INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g04 4/8 axa 10-11
  • Nane Si Nyo Wu Ðɔɖɔɖo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nane Si Nyo Wu Ðɔɖɔɖo
  • Nyɔ!—2004
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amewo Ƒe Ɣlidodo Be Woaɖɔ Nuwo Ðo
    Nyɔ!—2004
  • Yesu Yɔ Dɔ Ŋkuagbãtɔwo Eye Wòkpe Ðe Zaxeo Ŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ðe Kuxiawo Gbɔkpɔnu Le Ðɔɖɔɖotaʋlilawo Sia?
    Nyɔ!—2004
  • Yesu Fia Nu le Yerixo
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2004
g04 4/8 axa 10-11

Nane Si Nyo Wu Ðɔɖɔɖo

NE ATI aɖe tsea ku manyomanyo la, eƒe alɔ ʋɛ aɖewo lalã ɖa makpɔ kuxia gbɔ o. Ati bliboae wòle be woamu ahaho eƒe kewo le to me. Emegbe woado ati bubu si tsea ku nyui ɖe eteƒe.—Mateo 7:16-20.

Nenema kee nusiwo gblẽ le amegbetɔƒomea ŋu la ƒe dzesiwo—si ƒe ɖewoe nye nufitifitiwɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, agbemenuhiahiã veviwo manɔamesi, kple adzodada—ko gbɔe ɖɔɖɔɖotaʋlila siwo si taɖodzinu nyuiwo le la gɔ̃ hã tena kpɔna be yewoakpɔ. Gake nusi koŋ gbɔ wòtso la kpɔtɔ ƒo ke ɖe to sesĩe. Nuɖoanyi bliboae wòle be woatrɔ. Esia ƒe ŋugbee Biblia do.

Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziƒodziɖuɖu si awɔ nu geɖe—nu geɖe ŋutɔ—wu asitɔtrɔ le amegbetɔƒomea ŋu alo eƒe nanewo ɖɔɖɔɖo dzaa ko. Dziɖuɖu ma ato mɔnu yeye kura dzi akpɔ amegbetɔwo ƒe nyawo gbɔ, ahate ameƒomea katã aƒo ƒu ɖekae le eƒe dziɖuɖua te. Dziɖuɖu sia akpɔ nya siwo ku ɖe agbalẽsɔsrɔ̃, dɔwɔwɔ, aƒe, nunyiame, lãmesẽ, kple nutome ŋu gbɔ.

Psalmo 72:12-14 ƒo nu tso nusi Mesia Fia la awɔ na ameƒomea ŋu le nyagblɔɖi me be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me.”

Gake ne ameƒomea avo tso nufitifitiwɔwɔ, madzɔmadzɔnyenye, kple agbemenuhiahiã veviwo manɔamesi me keŋkeŋ la, ke menye dziɖuɖua koe wòle be wòatrɔ o, ele be ameawo hã natrɔ. Le esia ta la, Fiaɖuƒea ana mɔfiame amesiame tso alesi wòanɔ agbe si me dzidzɔkpɔkpɔ le, si ŋu tameɖoɖo kple viɖe le, ŋu. Biblia do ŋugbe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ya akpe ɖe etevi siwo le anyigba dzi la ŋu be woaɖɔ wo ɖokui ɖo. To mɔ ka nu?

Fiaɖuƒea afia nu eteviwo tso Yehowa Mawu ƒe mɔwo ŋu, ahakpe ɖe wo ŋu woatu xɔse kple lɔlɔ̃ ɖo. (Yesaya 11:9) Lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa ame ƒe dzi be wòawɔ nusi hiã. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yesu do go Zaxeo, amesi nye nudzɔlawo ƒe amegã si nɔ adzɔ gãwo kam na amewo tsɔ nɔ eɖokui gbɔ kpɔmee. Yesu mezi dziɖuɖumegã sia dzi hedo ŋukpee be wòatrɔ eƒe mɔwo o. Ke boŋ Yesu kpe ɖe Zaxeo ŋu be wòakpɔ eya ŋutɔ ƒe vodada adze sii ahatrɔ dzime. Mawumegɔmeɖose kple lɔlɔ̃ na Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔe ʋã Zaxeo. Ewɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo.—Luka 19:1-10.

Ðe ema menye ameƒomea ƒe kpododonuwo gbɔ kpɔnu si de ŋgɔ oa? Enye dzɔdzɔenyenye dziɖuɖu deblibo si akpɔ amegbetɔƒomea ƒe nyawo gbɔ ahaʋã amesiame be wòatrɔ eƒe mɔwo. Ðe míagahiã ɖɔɖɔɖowo ɣemaɣia? Magahiã o, elabena Mawu awɔ nuwo katã yeyee ɣemaɣi. Nu gbãtɔwo nu yi.—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Mawu ƒe Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ blibo vɛ, ke menye be wòaɖɔ nanewo ko ɖo o

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpe ɖe amewo ŋu wowɔ tɔtrɔwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe