INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/11 axa 4-5
  • Tenɔnɔ Ðe Vevesesea Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tenɔnɔ Ðe Vevesesea Nu
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Mɔnukpɔkpɔ Meli Na Nye Ya Be Mafa Konyi O”
  • “Ewɔna Nam Abe Aƒe Gbɔlo Mee Mele Ene”
  • Nu Siwo Akpe Ðe Ame Siwo Le Nu Xam Ŋu
    Nyɔ!—2011
  • Aleke Mawɔ Anyi Nanya Nɔ Nam Le Nye Nuxaxa La Me?
    Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nuxaxa Nu?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðe Wòsɔ Be Mase Le Ðokuinye Me Alea?
    Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 7/11 axa 4-5

Tenɔnɔ Ðe Vevesesea Nu

“Esi mese be fofonye ku la, ewɔ mo yaa nam ŋutɔ, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖem. Nye dzitsinya bu fɔm vevie, elabena nyemenɔ egbɔ hafi wòku o. Naneke megadoa vevesese na ame wu ne wò ame vevi aɖe ku o. Mesusua fofonye ŋutɔ!”—Sara.

NUƑOƑO tso ku ŋu sesẽna na ame geɖe, metsɔ le eme afi si wotso alo subɔsubɔha si me wole o. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, nyamenyawo li wozãna kple susu be nuƒoƒo tso ku ŋu nanɔ bɔbɔe wu. Le Eʋegbe me la, le esi teƒe be woagblɔ be ame aɖe “ku” la, wotea ŋu gblɔna be “megava li o,” alo “etrɔ megbe.”

Ke hã, nyamenya ka kee woɖazã o, esia mewɔa nu boo aɖeke tso ame si dzi kua dzɔ ɖo la ƒe vevesese ŋu o. Ame aɖewo sea veve ale gbegbe be esesẽna na wo be woalɔ̃ ɖe edzi be yewoƒe ame vevia ku vavã.

Ne ame vevi aɖe ku na wò la, ke ɖewohĩ ele sesẽm na wò hã be nàxɔe ade eme be eku vavã. Ðewohĩ èle nu wɔm abe ɖe mete ɖe dziwò boo o ene, evɔ le ememe la, mele nenema hafi o. Ame sia ame kple ale si wòxaa nui, eya ta ne mèfa konyi amewo kpɔ o hã la, esia mefia be èle wò seselelãmewo dzi zim o.a Gake ne èse le ɖokuiwò me be ele be yeawɔ nu abe ale si wò ƒometɔwo kple ame bubu siwo hã le nu xam le mɔ kpɔm be nàwɔ nui ene la, esia ate ŋu agblẽ nu le ŋuwò.

“Mɔnukpɔkpɔ Meli Na Nye Ya Be Mafa Konyi O”

Bu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Nathaniel ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Esi wòxɔ ƒe 24 la, dadaa ku. Egblɔ be: “Gbã la, metɔtɔ ŋutɔ. Mese le ɖokuinye me be ele be mafa akɔ na fofonye kpakple danye xɔlɔ̃ siwo nɔ nu xam vevie la. Ke mɔnukpɔkpɔ meli na nye ya be mafa konyi o.”

Nathaniel de dzesii be le ƒe ɖeka megbe gɔ̃ hã la, yemete ŋu trɔ de nɔnɔmea ŋu ŋutɔŋutɔ o. Egblɔ be: “Fofonye gayɔnam ɣeaɖewoɣi kokoko hefaa konyi, eye enyo be wòwɔa esia. Ele be wòaɖe eƒe seselelãmewo agblɔ, eye edzɔa dzi nam be mafa akɔ nɛ. Gake kuxiae nye be ne mehiã na ame aɖe wòafa akɔ nam la, ewɔna nam be ame aɖeke meli si ŋu matrɔ ɖo o.”

Dɔnɔdzikpɔlawo, siwo dome kɔdzidɔwɔlawo hã le, siwo kpɔa amewo ƒe ku teƒe enuenu, hã tea ŋu sena le wo ɖokui me be ele be yewoazi yewoƒe seselelãmewo dzi. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye Heloisa, si nye ɖɔkta ƒe 20 ye nye esia. Kadodo kplikplikpli le nuto si me wòle la me tɔwo dome, eye dɔnɔ siwo dzi wòkpɔna la nye exɔlɔ̃wo. Egblɔ be: “Le wo dometɔ geɖe gome la, mele eteƒe hafi woku, evɔ nyemelɔ̃a nu le wo dometɔ aɖewo gbɔ hafi o.”

Heloisa nya be esɔ le dzɔdzɔme nu be ame nafa avi bene eƒe dzi nadze eme. Gake egblɔ be: “Ke hã, enɔ sesẽm nam be mafa avi. Mese le ɖokuinye me be ele be mazi nye seselelãmewo dzi bene mate ŋu afa akɔ na ame bubuwo. Mexɔe se be aleae amewo nɔ mɔ kpɔm be mawɔ nui.”

“Ewɔna Nam Abe Aƒe Gbɔlo Mee Mele Ene”

Tenɔnɔ ɖe akogotsitsi nu nye kuxi sesẽtɔ siwo ɖea fu na ame siwo ƒe ame vevi aɖe ku la dometɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, Ashley xɔ ƒe 19 esi kansa wu dadaa. Egblɔ be: “Esia na mese le ɖokuinye me be nu vevi aɖe bu nam, eye metsi akogo. Danyee nye xɔ̃nye vevitɔ. Tsi metoa mía kplii dome o!”

Eya ta mewɔ nuku o be etena ɖe Ashley dzi be yeagbɔ ava aƒe me ko akpɔ be ye dada meli o. Egblɔ be: “Ewɔna nam abe aƒe gbɔlo mee mele ene. Zi geɖe la, meyia xɔ me ɖafaa avi ahanɔ eƒe fotowo kpɔm, eye menɔa nu siwo mía kplii míewɔ ɖekae la susum.”

Ka ɖe edzi be eɖanye wò ƒometɔ alo xɔlɔ̃ vevi aɖee ku o, ame bubuwo hã le nu xam abe wò ke ene. Ame geɖe va de dzesi nu nyui aɖewo siwo kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe vevesesea nu, abe ale si míakpɔe ene.—g11-E 04.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Esi wònye be ame sia ame kple ale si wòxaa nui ta la, masɔ be ame aɖe nabu susu aɖe ɖe ame siwo mexaa nu wòdzena gaglãa ne woƒe ame vevi aɖe ku la ŋu o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 5]

“Mese le ɖokuinye me be nu vevi aɖe bu nam, eye metsi akogo. Danyee nye xɔ̃nye vevitɔ”—Ashley

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe