INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g 10/11 axa 25-27
  • Ame kawoe nye xɔ̃nye vavãwo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame kawoe nye xɔ̃nye vavãwo?
  • Nyɔ!—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Mawɔ Adze Xɔlɔ̃ Nyuiwo?
    Nya Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖo Vavãwo, Babla 1
  • Ðe Mehiã Xɔlɔ̃ Siwo Ðɔ Ʋu Wua?
    Nyɔ!—2009
  • Ame Kae Nye Xɔlɔ̃ Nyui?
    Nyɔ!—2014
  • Àte Ŋu Anye Yehowa Xɔlɔ̃
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2011
g 10/11 axa 25-27

Sɔhɛwo Biana Be

Ame kawoe nye xɔ̃nye vavãwo?

“Cori fiam nu geɖe siwo nyemenya tsã o. Ne mía kplii míele zɔzɔm la, medoa go ame yeyewo, metea nu yeyewo kpɔna, eye míesea vivi le afi sia afi si míeyi. Nu geɖe trɔ le nye agbe me tso esime mete hadede kple Cori!”—Tara.a

Ðe nèse le ɖokuiwò me be manya wɔ be xɔlɔ̃ sia tɔgbi nanɔ ye si oa? Ekema dzi megaɖe le ƒowò o. Ame siwo te ɖe ŋuwò la dometɔ aɖewo ate ŋu ava zu xɔ̃wòwo. Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wo adze sii.

ESI ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Shayna, si xɔ ƒe 21, nɔ nu ƒom tso ale si wòdea ha kple ame geɖe gake kadodo kplikplikpli mele woa kple wo dometɔ aɖeke dome o ŋu la, egblɔ be: ‘Xɔlɔ̃wo ƒo xlãm, gake xɔlɔ̃ aɖeke mele asinye o.’ Anɔ eme be aleae ame siwo le Internet dzi kadodowo me la dometɔ geɖe sena le wo ɖokui me. Serena, si xɔ ƒe 22, gblɔ be: “Àte ŋu anɔ kadodo me kple ame geɖe le Internet dzi, si awɔe be nàxɔ ŋkɔ ya, gake ɖewohĩ le nyateƒe me la, xɔlɔ̃wɔwɔ gbati aɖeke manɔ mia kpli wo dome o.”b

Kae adzɔ dzi na wò wu, be kadodo nanɔ mia kple ame alafawo dome, alo be xɔlɔ̃ vavã ʋɛ aɖewo ko nanɔ asiwò? Togbɔ be nane nyo le evea siaa ŋu hã la, xɔlɔ̃ vavã ya ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le xaxaɣiwo, eye ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàgaɖɔ ʋu wu. (1 Korintotɔwo 16:17, 18) Wɔ numeɖeɖe siwo gbɔna la ŋu dɔ nàtsɔ ada xɔ̃wòwo kpɔ be wo dometɔ kae le xɔlɔ̃ vavã ƒe nɔnɔmewo ɖem fia hã.

XƆLƆ̃ VAVÃ NYE AME SI DZI NÀTE ŊU AKA ÐO

“Xɔ̃nyea gblɔa eƒe nya ɣaɣlawo nam, si wɔe be meka ɖe edzi be maʋu go nye nya ɣaɣlawo o. Eya ta gbe ɖeka megblɔ nɛ be ŋutsuvi aɖe ƒe nu lé dzi nam. Vodada gã kae nye esi mewɔ! Ema megbe kpuie ko wòyi ɖagblɔe na amewo!”—Beverly.

“Mate ŋu agblɔ nya sia nya na xɔ̃nye Alan, menya be meyina egblɔ ge na ame aɖeke o.”—Calvin.

Sɔhɛ siawo dometɔ ka sie xɔlɔ̃ vavã le? Xɔ̃wòwo dometɔ kae nàte ŋu agblɔ wò nya ɣaɣlawo na faa?c Biblia gblɔ be “xɔlɔ̃ [vavã] lɔ̃a ame ɣesiaɣi.”—Lododowo 17:17.

Ŋlɔ xɔ̃wò eve siwo dzi nèkpɔ be yeate ŋu aka ɖo la ƒe ŋkɔwo ɖe fliawo dzi.

1 ․․․․․

2 ․․․․․

XƆLƆ̃ VAVÃ TSƆA EÐOKUI SAA VƆE

“Le xɔlɔ̃wo dome la, etea ŋu dzɔna be ŋusẽ nɔa ame ɖeka ŋu wu nɔvia ɣeaɖewoɣi. Ne ègbɔdzɔ la, ame si nye xɔlɔ̃ vavã akpɔe adze sii ahatso ɖe ŋuwò enumake. Eye eya hã aka ɖe dziwò be àkpe ɖe ye ŋu ne yeɖo xaxa me.”—Kellie.

“Esi danye ku la, xɔlɔ̃ yeye aɖe nɔ asinye. Míenɔ kplikplikpli haɖe o, gake mía kplii míeɖo be míade srɔ̃kpeƒe aɖe. Ke hã, eva dzɔ be woda danye ƒe kunuwɔwɔa ɖe ŋkeke si dzi woawɔ srɔ̃kpekpea. Le esi xɔ̃nyea nayi srɔ̃kpeƒea teƒe la, eva kua teƒe boŋ, eye esia wɔ nuku nam. Ɣemaɣie mekpɔe dze sii be xɔlɔ̃ vavãe wònye nam!”—Lena.

Xɔ̃wòwo dometɔ kae ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana? Xɔlɔ̃ vavã manɔ “ye ŋutɔ ƒe nyonyo dim o, ke ame bubu tɔ boŋ.”—1 Korintotɔwo 10:24.

Ŋlɔ xɔ̃wò eve siwo dia ame bubu ƒe nyonyo ke menye woawo ŋutɔwo tɔ o la ƒe ŋkɔwo ɖe fliawo dzi.

1 ․․․․․

2 ․․․․․

XƆLƆ̃ VAVÃ AKPE ÐE ŊUWÒ NÀÐƆ ƲU WU

“Ame aɖewo kpɔa mɔ be mawɔ yewoƒe didi dzi na wo alo ade yewo dzi ne esia abia be mawɔ nu si menya be menyo o alo nu si ana nye dzitsinya naɖe fu nam gɔ̃ hã. Ame siawo tɔgbi menye xɔlɔ̃ vavãwo o.”—Nadeine.

“Nɔvinyenyɔnua ye nye xɔ̃nye vevitɔ. Edea dzi ƒo nam be mawɔ nu siwo menya wɔna nam bɔbɔe o, eye wòkpena ɖe ŋunye medea ha kple amewo. Medea axa na nyateƒea o, nenye be esese madzɔ dzi nam o gɔ̃ hã.”—Amy.

“Esime menɔ nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, xɔ̃nye vevitɔwoe meɖu vi nam o; woɖo aɖaŋu nam anukwaretɔe. Ame bubuawo nɔ lalam be nye ŋutɔ makpɔ kuxia gbɔ alo wodze agbagba be yewoana maɖe susu ɖa le eŋu. Womeɖee gblɔ be nuwo mele sɔsɔm ɖe edzi o.”—Miki.

“Xɔ̃nyea kpɔa nye ŋutetewo dzea sii wu ame bubu ɖe sia ɖe, eye edea dzi ƒo nam be maɖo nye taɖodzinuwo gbɔ. Aleke kee nyaa ɖale o, nyateƒea koe wògblɔna, eye nu sia dzɔa dzi nam le eŋu ŋutɔ!”—Elaine.

Ðe xɔ̃wòwo kpena ɖe ŋuwò nèɖoa wò taɖodzinuwo gbɔa, alo ehiãna be nàɖe asi le wò nyuiwɔwɔ ŋu be nàdze wo ŋu? Lododowo 13:20 gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”

Ŋlɔ xɔ̃wò eve siwo kpe ɖe ŋuwò nèɖɔ ʋu wu la ƒe ŋkɔwo ɖe fli siawo dzi.

1 ․․․․․

2 ․․․․․

Kpɔ ŋkɔ siwo nèŋlɔ ɖe akpa etɔ̃ siwo me míedzro la ɖa. Ne wo dometɔ aɖe ƒe ŋkɔ dze le akpa etɔ̃awo katã la, ke xɔlɔ̃ vavãe wònye! Gake ne ele sesẽm na wò be wò susu nadze ame aɖe si ɖea nɔnɔme etɔ̃ mawo fiana dzi la, dzi megaɖe le ƒowò o. Ate ŋu adzɔ be nàkpɔ xɔlɔ̃ nyuiwo le ame siwo nèdoa goe gbe sia gbe la dome. Ðewohĩ axɔ ɣeyiɣi hafi nàke ɖe wo ŋu.d Eya ta nɔ tɔwò si nua wɔm fifia be nànye xɔlɔ̃ nyui. Elena, si xɔ ƒe 20, gblɔ be: “Medzea agbagba be makpe ɖe xɔ̃nyewo ŋu ɣesiaɣi. Ne wohiã na nye kpekpeɖeŋu le nane wɔwɔ me la, medoa alɔ wo. Ne wodi be yewoagblɔ yewoƒe dzimenya aɖe la, meɖoa to wo. Ne wole avi fam la, mefaa akɔ na wo.”

Ðewohĩ èdea ha kple ame geɖe. Esia nyo wu be nànɔ ha dem kple ame tiatia ʋɛ aɖewo ko. (2 Korintotɔwo 6:13) Gake ɖe màdi hã be xɔlɔ̃ vavã ʋɛ aɖewo, ‘siwo wodzi hena hiãgbe’ la nanɔ asiwò oa? (Lododowo 17:17, Agbenya La) Ðetugbui si ŋkɔe nye Jean, si xɔ ƒe 20, gblɔ be: “Enyo be nàdze si ame geɖe ya, gake esia le ko abe ale si awu gbogbo siwo nètsɔ ku ɖe wò awudzraɖoƒe la nanya kpɔ na ŋku gake menye wo katãe asɔ wò o la ene. Nu ʋɛ siwo ɖea vi na wò la ŋue nànɔ tɔtrɔm ɖo ɣesiaɣi. Eye alea kee wònɔna le mia kple xɔ̃wò kplikplikpliwo gome.”—g11-E 09.

Àkpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati bubu geɖewo le Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org/ype

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

b Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso Internet dzi hahoo kadodowo ŋu la, kpɔ “Sɔhɛwo Biana Be” ƒe nyati eve bubuawo le Nyɔ! ƒe tata sia me.

c Ɣeaɖewoɣi la, nunya manɔ eme be nàɣla xɔ̃wò ƒe nya aɖe o. Le kpɔɖeŋu me, ne ewɔ nu gbegblẽ aɖe si nye ŋkubiãnya, alo ele eɖom be yeawu ye ɖokui, alo eƒo eɖokui ɖe nuwɔna aɖe si agblẽ nu le eŋu me. Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ Nyɔ! ƒe tata siwo nye January 2009, axa 13-15, kple yevugbe me tɔ si nye May 2008, axa 26-29.

d Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ April 2009 ƒe Nyɔ! me nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Mehiã Xɔlɔ̃ Siwo Ðɔ Ʋu Wua?”

[Aɖaka si le axa 26]

ALE SI NÀWƆ ADZE XƆLƆ̃ VAVÃWO

1. Di xɔlɔ̃ vavãwo, ke menye xɔlɔ̃ geɖe o. “Enyo be nàdze si ame geɖe ya, gake ne amehawo domee nèle gɔ̃ hã la, wo dometɔ ʋɛ siwo ŋu nàte ŋu ate ɖo bɔbɔe lae nàdi be yeadze xɔ̃e.”—Karen.

2. Dze agbagba nànye xɔlɔ̃ nyui. “Medi be xɔ̃nyewo nawɔ nuteƒe nam ahaka ɖe dzinye, eya ta medzea agbagba be mawɔ nu ɖe wo ŋu nenema ke.”—Evelyn.

3. Ðe ŋudzedzekpɔkpɔ fia. “Ne xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple ame aɖe dome dze ŋunye la, meɖenɛ fiana to nunana alo agbalẽŋɔŋlɔ nɛ dzi.”—Kellie.

[Aɖaka si le axa 26]

ÐE MANYO BE NÀBIA DZIWÒLAWO OA?

Esime nènɔ abe nye ene la, aleke mia kple xɔ̃wòwo dome nɔ? Ðe wòdzɔ kpɔ be xɔ̃wò aɖe mewɔ nuteƒe na wò oa? Ne nenemae la, nu kae nèsrɔ̃ tso eme? Wo dometɔ kawoe wɔ nuteƒe na wò, eye aleke nèwɔ ke ɖe xɔlɔ̃ mawo ŋu?

[Aɖaka si le axa 27]

GƆMEÐOANYI NA XƆLƆ̃DZEDZE

Be xɔlɔ̃ nyui nasu asiwò la, ele be agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu ɖeka nanɔ mia si. Esia fia be ele be miaƒe susu nawɔ ɖeka le mawusubɔsubɔ, agbenɔnɔ, kpakple nu si nye nyui kple vɔ̃ gome.

Nu bubue nye be amenyenye ɖeka nanɔ mia si, togbɔ be esia mele vevie abe gbãtɔ ene o hã.

Zi geɖe la, esi menɔa vevie tututu o lae nye be nu siwo doa dzidzɔ na mi la nasɔ, elabena àte ŋu adze xɔ̃ ame siwo si ŋutete bubuwo le, siwo nu bubuwo doa dzidzɔ na.

Nuxlɔ̃ame: Ðɔ ŋu ɖo be màganɔ te ɖe nu siwo doa dzidzɔ na mi la ɖeɖe ko dzi adze xɔlɔ̃wo o. Ne eƒe susu mewɔ ɖeka kple tɔwò le agbe nyui nɔnɔ nyawo gome o la, miaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa mali ke o, alo esi gavloe wue nye be àte ŋu adze nya me bɔbɔe.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

NYA SIWO HAWÒTIWO GBLƆ

“Ne wò dzidzenuwo kɔ akpa la, xɔlɔ̃wo manɔ asiwò o, elabena ànɔ nu geɖe akpa dim tso wo si. Gake ne wò dzidzenuwo yi to akpa la, ke àdze xɔ̃ ame sia ame ƒomevi, evɔ esia hã menyo o.”

“Edze abe ame siwo le Internet dzi kadodowo me la dometɔ aɖewo tsi dzi ɖe xɔlɔ̃ geɖe siwo asu wo si la ŋu wu ƒomedodo si anɔ woa kpli wo dome ŋu ene. Le xɔlɔ̃dzedze gome la, xɔlɔ̃ ɖɔʋu nyo wu kadodo kple ame geɖe.”

“Ne ame aɖe gblẽ exɔlɔ̃ bubuwo ŋu nam la, menyana be ɖewohĩ ele ŋunye gblẽm na woawo hã. Esia wɔnɛ be nyemevona le ɖokuinye me o. Xɔlɔ̃ vavã megblẽa ame ŋu o.”

[Nɔnɔmetatawo]

Dominique

Lianne

Brieanne

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe