Sɔhɛmenɔɣi—Enye Dzadzraɖo Ðe Ame Tsitsi Zuzu Ŋu
TSƆE be èɖo yameʋu tso ƒukpo aɖe si le anyigba xɔdzo dzi heva ɖo anyigba ƒe afi si vuvɔ wɔna le teti koe nye ema. Esi nèɖi le yameʋua me la, ède dzesii enumake be teƒea fa miamiamia. Àte ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋua? Ɛ̃, gake ahiã be nàwɔ asitɔtrɔ ʋɛ aɖewo.
Nɔnɔme sia tɔgbi mee nàkpɔ ɖokuiwò le ne viwòwo zu sɔhɛwo. Awɔ na wò abe ɖe nuwo trɔ kpata ene. Viwòŋutsuvi si melɔ̃na be yeaɖe ɖe aga tso gbɔwò tsã o la di azɔ be yeade ha kple ye hatiwo boŋ. Tsã la, viwònyɔnuvia nɔa dzi tsim be yeagblɔ ale si nuwo nɔ nɛ le ŋkekea me na wò, ke fifia ya ɖeko wòɖoa nya ŋu kpuie.
Ne èbiae be, “Aleke nye sukua?”
Aɖo eŋu be, “Nuwo yi nyuie.”
Ðoɖoe zi.
Ne èbiae be, “Nu kae le fu ɖem na wò?” hã la,
Aɖo eŋu be, “Naneke mele wɔyem o.”
Ðoɖoe zi toŋtoŋ.
Nu kae dzɔ? Tsã la, viwòa lɔ̃na faa be yeagblɔ nya sia nya na wò, gake fifia ya edze abe nya ʋɛ aɖewo koe wòdina be yeagblɔ na wò ene, eye ɣeaɖewoɣi la, egblɔa nu siwo malɔ̃ be yeagblɔ na wò o la na ame bubuwo ya. Esia ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me be ɖeko yele ye via kpɔm wòle tsitsim, gake yemete ŋu le kpekpem ɖe eŋu o.
Ðe esia fia be manya wɔ be mia kple viwò sɔhɛwo dome nanɔ kplikplikpli oa? Kura o, elabena anya wɔ. Gake gbã la, ele be nàse nu si tututu le dzɔdzɔm le tsitsi ƒe ɣeyiɣi dodzidzɔname sia si me kuxiwo hã tea ŋu doa mo ɖa le la gɔme.
Ame Tsitsi Zuzu
Tsã la, numekulawo susui be ne ɖevi tsi xɔ ƒe atɔ̃ ko la, ke esusɔ vie ne eƒe ahɔhɔ̃a ƒe ŋutetewo nade blibo. Gake fifia woxɔe se be togbɔ be ahɔhɔ̃a megalolona ɖe edzi boo tso ƒe ma dzi o hã la, mele nenema le eƒe ŋutetewo ya gome o. Ne ɖeviwo zu sɔhɛwo la, tɔtrɔ gãwo yia edzi le woƒe ŋutinuwo me, siwo kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wobua nuwo ŋui dzi. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, ɖeviwo xɔa nu si kpɔm wole kple nu si sem wole la dea eme, ke sɔhɛwo ya bua nuwo ŋu yia ŋgɔ wu ema, eye wodaa nyawo kpɔna hafi xɔnɛ dea eme. (1 Korintotɔwo 13:11) Wova xɔa susu aɖewo dea eme, eye womevɔ̃na be yewoaƒo nu tso wo ŋu o.
Paolo, si tso Italy, de dzesi tɔtrɔ sia le viaŋutsu sɔhɛ ŋu. Egblɔ be: “Ne mekpɔ vinyeŋutsuvia la, ɖeko wòwɔna nam abe ŋutsu sue aɖe kpɔmee mele ene, ke menye ŋutsuvi sue o. Menye ale si eƒe ametia trɔ la koe wɔa dɔ ɖe dzinye o, ke ale si wòbua nuwo ŋui la koŋue. Mevɔ̃na be yeagblɔ yeƒe susuwo ahaʋli wo ta o!”
Ède dzesi nu sia tɔgbi le viwò sɔhɛ ŋua? Ðewohĩ esi wònɔ sue la, ewɔa nya sia nya si nègblɔ nɛ dzi. Ɣemaɣi la, numeɖeɖe si wòhiã be nànae koe nye, “Elabena nyee gblɔe.” Ke esi wòzu sɔhɛ azɔ la, edi be yeanya nu si tae, eye ɖewohĩ anɔ nu ƒom tsi tre ɖe ƒomea ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu gɔ̃ hã ŋu. Ale si wòtea tɔ ɖe nya dzi ɣeaɖewoɣi la awɔ na wò abe aglã dzemee wòle ene.
Gake mègaƒo nya ta be viwòa di be yeatu afɔkpo wò mɔfiamewo o. Ðewohĩ agbagba ko dzemee eya hã le be yeatsɔ wò mɔfiamewo awɔ ye tɔe, alo ne míagblɔe bubui la, yeaxɔ wo ade eme. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle ʋuʋum aɖanɔ aƒe bubu me, eye nèdi be yeafɔ yeƒe xɔmenuwo ɖe asi ayii. Ðe wòanɔ bɔbɔe be nàkpɔ teƒe na wo katã le aƒe yeyea mea? Esia asesẽ. Gake ɖikeke mele eme o be màtsɔ nu siwo nye wò nu xɔasiwo dometɔ aɖeke aƒu gbe o.
Nɔnɔme sia tɔgbi dze ŋgɔ viwò sɔhɛ la esime wòle dzadzram ɖo be “[yeagblẽ] fofoa kple dadaa ɖi.” (1 Mose 2:24) Ðewohĩ ɣeyiɣi ma mede nɛ kura haɖe ya o le esi mezu ame tsitsi haɖe o ta. Ke hã, míate ŋu agblɔ ko be ele agba fɔm fifia. Le eƒe ƒewuiwo katã me la, ele mɔfiame siwo wòxɔ tso ɖevime la dam kpɔ hele esiwo yeatsɔ awɔ dɔe ne yezu ame tsitsi la ŋuti nyametsotsowo wɔm.a
Ðewohĩ enyanya be viwòa le nyametsotso siawo wɔm la ado vɔvɔ̃ na wò. Ke hã, àte ŋu aka ɖe edzi be ne eva zu ame tsitsi la, mɔfiame siwo wòbu be woxɔ asi na ye la ko nue wòanɔ agbe ɖo. Eya ta le ɣeyiɣi sia si me viwòa le gbɔwò lae wòle be wòaku nu me akpɔ kakaɖedzi na dzidzenu siwo nu wòle be wòanɔ agbe ɖo.—Dɔwɔwɔwo 17:11.
Le nyateƒe me la, ele vevie be viwòa naɖe afɔ sia. Elabena ne mɔfiame ɖe sia ɖe si nènae la koe wòxɔ de eme eŋumabumabui la, ke emegbe la, alɔ̃ awɔ nya sia nya si amewo agblɔ nɛ la dzi eŋumabumabui. (2 Mose 23:2) Biblia gblɔ tso sɔhɛ sia tɔgbi ŋu be woate ŋu ablee bɔbɔe elabena enye “bometsila,” si fia hã be mebua nuwo ŋu nyuie o. (Lododowo 7:7) Ne sɔhɛ aɖe menya nu si dzi wòaka ɖo o la, woate ŋu ‘anyamae abe ale si ƒutsotsoewo nyamaa nu ene, eye nufiafia ƒe ya sia ya anɔ eƒom anɔ yiyim anɔ gbɔgbɔm to amewo ƒe beble me.’—Efesotɔwo 4:14.
Nu kae nàte ŋu awɔ be esia nagadzɔ ɖe viwò dzi o? Kpɔ egbɔ be nu vevi etɔ̃ siawo su esi.
1 NUGƆMESESE ƑE ŊUTETEWO
Apostolo Paulo ŋlɔ bena “ame tsitsiwo . . . na hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo . . . bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Gake ɖewohĩ àgblɔ be, ‘Mefia vinyea nu si nye nyui kple vɔ̃ xoxo ɖe.’ Ɛ̃, ɖikeke mele eme o be eɖe vi nɛ ɣemaɣi, eye edzrae ɖo ɖe eƒe ame tsitsi zuzu ŋu hã. (2 Timoteo 3:14) Ke hã, Paulo gblɔ be ele be amewo nana hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo. Togbɔ be nyui kple vɔ̃ ŋuti sidzedze asu ɖevi suewo si hã la, sɔhɛwo ya “tsi bliboe le nugɔmesese ƒe ŋutetewo gome.” (1 Korintotɔwo 14:20; Lododowo 1:4; 2:11) Menye wò didie nye be viwòa nalɔ̃ ɖe wò nyawo dzi wo ŋu mabumabui o, ke boŋ be wòawɔ nuŋububuŋutetewo ŋu dɔ. (Romatɔwo 12:1, 2) Aleke nàte ŋu akpe ɖe eŋu?
Mɔ ɖekae nye be nàɖe mɔ nɛ wòagblɔ eƒe susu. Mègatso nya le enu o, eye dze agbagba nàlé ɖokuiwò ne egblɔ nya aɖe si mesɔ to me na wò o gɔ̃ hã. Biblia gblɔ be: ‘Ðe abla le nusese me, nɔ blewu le nuƒoƒo me, eye nànɔ blewu le dziku me.’ (Yakobo 1:19; Lododowo 18:13) Gawu la, Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Ne èɖo toe la, ànya nu si tututu le dzi me nɛ.
Dze agbagba nànɔ nyawo biamee, le esi teƒe be nànɔ nyawo gblɔm nɛ tẽe ko. Ne Yesu le nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo alo ame siwo sẽ dzi me gɔ̃ hã la, ebiana ɣeaɖewoɣi be, “Nu kae nye miaƒe susu?” be yeatsɔ ade dzi ƒo na wo woagblɔ woƒe susu. (Mateo 21:23, 28) Wò hã àte ŋu awɔ esia ne èle dze ɖom kple viwòa, togbɔ be ɖewohĩ agblɔ nya si tsi tre ɖe tɔwò ŋu gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me:
Tsɔe be viwòa gblɔ be: “Nyemeka ɖe edzi be mexɔ Mawu dzi se o.”
Le esi nàgblɔ be: “Míefia wò nu geɖe tso Mawu ŋu hafi ɖe, aleke wɔ mexɔ edzi se o?” teƒe la,
Àte ŋu agblɔ boŋ be: “Nu kae na nèsusui nenema ɖo?”
Nu ka tae wòhiã be nàde dzi ƒo nɛ wòagblɔ eƒe susu? Eyae nye be togbɔ be ènya nya si gblɔm wòle hã la, ele be nànya eƒe susu hã. (Lododowo 20:5) Ðewohĩ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔe nye eƒe kuxia, ke menye Mawu ƒe anyimanɔmanɔe o.
Le kpɔɖeŋu me, ne Mawu ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la dzi wɔwɔ le sesẽm na sɔhɛ aɖe la, adi be yeaɖe ye ɖokui nu to gbɔgblɔ be Mawu meli o dzi. (Psalmo 14:1) Eƒe susue nye be, ‘Ne Mawu meli o ko la, ke mehiã be manɔ agbe ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu hã o.’
Ne edze abe viwòa le nuwo ŋu bum alea la, ke ɖewohĩ ahiã be wòabia eɖokui be, Ðe mexɔe se vavã be Mawu ƒe nudidiwo dzi wɔwɔ aɖe vi nama? (Yesaya 48:17, 18) Ne exɔe se be woaɖe vi na ye la, ke kpe ɖe eŋu wòakpɔe be eme anyo nɛ ne edze agbagba wɔ wo dzi.—Galatiatɔwo 5:1.
