Sɔhɛwo Biana Be
Nu Kae Wòle Be Manya Le Atamanono Ŋu?
Lé ŋku ɖe nya siwo gbɔna ŋu, eye nàwɔ dzesi sia ✔ ɖe aɖaka si le nya si ɖɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me gbɔ la me.
□ Medina be manya ale si nuwo le
□ Nuteɖeamedzi le fu ɖem nam
□ Medi be hanyetiwo nalɔ̃ nye nya
□ Nyemedi be makpɔ lãme akpa o
NE ÈWƆ dzesia ɖe aɖakaawo dometɔ aɖe me la, ke wò nɔnɔmea le abe hawòti siwo noa atama alo bu enono ŋu kpɔ la tɔ ene le go aɖewo me.a Le kpɔɖeŋu me:
Didi be yeanya ale si nuwo le. “Menɔ didim be manya ale si atamanono le, eya ta mexɔ ɖeka le nyɔnuvi aɖe si le suku, eye meyi ɖabe henoe.”—Tracy.
Nuteɖeamedzi kple didi be woalɔ yeƒe nya. “Ðevi siwo le suku la tea ŋu gblɔna be, ‘Ehiã be mano atama,’ eyome wova gblɔna be, ‘Azɔ ko, nye dzi dze eme!’ Esia dzroa nye hã, ne nu te ɖe dzinye.”—Nikki.
Didi be yeanɔ tsralɛ. “Nyɔnuvi aɖewo noa atama be yewoanɔ tsralɛ—mɔnu sia le bɔbɔe kura wu be nàkpɔ wò nuɖuɖu dzi nyuie!”—Samantha.
Gake hafi nàno atama zi gbãtɔ, alo hafi nàgano bubu la, tɔ sẽe nàde ŋugble. Mèganɔ abe tɔmelã si lũ ɖe mɔgbɔɖonu dzi ene o. Tɔmelãa akpɔ nuɖuɖu vi aɖe ya, gake aku! Eya ta wɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi boŋ, eye nàzã wò “nuŋububu ƒe ŋutetewo.” (2 Petro 3:1) Ðo biabia siwo gbɔna ŋu.
Ðe Nu Siwo Nènya Tso Atamanono Ŋu Nye Nyateƒea?
De dzesi nya siawo nenye be wonye nyateƒe alo aʋatso.
a. ․․․ Atamanono ɖea nuteɖeamedzi kpɔtɔna.
b. ․․․ Matu dzudzɔa katã kloe ado goe.
d. ․․․ Ne metsi hafi wòagblẽ nu le nye lãmesẽ ŋu.
ɖ. ․․․ Ana nye nu nanyo ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔnye la ŋu.
e. ․․․ Nye ɖeka ko ŋue wòagblẽ nu le.
ɛ. ․․․ Mawu metsɔ ɖeke le nya sia me o.
Ŋuɖoɖoawo
a. Atamanono ɖea nuteɖeamedzi kpɔtɔna.—Aʋatsoe. Togbɔ be ate ŋu ana gbɔdzɔe vi aɖe ame tso asiɖeɖe le atamanono ŋu ƒe fuɖenamewo me hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo de dzesii be ɖe nicotine nana lãmetsi siwo wɔnɛ be nu tena ɖe ame dzi la dzina ɖe edzi boŋ.
b. Matu dzudzɔa katã kloe ado goe.—Aʋatsoe. Numekukuwo ɖee fia be dzudzɔ si nàgbɔ la ƒe akpa 80 le alafa me atsi lã me na wò.
d. Ne metsi hafi wòagblẽ nu le nye lãmesẽ ŋu.—Aʋatsoe. Ele eme be afɔkuawo dzina ɖe edzi zi ale si nèle enom ya, ga etea nanewo gbegblẽ le ame ŋu enumake. Ame aɖewo tee kpɔ zi ɖeka ko, eye wòzu numame na wo. Atamanono ana be ya si nègbɔna ɖe dzitodzito me la dzi naɖe akpɔtɔ, si ate ŋu ana be nànɔ kpe kpem enuenu. Wò ŋutigbalẽ alé ayi kaba. Ate ŋu aɖe wò gbɔdɔdɔ ƒe ŋutete dzi akpɔtɔ, ana wo dzi nanɔ tsotsom kabakaba alo nàkpɔ blanuiléledɔ.
ɖ. Ana nye nu nanyo ame siwo ƒe vidzinu to vovo na tɔnye la ŋu.—Aʋatsoe. Numekula Lloyd Johnston de dzesii be ƒewuivi siwo noa atama la “ƒe nu menyoa ame siwo ƒe vidzinuwo to vovo na wo tɔ la dometɔ akpa gãtɔ ŋu o.”
e. Nye ɖeka ko ŋue wòagblẽ nu le.—Aʋatsoe. Ame akpe geɖe siwo menoa atama o, gake wogbɔa eƒe dzudzɔ la kuna ƒe sia ƒe; agblẽ nu le wò ƒometɔwo, xɔwòwo kple aƒemelãwo gɔ̃ hã ŋu.
ɛ. Mawu metsɔ ɖeke le nya sia me o.—Aʋatsoe. Ele be ame siwo di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la nakɔ wo ɖokui ŋu tso “ŋutilã . . . ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Ðikeke mele eme o be atamanono ƒoa ɖi ŋutilãa. Ne ètiae be yeanye ame si ŋu mekɔ o, eye nànɔ nu gblẽm le ɖokuiwò kple ame bubuwo ŋu to atamazazã me la, ke màte ŋu anye Mawu xɔlɔ̃ o.—Mateo 22:39; Galatiatɔwo 5:19-21.
Ale Si Nàgbe Enono
Ke nu kae nàwɔ ne ame aɖe na wò atama be nàno? Zi geɖe la, nyaŋuɖoɖo kpuie si le tẽe abe esia ene akpɔ nyaa gbɔ: “Akpe, gake nyemedii o, nyemenoa atama o.” Ne amea gale ezim ɖe dziwò alo wòɖe alɔme le ŋuwò la, ɖo ŋku edzi be wòe awɔ nyametsotsoa. Àte ŋu agblɔ be:
● “Mesrɔ̃ nu tso nu si wògblẽna ŋu, eye metso nya me be nyemanoe o.”
● “Ehiã be manɔ agbe be mate ŋu ɖo etsɔme taɖodzinu vevi aɖewo gbɔ.”
Ke hã, abe ale si wòle le sɔhɛ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze gome ene la, ɖewohĩ wò kuxia koŋue nye be dzodzroa le wò ŋutɔ mewò be nàno atama. Ekema àte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi to ŋugbledede le biabiawo abe esiawo ene ŋu:
● Ðe atamanono aɖe vi nam ŋutɔŋutɔa? Le kpɔɖeŋu me, ne meno atama le esi medi be nye nu nadze xɔ̃nyewo ŋu ta ko la, ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ aganɔ mía kpli wo dome togbɔ be nyemawɔ ɖeka kpli wo le nuwɔna bubuwo me o gɔ̃ hã? Ðe madi gɔ̃ hã be madze xɔlɔ̃ ame siwo di be magblẽ nu le nye ŋutɔ nye lãmesẽ ŋua?
● Nu kae atamanono agblẽ le ŋunye le ganyawo, lãmesẽnyawo, kple bubu si le ame siwo nam gome?
● Ðe maxa ɖe atamanono ta ana mía kple Mawu dome nagblẽa?
Ke ne atamanono zu numame na wò xoxo ɖe, aleke nàwɔ adzudzɔ?
Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ
1. Ðoe kplikpaa be yeadzudzɔ. Ŋlɔ susu siwo ta nèdi be yeadzudzɔ la ɖi, eye nànɔ eme tom edziedzi. Didi be yeadza le Mawu ŋkume me ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàdzudzɔ.—Romatɔwo 12:1; Efesotɔwo 4:17-19.
2. Na woakpe ɖe ŋuwò. Ne ènoa atama le adzame la, ke fifiae wòle be nàʋu eme. Gblɔe na ame siwo nèɣlaa atamanono ɖo la be yedi be yeadzudzɔ, eye nàbia be woakpe ɖe ye ŋu. Ne èdi be yeasubɔ Mawu la, ke biae be wòakpe ɖe ŋuwò.—1 Yohanes 5:14.
3. Ðo ŋkeke si dzi nàdzudzɔ. Na ɖokuiwò kwasiɖa eve alo esi mede nenema o, eye nàde dzesi ŋkeke si dzi nèɖo be yeadzudzɔ la ɖe wò ɣletigbalẽ dzi. Gblɔe na ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo be yeɖoe be yeadzudzɔ le ŋkeke ma dzi.
4. Di wo nàgblẽ wo dome. Hafi ŋkeke ma naɖo la, ka wò nuwo me, eye nàdi wò xɔ me kple wò ʋu me nyuie be yeakpɔ atama aɖe hã. Gblẽ wo dome. Tsɔ sigaret kpenuwo, matsesiwo kple dzowɔgbawo ƒu gbe.
5. Nɔ te ɖe asiɖeɖe le eŋu ƒe fuɖenamewo nu. Nɔ atikutsetse me tsiwo alo tsi geɖe nom, eye nànɔ alɔ dɔm nyuie. Ðo ŋku edzi be ɣeyiɣi kpui aɖe koe ŋutilã ƒe fuɖenamewo axɔ, ke viɖe siwo nàkpɔ ya anɔ anyi ɖaa!
6. Ƒo asa na nu siwo ana wòadzro wò. Ƒo asa na teƒe kple nɔnɔme siwo ate ŋu ana wòadzro wò be nàno atama. Ðewohĩ ahiã be nàdzudzɔ hadede kple atamanolawo.—Lododowo 13:20.
7. Ƒo asa na taflatsɛdodowo. Mègable ɖokuiwò nàgblɔ be, “Maganoe zi ɖeka ko evɔ,” o. Zi geɖe la, taflatsɛdodo siawo nana amewo kpɔa wo ɖokui le nɔnɔme tsãtɔ me ake.—Yeremiya 17:9.
Mègana Woable Wò O
Adzɔha siwo wɔa atama la zãa ga biliɔn geɖe ɖe boblododo ŋu ƒe sia ƒe. Godoo wonyae be sɔhɛwo age ɖe mɔ̃ si yewotre la me, si ana woava zu ame tsitsi siwo atamanono zu numame na le etsɔme.
Mègatsɔ wò ga kɔ ɖe asi me na adzɔha siwo wɔa atama la ƒe amegãwo o. Nu ka tae nàna woƒe mɔ̃ naɖe wò? Woawo kple xɔ̃wò siwo noa atama la siaa mele wò nyui dim o. Mègaɖo to wo o, ɖo to Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo boŋ, eye nàwɔ nu siwo ana ‘eme nanyo na wò.’—Yesaya 48:17.—g11-E 03.
Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Togbɔ be nyati sia ƒo nu tso ame siwo noa sigaret ŋu hã la, kuxi kple afɔku siwo ŋu woƒo nu tsoe le eme la ku ɖe ame siwo ɖua atama hã ŋu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetatawo ŋu nya si le axa 27]
NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ
“Ne ame aɖe biam be nu ka tae nyemenoa atama o hã la, megblɔna be, ‘Nyemedi be nye dzitodzitowo nanyɔ yibɔ ne maku kaba o.’”
“Ne ame aɖe nam atama be mano la, megblɔna be, ‘Ao.’ Ne amea di be yeaƒoe ɖe nunye la, megblɔna be, ‘Woe aɖo nu si mawɔ la nama? Ŋkuʋuʋu ƒe ɣeyiɣi sia mee ame aɖe aganɔ nu sia wɔma?’”
[Nɔnɔmetatawo]
Benjamin
Heather
[Aɖaka si le axa 28]
● ÈNYAA?
Nicotine si nɔa atama ƒomevi bubuwo, abe esiwo woɖuna ene, me la sɔ gbɔ wu esi nɔa sigaret me, eye nu vovovo siwo wu 25, siwo nana ame kpɔa kansa la le eme si nana wònɔa bɔbɔe be enola nakpɔ kansa si wɔa ve me kple nu me na ame.
[Aɖaka si le axa 28]
ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?
Ne èdzra ɖo ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ŋu la, anɔ bɔbɔe na wò be nànɔ te ɖe enu. Ðe manyo be nàgblɔe na dziwòlawo ale be miawɔ wɔwɔfia siwo ana nànya ale si nàɖo nya ŋu na ame si atsɔ sigaret ana wò be nàno oa? Na dziwòlawo dometɔ ɖeka nawɔ nu abe hawòti si le eƒom ɖe nuwò be nàno atama ene. Miate ŋu azã “Dzadzraɖo Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenu Ŋu,” si le Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 2, ƒe axa 132 kple 133. Eɖo aɖaŋu nyuiwo ku ɖe ale si nàwɔ nui ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Atamanola ɖia kɔ na eƒe dzodzro, gake egblẽa nu le eŋu vevie, abe ale si ƒu ɖea tɔmelã ene