Biblia Ƒe Nukpɔsusu
Ðe Mawu Le Afi Sia Afia?
AME geɖe xɔe se be Mawu le afi sia afi ŋutɔŋutɔ, eye wòle nu sia nu me. Nunyala Fia Salomo ƒo koko na Yehowa le gbedodoɖa me gblɔ bena: “Nàsee le nɔwòƒe le dziƒo.” (1 Fiawo 8:30, 39) Eya ta le Biblia ƒe nya nu la, nɔƒe le Yehowa Mawu si. Salomo yɔ nɔƒe ma be “dziƒo.” Nu kae esia fia?
Ɣeaɖewoɣi la, Biblia zãa nya “dziƒo” kple “dziƒowo” tsɔ ɖɔa xexe gbahoo si ƒo xlã anyigba la. (1 Mose 2:1, 4; Psalmo 19:2) Ke hã, esi wònye be Mawue wɔ nuwo katã ta la, efia be enɔƒea li hafi wòwɔ xexe gbahoo la. Esia fia be xexe si me Mawu le la nye gbɔgbɔmenuto. Eya ta ne Biblia ƒo nu tso dziƒo, afi si nye Yehowa Mawu nɔƒe ŋu la, menye teƒe aɖe si le dziƒolilia alo yamenutowo me ye wòwɔnɛ o, ke boŋ gbɔgbɔmenutoe.
Ŋutega Wɔdɔɖeamedzi Aɖe
Biblia ɖɔ Yehowa nɔƒe le mɔ ʋãme aɖe nu le ŋutega aɖe si apostolo Yohanes kpɔ me. Le ŋutega ma me la, Yohanes kpɔ ʋɔtru aɖe si le ʋuʋu le dziƒowo, eye wòse gbe aɖe si gblɔ be: “Lia nàva afii.”—Nyaɖeɖefia 4:1.
Eyome Yohanes kpɔ ŋutega wɔdɔɖeamedzi si ku ɖe Yehowa Mawu ŋutɔ ŋu. Nu si wòkpɔ la ƒe akpa aɖee nye esi: “Fiazikpui aɖe nɔ enɔƒe le dziƒo . . . Eye ame si bɔbɔ nɔ edzi la ƒe nɔnɔme le abe yaspis kpe kple kpe xɔasi dzĩ aɖe ene, eye anyieʋɔ aɖe si ƒe nɔnɔme le abe emerald kpe ene la ƒo xlã fiazikpui la. . . . Eye dzikedzowo kple gbeɖiɖiwo kple dziɖegbewo nɔ dodom tso fiazikpui la me . . . Eye atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e ene, si le abe kristalo kpe ene, la le fiazikpui la ŋgɔ.”—Nyaɖeɖefia 4:2-6.
Ŋutega sia ɖɔ Yehowa ƒe atsyɔ̃ɖoɖo tɔxɛ kple gãnyenye si ɖeke mesɔ kplii o la nyuie. Azɔ de dzesi ale si nɔnɔmea le le Yehowa ƒe fiazikpuia ŋu godoo va kpee. Anyieʋɔa le tsitre ɖi na tomefafa kple ŋutifafa. Dzikedzoawo kple gbeɖiɖiawo kple dziɖegbeawo le gbe tem ɖe edzi be ŋusẽ le Mawu si. Atsiaƒu si le abe ahuhɔ̃e ene la he susu yi tenɔnɔ dzadzɛ si le ame siwo le Mawu ŋkume si la dzi.
Togbɔ be kpɔɖeŋu koe ŋutegaa me nuwo nye hã la, eɖe nu geɖe fia mí ku ɖe afi si Mawu le ŋu. Yehowa kpɔa egbɔ be nuwo le ɖoɖo nu pɛpɛpɛ le dziƒo. Nuwo metɔ agu le afi si wòle la o.
Ðe Mawu Le Afi Sia Afi Ɣeawokatãɣia?
Nyateƒe si wònye be nɔƒe le Yehowa si la ɖoa kpe edzi be mele afi sia afi ɣeawokatãɣi o. Ekema aleke wòawɔ anya nu siwo le edzi yim? (2 Kronika 6:39) Mɔ siwo dzi wòtona wɔa esia dometɔ ɖekae nye be ezãa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, alo dɔwɔŋusẽa. Hakpala la ŋlɔ bena: “Afi ka madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi, eye afi ka masi atso wò ŋku me ayi? Ne melia yi dziƒo la, èle afi ma, eye ne metsɔ tsiẽƒe wɔ mlɔnyeƒee la, èle gama.”—Psalmo 139:7-10.
Be míase ale si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ le afi sia afi gɔme la, míatsɔ ɣea awɔ esia kpɔɖeŋui. Teƒe ɖekae ɣea le, gake eƒe ŋusẽ ɖoa anyigba ƒe teƒe geɖe. Nenema kee nɔƒe le Yehowa Mawu si. Gake ate ŋu ana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme le xexe bliboa ƒe afi sia afi si wòdi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi anya nu si le edzi yim le teƒe ɖe sia ɖe le gaƒoƒo ɖe sia ɖe me. Eya ta 2 Kronika 16:9 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.”
Azɔ hã, habɔbɔ si me gbɔgbɔmenuwɔwɔ, siwo woyɔna be mawudɔlawo, le la le Mawu ƒe kpɔkplɔ te. Biblia ɖee fia be gbɔgbɔmenuwɔwɔ siawo ƒe xexlẽme ade miliɔn alafa geɖe, ɖewohĩ woade biliɔn nanewo alo esi wu nenema.a (Daniel 7:10) Biblia me ŋutinya geɖe ɖee fia be mawudɔlawo wɔ dɔ abe Mawu teƒe nɔlawo ene, wova anyigba dzi, woƒo nu kple amegbetɔwo, eye wotsɔ dɔgbedenya yi na Mawu. Le kpɔɖeŋu me, le Abraham ŋɔli esi konyifaɣli nɔ ɖiɖim le Sodom kple Gomora ta la, mawudɔlawo yi ɖaku nu me. Edze ƒãa be esi Mawu se nya si dɔlawo va gblɔ nɛ vɔ lae wòtso nya me be yeatsrɔ̃ du mawo.—1 Mose 18:20, 21, 33; 19:1, 13.
Eya ta le Biblia ƒe nya nu la, mehiã be Yehowa Mawu ŋutɔ nanɔ afi sia afi o. To eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple eƒe dɔlawo dzi la, etea ŋu nyaa nu sia nu ku ɖe eƒe nuwɔwɔwo ŋu.
Eme kɔ ƒãa be Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze si mía Wɔla la nyuie wu. Biblia na míenya be nɔƒe le Mawu si, si woyɔna be dziƒo, si nye gbɔgbɔmenuto aɖe si le vovo sãa na xexe gbahoo si míekpɔna. Gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ gbogbo aɖewo le egbɔ le gbɔgbɔmenuto si me wòle la me. Eye tomefafa, ŋusẽ, kple kɔkɔenyenye ɖe dzesi le enɔƒe. Biblia ka ɖe edzi na mí be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, amegbetɔƒomea ase vivi le anyigba dzi le ŋutifafa me, abe ale si wòle le dziƒo ene.—Mateo 6:10.—g11-E 04.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Nyaɖeɖefia 5:11 gblɔ be mawudɔla “akpe ewo teƒe akpe ewo,” alo miliɔn 100 ƒo xlã Mawu ƒe fiazikpuia. Ke hã, le Helagbe si me woŋlɔ nya sia ɖo zi gbãtɔ me la, nya si gɔme woɖe le kpukpui sia me be “akpe ewo” fia akpe ewo teƒe nanewo, si fia be mawudɔlawo ƒe xexlẽme ate ŋu anye biliɔn geɖe.
ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?
● Ðe Mawu le afi sia afia?—1 Fiawo 8:30, 39.
● Afi ka gbegbee Mawu ƒe gbɔgbɔa dena?—Psalmo 139:7-10.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]
Teƒe ɖekae ɣea le, gake eƒe ŋusẽ dea teƒe geɖe. Nenema kee nɔƒe le Mawu si, gake eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ le xexea ƒe afi sia afi si wòdi