INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/11 axa 23-31
  • Ƒomea Nadzro Eme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒomea Nadzro Eme
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Kae Mede Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu O?
  • Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2011
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2012
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2012
  • Ƒomea Nadzro Eme
    Nyɔ!—2012
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 7/11 axa 23-31

Ƒomea Nadzro Eme

Nu Kae Mede Le Nɔnɔmetata Sia Ŋu O?

Mixlẽ 1 Mose 13:5-17. Fifia lé ŋku ɖe nɔnɔmetata sia ŋu. Nu kawoe mede le eŋu o? Ŋlɔ ŋuɖoɖoawo ɖe fli siwo le ete la dzi. Te fli tso xexlẽdzesi gbãtɔ dzi va se ɖe mamlɛtɔ dzi nàtsɔ awu nɔnɔmetataa nui, eye nàde amae.

1. ․․․․․

2. ․․․․․

[Nuwo ƒe nɔnɔme]

(See publication)

NUMEDZODZRO:

Masɔmasɔ kae ɖo Lot kple Abraham kpakple woƒe lãnyilawo dome? Togbɔ be Abraham ye nye ƒomea ƒe ta hã la, nu kae wòwɔ be ŋutifafa nanɔ anyi?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Mose 13:7-9.

Ðe Abraham lé Lot ɖe dɔme le esi Lot tia anyigbaa ƒe akpa si nyo wu ta?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Mose 14:12-16.

Aleke woɖo eteƒe na Abraham le mawumenɔnɔme siwo wòɖe fia ta?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Mose 13:14-17.

Aleke nàte ŋu aɖee afia be èlɔ̃a ŋutifafa?

KPEKPEÐEŊU: Mixlẽ 1 Korintotɔwo 13:4, 5; Yakobo 3:13-18.

ƑOMEA NAWƆE:

Ƒomea me tɔ ɖeka ate ŋu awɔ ame siwo ŋu Biblia me nudzɔdzɔ sia ku ɖo la dometɔ ɖeka ƒe wɔƒe, gake maƒo nu o. Ƒomea me tɔ susɔeawo nabu eŋuti kpɔ be woate ŋu agblɔ ame si wònye hã.—g11-E 05.

Dzrae Ðo Ne Nàsrɔ̃e

Tsoe, ŋee ɖe eve, eye nàdzrae ɖo

BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 3 RUT

BIABIAWO

A. Ƒe nenie Abraham xɔ esi wodzi via Isak?

B. Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?

D. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Le xɔse sẽŋu si nɔ Abraham si kple dɔ gã siwo wòwɔ ta la, wova yɔe be ․․․․․.

[Nyaɖoɖo]

4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.

Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia

1200 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ

[Anyigbatata]

Eʋu tso Moab yi ɖatsi Betlexem

MOAB

Betlexem

RUT

EŊUTI NYA

Enye ahosi nuteƒewɔla aɖe si tso Moab si kpe ɖe lɔ̃xoa tsitsi Naomi ŋu. Lɔlɔ̃ deto si le Rut si na Naomi kpakple ale si wòɖoe kplikpaa be yeasubɔ Yehowa la ʋãe wòʋu le wo de heva tsi Betlexem. Amewo gblɔ na Naomi be, ‘Lɔ̃xowò la de ŋutsuvi adre nu na wò gbɔ edzi.’​—Rut 4:​14, 15.

ŊUÐOÐOAWO

A. “. . . nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.”​—Rut 1:⁠16.

B. Rut ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fia, eye wònye dɔ sesẽ wɔla.​—Rut 2:​7, 10-12, 17; 3:⁠11.

D. Boas, Fia David, Yesu Kristo.​—Mateo 1:​5, 6, 16.​—g11-E 03.

BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 4 ESTER

BIABIAWO

A. Fianyɔnu ka teƒee Ester xɔ ɖo?

B. Wu Biblia ƒe nya sia nu: “Ester nu nyo . . .”

D. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Ester ƒe Hebrigbe me ŋkɔe nye ․․․․․, eye etɔgã viŋutsu ․․․․․ va nye edzikpɔla.

[Nyaɖoɖo]

4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.

Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia

400 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ

[Anyigbatata]

Susa ye Ester nɔ, enye dugã aɖe si nɔ Medo-Persia Fiaɖuƒea me

MEDIA

Susa

PERSIA

ESTER

EŊUTI NYA

Enye tsyɔ̃evi si va zu Persia Fia Axasweros srɔ̃. Esi ame aɖewo ɖo nugbe ɖe Yudatɔwo ŋu be yewoatsrɔ̃ wo la, Ester de eƒe agbe afɔku me heʋu go woƒe nugbeɖoɖoa. (Ester 4:​11, 15, 16) Asixɔxɔ nɔ eƒe dzinɔameƒo, ŋuɖɔɖɔɖo, kple ɖokuibɔbɔ ŋu wu eƒe tugbedzedze.​—Ester 2:⁠7; 1 Petro 3:​1-⁠5.

ŊUÐOÐOAWO

A. Wasti.​—Ester 1:​12; 2:​16, 17.

B. “. . . ame siwo katã kpɔe la ŋu.”​—Ester 2:⁠15.

D. Hadasa (egɔmee nye Mirte, enye ati ƒomevi aɖe), Mardoxai⁠​—Ester 2:⁠7.​—g11-E 04.

BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 5 ABRAHAM

BIABIAWO

A. Ƒe nenie Abraham xɔ esi wodzi via Isak?

B. Ŋugbe kae Yehowa do na Abraham?

D. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Le xɔse sẽŋu si nɔ Abraham si kple dɔ gã siwo wòwɔ ta la, wova yɔe be ․․․․․.

[Nyaɖoɖo]

4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.

Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia

1900 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ

[Anyigbatata]

Eʋu tso Ur yi ɖatsi Kanaan

Ur

Xaran

KANAAN

ABRAHAM

EŊUTI NYA

Enye ŋutsu nuteƒewɔla aɖe si gblẽ dugã Ur, si me kesinɔnu geɖe le la ɖi be yeawɔ nu si Yehowa di tso ye si, evɔ menya afi si wòyina nɔnɔ ge o. (Hebritɔwo 11:​8-10) Enɔa eƒe aƒemetɔwo fiam ɣesiaɣi be “woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔ ŋuti, eye woawɔ nu dzɔdzɔe.” (1 Mose 18:​19) Biblia gblɔ be enye “fofo na ame siwo katã xɔna sena.”—Romatɔwo 4:⁠11.

ŊUÐOÐOAWO

A. Ƒe alafa ɖeka.​—1 Mose 21:5.

B. o eƒe dzidzimevi dzi la, dukɔwo katã ayra wo ɖokuiwo.​—1 Mose 22:16-18.

D. “Yehowa xɔlɔ̃.”​—Yakobo 2:​21-24.​—g11-E 05.

BIBLIA ŊUTI GBALẼVI 6 HABEL

BIABIAWO

A. Ame kae wu Habel?

B. Aleke Yehowa se le eɖokui me ɖe Habel kple eƒe vɔsa la ŋu?

D. Wu nya siawo ŋɔŋlɔ nu. Dɔ si Habel wɔnae nye ․․․․․.

[Nyaɖoɖo]

4026 D.M.Ŋ. 1 M.Ŋ. 98 M.Ŋ.

Wowɔ Adam Enɔ agbe le ƒe Woŋlɔ Biblia

3900 D.M.Ŋ. lɔƒo gbalẽ mamlɛtɔ

[Anyigbatata]

Enɔ Eden bɔa godo

Eden Bɔ?

HABEL

EŊUTI NYA

Enye Adam kple Xawa viŋutsu evelia, eye wònye xɔsetɔ gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me. Habel tsɔ nu si nyo la sa vɔe, eye wòto esia dzi ɖee fia be yedi be yeƒe nu nadze Mawu ŋu. Togbɔ be Habel ƒe numenya aɖeke medze le Biblia me o hã la, míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi kple xɔse si wòɖe fia la me.​—1 Mose 4:​1-11; Hebritɔwo 11:⁠4.

ŊUÐOÐOAWO

A. Nɔvia Kain ye.​—1 Yohanes 3:​11, 12.

B. ‘Edze Yehowa ŋu.’​—1 Mose 4:⁠4.

D. Alẽkpɔkplɔdɔ.​—1 Mose 4:⁠2.​—g11-E 06.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe