INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/11 axa 12-13
  • “Nyemegadi Be Madae Ði O!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Nyemegadi Be Madae Ði O!”
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔwɔnu Si Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Woaɖo Ŋku Wo Wɔla Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Toɖoɖo Nuxlɔ̃ame Ðea Vi
    Nyɔ!—2006
  • Dzilawo Mikpɔ Mia Viwo Ta!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ðo Dze Kple Viwòwo Le Gbɔdɔnyawo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 7/11 axa 12-13

“Nyemegadi Be Madae Ði O!”

● Sɔhɛ siwo tso dukɔ vovovowo me ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 2 lia ŋu.a Nya siwo wogblɔ la ƒe ɖewoe nye esi:

“Ale si agbalẽa de dzi ƒo na mí be míanɔ dze ɖom kple mía dzilawo la dzɔ dzi nam. Metsɔ aɖaŋuɖoɖoawo wɔ dɔe, eye fifia mate ŋu agblɔ be ale si mía kple dzinyelawo míeɖoa dzee la nyo wu tsã.”—Roberto, Mexico.

“Esi medze agbalẽa xexlẽ gɔme ko la, nyemegadi be madae ɖi o! Aɖaka si nye ‘Ale Si Mawɔ Eŋu Dɔe!’ si le ta ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu lɔƒo kple ‘Nye Nuŋlɔɖiwo’ si le akpa ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la dzɔ dzi nam. Agbalẽ sia kpe ɖe ŋunye meʋli nye dzixɔsewo ta le suku.”—Joelah, United States.

“Zi ale si mele exlẽm la, zi nenemae emenyawo wɔa dɔ ɖe dzinyee. Sɔhɛ gbogbo siwo ƒe numenyawo dze le eme kple ‘Ènyaa?’ kpakple ‘Aɖaŋuɖoɖo’ ƒe aɖakawo wɔ dɔ ɖe dzinye. Agbalẽ sia na mekpɔe dze sii kɔtɛ be Yehowa Ðasefowo Ƒe Dziɖuhaa tsɔ ɖe le eme na sɔhɛwo!”—Hui-won, South Korea.

“Le agbalẽ siwo katã Yehowa Ðasefowo ta dome la, esia xexlẽe doa dzidzɔ nam wu. Mienya nu siwo tututu nɔa susu me na ƒewuiviwo, kuxi siwo wodoa goe le ƒomea me kple suku, kpakple wo kple wo xɔlɔ̃wo dome kuxiwo.”—Shana, Canada.

“Ɣesiaɣi si dzinyelawo wɔ dzre la, meyia nye xɔ me ɖafaa avi. Ke esi mexlẽ ta 24 lia, si ƒe tanyae nye ‘Nu Kae Wòle Be Mawɔ Ne Dzinyelawo Wɔ Dzre?’ la, mete ŋu ɖo dze kple dzinyelawo le nyaa ŋu. Ewɔ nuku na wo esi wova nya ale si gbegbe woƒe dzrewɔwɔ nɔ nu gblẽm le ŋunyee. Woawo hã woxlẽ ta ma. Wose nye seselelãmewo gɔme nyuie wu azɔ, eye fifia, ƒãa hafi wowɔa dzre.”—Mariana, Czech Republic.

“Agbalẽa ƒe akpa siwo nye ‘Kpɔɖeŋuɖola’ wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ, eye wokpe ɖe ŋunye mewɔ dɔ tso nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esesẽna nam be made ha kple Kristo hamea me tɔ siwo nyemedze si tututu o. Gake axa 97 lia ƒo nu tso ale si Lidia va dze si Paulo kple ehatiwo nyuie wu to amedzrowɔwɔ na wo me. Fifia medzea agbagba be masrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua.”—Mónika, Hungary.—g11-E 04.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Yehowa Ðasefowoe tae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

“NU SI TA GBƆDƆDƆ DO ŊGƆ NA SRƆ̃ÐEÐE NYE NU GBEGBLẼ”

Katrina nye nyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe 16 si le United States. Wode dɔ asi nɛ be eya ŋutɔ natia nyati aɖe adzra ɖo ɖe eŋu be wòava ƒo nu tso eŋu le sukuxɔ me. Ewɔ agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, Babla 2 lia ŋu dɔ nyuie. Etiae be yeaƒo nu tso nya sia ŋu: “Nu Si Ta Gbɔdɔdɔ Do Ŋgɔ Na Srɔ̃ɖeɖe Nye Nu Gbegblẽ.” Edzilawo gblɔ be: “Le Katrina ƒe nuƒoa me la, eɖe nu si wòfia be woaƒo asa na gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me, eƒo nu tso afɔku siwo le eme, eye wògblɔ ale si Mawu ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi dada gblẽa nu le ame ŋui. Katrina xlẽ agbalẽa ƒe akpa aɖewo, siwo ƒo nu tso ale si sɔhɛ aɖewo se le wo ɖokui me esi womewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o ŋu. Eyome eɖe mɔ na eƒe sukuhatiwo be woabia nyawo, eye ete ŋu ɖo wo ŋu hã. Esi Katrina ƒo nua vɔ la, eƒe nufiala ŋlɔ agbalẽ aɖe tsɔ da akpe nɛ si ƒe akpa aɖe xlẽ ale: ‘Akpe na wò be nègblɔ nyateƒea, eye nèhe kekeli va xexe doblukɔ me. Nɔ te sesĩe le xɔse la me.’”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe