Nu Ka Tae Fukpekpe Bɔ Ale?
SƆLEMEHAKPLƆLA siwo be yewonya ŋuɖoɖo na biabia si le axa sia ƒe mia me la gblɔna zi geɖe be fukpekpewo nye tohehe tso Mawu gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi anyigba ʋuʋu le Haiti la, nunɔla aɖe si le fiadua me la gblɔ na eƒe hameviwo be afɔkua nye gbedeasi tso Mawu gbɔ. Ame bubuwo megblɔnɛ kã nenema ya o. Amerikatɔwo ƒe mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã aɖe gblɔ be edze abe ame geɖewo ƒe susue nye esi: “Nu si tae Mawu hea afɔku siawo vae la nye nya ɣaɣla si gɔme mele be míadze agbagba be míase o. Mía tɔ koe nye be xɔse nanɔ mía si.”
Mawue “hea” fukpekpe vaa amewo dzi nyateƒea? Biblia te gbe ɖe edzi be ŋuɖoɖoae nye ao! Menye Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖoe wònye be amegbetɔwo nava nɔ fu kpem o. Ke hã, atsu kple asi gbãtɔ dze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu hetiae be yewoawɔ nyui kple vɔ̃ ŋuti nyametsotsowo na yewo ɖokui. Wogbe nu le Mawu gbɔ, eye wokpɔ wo tɔnua. Míele nyametsotso gbegblẽ si wowɔ la me tsonuwo ƒe fu kpem egbea. Gake womate ŋu agblɔ le mɔ aɖeke nu be Mawu gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpewo tso o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: ‘Mawue le teyem kpɔ’ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.” (Yakobo 1:13) Xaxawo ate ŋu atu ame ɖe sia ɖe, ame siwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo hã le eme. Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi:
● Dɔmavɔleameŋu ɖe fu na nyagblɔɖila Elisa.—2 Fiawo 13:14.
● Apostolo Paulo ŋlɔ bena “dɔ le mía wum, eye tsikɔ hã le mía wum, eye míekpɔ awu ado o, eye wole mía ƒoƒo dzi kple kɔ, eye nɔƒe mele mía si o.”—1 Korintotɔwo 4:11.
● Kristotɔ si ŋkɔe nye Epafrodito la dze dɔ, eye “wòlé blanui.”—Filipitɔwo 2:25, 26.
Medze le Biblia ƒe afi aɖeke be fu siwo wokpe la nye tohehe tso Mawu gbɔ le woƒe nu vɔ̃wo ta o. Ke hã, menye ɖeko Biblia gblɔ be fukpekpewo metso Mawu gbɔ o, ke egblɔ nu vevi etɔ̃ siwo gbɔ fukpekpe tsona zi geɖe la hã na mí.
Tiatia Siwo Míewɔna
“Nu sia nu si ƒãm ame le la, nu sia kee wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Ðikeke mele eme o be ne ame aɖe tiae be yeano atama, yeaku ʋu ŋumaɖɔɖotɔe, alo azã yeƒe ga yakayaka, si wɔe be wòle fu kpem la, ke eya ŋutɔ hã ƒe nuwɔnawo le eme tae wòle fua kpem ɖo.
Ne ame bubuwo tiae be yewoadi yewo ɖokui tɔ la, esia hã ate ŋu ana míakpe fu. Vavãe, amegbetɔwo wɔ nu vɔ̃ɖi manyagblɔwo, tso Nazi dziɖuɖua ƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo dzi va ɖo ŋlɔmi alo gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu dzi. Ame aɖewo ƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu nana ame bubuwo kpea fu.
Nuɖiɖeame
Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, xɔ kɔkɔ aɖe mu dze ame 18 dzi le Yerusalem woku. Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ame siwo ku le nudzɔdzɔa me ŋu la, ebia be: “Woawoe nye nu vɔ̃ wɔla gãtɔwo wu le Yerusalem mahã? Gbeɖe, menye woawoe o.” (Luka 13:4, 5, Agbenya La) Yesu nyae be menye Mawue nɔ to hem na ame siwo ku la o. Enyae be wogblɔ le Mawu ƒe Nyaa me be: “Azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” (Nyagblɔla 9:11) Zi geɖe la, amewo dzea afɔku le esi womenya be nu ma adzɔ le teƒe ma le gaƒoƒo ma dzi o alo le vodada si ame aɖe wɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, nyatakakawo ɖee fia be ame geɖe kpea fu le esi wodoa toku nuxlɔ̃amewo alo le esi wotu xɔ siwo mate ŋu anɔ te ɖe afɔkuwo, abe yaƒoƒo kple tsidzadza sesẽwo kpakple anyigbaʋuʋu gãwo ene nu o ta. Esia wɔnɛ be nu siwo dzɔna le vo me la gblẽa nu le ame geɖe ŋu, si wɔnɛ be wokpea fu geɖe.
“Xexe Sia Dzi Ðula”
Biblia gblɔ be: “Xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.” (Yohanes 12:31; 1 Yohanes 5:19) “Vɔ̃ɖitɔ” mae nye Satana Abosam. Enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe si ŋu wogblɔ le be enye ‘yameŋusẽ ƒe fia.’ Satana le “gbɔgbɔ si le dɔ wɔm le tomaɖomaɖo ƒe viwo me fifia” la ƒãm ɖe amewo me. (Efesotɔwo 2:2) Nu baɖa wɔwɔ aɖewo, abe ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa kpakple ŋlɔmi alo gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ene, dzi ŋɔ ale gbegbe be ame geɖe kpɔe be Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbɔe wotso.
Ke ɖe wòfia be Mawu metsɔ ɖeke le fu siwo kpem míele me oa? Ðe wòate ŋu awɔ nane tso eŋua? Ðe wòle ewɔ gea?—g11-E 07.