fifia èse nu si tae wòdo dziku vevie esi megblɔ be ʋu si wodo na dɔnɔa ye na wòku gɔme ɖe! Gake meyi nye numeɖeɖea dzi, eye mlɔeba eƒe dzikua nu fa.
Ame Aɖeke Magadze Dɔ Alo Aku O
Ɣemaɣi lɔƒoe nyɔnu tsitsi aɖe si nye Yehowa Ðasefoa va ɖe gbeƒã na srɔ̃nye. Esi wònɔ nu ƒoma, ezã “Yehowa”; eya ta srɔ̃nye biae be egɔme ɖe hã. Ðasefoa ɖo eŋu nɛ be: “Mawu vavãa ƒe ŋkɔe nye Yehowa.” Tso ɖevime kee Masuko xlẽa Biblia, gake wotsɔ nya “AƑETƆ” ɖɔ li Mawu ƒe ŋkɔ le eƒe Biblia me. Eva nyae azɔ be ame ŋutɔŋutɔe Mawu nye, eye ŋkɔ le esi!
Enumake Masuko lɔ̃ be Ðasefo tsitsia nava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Esi metso kɔdzi gbɔ va aƒe me le zã ga 1:00 lɔƒoa, srɔ̃nye tsɔ dzidzɔ gblɔ nam be: “Wogblɔ le Biblia me be woava ɖe dɔléle kple ku ɖa keŋkeŋ gbe ɖeka!” Meɖo eŋu nɛ be: “Anyo ŋutɔ lo!” Eyi edzi be: “Esi wònye xexe yeyea tu aƒe taa, nyemedi be nàgagblẽ wò ɣeyiɣi dome o.” Mese eƒe nyaa gɔme be edi be madzudzɔ ɖɔktadɔa, eya ta medo dziku, eye nye kplii dome megava nɔ vivim o.
Gake srɔ̃nye medzudzɔ agbagbadzedze be yeakpe ɖe ŋunye o. Edoa gbe ɖa hedia mawunyakpukpui siwo ado dzidzɔ nam, eye wòtsɔa wo fiaam. Nya siwo le Nyagblɔla 2:22, 23 de dzi gbɔ nam etɔxɛe. Afi ma gblɔ be: “Nu ka tututue amegbetɔ kpɔna tso eƒe hloloetsotso kple dɔ siwo katã ŋu wòvu ɖo wɔ le ɣea te la me? . . . Le zã me hã, eƒe dzi megbɔna ɖe eme o. Esia hã toflokoe.” Nye nya tututue ma—mevu ɖe atikeŋutinunyasɔsrɔ̃ ŋu zã kple keli, evɔ mena nye dzi dze eme hã o.
Kwasiɖagbe ŋdi aɖe, le July 1975 me, esime srɔ̃nye yi kpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata mea, meɖoe be nye hã mayi. Srɔ̃nye ƒe nu ku esime wòkpɔm le afi ma, eye Ðasefoawo hã xɔm nyuie. Tso ema dzia, medea kpekpea Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe. Ɣleti ɖeka megbea, Ðasefo aɖe dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplim. Eye ɣleti etɔ̃ megbe tso esime Ðasefowo ɖe gbeƒã na srɔ̃nye zi gbãtɔa, exɔ nyɔnyrɔ.
Meva Bua Ʋu Abe Ale Si Mawu Bunɛ Ene
Eteƒe medidi o, meva srɔ̃e be Biblia de se na Kristotɔwo be ‘woatsri ʋu.’ (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; 1 Mose 9:4) Esi wònye nyemeka ɖe edzi be ʋudodo ɖea vi na amewo ŋutɔŋutɔ o xoxo taa, mesesẽ nam be malɔ̃ ɖe ale si Mawu bua ʋui dzi o.c Megblɔ na ɖokuinye be: ‘Ne Wɔla aɖe li, eye nenemae wògblɔa, ke eƒe nyae nye nyuitɔ.’
Mesrɔ̃e hã be Adam ƒe nu vɔ̃ tae míedzea dɔ eye míekuna ɖo. (Romatɔwo 5:12) Ɣemaɣia, menɔ nu srɔ̃m tso ʋukamexexedɔ ŋu. Ne míele tsitsima, míaƒe ʋukawo va liana, eye wo me va xena; esia nana míeléa dɔwo abe dzidɔ, ayikudɔ, gbagbadɔ kple emawo ƒomevi ene. Susu le eme be esi míede blibo o tae nu siawo dzɔna ɖo. Le nu siawo megbea, ɖeko nye lãme va fa ɖe atikeŋutinunyasɔsrɔ̃ ŋu. Yehowa Mawu ɖeka koe ate ŋu aɖe dɔléle kple ku ɖa!
Le March 1976 me, si nye ɣleti adre tso esime mete Biblia sɔsrɔ̃a, medzudzɔ yunivɛsiti si dem menɔ le kɔa dzi la. Mevɔ̃ gbã be nyemagakpɔ ɖɔktadɔ awɔ le afi aɖeke o, gake meva kpɔ dɔ le kɔdzi bubu. Mexɔ nyɔnyrɔ le May 1976 me. Meɖoe be nu nyuitɔ si matsɔ nye agbe awɔe nye be, mazã ɣeyiɣi geɖe atsɔ agblɔ mawunya na amewo; eya ta meva zu mɔɖela le July 1977 me.
Mena Amewo Nya Ale Si Mawu Bua Ʋui
Le November 1979 mea, nye kple Masuko míeʋu yi hame aɖe me le Chiba Nutoa me, elabe gbeƒãɖela geɖe hiã le afi ma. Meva kpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ le kɔ aɖe dzi. Ŋkeke gbãtɔ si medze dɔa gɔmea, amekola aɖewo va ƒo ƒu ɖe ŋunye eye wobiam be: “Esi nènye Yehowa Ðasefoa, nu kae nàwɔ ne wokɔ dɔnɔ aɖe vɛ, eye wòhiã be woado ʋu nɛ?”
Megblɔ na wo bubutɔe be, mawɔ se si Mawu de le ʋu ŋua dzi. Meɖe eme na wo be atikewo kple dɔdamɔnuwo li si woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe, eye be mawɔ nye ŋutete katã akpe ɖe dɔnɔwo ŋu. Esi míedzro nya sia me abe gaƒoƒo ɖeka sɔŋ ene megbea, amekolawo ƒe amegã gblɔ nam be: “Mese egɔme. Gake ne ʋu ɖuɖu le dɔnɔ aɖe ŋu sɔgbɔ hafi wokɔe vɛa, ke míawo míakpɔ egbɔ.” Wonya amekolawo ƒe amegã ma be ɖe eƒe nya me sẽ, gake le dze ma ɖoɖo megbea, nye kplii dome va le nyuie, eye edea bubu nye dzixɔsewo ŋu.
Bubudede Ʋu Ŋu Va Zu Dodokpɔ
Esime míenɔ Chiba la, wova nɔ Yehowa Ðasefo siwo le Japan ƒe dɔwɔƒe yeye, si woyɔna be Betel, tum ɖe Ebina. Nye kple srɔ̃nye míeyia afi ma zi ɖeka le kwasiɖaa me vae kpea asi ɖe dɔa ŋu. Mekpɔa Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le teƒea tum la ƒe lãmesẽnyawo gbɔ. Ɣleti ʋɛ aɖewo megbea, wokpe mí be míava wɔ dɔ le Ebina Betel ɣeyiɣiawo katã. Aleae wòdzɔe be le March 1981 mea, míeʋu vae nɔ afi si wona dzeƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 500 kple edzivɔ ɖo. Ŋdi mea, mekpea asi ɖe eŋu míedzraa tsileƒe kple afɔdzideƒewo ɖo; eye ŋdɔ mea, mekpɔa ame siwo ƒe lãme gblẽa gbɔ.
Dɔnɔ aɖe si gbɔ mekpɔ la ŋkɔe nye Ilma Iszlaub. Etso Australia, eye wònye dutanyanyuigblɔla le Japan tso ƒe 1949 me. Ʋumekansadɔ le eŋu, eye ɖɔktawo gblɔ nɛ be ɣleti ʋɛ aɖewo koe wòaganɔ agbe. Ilma gbe be yemalɔ̃ woado ʋu na ye be yeadidi yeƒe agbe ɖe edzi o, eye wòtiae be yeazã yeƒe agbenɔƒe mamlɛawo le Betel. Ɣemaɣia, womewɔ atike siwo nana ame ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo ŋutɔ dzina ɖe edzi, siwo dometɔ ɖekae nye erythropoietin o. Eya ta, ɣeaɖewoɣia, eƒe ʋu ɖiɖina va ɖoa gram 3 alo 4 pɛ ko! (Evɔ nyuitɔae nye be wòanɔ gram 12 va ɖo 15.) Gake mekpɔa egbɔ ale si mate ŋui. Ilma ɖoe kplikpaa be yeawɔ Mawu ƒe se si le Biblia me dzi, eye wòyi edzi nenema va se ɖe esime wòku ƒe adre megbe, le January 1988 me!
Eva hiãna be woawɔ dɔ na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le Japan la dometɔ geɖe. Kɔdzi aɖewo te ɖe afi ma, eye woƒe ɖɔkta aɖewo lɔ̃ faa wɔ dɔ na nɔviawo ʋumadomadoe, eye míeda akpe na wo ɖe eta. Wokpem zi geɖe be manɔ eteƒe esime wole dɔ wɔm na nɔvi aɖewo; eye ɣeaɖewoɣia, wokpem be makpe asi ɖe eŋu gɔ̃ hã. Medaa akpe na ɖɔkta siwo lɔ̃ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nyametsotso be woagado ʋu na yewo o dzi la geɖe. Mɔnukpɔkpɔ su asinye megblɔ nu siwo dzi mexɔ se la na wo. Ðɔktaawo dometɔ ɖeka xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo nyitsɔ laa.
Enyo ŋutɔ be agbagba siwo ɖɔktawo dze be yewoawɔ dɔ na Yehowa Ðasefowo ʋumadomadoe la na atikewɔnyawo va yi ŋgɔ ŋutɔ egbea. Dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe na wòdze ƒãa be ʋumadomado ɖea vi geɖe. Kpeɖodziwo ɖee fia be ame siwo womedo ʋu na o la hayana kaba wu, eye womedoa go kuxi geɖe le dɔwɔwɔ na wo megbe o.
Mekpɔtɔ Le Nu Srɔ̃m Tso Ðɔkta Gãtɔ Gbɔ
Medzea agbagba be manya ŋgɔyiyi yeye siwo wowɔ le atikeŋutinunya me. Gake mekpɔtɔ le nu srɔ̃m tso Ðɔkta Gãtɔ, Yehowa, gbɔ. Menye nu si le gota koe wòkpɔna o, ke boŋ ekpɔa ameti bliboa yi eme ke. (1 Samuel 16:7) Esi menye ɖɔkta taa, nye hã medzea agbagba be makpe ɖe ameti bliboa ŋu, ke menye be mada dɔ si lém amea le la ko nɛ o. Esia wɔnɛ be mekpɔa dɔnɔwo gbɔ nyuie wu.
Mekpɔtɔ le dɔ wɔm le Betel, eye nu siwo doa dzidzɔ nam le agbe me wu dometɔ ɖekae nye be makpe ɖe amewo ŋu woava nya Yehowa kple ale si wòbua ʋui. Mele gbe dom ɖa be Ðɔkta Gãtɔ, si nye Yehowa Mawu, naɖe dɔléle kple ku ɖa kpuie.—Abe ale si Yasushi Aizawa gblɔe ene.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Agbalẽ aɖe si ku ɖe ʋudodo ŋu (Modern Blood Banking and Transfusion Practices), si Ðɔkta Denise M. Harmening ŋlɔ, gblɔ be ‘ne wodo ʋu na ame aɖe si fɔ fu kpɔ, alo ame aɖe si woɖe ame bubu ƒe ŋutinuwo de na kpɔ, alo ame aɖe si wodo ʋu na kpɔ la, ate ŋu ava dzɔ be eƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo natsrɔ̃.’ Ne ɖɔktawo do ame siawo tɔgbi kpɔ be yewoakpɔe ɖa be woƒe ʋumenu siwo wua dɔlékuiwo la aɖe mɔ be woado ʋu aɖe ƒomevi na wo hã la, “wometea ŋu kpɔa dɔlékuiwunuawo le ʋu me na wo o.” Agbalẽ bubu aɖe (Dailey’s Notes on Blood) gblɔ be, ame ƒe ʋumenugbagbevi dzĩwo ate ŋu atsrɔ̃ “ne ʋu si mesɔ kple etɔ o ƒe sue aɖe koe wodo nɛ gɔ̃ hã. Ne ayikua dzudzɔ dɔwɔwɔ koa, ekema aɖinuwo ate ŋu age ɖe lãme nɛ, elabe ayikuawo magate ŋu aɖe ɖinuwo ɖa le ʋua me o.”
b Kansadɔ ŋuti nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (Journal of Clinical Oncology) si wota le August 1988 me gblɔ be: “Kansadɔléla siwo womedo ʋu na esime wole dɔ wɔm na wo o la te ŋu hayana sãsãsã wu esiwo wodo ʋu na esime wole dɔ wɔm na wo.”
c Àkpɔ nu bubu siwo Biblia fia ku ɖe ʋu ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽ gbadzaa si nye How Can Blood Save Your Life? (Comment le sang peut-il vous sauver la vie ?) me.
[Nya si ɖe dzesi]
“Meɖe eme na wo be atikewo kple dɔdamɔnuwo li si woate ŋu azã ɖe ʋu teƒe, eye be mawɔ nye ŋutete katã akpe ɖe dɔnɔwo ŋu”
[Nya si ɖe dzesi]
“Dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe na wòdze ƒãa be ʋumadomado ɖea vi geɖe”
[Nɔnɔmetata]
Etame: Mezã Biblia tsɔ le nu fiam
Ðusime: Nye kple srɔ̃nye, Masuko, egbea