Tsɔe be viwòa gblɔ be: “Wòe tiae be yeanɔ ha sia me, gake mefia be eya mee wòle be nye hã manɔ o ɖe.”
Le esi nàgblɔ be: “Míaƒe hae, mía vie nènye, eye ele be wò dzixɔsewo nasɔ kple mía tɔ” teƒe la,
Àte ŋu agblɔ boŋ be: “Nya gã aɖee nye ema nègblɔ. Gake ne ègbe nye dzixɔsewo la, ke ele be dzixɔse bubuwo nanɔ asiwò. Eya ta, gblɔe nam, nu kae nye wò dzixɔsewo? Agbenɔnɔ ƒe dzidzenu kae nèsusu be eyae nye nyuitɔ si nu nànɔ agbe ɖo?”
Nu ka tae wòhiã be nàde dzi ƒo nɛ wòagblɔ eƒe susu? Ne èɖe susu kplii alea la, akpe ɖe eŋu wòada eƒe susuwo akpɔ nyuie. Ðewohĩ awɔ nuku nɛ be wòakpɔe adze sii be yeƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple tɔwò hafi, eye be nu bubu kurae nye yeƒe kuxia.
Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ viwòa menya ale si wòaɖe eƒe dzixɔsewo me na amewo o tae. (Kolosetɔwo 4:6; 1 Petro 3:15) Alo ne viwòa nye ŋutsuvi la, ɖewohĩ nyɔnuvi aɖe si ƒe dzixɔsewo to vovo la ƒe nue lé dzi nɛ, alo ne nyɔnuvie la, ŋutsuvi aɖe ƒe nue anya lé dzi nɛ. Dze agbagba nàɖo nyaa ƒe ke gbɔ, eye nàkpe ɖe viwòa hã ŋu wòakpɔ kuxia adze sii. Zi ale si wòle eƒe nugɔmeseseŋutetewo zãm la, asu te nyuie be wòava zu ame tsitsi ɖɔʋu.
2 AME TSITSI KPƆÐEŊUÐOLA
Egbea, le dukɔ aɖewo me la, amewo menya nu boo aɖeke tso “kuxi kple fuɖename” siwo susuŋutinunyala aɖewo gblɔna be ele be dzilawo nakpɔ mɔ na ne wo viwo zu ƒewuiviwo la ŋu o. Numekulawo de dzesii be le nuto mawo me la, sɔhɛwo wɔa nu aduadu kple ame tsitsiwo tso woƒe ɖevime ke. Wowɔa dɔ kple ame tsitsiwo, wodea ha kpli wo, eye wonana wowɔa dɔ siwo ame tsitsiwo wɔna. Nyawo abe “sɔhɛwo ƒe aglãdzedze” kple “sɔhɛ” ene gɔ̃ hã mele dukɔ mawo ƒe gbegbɔgblɔwo me o.
Gake le dukɔ bubu geɖewo me la, ɖeviwo sɔa gbɔ wu nufialawo sãsãsã le sukuwo me, si wɔnɛ be hadede gobi aɖeke menɔa ɖeviwo kple ame tsitsiwo dome o, eya ta sɔhɛ bubuwo koŋue ɖeviwo dea ha kplii. Ne wogbɔ va aƒe me la, wodzea aƒe gbɔlo me, elabena Papa kple Dada yi dɔ me, eye ƒometɔ bubuwo le didiƒe. Le esia ta, wo hatiwo koŋue wodea ha kplii.b Ède dzesi kuxi si esia ate ŋu ahe avaea? Menye ale si woate ŋu ava de ha kple ɖevi gbegblẽwo koe nye kuxia o. Numekulawo de dzesii be sɔhɛ ɖɔʋuwo gɔ̃ hã tea ŋu wɔa nu gbegblẽ ne womedea ha kple ame tsitsiwo o.
Blema Israel viwo hã meɖea ɖeviwo ɖe vovo tso ame tsitsiwo gbɔ o.c Le kpɔɖeŋu me, Biblia na míenya be Uziya nye ƒewuivi esime wòzu Yuda fia. Aleke Uziya wɔ te ŋu tsɔ agbanɔamedzi gã ma? Edze ƒãa be ame tsitsi si ŋkɔe nye Zaxariya, si ŋu Biblia gblɔ le be enye “ame si fia Mawu vɔvɔ̃e” la, hã ƒe mɔfiamewo kpe ɖe eŋu.—2 Kronika 26:5.
Ðe ame tsitsi kpɔɖeŋu nyui ɖola ɖeka alo eve, siwo ƒe dzixɔsewo wɔ ɖeka kple tɔwò la, nye viwòa xɔlɔ̃woa? Mègana xɔlɔ̃wɔwɔ si le wo dome naʋã ŋu na wò o. Woate ŋu akpe ɖe viwòa ŋu wòawɔ nu si dze. Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Ame si zɔna kple nunyala la, dzea nunya.”—Lododowo 13:20, Agbenya La.
3 DƆWƆWƆ ƑE VEVIENYENYE
Le dukɔ aɖewo me la, gaƒoƒo aɖewo si nu koe se ɖe mɔ be ɖeviwo nawɔ dɔ le kwasiɖa me le dɔwɔƒewo, eye menye dɔ sia dɔ ŋue woɖe mɔ ɖo be woawɔ o. Ðe wode se mawo be woatsɔ akpɔ ɖeviwo ta tso dɔ siwo me afɔku le la me, le esi adzɔnuwo wɔƒewo nɔ ta kekem kabakaba le ƒe 1700 kple ƒe 1800-awo me ta.
Togbɔ be se siwo wode ku ɖe ɖeviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu la kpɔ wo ta tso wo tafatafa kple afɔkuwo si me hã la, agbalẽnyala aɖewo gblɔ be esia wɔnɛ be ɖeviwo mesrɔ̃a dɔwɔwɔ o. Eya ta agbalẽ aɖe (Escaping the Endless Adolescence) gblɔ be sɔhɛ geɖe “sena le wo ɖokui me be enye yewoƒe gome be yewoƒe asi nasu nu si yewodi la dzi agbagba aɖeke madzemadzee.” Agbalẽ sia talawo de dzesii be nu si gbɔ esia tsoe nye be “modzakaɖeɖe na ƒewuiviwo me koŋue xexe sia si me ɖeviawo le la tsɔ ɖe le, ke menye be woabia nane tso wo si o.”
Ke hã, Biblia ya ƒo nu tso sɔhɛ siwo tsɔ agbanɔamedzi gãwo esime womezu ame tsitsiwo haɖe o la ŋu. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye Timoteo. Anɔ eme be ƒewuivi koe wònye esi wòdze si apostolo Paulo hexɔ hehe geɖe tso egbɔ. Ɣeaɖeɣi la, Paulo gblɔ na Timoteo be: “Nàde dzo Mawu ƒe nunana si le mewò . . . la me.” (2 Timoteo 1:6) Anɔ eme be esi Timoteo xɔ abe ƒe 20 ene ye wòʋu le aƒe me henɔ mɔ zɔm kple Paulo woyi ɖanɔ hamewo ɖom henɔ nɔvi Kristotɔwo tum ɖo. Esi Timoteo wɔ dɔ kple Paulo abe ƒe ewo ene megbe la, Paulo te ŋu gblɔ na Kristotɔ siwo le Filipi be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe nɔnɔme sɔ kple etɔ, si alé be na mi vavã le nu siwo ku ɖe mia ŋu la gome, de enu o.”—Filipitɔwo 2:20.
Zi geɖe la, sɔhɛwo dina be yewoatsɔ agbanɔamedziwo, vevietɔ ne wokpɔe be enye dɔ si aɖe vi. Esia kpena ɖe wo ŋu wova zua ame tsitsi siwo tea ŋu tsɔa woƒe agbanɔamedziwo, eye fifia gɔ̃ hã, enana wowɔa woƒe ŋutete katã.
Tɔtrɔ Ðe Nɔnɔme Yeyea Ŋu
Abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, ne viwò nye sɔhɛ la, ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be nuwo megale abe ale si wonɔ ƒe ʋɛ aɖewo va yi ene o. Ka ɖe edzi be àte ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu, abe ale si ko nènɔ ewɔm xoxo esime viwòa nɔ tsitsim ene.
Bu viwòa ƒe ƒewuimenɔɣiwo be enye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàkpe ɖe eŋu (1) wòatu eƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo ɖo, (2) be ame tsitsi kpɔɖeŋu ɖola nasu esi, eye (3) wòakpɔ dɔwɔwɔ ƒe vevienyenye adze sii. Àto esia wɔwɔ dzi adzra viwò sɔhɛ la ɖo ɖe eƒe etsɔme ŋu.—g11-E 10.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Esɔ nyuie be agbalẽ aɖe gblɔ tso sɔhɛmenɔɣi ŋu be enye “kaklãɣi legbee aɖe.” Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso esia ŋu la, kpɔ May 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 10-12. Yehowa Ðasefowoe tae.
b Modzakaɖeɖe siwo ŋu wotrɔ asi le na sɔhɛwo koŋ la tua didi si le ɖeviwo me be woade ha kple wo hatiwo la ɖo, eye esia doa nukpɔsusu si nye be ale si sɔhɛwo wɔa nui la le vovo, eye ame tsitsiwo mate ŋu ase egɔme na wo alo anɔ abe woawo ene o la ɖe ŋgɔ.
c Nya “ƒewuivi” medze le Biblia me o. Edze ƒãa be sɔhɛ siwo nɔ Mawu ƒe amewo dome do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia kple esiwo nɔ anyi le Kristotɔwo ŋɔli la siaa wɔa nu aduadu kple ame tsitsiwo tso woƒe ɖevime ke, abe ale si wòle le teƒe geɖewo egbea ene.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 20]
“DZINYELAWO ƑE NU NYO ŊUNYE ALE GBEGBE”
Dzila siwo nye Yehowa Ðasefowo la toa woƒe nuƒoƒo kple kpɔɖeŋu dzi fiaa wo viwo ale si woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo nu. (Efesotɔwo 6:4) Ke hã, womeziaa wo viwo dzi be woawɔ wo dzi o. Dzila siwo nye Ðasefowo nyae be ne yewo viwo tsi la, woawo ŋutɔwoe atso nya me le dzidzenu siwo nu woanɔ agbe ɖo la nu.
Aislyn, si xɔ ƒe 18, le agbe nɔm ɖe Biblia me mɔfiame siwo wotsɔ hee la nu. Egblɔ be: “Le gonyeme la, nye mawusubɔsubɔ menye nu si me mekpɔa gome le zi ɖeka le kwasiɖa me ko evɔ o. Ekpɔa ŋusẽ ɖe nye agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi—nu sia nu si mewɔna, nye nyametsotso ɖe sia ɖe, ame siwo madze xɔ̃e, sukunusɔsrɔ̃ si matia, alo agbalẽ siwo maxlẽ gɔ̃ hã.”
Aislyn dea asixɔxɔ hehe si dzilaa Kristotɔwo nae la ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Dzinyelawo ƒe nu nyo ŋunye ale gbegbe, eye ale si woƒã didia ɖe menye be manye Yehowa Ðasefo la le vi ɖem nam ŋutɔ. Hehe si dzinyelawo nam la ayi edzi anɔ mɔ fiamem zi ale si mele agbe.”
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Na viwò sɔhɛ la nagblɔ eƒe susu
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ame tsitsi kpɔɖeŋu nyui ɖola ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe viwòa dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Dɔ nyuiwo wɔwɔ ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woava zu ame tsitsi siwo doa vevie dɔ