Amedzidzedze To Internet Dzi!
TSƆE be kɔmpiuta dzi nu vlo wɔla bibiwo ƒe ha aɖee nye ema to Internet dzi te kpɔ ge ɖe ame gbogbo aɖewo ƒe kɔmpiutawo dzi. Ame vlo siawo to kɔmpiuta gbogbo mawo, siwo wona ŋkɔe be botnets (robɔt kadodowo), dzi le virus (kɔmpiutadziɖoɖo gblẽnu) gbogbo aɖe ɖom ɖe dukɔ aɖe si wotɔ ŋkui la ƒe kɔmpiutawo dzi. Le miniti ʋɛ aɖewo me la, dukɔ ma ƒe asrafowo, gadzraɖoƒewo kple adzɔhawo ƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo dzudzɔ dɔwɔwɔ. Gadzraɖoƒemɔ siwo me amewo tea ŋu ɖea ga le le wo ɖokui si kple telefonkadodowo dzudzɔ dɔwɔwɔ. Yameʋuwo tsi anyigba, eye kɔmpiuta kple dedienɔnɔtakpɔnu ƒe mɔ siwo le nukliaŋusẽnamɔdɔwɔƒe aɖe la hã tɔtɔ. Aleke amewo awɔ nui? Nu kae nèbu be woawɔ? Anye ne nu kae nàwɔ?
Ðewohĩ awɔ na ame aɖewo be nususugblɔ koe nya sia nye. Gake le Aƒetɔ Richard A. Clarke, si nye United States Dukɔa Ƒe Dedienɔnɔ, Nu Veviwo Ta Kpɔkpɔ, Kple Mɔxexe Ðe Nu Vlo Wɔwɔ Nu Gbɔ Kpɔla tsã, ƒe nya nu la, nu ma tɔgbi ate ŋu adzɔ ŋutɔŋutɔ. Le nyateƒe me la, Internet dzi nu vlo wɔlawo le nu gblẽm le amewo ŋu xoxo.a Ðewohĩ woto Internet dzi gblẽ nu le wò ŋutɔ hã ŋuwò kpɔ.
Nu ka tae ame adi be yeadze amewo dzi to Internet dzi? Aleke wowɔa esiae? Esi wònye be nugbegblẽ le amewo ŋu to Internet dzi va bɔ ta la, aleke nàkpɔ ɖokuiwò tae?
Internet Dzi Ʋa La
Susu vovovowo tae amewo dzea ame dzi to Internet dzi. Le kpɔɖeŋu me, ŋɔdzinuwɔlawo alo dziɖuɖuwo ate ŋu ate kpɔ be yewoage ɖe yewoƒe futɔwo ƒe kɔmpiutawo dzi afi nya ɣaɣlawo alo agblẽ dɔ vovovo siwo wowɔna to kɔmpiutakadodo mawo dzi la dome. Le ƒe 2010 me la, Aƒetɔ William J. Lynn III, si nye United States dukɔa ƒe Dedienɔnɔdɔwɔƒea Ƒe Amegã Ƒe Kpeɖeŋutɔ la, gblɔ be “futɔ” siwo le dukɔ bubuwo me la dze United States dukɔa ƒe kɔmpiuta siwo dzi nya ɣaɣla veviwo le la dzi enuenu, eye wofi “nyatakaka akpe geɖe . . . siwo dometɔ aɖewoe nye aʋawɔnuwo wɔwɔ ŋuti nyatakakawo, aʋahohoŋutiɖoɖowo, ŋkuléle ɖe nu ŋu dɔwɔƒewo ƒe nyatakakawo.”—Kpɔ aɖaka si nye “Amedzidzedze To Internet Dzi Siwo Dzɔ Nyitsɔ Laa.”
Internet dzi nu vlo wɔlawo zãa mɔnu mawo tɔgbi tsɔ fia nu siwo ŋu womeɖe mɔ le be woawɔ woƒe kɔpiwo o loo alo gaŋutinyatakakawo le dɔwɔƒewo alo fia nu le ame ɖekaɖekawo ƒe kɔmpiutawo dzi. Woka nya ta be nu vlo wɔlaawo kpɔa ga dɔlar miliɔn akpe geɖe ƒe sia ƒe to Internet dzi fififi me.
Nu vlo wɔlawo ɖe aboyo kɔmpiuta gbogbo aɖewo le adzame hena nu fitifiti wɔwɔ le Internet dzi. Le ƒe 2009 me la, dɔwɔƒe aɖe si kpɔa Internet dzi dedienɔnɔnyawo gbɔ ʋu go nu vlo wɔlawo ƒe ha aɖe si te ŋu nɔ afi aɖe nɔ asi blum ɖe kɔmpiuta miliɔn eve kloe me le xexea me godoo. Kɔmpiuta siawo dometɔ geɖe nye ame ɖekaɖekawo tɔ. Ganyawo Me Ðekawɔwɔ Kple Ŋgɔyiyi Ƒe Habɔbɔ gblɔ nyitsɔ laa be nu vlo wɔlawo ɖe aboyo kɔmpiuta siwo dzi amewo zãa Internet le la dometɔ 1 le 3 ɖe sia ɖe me le adzame. Ke wò kɔmpiuta ya ɖe? Ðe ame aɖe ate ŋu anɔ asi blum ɖe wò kɔmpiuta me to Internet dzi le wò manyamanya mea?
Nugbegblẽ Le Adzame
Kpɔ nudzɔdzɔ sia le susu me ɖa. Nu vlo wɔla aɖe ɖo virus ɖe wò kɔmpiuta dzi to Internet dzi. Esi virus la ge ɖe wò kɔmpiuta dzi la, ete nu siwo kpɔa wò kɔmpiuta ta tso virus si me la didi. Esi wòke ɖe wò kɔmpiuta ƒe teƒe aɖe si le nuvo ŋu la, ege ɖe eme ʋĩi, eye wònɔ nyatakaka veviwo dim le wò kɔmpiuta bliboa dzi.b Virus sia ate ŋu atrɔ alo atutu nyatakakawo ɖa le wo kɔmpiuta dzi, aɖo eɖokui ɖe kɔmpiuta bubuwo dzi to e-mail dzi, alo aɖo wò password, (mot de passe) gaŋutinyatakakawo, kple nya ɣaɣlawo ɖe nu vlo wɔla si ɖoe ɖa la.
Internet dzi nu vlo wɔlawo ate ŋu ana wò ŋutɔ nàna virus naɖo wò mɔ dzi! Alekee? Kaka nàʋu nyatakaka aɖe si wotsɔ kpe ɖe e-mail aɖe ŋu ɖo ɖe wò si ŋu màbu be nya ku ɖo o, alo nyatakakadzraɖoƒe aɖe, alo awɔ kɔmpiutadziɖoɖo femaxee aɖe ƒe kɔpi ada ɖe wò mɔ dzi hena zazã, alo atsɔ kɔmpiutadzinyatakakalénu si dzi virus le ade mɔa ŋu loo alo age ɖe nyatakakadzraɖoƒe maɖɔʋu aɖe ko la, virus ge ɖe wò kɔmpiuta dzi. Nu siawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔwɔ ate ŋu ana virus nage ɖe wò kɔmpiuta dzi ahana be nu vlo wɔlawo nanɔ wò kɔmpiuta zãm to Internet dzi le wò manyamanya me.
Aleke nàwɔ anya be virus ɖo yeƒe kɔmpiuta dzi? Mele bɔbɔe kura be woanya o. Ate ŋu ana be wò kɔmpiuta alo Internet naxɔ ɣeyiɣi geɖe hafi aʋu, kɔmpiutadziɖoɖo aɖewo nagbe ʋuʋu, aɖaka aɖewo ava le wo ɖokuiwo si ahabia tso asiwò be nàlé kɔmpiutadziɖoɖo aɖewo ɖe wò mɔa dzi, alo ana wò kɔmpiuta nanɔ nu tramatrama aɖewo wɔm. Ne ède dzesi nu siawo dometɔ aɖewo le wò mɔ ŋu la, ekema na kɔmpiutaŋunyala bibi aɖe nava lé ŋku ɖe eŋu na wò.
‘Lé Ŋku Ðe Wò Afɔɖeɖe Ŋu’
Esi dukɔwo kple ame ɖekaɖekawo va le kɔmpiutamɔɖaŋu zãm geɖe wu ta la, anɔ eme godoo be kɔmpiutawo dzi dzedze to Internet dzi ado fievo ɖe edzi. Esia wɔe be dukɔ geɖewo le agbagba dzem be yewoado ŋusẽ yewoƒe mɔwo ta kpɔnuwo, eye wo dometɔ aɖewo le woƒe kɔmpiuta geɖewo ƒe ŋutete be woanɔ te ɖe amedzidzedze mawo nu la dom kpɔ. Aƒetɔ Steven Chabinsky si nye United States Dukɔa ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe ƒe amegã siwo kpɔa kɔmpiuta ƒe dedienɔnɔ ta dometɔ ɖeka gblɔ be: “Ne wona ɣeyiɣi geɖe futɔ aɖe si ɖoe kplikpaa, eye wodo ŋusẽe hena gakpekpeɖeŋui la, godogodo la, ate ŋu age ɖe kɔmpiuta siwo wòtɔ ŋkui la dzi godoo.”
Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ kpɔ wò kɔmpiuta ta tso Internet dzi nu vlo wɔlawo si me? Togbɔ be manya wɔ be nàkpɔ wò kɔmpiuta ta keŋkeŋ tso nu vlo wɔlawo si me o hã la, àte ŋu aɖe afɔ aɖewo atsɔ ana wò kɔmpiuta nanɔ dedie wu. (Kpɔ aɖaka si nye “Kpɔ Wò Kɔmpiuta Ta!”) Biblia gblɔ be: “Nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Àlɔ̃ ɖe edzi be, esia nye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖe si ŋu dɔ nàwɔ ne èle Internet dzi!—g12-E 05.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Amedzidzedze to Internet dzi nye eɖoɖo koŋ atrɔ alo atɔtɔ alo agblẽ nu le kɔmpiutawo loo alo nyatakaka kple ɖoɖo siwo le kɔmpiuta dzi alo esiwo woɖona ɖe amewo la ŋu.—United States Dukɔa Ƒe Numekuha.
b Le ƒe 2011 me la, woka nya ta be Internet dzi nu vlo wɔlawo te ŋu wɔ kɔmpiutawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒe siwo wu 45,000 siwo ŋu wonya nu tsoe la ŋu dɔ. Zi geɖe la, wowɔa gbɔdzɔgbɔdzɔƒe siawo ŋu dɔ tsɔ ɖoa virus ɖe amewo ƒe kɔmpiutawo dzi le woƒe manyamanya me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
Nu vlo wɔlawo ɖe aboyo kɔmpiuta gbogbo aɖewo le adzame hena nu fitifiti wɔwɔ le Internet dzi
[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]
Ganyawo Me Ðekawɔwɔ Kple Ŋgɔyiyi Ƒe Habɔbɔ gblɔ be nu vlo wɔlawo ɖe aboyo kɔmpiuta siwo dzi amewo zãa Internet le la dometɔ 1 le 3 ɖe sia ɖe me le adzame
[Aɖaka si le axa 13]
AMEDZIDZEDZE TO INTERNET DZI SIWO DZƆ NYITSƆ LAA
Ƒe 2003: Internet dzi ɖoɖo gblẽnu aɖe si woyɔna be worm la ƒomevi aɖe si wona ŋkɔe be Slammer la kaka kabakaba ge ɖe kɔmpiuta siwo ade 75,000 sɔŋ me le miniti ewo pɛ ko me.c Internet kadodowo katã va nɔ dɔ wɔm blewuu ŋutɔ, nyatakakadzraɖoƒewo gbe ʋuʋu, gadzraɖoƒemɔ siwo me amewo tea ŋu ɖea ga le le wo ɖokui si gbe dɔwɔwɔ, yameʋuwo tsi anyigba, eye kɔmpiuta kple dedienɔnɔtakpɔnu ƒe mɔ siwo le nukliaŋusẽnamɔ dɔwɔƒe aɖe la hã tɔtɔ.
Ƒe 2007: Nu vlo wɔlawo ɖo Internet dzi ɖoɖo gblẽnu gbogbo aɖewo ɖe Estonia dukɔa ƒe kɔmpiutawo dzi, eye wògblẽ nu le dziɖuɖua, nyakakadɔwɔƒewo kple gadzraɖoƒewo ŋu vevie. Ðoɖo gblẽnu siawo ƒe akpa gãtɔ tso kɔmpiuta gbogbo aɖewo siwo ame vlowo ɖe aboyoe le adzame la gbɔ. Kɔmpiuta siawo zã nyatakaka manyatalenuwo tsɔ tɔtɔ nyatakakawo le kɔmpiuta miliɔn ɖeka kple edzivɔwo dzi le dukɔ 75 me.
Ƒe 2010: Internet dzi ɖoɖo gblẽnu vɔ̃ɖi si nye worm ƒomevi aɖe si wona ŋkɔe be Stuxnet la ge ɖe kɔmpiuta siwo wozãna le dɔwɔƒe gãwo le Iran dukɔa ƒe nukliaŋusẽnamɔdɔwɔƒe aɖe la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
c Worm nye Internet dzi ɖoɖo gblẽnu aɖe si gbugbɔ wɔa eya ŋutɔ ƒe kɔpi nɔ ɖoɖom ɖa tso kɔmpiuta dzi yi kɔmpiuta dzi to Internet dzi. Wona ŋkɔ vovovowo Internet dzi ɖoɖo gblẽnu ƒomevi sia si woyɔna be worm la dometɔ ɖe sia ɖe abe ale si wòle le bubuawo katã gome ene, wo dometɔ ɖeka ƒe ŋkɔe nye Slammer.
[Aɖaka si le axa 14]
KPƆ WÒ KƆMPIUTA TA!
1. Na kɔmpiutatakpɔnu siwo nye antivirus, spyware-detection (programme de détection des logiciels espions), kple firewall (pare-feu) nanɔ wò kɔmpiuta dzi. Kpɔ egbɔ be yewɔa update (mise à jour) na takpɔnu siawo enuenu.
2. Ðɔ ŋu ɖo le nyatakaka siwo wotsɔ kpena ɖe e-mail ŋu alo nya aɖe si xɔ̃wò aɖe si mia kplii miele nu ŋlɔm na mia nɔewo tẽe le Internet dzi la gɔ̃ hã aɖo ɖe wò la ʋuʋu ŋu. Ðɔ ŋu ɖo vevietɔ ne e-mail la nye esi woɖo ɖe wò le vo me si bia tso asiwò be nàɖo nyatakaka aɖewo ɖe yewo tso ɖokuiwò ŋu alo bia be nàɖo wò password (mot de passe) ɖe ye wo.
3. Mègawɔ kɔmpiutadziɖoɖo si tsoƒe mènya o la ƒe kɔpi alo alée ɖe wò kɔmpiuta dzi o.
4. Wò password ƒe ŋɔŋlɔdzesi kple xexlẽdzesiwo ƒe xexlẽme nade enyi ya teti eye neganye xexlẽdzesiwo alo ŋɔŋlɔdzesiwo ɖeɖe sɔŋ o, eye nànɔ eɖɔlim edziedzi. Zã password vovovowo na nyatakakadzraɖoƒe siwo anɔ ŋkɔwò me.
5. Do adzɔ kple adzɔha siwo ŋu kakaɖedzi le eye woƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo le dedie la ko.d
6. Mègaʋu go wò nya ɣaɣlawo alo wò Internet adrɛs na amewo ne èle hahoo nyatakakadzraɖoƒe siwo mele dedie tututu o la zãm o.
7. Tsi wò kɔmpiuta ne mèle ezãm o.
8. Nɔ wò nyatakaka siwo le kɔmpiuta dzi la ƒe kɔpi wɔm nɔ dadam ɖe teƒe bubu si woanɔ dedie le la edziedzi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
d Klaɖobadzesi sue aɖe kple “https://” dzena le Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe siwo le dedie la ƒe adrɛsŋlɔɖoƒewo. Ŋɔŋlɔdzesi si nye “s” si wotsɔ kpe ɖe “http” la ŋu fia be nyatakakadzraɖeƒea le dedie.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Wɔ nu sia nu si nàte ŋui atsɔ akpɔ wò kɔmpiuta ta tso Internet dzi nu vlo wɔlawo si me