INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 7/11 axa 10-11
  • Nu Si Ta Wòle Be Nàkpɔ Wò Aɖe Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Ta Wòle Be Nàkpɔ Wò Aɖe Dzi
  • Nyɔ!—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàna Wò Nyawo Nadze To Wu
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Gblɔ Nya Siwo “Nyo Hena Tutuɖo”
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Aleke Nàƒo Nu Na Amewoe Be Wò Nu Nadze Yehowa Ŋu?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Nèɖoa ‘Kpɔɖeŋu Nyui Le Nuƒoƒo Mea’?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 7/11 axa 10-11

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Si Ta Wòle Be Nàkpɔ Wò Aɖe Dzi

Esi dukplɔlaa ƒo nu kple nyɔnu tsitsi aɖe bubutɔe vɔ la, egblɔ be nyɔnua nye nazãbula, eye wòhe nya ɖe eƒe dɔwɔviwo ŋu be mele be woaɖe mɔ nɛ wòate ɖe ye ŋu hafi o, evɔ menya be nuƒomɔ̃a gakpɔtɔ nɔ sisi, si wɔe be amewo se eƒe nyaa o. Nya si wògblɔ tso nyɔnua ŋu la wɔ mo yaa na dukɔmevi geɖe. Esi dukplɔlaa ƒe nuwɔna sia na bubu klo le eŋu ta la, megate ŋu ɖu dzi le akɔ si woda le ŋkeke enyi megbe la me o.

AMEGBETƆ aɖeke mate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe aɖe dzi bliboe o. (Yakobo 3:2) Ke hã, nudzɔdzɔ si ŋu míeƒo nu tsoe le etame la ɖee fia be ele vevie be míakpɔ míaƒe aɖe dzi. Ale si nèƒoa nui la kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe wò agbe dzi le bubu si anɔ ŋuwò gome, wò dɔwɔɖui, kple ƒomedodo si le mia kple ame bubuwo dome dzi.

Gake ɖe nènya be nya siwo nègblɔna la ate ŋu awɔ geɖe wu ema? Biblia ɖee fia be wò nuƒo ɖea ame si nènye le ememe la fiana. Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Esi wò nyawo ɖea ame si ƒomevi nènye, wò seselelãmewo, kple wò tamesusuwo fiana ta la, ele vevie be nàlé ŋku ɖe nya siwo nègblɔna ŋu nyuie. Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwòa? Bu nya siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Ale Si Nàna Wò Nyawo Nadze To Wu

Nu siwo ŋu míebuna lae míeɖena gblɔna. Eya ta be wò nyawo nàdze to wu la, ahiã be nàbu nuwo ŋu nyuie wu. De dzesi ale si mɔfiame siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi wɔwɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò tamesusuwo dzi kpakple ale si esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò nuƒoƒo hã dzii.

Na wò dzimesusuwo naku ɖe nu nyuiwo ŋu. Nya si Biblia gblɔ tso nu nyui siawo ŋue nye esi: “Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã ŋu wòhiã be woabu vevie, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, ne nɔnɔme nyui aɖe li, eye ne nane li si dze kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.”—Filipitɔwo 4:8.

Aɖaŋuɖoɖo nyui sia dzi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò be nàganɔ nu siwo mesɔ o ŋu bum o. Ðo ŋku edzi be nu siwo nèkpɔna kple nu siwo nèxlẽna la kpɔa ŋusẽ ɖe wò tamesusuwo dzi. Eya ta be màganɔ nu siwo mesɔ kple nu siwo medza o ŋu bum o la, ele be nàƒo asa na nu siwo akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dziwò. Esia fia be nàƒo asa na modzakaɖeɖe siwo me wowɔa ŋutasẽnuwo kple gbegblẽnuwo le. (Psalmo 11:5; Efesotɔwo 5:3, 4) Na wò susu nanɔ nu siwo dza henyo la boŋ ŋu. Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ Lododowo 4:20-27; Efesotɔwo 4:20-32; kple Yakobo 3:2-12. De ŋugble le ale si gɔmeɖose siwo dze le mawunyakpukpui mawo me ŋu dɔ wɔwɔ ate ŋu ana wò nuƒoƒo naganyo ɖe edzii ŋu.a

Bu wò nyawo ŋu nyuie hafi nàgblɔ wo. Lododowo 12:18 gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” Ne ède dzesii be wò nyawo ‘tɔa’ ame alo vea ame zi geɖe la, ke anyo ŋutɔ be nàdze agbagba abu wò nyawo ŋu nyuie hafi aƒo nu. Tsɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si le Lododowo 15:28 wɔ dɔe. Afi ma gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu; ke vɔ̃ɖiwɔwɔ le dodom le ame vɔ̃ɖi nu gbẽgbẽgbẽ.”

Ðo taɖodzinu na ɖokuiwò. Le ɣleti si gbɔna me la, ɖoe kplikpaa be nàgagblɔ nya gbãtɔ si va susu me na wò o, vevietɔ ne dzi le kuwòm. Ke boŋ nɔ ŋugble dem le mawunyakpukpui siwo dze le nyati sia me ŋu, eye nàdze agbagba be nàƒo nu tufafatɔe, le lɔlɔ̃ kple nunya me. (Lododowo 15:1-4, 23) Gake mese ɖe afi ma o.

Bia Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò. Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ be: “Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!” (Psalmo 19:15) Ne èle gbe dom ɖa na Yehowa Mawu la, gblɔ didi si le mewò be nàna wò nuƒoƒo nadze eŋu, eye wòadze to la ŋu nya nɛ. Lododowo 18:20, 21 gblɔ be: “[Ame ƒe] nuyiwo ƒe nukpɔkpɔ aɖi ƒo nɛ. Ku kple agbe le aɖe si me.”

Mawu ƒe Nya la nenɔ abe ahuhɔ̃e ene na wò. Biblia le abe ahuhɔ̃e si nàte ŋu atsɔ alé ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu ene. (Yakobo 1:23-25) Le kpɔɖeŋu me, ne èle Biblia me gɔmeɖose etɔ̃ siwo gbɔna xlẽm la, bia ɖokuiwò be, ‘Nya kae amewo agblɔ tso ale si meƒoa nui ŋu?’

“Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Ðe nèƒoa nu tufafatɔe le mɔ si ana ŋutifafa nanɔ mia kple amewo dome nua?

“Migana nya ƒaƒã aɖeke nado go tso miaƒe nu me o, ke boŋ nya sia nya si nyo hena tutuɖo le ale si wòhiã nu, bene wòana nu nyui aɖe ame siwo asee la.” (Efesotɔwo 4:29) Ðe wò nyawo tua ame siwo dome nèle ɖoa?

“Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme, bene mianya ale si wòle be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.” (Kolosetɔwo 4:6) Ðe nèdzea agbagba be nàna wò nyawo nadze to, eye wòanya se, le ɣeyiɣi siwo me esia wɔwɔ sesẽ gɔ̃ hã?

Ne èkpɔ ahuhɔ̃e me, eye nèwɔ ɖɔɖɔɖowo le ɖokuiwò ŋu la, wò dzedzeme adze ame ŋu, eye wò dzi adze eme wu. Viɖe siawo kee nàkpɔ ne èléa ŋku ɖe wò nuƒoƒo ŋu ɖe Mawu ƒe Nya, si le abe ahuhɔ̃e ene la nu bene wòadze to wu.—g11-E 06.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Àte ŋu akpɔ Biblia axlẽ le nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.

ÈBU NYA SIA ŊU KPƆA?

● Nu kae wò nyawo ɖena fiana?—Luka 6:45.

● Aleke wòle be nàƒo nu na amewoe?—Efesotɔwo 4:29; Kolosetɔwo 4:6.

● Nu kawoe nàte ŋu awɔ be wò nyawo nadze to wu?—Psalmo 19:14; Filipitɔwo 4:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Nya siwo míegblɔna la kpɔa ŋusẽ ɖe bubu si le mía ŋu kple ale si mía kple amewo dome anɔ dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe