Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Wòsɔ Be Míado Gbe Ða Na “Ame Kɔkɔewoa”?
Marie kple Theresa ka ɖe edzi be yewonye “Katolikotɔ veviedonulawo.” Wo ame evea siaa xɔ “ame kɔkɔewo” dzi se. Marie xɔe se be woakpe ɖe ye ŋu ne yedo gbe ɖa na wo. Theresa doa gbe ɖa na kɔƒe si me wòtso la ƒe “ame kɔkɔe” vevitɔ. Eye edoa gbe ɖa na “ame kɔkɔe” si ƒe ŋkɔ wotsɔ nɛ la hã.
LE XEXEA me godoo la, ame miliɔn geɖe doa gbe ɖa na ame siwo woxɔ se be wonye ame kɔkɔewo la bena woayra yewo, abe ale si Marie kple Theresa hã nɔ ewɔm ene. Numekugbalẽ aɖe (New Catholic Encyclopedia) gblɔ be: “Ame kɔkɔewo xɔa nya ɖe akɔ na amewo,” eye wògagblɔ kpee be “enyo, eye wòle vevie be woado gbe ɖa na wo bena woakpɔ . . . nu nyuiwo tso Mawu gbɔ.”
Ke aleke Mawu ya bua nuwɔna sia? Ðe wòdzea Mawu ŋu be míado gbe ɖa na “ame kɔkɔewo” bena woaxɔ nya ɖe akɔ na mía? Na míadzro nu si Biblia gblɔ tso nya sia ŋu me akpɔ.
Ðe Wòle Be Míado Gbe Ða Na “Ame Kɔkɔewoa”?
Womegblɔ le Biblia ƒe afi aɖeke be Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖe do gbe ɖa na “ame kɔkɔe” aɖe kpɔ o. Nu ka tae? Numekugbalẽ si nye New Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Le ƒe alafa etɔ̃lia me la, amewo va kpɔ akpa vevi si ame kɔkɔewo wɔna abe nyaxɔɖeakɔlawo ene dze sii kɔtɛ.” Ƒe 200 kple edzivɔ le Kristo ƒe ku megbee nuwo va yi alea. Eya ta, menye Yesu kple Biblia ŋlɔla siwo gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ nu tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu lae to nufiafia sia vae o. Nu ka tae ame siawo megblɔ be míado gbe ɖa na ame kɔkɔewo o?
Biblia gblɔ zi geɖe be Mawu koe wòle be míado gbe ɖa na le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. Yesu gblɔ be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.” (Yohanes 14:6) Nya mawo siwo Yesu gblɔ eme kɔ ƒãa la wɔ ɖeka kple eƒe nya siwo dze le Mateo 6:9-13. Esime Yesu nɔ nu fiam eyomedzelawo ku ɖe gbedodoɖa ŋu la, egblɔ na wo be: “Eya ta miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ. . . . ” (Mateo 6:9) Eme kɔ ƒãa be mía Fofo si le dziƒo la koe wòle be míado gbe ɖa na. Nyateƒenya sia nɔ te ɖe Biblia me gɔmeɖose vevi aɖe dzi.
Subɔsubɔnuwɔnae Gbedodoɖa Nye
Numekugbalẽ si nye The World Book Encyclopedia gblɔ be: ‘Gbedodoɖa nye nya siwo wogblɔna na Mawu, mawuwo, mawunɔwo, alo nu bubu aɖewo siwo wodea ta agu na la, le bubu deto me. . . . Gbedodoɖa nye tadedeagu ƒe wɔna vevi aɖe le xexea me ƒe subɔsubɔhawo katã kloe me.’ Bia ɖokuiwò be, ‘Esi wònye gbedodoɖa nye tadedeagu ƒe nuwɔna ɖe, ɖe wòasɔ be míadze klo ado gbe ɖa na ame bubu aɖe to vovo na mía Wɔla kple Agbenala la?’ (Psalmo 36:10) Yesu gblɔ be: “Nyateƒetadeagulawo atsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu na Fofo la, elabena le nyateƒe me la, Fofo la le ame siawo ƒomevi dim be woade ta agu na ye.” (Yohanes 4:23) Biblia gagblɔ hã be “Mawu ʋãŋu” ye mía Wɔla la nye.—5 Mose 4:24; 6:15.
Le kpɔɖeŋu me, bu Kristotɔ apostolo Yohanes ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖe ŋu kpɔ. Esi apostoloa kpɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzi si wòva ŋlɔ ɖe Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me la, nu si wòkpɔ la wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ, eye ‘wòbɔbɔ be yeade ta agu ɖe mawudɔla’ si ɖe nu siawo fiae la ƒe afɔ nu. Aleke mawudɔlaa wɔ nui? Egblɔ nɛ be: “Kpɔ nyuie! Mègawɔ nu ma o! Mia kple [nɔviwòwo], . . . ƒe hati kluvi ko menye. De ta agu na Mawu.” (Nyaɖeɖefia 22:8, 9) Ɛ̃, wogate gbe ɖe edzi le Biblia ƒe afi sia hã be Yehowa Mawu koe wòle be míade ta agu na.
Eya ta esɔ be Mawu koe Biblia ɖɔ be enye ‘Gbedodoɖasela.’ (Psalmo 65:3) Gawu la, esi wònye Ŋusẽkatãtɔ ta la, eya ko sie ŋusẽ, nunya, kple ŋutetea le be wòana nu nyui ɖe sia ɖe si míabia le gbedodoɖa me la mí. (Hiob 33:4) Yesu Kristo ŋutɔ gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be seɖoƒe li na yeƒe ŋutetewo. (Mateo 20:23; 24:36) Togbɔ be ele alea hã la, wona ŋusẽ gã Yesu Kristo, eye nu si esia lɔ ɖe eme la dometɔ ɖekae nye be wòanye ameƒomea ƒe Nyaxɔɖeakɔla.
Nyaxɔɖeakɔla Si Sea Veve Ðe Ame Nu
Biblia gblɔ le Yesu ŋu be: “Ate ŋu aɖe ame siwo to edzi le tetem ɖe Mawu ŋu la bliboe hã, elabena ele agbe ɣesiaɣi, be wòaxɔ woƒe nya ɖe akɔ.” (Hebritɔwo 7:25) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, efia be Yesu ate ŋu anye Nyaxɔɖeakɔla si sea veve ɖe “ame siwo to edzi le tetem ɖe Mawu ŋu” la nu. Gake esia mefia be míado gbe ɖa na Yesu, eyome eya hã nagblɔ gbedodoɖaa me nyawo na Mawu o. Nu si wòfia boŋue nye be míado gbe ɖa na Mawu le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye esia wɔwɔ afia be míedea bubu ɖoƒe si Yesu le la ŋu. Nu ka tae wònye be Yesu ye nye Nyaxɔɖeakɔla nyuitɔ kekeake?
Susuawo dometɔ ɖekae nye be Yesu nɔ agbe abe amegbetɔ ene kpɔ, si wɔe be wòte ŋu se ame bubuwo ƒe fukpekpewo gɔme na wo nyuie wu. (Yohanes 11:32-35) Susu bubue nye be, eɖe lɔlɔ̃ si le esi na amewo la fia to ale si wòda dɔ na dɔnɔwo, fɔ ame kukuwo ɖe tsitre, kple ale si wòkpe ɖe ame siwo katã va egbɔ be yewoasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la ŋu. (Mateo 15:29, 30; Luka 9:11-17) Etsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo ke wo gɔ̃ hã. (Luka 5:24) Esia naa dzi ɖoa mía ƒo, elabena ne míewɔ nu vɔ̃ la, “kpeɖeŋutɔ le mía si le Fofo la gbɔ, si nye ame dzɔdzɔe Yesu Kristo.”—1 Yohanes 2:1.
Lɔlɔ̃ kple veveseseɖeamenu si Yesu ɖe fia la nye nɔnɔme siwo wòle be míawo hã míadze agbagba asrɔ̃. Ele eme be womena ŋusẽ mí be míanye nyaxɔɖeakɔlawo o ya. Gake míate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta. Le nyateƒe me la, ele be lɔlɔ̃ naʋã mí be míawɔ esia. Yakobo ŋlɔ bena: “Mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta. . . . Ŋusẽ nɔa ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo, si le dɔ dzi, la ŋu.”—Yakobo 5:16.
Esi Marie kple Theresa srɔ̃ Biblia la, wova nya nyateƒenya vevi siawo. Yehowa Ðasefowo le dzi dem ƒo na wò hã be nàwɔ nenema. Abe ale si Yesu gblɔe ene la, “ele be ame siwo le ta dem agu [na Mawu] la natsɔ gbɔgbɔ kple nyateƒe ade ta agu.”—Yohanes 4:24.—g10-E 11.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Ame kae Yesu gblɔ be eya ɖeka hɔ̃ɔ koe wòle be míado gbe ɖa na?—Mateo 6:9.
● Ðoƒe kae Yesu le?—Hebritɔwo 7:25.
● Ðe wòle be míado gbe ɖa ɖe ame bubuwo ta be Mawu nakpe ɖe wo ŋua?—Yakobo 5:16.