2. Na Wòanɔ Dzadzɛ
ABE ale si ko amekola klɔa asi, kɔa atike ɖe eƒe dɔwɔnuwo dzi tsɔ wua dɔlékuiwo le wo ŋu, eye wònana be amekoƒea nɔa dzadzɛ tsɔ kpɔa eƒe dɔnɔwo ta ene la, nenema kee wò hã àte ŋu akpɔ wò ƒomea ta ne ènana wò ŋutɔ, wò dzodoƒe kple wò nuɖuɖu nɔa dzadzɛ.
● Klɔ asi.
Canadatɔwo ƒe Hahoo Lãmesẽ Nyawo Gbɔ Kpɔƒe gblɔ be: “Míaƒe asiwo koŋue kakaa dɔxɔleameŋu siwo bɔ, abe kpeƒoame alo wɔɖi ene, dometɔ 80 le alafa me.” Eya ta tsɔ adzalẽ kple tsi klɔ asi nyuie hafi nàɖu nu, ne ègbɔ tso nugodo alo hafi nàɖa nu.
● Na wò dzodoƒe nanɔ dzadzɛ.
Numekuku aɖe ɖee fia be togbɔ be tsileƒee nɔa dzadzɛ wu le aƒea me hã la, “nu siwo me dɔlékuiwo bɔna ɖo wu le aƒea mee nye akutsa alo nututuvɔ siwo le dzodoƒea.”
Eya ta ɖɔ li nututuvɔawo edziedzi, eye nàtsɔ adzalẽtsi alo dɔlékuiwutike atutu nu siwo le dzodoƒekplɔ̃ kple nu bubuawo dzi. Le nyateƒe me la, esia mele bɔbɔe o. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Bola le aƒe aɖe si me pɔmpi mele o me. Egblɔ be: “Esia mele bɔbɔe kura o. Gake míevea nu le adzalẽ kple tsi ŋu o, eya ta wonɔa mía si ɣesiaɣi míezãna tsɔ kpɔa egbɔ be míaƒe dzodoƒe kple aƒe me le dzadzɛ.”
● Klɔ nu siwo nèƒlena la nyuie.
Hafi woadzra agblemenukuwo la, dɔlékui siwo tso tsi ƒoɖi, lãwo, mĩ, alo nuɖuɖu bubuwo me anya lé ɖe wo ŋu xoxo. Eya ta ne èɖoe be yeakpa tsro ɖa le wo ŋu hã la, klɔ wo nyuie be dɔlékuiwo naɖe ɖa le wo ŋu. Esia xɔa ɣeyiɣi. Daiane, si nye vidada aɖe le Brazil, gblɔ be: “Ne mele asi trɔm le amagbewo ŋu la, megbɔa dzi ɖi hekpɔa egbɔ be meklɔ amagbeawo nyuie.”
● Ðe lã mumuwo ɖe vovo.
Be nàxe mɔ na dɔlékuiwo ƒe kaka la, tu nu ɖe ʋulãwo kple tɔmelã mumuwo nu alo nàbla nu ɖe wo ŋu nyuie eye nàɖe wo ɖe vovo tso nuɖuɖu bubuwo gbɔ. Na ʋuƒo si dzi nèflia nuɖuɖu bubuwo le kple hɛ si nèzãna tsɔ flia woe la nato vovo na esiwo nèzãna tsɔ flia lãwoe, alo tsɔ adzalẽ kple tsi dzodzoe klɔ ʋuƒo si dzi nèfli lã le kple hɛ si nèzã la nyuie hafi azã wo na nu bubuwo.
Azɔ esi wò ŋutɔ, wò dɔwɔnuwo kple wò detsiƒonuwo le dzadzɛ la, aleke nàɖa nu wòanɔ dedie?—g12-E 06.
[Aɖaka si le axa 5]
NA HEHE VIWÒWO: “Míefia mía viwo be woaklɔ asi hafi aɖu nu alo ne nuɖuɖu aɖe ge ɖe anyigba la, ele be woaklɔe alo atsɔe aƒu gbe.”—Hoi, Hong Kong